Ðeviwo ƒe Bubu—Aleke Gbegbe Nublanuinya Sia Bɔe?
‘VINYE BU!’
Nu ʋee aɖewo koe ate ŋu ahe dzimaɖitsitsi vɛ na dzila akpa gãtɔ wu nya mawo gbɔgblɔ. Togbɔ be womate ŋu ayɔ ɖevi agbɔsɔsɔ si buna le woƒe aƒeme le xexeame katã ŋutɔŋutɔ o hã la, míate ŋu akpɔ alesi gbegbe nublanuinya sia bɔe la ŋuti nyatakakawo le agbalẽwo me le dukɔ geɖe me.
WOGBLƆ be ɖevi siwo wu 500,000 vaseɖe 1,000,000 ye buna ƒe sia ƒe le United States, le hatsotso si me womã wo ɖo nu. Woate ŋu abu ɣeyiɣi kpui aɖe alo abu gbidii. Woka nya ta le England be ɖevi siwo ade 100,000 kloe buna ƒe sia ƒe, gake ame aɖewo gblɔ be wosɔ gbɔ wu nenema sã. Wogblɔ be ɖevi akpe bla nanewo bu le dukɔ si woyɔna tsã be Soviet Union me. Wobu akɔnta be wosɔ gbɔ wu 10,000 le Dziehe Afrika. Eye ɖevi miliɔn geɖe dze ŋgɔ afɔku sia le Latin Amerika dukɔwo me.
Dɔwɔha si kpɔa Dukɔmenyawo gbɔ le Italia ƒe nyanuɖela aɖe de dzesi alesi kuxia loloe le afima esime wòŋlɔ ɖe L’Indipendente me be: “Wodona le aƒeme gbemagbe abe ŋkeke bubuwo ke ene. Woyia suku alo yia fefe ge, gake womegagbɔna o. Wobuna gbidii. Ƒomea me tɔwo dia wo vevie, gake kpeɖodzi kple nyatakaka ʋee aɖewo, kple eteƒekpɔla—siwo si kakaɖedzi blibo mele o—koe wokpɔna.”
Numekuku yeye si wowɔ le United States le kuxia ƒe gãdodo ŋu ɖee fia be le nyateƒe me la, nyati si nye “ɖeviwo ƒe bubu” ku ɖe ɖeviwo ƒe hatsotso geɖe ŋu. Hatsotso ɖekae nye ɖevi siwo ame tutɔwo fi. Bubue nye ɖevi siwo dzila aɖe kplɔ sii, si dzɔna ne woʋli nya le dzila si axɔ ɖeviawo anyi ŋuti. Nyãdegbeawo, ɖevi siwo wo dzilawo alo wo dzi kpɔlawo megadi o, hã li. Dzoɖogbeawo hã ganye hatsotso bubu si sɔ gbɔ. Eye ɖevi siwo bu alo esiwo ɖe aga le woƒe ƒome ŋu gaƒoƒo ʋee aɖewo alo ŋkeke ɖeka alo eve, hã li—woƒe akpa gãtɔ nye ɖevi siwo tsi gbɔme wu game si woɖo na wo alo ɖevi siwo dzilawo mese nusi woɖo be woawɔ gɔme na wo o. Amesiawo dometɔ ʋee aɖewo koe buna kura.
Gake nukae dzɔna ɖe ɖeviwo ƒe hatsotso si me tɔwo buna gbidii la dzi? Nukatae nublanuinya sia dzɔna? Nyɔ! ƒe tata sia dzro afɔkua ƒe akpa vovovowo me eye wòɖo biabia si nye be, Ɣekaɣie wòawu enu? la ŋu.