INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 2/8 axa 4-6
  • Ne Ame Tutɔwo Fi Ðeviwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Ame Tutɔwo Fi Ðeviwo
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Edzi Ŋɔ Ŋutɔ
  • Ðe Fɔbubua Le Amehawo hã Dzia?
  • Kpe Ðe Viwò Ŋu Be Wòagakpɔ Amamaɖeɖenuwɔnawo O
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
  • Ðeviwo Gbɔdɔdɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie
    Nyɔ!—1997
  • Ðe Afɔku Le Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nusiwo Amamaɖeɖenuwɔna Kpɔkpɔ Gblẽna le Ame Ŋu
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 2/8 axa 4-6

Ne Ame Tutɔwo Fi Ðeviwo

“MÍEÐE KUKU, MIKPE ÐE MÍA ŊU NE MÍADII. TAFLATSE, MIVE SARA NU DZRO!”

Woɖe blanuilénya sia si dzila eve siwo tsi dzodzodzoe gblɔ la le television dzi le United States kpe ɖo, bene woadi yewo vi Sara Ann Wood si xɔ ƒe 12 la na yewo. Wofii kwasiɖa etɔ̃ enye ma esi wòdo gasɔ to kɔƒemɔ aɖe dzi yina aƒeme.

AMEDILAWO ƒe ha gã aɖe di nyɔnuvi sia si bu la vevie le avewo, gbewo, kple wo gbɔ tawo to. Le ɣeyiɣi ma ke me lɔƒo woɖe dzila bubu si ŋkɔe nye Tina Piirainen si le nuto bubu si tsɔ afima gbɔ me hã le television dzi wòtsi dzodzodzoe nɔ dzadza dom le vianyɔnuvi si bu ŋu. Mede gaƒoƒo ɖeka o woble Holly si xɔ ƒe 10 nu to gbememɔ aɖe dzi eye wòbu vĩ. Wova ke ɖe eƒe kukua ŋu emegbe le agble aɖe me.

Dzila siwo ƒe viwo bu sea veve vevie ŋutɔ le agbe me. Wotsia dzi gbesiagbe esi wo­menya nenye be wo via le agbe alo mele agbe o, ɖewohĩ wole nuvevi wɔmee loo alo wole egbɔ dɔm madzemadzee, alo be eku abe alesi wòdzɔ ɖe Ashley sue dzii ene o ta. Ashley kple eƒe ƒomea yi nɔvia kpɔ ge le bɔlƒoƒohoʋiʋli aɖe me. Esi nu kpɔkpɔ tii la, etso yi fefewɔƒea—eye wòbu. Eme­gbe wokpɔ Ashley ƒe kukua le agble aɖe si tsɔ afima gbɔ la me. Wotro kɔ le enu.

Edzi Ŋɔ Ŋutɔ

Ŋɔdzi alé ƒome 200 vaseɖe 300 ƒe sia ƒe le United States le esi woafi wo vi eye ɖewohĩ womagakpɔe agbagbe gbeɖe o ta. Togbɔ be woƒe xexlẽme dze ʋee ne wotsɔe sɔ kple nuvlowɔwɔ dziŋɔ bubuwo hã la, dzikatsoƒoe kple ŋɔdzi si kakana ɖe nuto blibowo me kpɔa ŋusẽ ɖe ame akpe geɖe dzi. Wobiana le vɔvɔ̃ me be, ‘Nukata nublanuinya sia dzɔ le afisia? Vinyee akplɔe ɖoa?’

Ðevi agbɔsɔsɔ si wogblɔ be wokplɔna sina le United States ƒe sia ƒe le 3,200 kple 4,600 domee. Wodɔa wo dometɔ eve le etɔ̃ me, alo esi wu nenema gbɔ sesẽe. Ernest E. Allen si nye tatɔ na Dukɔa ƒe Dɔwɔƒe si kpɔa Ðevi Bubuwo kple Esiwo Wofi ƒe nyawo gbɔ la gblɔ be: “Gbɔdɔdɔe nye susu vevi gbãtɔ si ta wofia ɖeviwo ɖo, eveliae nye didi be woawu wo.” Hekpe ɖe eŋu la, Dɔwɔha si kpɔa Senyawo gbɔ gblɔ be wotea ɖevi siwo wu 110,000 fifi kpɔ ƒe sia ƒe, eye zi geɖe la, ʋukula siwo dina be yewoable ɖeviwo nu ade yewoƒe ʋuwo me siwo ƒe akpa gãtɔ nyea ŋutsuwoe tea wo fifi kpɔ. Wole nu vlo geɖe wɔm ɖe ɖeviwo ŋu le dukɔ bubuwo hã me.

Ðe Fɔbubua Le Amehawo hã Dzia?

Australiatɔ numekula aɖe gblɔ le ɖeviwo wuwu ŋuti be “medzɔna le vome o.” Paul Wilson gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Murder of the Innocents—Child-Killers and Their Victims me be “amehawo ŋutɔ ƒe nɔnɔme zu mɔ̃ aɖe si ɖe amewulawo kple amesiwo wowuna siaa.”

Adze nu wɔmoya be woasusu be amehawo gbɔe afɔku sia tso, alo be wodoa alɔe ya teti, elabena ame akpa gãtɔ bua ɖeviwo zazã kple wo wuwu be enye nu dziŋɔ. Gake sinimawo, television dzi wɔnawo, kple agbalẽ siwo kafua gbɔdɔdɔ kple nuvlowɔwɔ xɔ dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ madeŋgɔ geɖe gɔ̃ hã me fũ.

Amamaɖeɖe ƒe sinima nyɔŋuwo bɔ fifia, siwo me woɖea ɖeviwo kple ame tsitsi siwo gɔ̃ hã doa awu be yewoaɖi ɖeviwo le. Woɖea ɖeviwo ƒe gbɔdɔdɔ kple nuvlowɔwɔ fiana gaglã le nusiawo me. Wilson gade dzesii le eƒe agbalẽa me be sinima aɖewo ƒe tanya xlẽ be Ðevi ƒe Ku, Fuwɔwɔ Ame Atraɖii, kple Amefifi ƒe Afɔɖoƒewo na Egɔmedzelawo. Ame nenie kpɔa gbɔdɔdɔ ŋutasẽtɔe kple amamaɖeɖe ƒe sinimaawo? Wokpɔa dɔlar biliɔn akpeakpewo tsoa eme!

Nuvlowɔwɔ kple amamaɖeɖefoto si woɖena fiana gaglãa kpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo zãa ɖeviwo ɖe mɔ gbegblẽ nu ƒe agbenɔnɔ dzi vevie. Ŋutsu aɖe si wode mɔ ɖe amewo gbɔ dɔdɔ ta, amesi wu ŋutsuvi atɔ̃ la ʋu eme be: “Ŋutsuviwo gbɔdɔla amewula si wode mɔ ye menye, eye amamaɖeɖefotowo gbɔ koŋue nye anyidzedze tso.” Nufialagã Berit Ås si le Oslo Yunivɛsiti ɖe ŋusẽ si ɖeviwo ƒe amamaɖeɖefotowo kpɔna ɖe ame dzi me be: “Míewɔ vodada gã aɖe le ƒe 1960 ƒeawo ƒe nuwuwu. Míetsɔe be amamaɖeɖefotowo axɔ ɖe gbɔdɔdɔ me nuvlowɔwɔwo teƒe, be ana amegbɔdɔlawo ƒe seselelãmewo nu nafa vie, eye míeʋu mɔ ɖe eŋu. Míekpɔe azɔ be vodadae wònye míewɔ: amamaɖeɖefoto siawo ɖe mɔ ɖe gbɔdɔdɔ me nuvlowɔwɔwo ŋu be wosɔ. Ena agɔdzela la buna be, ‘Ne mate ŋu akpɔ nusia la, ke naneke megblẽ le ewɔwɔ ŋu o ɖe.’”

Ame tsitsi ƒe seselelãmewo hona ne amamaɖeɖefotowo kpɔkpɔ zu numãme nɛ. Esia na wo dometɔ aɖewo dina be yewoato amedzizizi alo ŋutasesẽ dzi alé ɖeviwo awɔ nu gbegblẽ kpli wo, wo gbɔ dɔdɔ sesẽe kple wo wuwu hã le eme.

Nu bubuwo hã na wofia ɖeviwo. Gakuxiwo na wòdzi ɖe edzi le dukɔ aɖewo me. Ga gbogbo si ƒome kpɔhowo tsɔ xea tafee la na ɖe­vifilawo tɔ ŋku ɖeviwo. Wofia vidzĩ gbogbo aɖewo ƒe sia ƒe tsɔ dzrana na viƒlelawo ƒe asitsahawo, eye wotsɔa wo dzonɛ le dukɔa me.

Ðevi kawoe buna wu? Nukae dzɔna ɖe wo dzi? Nyati eve siwo gbɔna adzro nya sia me.

[Aɖaka si le axa 6]

Ðevi Wɔgbolo Miliɔn Geɖe

Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nya nu la, wozi ɖevi abe miliɔn ewo ene, siwo dometɔ geɖe wofi la dzi, vevietɔ le dukɔ madeŋgɔwo me wozu gbolowo. Dɔwɔna vɔ̃ɖi sia dzi ɖe edzi le Afrika, Asia, kple Latin Amerika dukɔwo me esi dutatsaɖiɖi dzi ɖe edzi. Le teƒe aɖewo la, tsaɖila miliɔn geɖe, vevietɔ esiwo tso dukɔ deŋgɔwo me, dometɔ eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me nye “gbɔdɔdɔtsaɖilawo.” Gake akɔntabiagbe li gbɔna, elabena amegbetɔwo ƒe nuvlowɔwɔwo “katã [tsi] ƒeƒle le” Yehowa Mawu, “amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!”—Hebritɔwo 4:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Dzikatsoƒoe ŋutɔe wònyena ne wofi ame aɖe vi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe