INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 4/8 axa 11-15
  • Ðeviwo Gbɔdɔdɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðeviwo Gbɔdɔdɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusiwo Gbɔ Wòtso Dometɔ Aɖewo
  • Amekawoe Le Nusia Wɔm?
  • Subɔsubɔhawo Hã Le Eme
  • Nukae Woate Ŋu Awɔ tso Eŋu?
  • Egbɔkpɔnu Ðeka Kolia si Li
  • Amekae Akpɔ Mía Viwo Ta?
    Nyɔ!—1999
  • Kuxia Le Xexeame Katã
    Nyɔ!—1999
  • Nukatae Wònye Kuxi Si Le Ta Kekem?
    Nyɔ!—2003
  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 4/8 axa 11-15

Ðeviwo Gbɔdɔdɔ—Xexeame Katã ƒe Kuxie

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SWEDEN GBƆ

Ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu ƒomevi aɖe si nyɔ ŋu ƒe takeke kple nɔnɔme si ame geɖe menya tsã o vaseɖe ƒe siawo me la le ameƒomea ʋuʋum. Dukɔ 130 ƒe amedɔdɔwo kpe ta le Stockholm, Sweden, ɖe Xexeame ƒe Tsitretsitsi Ðe Ðeviwo Gbɔdɔdɔ ƒe Asitsatsa Ŋu Takpekpe gbãtɔ me be yewoanya nusi yewoawɔ tso eŋuti. Nyɔ! ƒe nuŋlɔla aɖe si le Sweden hã yi.

ESI Magdalen xɔ ƒe 14 la, woble enu xɔe ɖe dɔ me wònye “amedzroxɔla” le ahanoƒe aɖe le Manila, Philippines. Le nyateƒe me la, eƒe dɔa ƒe akpa aɖee nye be wòakplɔ ahadzela siwo nye ŋutsuwo ayi xɔ sue aɖe me eye wòaɖe mɔ woadɔ egbɔ alesi dzro wo—le mamã dedie nu la, wonyea ŋutsu 15 fiẽ ɖesiaɖe kple ŋutsu 30 le Memleɖagbewo. Ɣeaɖewoɣi la, ne egblɔ be yemagate ŋui o la, eƒe aƒetɔ azi edzi be wòayi edzi. Ewua eƒe dɔwɔɣiwo nu zi geɖe le fɔfɔme ga ene me, esime wògbɔdzɔna, léa blanui, eye eƒe nu wɔa nublanui na eɖokui.

Sareoun nye ɖekakpui tsyɔ̃evi aɖe si tsi gbɔdome le Phnom Penh, Cambodia. Elɔ agbadzà eye amewo nyae be ‘ezɔna’ kple amedzrowo. Woxɔe ɖe saɖaganunɔlawo gbɔ be ŋutsu aɖe si nye saɖaganunɔla kpɔ ‘nakpɔ edzi’ le afima. Gake ŋutsu sia dɔa ɖevia gbɔ alesi dzroe eye wòna amedzrowo hã dɔna kplii. Esi wogbã Sareoun ƒe nɔƒea le saɖagaƒea me la, edzo yi tasia gbɔ gake wogazi edzi kokoko be wòanye ŋutsu gbolo.

Esiawo nye kuxi dziŋɔ siwo me Xexeame ƒe Tsitretsitsi Ðe Ðeviwo Gbɔdɔdɔ ƒe Asitsatsa Ŋu Takpekpea dzro le ƒe si va yi ƒe nuwuwu lɔƒo la ƒe kpɔɖeŋu eve ko. Aleke gbegbe nuwɔna sia keke tae? Ðevi akpe alafa geɖewoe kpɔa gome le eme—le nyateƒe me la, ame aɖewo be ɖevi miliɔn geɖewoe. Vavalawo dometɔ ɖeka to nya la ɖe eme kpokploe ale: “Wodzraa ɖeviwo eye woƒlea wo ɖe gbɔdɔdɔ kple gadidi ŋu. Wodzraa wo le dukɔa me kple le dukɔ bubuwo me wonyea degbãnuwo wokplɔna yia gbolowɔƒewoe eye wozia wo dzi be ame gbogbo aɖewo nadɔ wo gbɔ.”

Sweden-dumegã Göran Persson, gblɔ le nya gbãtɔ siwo wògblɔ na vavalawo me tso ɖeviwo gbɔdɔdɔ alea ŋu be enye “nuvlowɔwɔ si nye anyranuwɔwɔ vɔ̃ɖitɔ kple lãnuwɔwɔ gãtɔ kekeake si nyɔ ŋu.” Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔa teƒenɔla aɖe gblɔ be “enye ɖeviwo dzi dzedze le mɔ ɖesiaɖe nu . . . , enye amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi ŋuti sewo dzi dada siwo ŋu nya míese kpɔ la ƒe vloetɔ kekeake si nyɔ ŋu.” Wogblɔ nya siawo ƒomevi geɖe le nuƒolanɔƒea le takpekpe bliboa katã me esime wonɔ alesi wòkeke tae, alesi wowɔnɛ, nusiwo tae, kple nusi wògblẽna le ame ŋu la me dzrom.

Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ekeke ta de dukɔ bubuwo me, eye wògblẽa nu tso dzidzime yi dzidzime.” Agbalẽ bubu gblɔ be: “Woxɔe se be ɖevi siwo ade miliɔn 1 gena ɖe gbɔdɔdɔsitsatsa manɔsenu si me wokpɔa dɔlar biliɔn geɖewo tsonae la me ƒe sia ƒe.” Eye nukae wògblẽna? “Enye afɔtutu alesi ɖeviawo ase le wo ɖokui me be bubu le yewo ŋu, amesi ƒomevi wonye kple asixɔxɔ si le wo ŋu la dzi eye wònaa womegate ŋu ɖoa ŋu ɖe ame ŋu tututu o. Edea woƒe ŋutilã me lãmesẽ kple seselelãme afɔku me, eye wònye woƒe gomenɔamesiwo dzi dada si naa woƒe etsɔme ɖoa xaxa me.”

Nusiwo Gbɔ Wòtso Dometɔ Aɖewo

Nukawoe nye nusiwo gbɔ kuxi sia si le ta kekem kabakaba alea gbegbe tso la dometɔ aɖewo? Wogblɔ be “nɔnɔme si me ɖevi aɖewo le, abe ne wole gbolowɔlawo dome, alesi woawɔ akpe ɖe woƒe ƒomewo ŋu, alo abe ga si woatsɔ aƒle nudodo kple nuɖuɖu ene lae zinɛ ɖe wo dzi be woawɔ gbolo. Ŋutilãmenunɔamesiwo ƒe boblododo siwo do agbogbo ɖe nyakakamɔnuwo me lae blea wo dometɔ aɖewo ya nu.” Nenema ke wofia wo dometɔ aɖewo hã hezia wo dzi be woawɔ gbolo. Woyɔ alesi agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo le to yim kabakaba le afisiafi hekpe ɖe mɔkpɔkpɔmanɔamesi hã ŋu ɖe nusiwo gbɔ wòtso la dome.

Nyɔnuvi kple ŋutsuvi geɖe tsɔ wo ɖokui ƒo ɖe gbɔdɔdɔsitsatsa sia me le esi woƒe ƒomewo sẽa ŋuta le wo ŋu ta—ŋutasẽnuwɔwɔ kple ƒometɔ kplikplikpli ƒe ame gbɔ dɔdɔ na woʋu va tsi gbɔdome. Le gbɔdome la, wole afɔku me be ɖevigbɔdɔlawo kple ame bubuwo, eye edze kura gɔ̃ hã be kpovitɔ aɖewo hã adɔ wo gbɔ sesẽe. Eŋuti nyatakaka si ƒe tanyae nye Kids for Hire ƒo nu tso ƒe ade vi Katia si le Brazil ŋu. Esi kpovitɔ aɖe lée la, ezi edzi wɔ nu makɔmakɔwo ɖe eŋu eye wòklẽ ŋku dee be ne egblɔe na yeƒe aƒetɔ pɛ yeawu eƒe ƒometɔwo. Esi ŋu ke la, ekplɔ ŋutsu bubu atɔ̃ siwo katã di be yewoawɔ gbɔdɔdɔnu mawo ke kplii la ɖe asi vɛ.

Swedentɔwo ƒe Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha gblɔ na vavalawo be: “Esi woku nu me tso nusiwo na ɖeviwo wɔa gbolo ŋu la, ɖikeke aɖeke mele eme o be nu vevitɔ siwo gbɔ wòtso la dometɔ ɖekae nye [gbɔdɔdɔ] ƒe tsaɖiɖi.” Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ðeviwo ƒe gbolowɔwɔ wɔnuku si keke ta le ƒe ewo siwo va yi me la tso tsaɖilawo gbɔ. Ðeviwo ƒe gbolowɔwɔe nye nu yeye si dukɔ madeŋgɔwo tsɔ le tsaɖilawo hemee fifia.” “Gbɔdɔdɔtsaɖiɖi” tso Europa, United States, Japan, kple teƒe bubuwo wɔe be ɖevi gbolowɔlawo dzi ɖe edzi kpaŋkpaŋ le xexeame katã. Europatɔwo ƒe yameʋudɔwɔƒe aɖe zã ɖevi aɖe si ɖe amama ƒe nukokoedonamenutata tsɔ do boblo gbɔdɔdɔtsaɖiɖii na amesiwo dii. Habɔbɔ siwo kpɔa mɔzɔnyawo gbɔ wɔa ɖoɖo ɖe gbɔdɔdɔtsaɖiɖi ŋu na tsaɖila akpe geɖewo ƒe sia ƒe.

Mɔ̃ɖaŋumɔnu yeyewo zazã tsɔ do ɖeviwo gbɔdɔdɔ ƒe asitsatsa ɖe ŋgɔ yi dukɔ bubuwo me hã le nu gbogbo siwo gbɔ wòtso la dome. Woka nya ta tso kɔmpiutamɔ̃ɖaŋu si ɖoa nyatakakawo ɖe dukɔ bubuwo me kɔmpiutawo dzi ŋu be eya me koŋ ye amamaɖeɖefotowo bɔ ɖo wu. Videoɖenuwo ƒe asimaxɔmaxɔ hã na be ɖeviwo ƒe amamafotowo ɖeɖe do agbogbo.

Amekawoe Le Nusia Wɔm?

Ame tsitsi siwo dɔa ɖeviwo gbɔ dometɔ geɖe nye ɖevigbɔdɔlawo. Gbɔdɔdɔdzodzro manɔdzɔdzɔmenue ɖevigbɔdɔla tsɔa kpɔa ŋudzedze ɖe ɖeviwo ŋu. Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha si le Sweden gblɔ be “womenyea ame tsitsi siwo doa tsimewu nyamaa alo siwo nyea ŋutasẽnuwɔla siwo ƒe mo ada dzena le kokoko o. Ðevigbɔdɔla akpa gãtɔ nyea ame tsitsi siwo nya agbalẽ nyuie, eye wonyea nufialawo, ɖɔktawo, hadomedɔwɔla alo nunɔla siwo wɔa dɔ kple ɖeviwo edziedzi.”

Swedentɔwo ƒe habɔbɔa ƒo nu tso Rosario, si nye Philippines-nyɔnuvi si xɔ ƒe 12 ƒe kpɔɖeŋu ŋuti be tsaɖila amegbɔdɔla aɖe si nye ɖɔkta tso Austria dɔ egbɔ. Alesi gbegbe wòdɔ egbɔe la na ɖevia ku.

Carol Bellamy si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo ƒe Nyagbɔkpɔha (UNICEF) si le Geneva ƒe dɔnunɔlagã gblɔ nya si gbɔna la tso ƒe 12 Philippines-nyɔnuvi la ŋu be: “Zi geɖe la, ame tsitsi siwo si wotsɔ ɖeviwo dzikpɔkpɔ dee be woakpɔ wo ta la tututue ɖea mɔ ɖe wɔna vɔ̃ɖi sia ŋu hewɔnɛ. Nufialawo, dɔdalawo, kpovitɔwo, dunyahelawo, kple osɔfo aɖewo li siwo wɔa woƒe nɔƒe kple ŋusẽ ŋudɔ tsɔ dɔa ɖeviwo gbɔe.”

Subɔsubɔhawo Hã Le Eme

Roma Katolikoha ƒe amedɔdɔ si va Stockholm takpekpea gblɔ be ɖeviwo gbɔdɔdɔ nye “nuvlowɔwɔ si vloe wu” eye wònye “nusi tso alesi wotrɔ gbo agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo kple woƒe toyiyi gbɔ.” Gake nuwɔna siawo bɔ ɖe Katolikoha ŋutɔ ƒe nunɔlawo dome fũ.

August 16, 1993, ƒe Newsweek si ƒe tanyae nye “Nunɔlawo Kple Nugbegblẽwɔwɔ” ƒo nu tso “nunɔlawo ƒe nuvlowɔwɔ si nye ŋukpe wu le United States Katolikoha ƒe egbegbe ŋutinya me” la ŋu. Egblɔ be: “Togbɔ be nunɔla siwo ade 400 ŋue wotsɔ nya ɖo tso ƒe 1982 me hã la, sɔlememegã aɖewo gblɔ be nunɔla siwo ade 2,500 sɔŋ dɔ ɖeviwo alo ƒewuiviwo gbɔ sesẽe. . . . Ne woda ga gbogbo si wogblẽ ɖe akpa la, ŋukpenya sia gblẽ nu le sɔlemeha la—kple eƒe agbenyuinɔnɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi aɖewo—ŋu vevie.” Alea pɛpɛpɛ wòle le subɔsubɔha bubuwo hã me le xexeame katã.

Ray Wyre si nye gbɔdɔdɔ me hlɔ̃donyawo gbɔkpɔla tso United Kingdom ƒo nu tso ŋutsuvi eve siwo gbɔ nunɔla aɖe dɔ sesẽe tagbɔsesẽtɔe la ŋu na Stockholm takpekpea valawo. Ŋutsuviawo dometɔ ɖeka le habɔbɔ aɖe si kpɔa ɖevi siwo gbɔ nunɔlawo dɔ sesẽe ƒe nyawo gbɔ me fifia, eye evelia ya ŋutɔ zu ɖevigbɔdɔla.

Mettanando Bhikkhu si nye Buddhatɔ agbalẽnyala tso Thailand gblɔ be “ɖeviwo gbɔdɔdɔ alesi dzro ame ƒe asitsatsa si do agbogbo le Thailand la ƒe akpa aɖe tso Buddha subɔsubɔha ƒe kɔnuwɔwɔ aɖewo gbɔ. Le Thailand kɔƒe aɖewo me la, saɖaganunɔlawo xɔa ga si ɖevi siwo dzi wozi de gbolowɔwɔ me xena na dua la ƒe akpa aɖe.”

Nukae Woate Ŋu Awɔ tso Eŋu?

Ðk. Julia O’Connell Davidson si tso Leicester Yunivɛsiti le United Kingdom bia tso takpekpea valawo si be woatsɔ nya ɖe amesiwo wɔa nusiawo ŋu be woaɖe nusita wowɔnɛ la me. Nugbegblẽwɔlawo nɔa te ɖe alesi woawo ŋutɔ wobe yewomete ŋu ɖua yewoƒe gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzrowo dzi o kple ɖeviawo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ dzi ɖea eme be ɖeviawo ŋutɔ gblẽ xoxo. Nugbegblẽwɔla aɖewo gblɔa susu totro si nye numevivinya be nusi yewowɔ magblẽ naneke o eye be evivi ɖevia nu.

Numekuha aɖe si le dɔ wɔm tso tsaɖilawo ƒe ame gbɔdɔdɔ ŋu ɖo aɖaŋu be woato sukuxɔmenusɔsrɔ̃ me awɔ avu atsi tre ɖe eŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ele be woanɔ nya siwo tsi tre ɖe ɖeviwo gbɔdɔdɔ ŋu la kum ɖe to me na mɔzɔlawo le mɔzɔɣia katã—hafi woadze mɔ, ne wole mɔa zɔm, kple ne woɖo yiƒea.

Numekuha aɖe ɖo aɖaŋu tso mɔ̃ɖaŋukadodomɔnu yeyeawo ŋu be ele be woana mɔfiame dukɔwo ne woanya alesi woawɔ atsrɔ̃ nusiwo ku ɖe ɖeviwo gbɔdɔdɔ ŋu la ɖa. Wodo susua ɖa be woaɖo dukɔwo dome habɔbɔ ɖeka si akpɔ nya siawo gbɔ. Numekuha bubu do susua ɖa be woaxe mɔ ɖe alesi kɔmpiuta ɖea ɖeviwo ƒe amamafoto fiana kple ɖeviwo ƒe amamafotowo ƒe amesinɔnɔ ŋu nu le dukɔ ɖesiaɖe me eye woana wòanye hlɔ̃dodo si ta woatsɔ se ahe to na ame.

Nukae dzilawo ate ŋu awɔ? Numekuha si le dɔ wɔm tso akpa si nyakakamɔnuwo wɔna ŋu ɖo aɖaŋu na dzilawo be woatsɔe aɖo wo ɖokui dzi akpɔ wo viwo ta. Egblɔ be: “Ne ɖeviwo tsi va le nyatakaka xɔm tso afi bubuwo la, menye ɖeko dzilawo afia mɔ wo ko evɔ o, ke ele be woaɖe nya bubuwo hã me na wo ahade vovototo afi vovovo siwo nyatakakawo tsona la me na wo ale be ŋusẽ si nyakakamɔnuwo akpɔ ɖe wo dzi la nada asɔ eye woakpe ɖe ɖeviawo ŋu woatsi le nugɔmesese me.”

Swedentɔwo ƒe TV dɔwɔƒe si ka takpekpea me nyawo ta la te gbe ɖe alesi wòhiã be dzilawo nalé ŋku ɖe wo viwo ŋu nyuie wu ahana woanɔ ŋudzɔ ɖe afɔkuawo ŋu la dzi. Gake eɖo aɖaŋu be: “Migagblɔ na ɖeviawo ko be woakpɔ nyuie le ‘ame tsitsi gblẽkuwo’ ŋu ko evɔ o, elabena enaa ɖeviwo . . . buna be ame tsitsi si do awu nyamaa ŋu koe yewoakpɔ yewo ɖokui dzi le nyuie, evɔ wònye amesi wɔa nu vlo mawo tɔgbe ate ŋu adzra ɖo nyuie alo ado awu dzadzɛ hafi. Eyata mixlɔ̃ nu wo be woakpɔ nyuie le ame manyamanya siwo doa vivi ɖe wo ŋu fũ la ŋu.” Ele eme be woaxlɔ̃ nu ɖeviwo be woakpɔ nyuie le amesiame si ado gbegblẽnya ɖe wo gbɔ la ŋu—eye woaɖo aɖaŋu na wo be woagblɔe na setɔwo—ne amea nye ame nyanyɛ gɔ̃ hã.

Egbɔkpɔnu Ðeka Kolia si Li

Nusi ŋu Stockholm takpekpea mete ŋu ɖo aɖaŋu le o ye nye alesi woawɔ aɖu nusiwo gbɔ ɖeviwo gbɔdɔdɔ tsona la dzi. Nusiawo dometɔ aɖewoe nye agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ƒe toyiyi kabakaba le afisiafi; ɖokuitɔdidi ƒe dzidziɖedzi kple ŋukeklẽ ɖe ŋutilãmenuwo ŋu; se siwo wowɔ be woatsɔ akpɔ ame ta tso madzɔmadzɔnyenye me dzi dada si le agbogbo dom ɖe edzi; ame bubuwo ƒe nyonyo, bubu, kple agbe ŋu mabumabu ƒe dzidziɖedzi; ƒomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ ƒe dzidziɖedzi kabakaba; ahedada ƒe bɔbɔ si tso amewo ƒe agbɔsɔsɔ akpa, dɔmakpɔwɔe, dugãwo tsotso, kple ʋuʋu yi du bubuwo me gbɔ; vovototo dede du bubu me tɔwo kple sitsoƒedilawo dome ƒe dzidziɖedzi; atikevɔ̃ɖiwo wɔwɔ kple wo dzadzra si tɔgbe ɖeke mesɔ kplii o ƒe takeke; kple subɔsubɔhawo ƒe nukpɔsusu, nuwɔna, kpakple kɔnu totrowo.

Togbɔ be ɖeviwo gbɔdɔdɔ nye nya ɖefuname hã la, menye nusi wɔ nuku na Biblia xlẽla dovevienuwo ya o. Nukatae? Elabena míele ŋkeke siwo Biblia yɔ be “ŋkeke mamlɛwo” me fifia eye Mawu ƒe Nya la gblɔ be “ɣeyiɣi sesẽwo” mee míele. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Eyata ɖe wòwɔ nuku be agbenyuinɔnɔ le to yim ɖe edzi vɔ̃ɖitɔe wua?

Gake Biblia gayi edzi ƒo nu tso xexeame ƒe kuxi gã nyadriawo gbɔkpɔnu ɖeka kolia si li la ŋu—be Mawu Ŋusẽkatãtɔ aɖe ɖinu ɖesiaɖe ɖa. Eteƒe madidi o aɖe eƒe ŋusẽ afia eye wòaɖe anyigbadzitɔ siwo katã mewɔna ɖe eƒe gɔmeɖose kple se dzɔdzɔewo dzi o la ɖa: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi.”—Lododowo 2:21, 22; Tesalonikatɔwo II, 1:6-9.

Amesiame si naa ɖeviwo wɔa gbolo kple ame gblẽku siwo dɔa ɖeviwo gbɔ hã le amesiwo “woatsrɔ̃” la dome. Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Ahasiwɔlawo . . . kple matrewɔlawo . . . kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo [alo ŋutsuviwo] . . . womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Egblɔ kpee be woadzra “[ŋunyɔnuwɔlawo] . . . kple matrewɔlawo” ɖo hena “ku evelia”—tsɔtsrɔ̃ ɖikaa.—Nyaɖeɖefia 21:8.

Mawu ahe anyigba si dzi wòadzra ɖo wòatrɔ azu nuɖoanyi yeye keŋkeŋ, “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ” la vɛ. (Petro II, 3:13) Ekema le xexe yeye ma si wòawɔ me la, ame gblẽku, agbeƒaƒãnɔlawo magatafa amesiwo mele ɖeke nyam o la azɔ o. Eye ame maɖifɔwo magavɔ̃ gbeɖe akpɔ be woadze yewo dzi o, elabena “ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Mixa 4:4, NW.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

“Nuvlowɔwɔ si nye lãnuwɔwɔ gãtɔ kekeake si nyɔ ŋu.”—Sweden-dumegã

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

“Ŋutsu miliɔn 10 vaseɖe miliɔn 12 dea ɖevi gbolowo gbɔ kwasiɖa ɖesiaɖe.”—The Economist, London

[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]

Gbɔdɔdɔtsaɖiɖiwo koŋue he ɖeviwo gbɔdɔdɔ vɛ le dukɔ madeŋgɔwo me

[Aɖaka si le axa 13]

Gbɔdɔdɔtsaɖiɖi—Nukatae?

(Susu siwo ta tsaɖilawo ƒoa wo ɖokui ɖe ɖeviwo gbɔdɔdɔ me dometɔ aɖewo)

(1) Ne tsaɖila dɔ ame manyamanya gbɔ la megavɔ̃na be ŋu ava kpe ye le yewo de tɔwo dome o

(2) Nutoa me tɔwo ƒe gbe masemase nyuie alo emasemase kura ate ŋu aflu tsaɖilawo bɔbɔe woaxɔe ase be woda asi ɖe ɖeviwo gbɔdɔdɔ axe fe na wo dzi alo be enye mɔ si dzi woato akpe ɖe ɖevi siwo da ahe ŋu

(3) Vovototodede ameƒomeviwo dome ƒe gbɔgbɔ naa tsaɖilawo wɔa nu manyomanyo ɖe amesiwo wobu be womekɔ ŋkume o la ŋu

(4) Tsaɖilawo sena le wo ɖokui me be ga le yewo si ne wokpɔe be yewoate ŋu azã ga sue aɖe ko akpɔ gome le gbɔdɔdɔnuwɔnawo me le dukɔ madeŋgɔwo me

[Aɖaka si le axa 15]

Alesi Kuxia Keke Tae le Xexeame Katã

(Akɔnta siwo dziɖuɖu vovovowo kple habɔbɔ bubu aɖewo bu enye si dze le ete)

Brazil: Ne mede ɖeke o hã ɖevi 250,000 ye nye gbolowo

Canada: Nyɔnuvi ƒewuivi akpe geɖewoe gbolowɔƒewo xɔ de gbolowɔwɔ me

China: Ðevi gbolowo anye tso 200,000 va ɖo 500,000. Le nyitsɔ laa ƒeawo me la, China-nyɔnuvi 5,000 sɔŋ nue woble kplɔ tso dea heva dzra be woanye gbolowo le Myanmar

Colombia: Ðevi siwo gbɔ wodɔna le Bogotá mɔwo dome dzi ɖe edzi zi gbɔ zi atɔ̃ le ƒe adre siwo va yi me

Ɣedzeƒe Europa: Ðevi siwo tsi gbɔdome le 100,000. Woɖo wo dometɔ gbogbo aɖewo ɖe gbolowɔƒewo le Ɣetoɖoƒe Europa

India: Ðevi 400,000 ye le gbɔdɔdɔ ƒe asitsaha la me

Mozambique: Kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo tsɔ nya ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe avulélawo ŋu be wole ɖeviwo gbɔ dɔm

Myanmar: Wokplɔa nyɔnuvi kple nyɔnu tsitsi 10,000 yina ɖe gbolowɔƒewo le Thailand ƒe sia ƒe

Philippines: Ðevi 40,000 ye kpɔa gome le eme

Sri Lanka: Wotsɔ ɖevi 10,000 siwo xɔ tso ƒe 6 va ɖo 14 wɔ kluviwoe le gbolowɔƒewo eye ɖevi 5,000 siwo xɔ tso ƒe 10 vaseɖe 18 le gbolo wɔm le wo ɖokui si le afisiwo tsaɖilawo lɔ̃na yiyi

Taiwan: Ðevi siwo kpɔa gome le eme de 30,000

Thailand: Ðevi 300,000 ye kpɔa gome le eme

United States: Dziɖuɖudɔwɔƒewo gblɔ be ɖevi siwo wu 100,000 ye kpɔa gome le eme

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe