Nyãdegbeawo Kple Dzoɖogbeawo
“MELŨ ta, medo awu abe ŋutsu ene, mede kɔsɔkɔsɔwo kple klaɖobawo kɔ, hetsɔ galɛ aɖe ƒo ɖe alɔgo me, eye aleae medze gbevuwɔwɔ gɔmee.”—Tamara.
Ðe nèkpɔ Tamara le ablɔdzi la, ɖe nàtsɔe be vi tsiakogo, ƒewuivi si ŋu wosẽ ŋuta le, si mekpɔ beléle kple lɔlɔ̃ si dim wòle kple avi le eƒeme o ye wònyea? Ðe nàsusui be vi dzeaglã si yina eɖokui de ge nya me alo ɖewohĩ vi si yina agbe vlo nɔ ge wònyea? Tamara gblɔ nudzɔdzɔ dziŋɔ siwo kplɔe de agbenɔnɔ si gɔme wòdze tso eƒe ƒe 14 xɔxɔ me na Nyɔ!, agbenɔnɔ si ƒomevi medi kura hafi o.
Nyãdegbeawo
Tamara gblɔ be: “Metsi le todzidu sue aɖe me le Italia le ƒome malɔ̃ame aɖe me. Nublanuitɔe la, mekpɔ dzre gã siwo dzɔ ɖe dzinyelawo dome teƒe eye mese dzugbe nyɔŋu siwo wotsɔ dzu wo nɔewoe la le nudzɔdzɔ mawo me. Medea nu dzre la me zi geɖe eye fofonye vevemaseɖeamenula la ƒoam anyrãtɔe. Nye ŋutilã drona kwasiɖa aɖewo.
“Esi mexɔ ƒe 14 la, fofonye tsɔ dɔlar ʋee aɖewo kple yiyi ƒe ketekeɖotikit nam be mayi du si tsɔ mía gbɔ me, afisi afɔku geɖe nɔ. Medze xɔlɔ̃ sɔhɛ siwo hã ame aɖeke metsɔ ɖe le eme na o abe nye ene. Mía dometɔ geɖe zu ahanoxiwo. Mezu gbevu, ame vlo, kple sesẽnuwɔla. Metsia dɔ zi geɖe. Mía kple xɔ̃nyewo míetsɔ zikpuiwo do dzo le vuvɔŋɔli aɖe me be míaƒu. Adzɔ dzi nam ŋutɔ ne ƒome si alé be nam, ƒome si atsɔ ɖe le nye tamesusuwo, dzimaɖitsitsiwo, kple nye vɔvɔ̃wo me, le asinye. Gake metsi akogo, metsi akogo vevie.”
“Tamara-megbeeawo” akpe alafa geɖe le egbe xexeame. Ðevi siwo dzila siwo gbe woƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ gbe la le anyigbagã ɖesiaɖe dzi.
Dzoɖogbeawo
Ðevi bubuwo ɖonɛ be yewoadzo le aƒeme elabena “enye teƒe si dzi ŋɔ akpa be woaganɔ; ena wosea veve akpa, afɔku le eme akpa, eye wodzona ɖoa gbɔ.”—New York State Journal of Medicine.
Wokplɔ Domingos yi tsyɔ̃eviwo nɔƒee esi wòxɔ ƒe asieke eye dadaa ɖe srɔ̃ bubu. Alesi osɔfoawo ƒonɛ wɔe be wòɖoe be yeasi. Ke dadaa va kplɔe, gake dadaa srɔ̃ ƒonɛ vevie ɣesiaɣi. Ðe wòsi hafi kpɔ gbɔdzɔe tso aƒeme ƒe ŋutasẽnuwɔnawo me.
Nublanuitɔe la, Anuradha Vittachi ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Stolen Childhood—In Search of the Rights of the Child me be, “ɖevi miliɔn geɖe mete ŋu kana ɖe ame tsitsi siwo le woa ŋutɔwo ƒeme dzi be woalé be na yewo vie teti be yewoanɔ dedie o.” Egaŋlɔe be: “Wobu akɔnta be ŋlɔmiwɔwɔ wua ɖevi etɔ̃ le United States gbesiagbe le woa ŋutɔwo dzilawo si me.” Zi geɖe la, ƒomea me tɔ aɖe gblẽa nu le ɖevia ŋu le gbɔdɔdɔ gome tsɔ wu be wòakpɔ eta.
Wotafaa Wo Hewɔa Nuvevi Wo
Ezu dzizizi na Domingos be wòava nɔ gbevuvi bubu siwo tsɔ adzodada kple fififi, atike vɔ̃ɖi nono kple edzadzra ɖo dɔe dome. Dzɔgbevɔ̃etɔe la, ŋutsu ahasitɔwo, ɖevigbɔdɔlawo, kple amamaɖegbalẽwɔlawo tafaa ɖevi siwo dzo le aƒeme be yewoasi le nɔnɔme manyomanyowo nu la dometɔ geɖe. Ne dɔ si ɖevi siawo eye wotsi akogo la, wonaa dzeƒewo be woanɔ eye wodoa ŋugbe na wo be ame tsitsi si atsɔ “beléle” na wo gbɔe wole, evɔ kaka woƒe mo nakɔ la, wova kpɔnɛ be yewoƒe ŋutilãe yewotsɔ dzra hena gbolowɔwɔ. Esi asinudɔ aɖeke mele wo si o ta la, wo dometɔ geɖe wɔa nusianu ƒomevi le ablɔdzi be yewoatsi agbe, woblea wo nu dɔa wo gbɔ eye woawo hã wɔnɛ. Wo dometɔ aɖewo tsia eme. Atike vɔ̃ɖiwo, aha muame, amewuwu, kple ameɖokuiwuwu trsɔ̃ ɖevi geɖe.
Esi gbolowɔvi xoxo aɖe nɔ nu ƒom tso ablɔdziviwo ƒe agbenɔnɔ ŋu la, egblɔ be: “Vɔvɔ̃ aɖo wò le afisia. Magblɔ be nusi doa dziku nam enye be [ame] geɖe tsɔnɛ be ne wokpɔ ɖevi aɖe wòdɔ alɔ̃ ɖe keteke me alo wokpɔnɛ wònɔa tsatsam le ablɔdzi ɣesiaɣi ko la, efia be woa ŋutɔwoe dii nenema. Esi metsi azɔ la, nyemegakpɔnɛ nenema o. Ðevi siawo dometɔ ɖesiaɖe le avi dzi hehehe le woa ŋutɔwo ƒe mɔ tɔxɛ nu. Womedi be yewoanɔ nenema hafi o, gake wo dzilawoe gbe wo.”
“Ablɔɖe” Didi
Ðevi akpe alafa geɖe bubuwo, siwo wogblɔ be wobu le aƒeme hã li, amesiwo ablɔɖe si wosusu be ele aƒea godo ble de gbe. Wo dometɔ aɖewo di be yewoado le ahedada me. Bubuwo di be yewoado le yewo dzilawo ƒe ŋusẽ kple se siwo ɖewohĩ wobu be wosesẽ akpa te.
Woyɔ sɔhɛ aɖe si nɔ yeaɖi ablɔɖegbe tso dzilawo ƒe ŋusẽ kple Kristotɔwo ƒe aƒeme ƒe gɔmeɖosewo te la be Emma. Atike vɔ̃ɖiwo ɖee kluvii esi wòsi heva de ha kple exɔlɔ̃wo. Gake esi wosẽ ŋuta le Emma ŋu le ablɔdzi megbe la, edi be yeatrɔ agbɔ ahadzudzɔ atike vɔ̃ɖi zazã. Gake nublanuitɔe la, medzudzɔ ha vɔ̃wo dede o, eye le dzomeŋɔli ƒe fiẽ aɖe me la, wo kple exɔlɔ̃wo do heroin. Emae nye zi mamletɔ na Emma ya. Etsi ɖime heku le ŋufɔke, “exɔlɔ̃awo” gblẽe ɖi wòtsi afima.
Ðe ɖevi siwo wo dzilawo alo ame bubuwo de afɔku me ƒe etsɔ me ate ŋu anyo wua? Ðe xexe si mawɔ nu madzemadzewo ɖe sɔhɛwo ŋu o ava gbaɖegbea? Mɔkpɔkpɔ kae li be woate ŋu ana ƒomegbenɔnɔ nanyo eye wòadze ame ŋu ale be ɖeviwo madi be yewoasi o? Àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖoawo le nyati si kplɔe ɖo me.