INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 3/8 axa 5-7
  • Alesi Nuɖuɖu Nyui Ate Ŋu Atu Wò Lãmesẽ Ðoe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Nuɖuɖu Nyui Ate Ŋu Atu Wò Lãmesẽ Ðoe
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ŋudɔwɔwɔ Nunyatɔe ɖe Etsɔ me Viɖe Ŋu
  • Nukata Wònyo be Woaɖu Nu Vovovowo?
  • Nuɖuɖu Kple Lãmesẽ Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ
  • Nunyiame Nenie Le Wò Nuɖuɖu Me?
    Nyɔ!—1995
  • Kuxi Sesẽ Siwo Henɛ Vɛ, Nusiwo Gbegbe Wògblẽna
    Nyɔ!—2003
  • Nunyiamewo Le Gbɔwò
    Nyɔ!—2002
  • Èɖua Nu Ðia Ƒo le Gbɔgbɔ Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 3/8 axa 5-7

Alesi Nuɖuɖu Nyui Ate Ŋu Atu Wò Lãmesẽ Ðoe

ALEKE ɖevi si ɖua nu nyui nya kpɔnae nye si! Gake ɖevi ƒe lãme mesẽna le eɖokui si o. Kate si nye Canadatɔ si le Brazil la gblɔ be: “Nuɖuɖu siwo ɖaɖa le bɔbɔe gake nunyiame le wo me ­koŋue míaƒe ƒomea ɖuna ɣesiaɣi, menye le esi míegblẽa ga geɖe ɖe wo ŋu ta ko o, ke le ɣeyiɣi si míegblẽna ɖe wo ɖaɖa kple eɖuɖu ɖekae ŋu hã tae. Esi danye medzona le aƒeme ɖawɔa dɔ o ta la, nusiwo wònɔ ɖaɖam, ɖewohĩ akpɔnɔ alo akpɔnɔ vivi, ƒe ʋeʋe lilili xɔa yame hafi míegbɔna tsoa suku gbesiagbe.”

Gake The Economist gblɔ be le esi teƒe be nuɖuɖu nyui nalé amewo ɖe te la, “amesiwo ade [miliɔn] 780 le dukɔ madeŋgɔwo me, si nye ame ɖeka le atɔ̃ me le woƒe dukɔa me tɔwo katã dome, mekpɔa nu ɖuna wòsua wo o. Gake amesiwo wu biliɔn 2 siwo kpɔa nu ɖuna ɖia ƒo mekpɔa vitamin kple mineral siwo wohiã la o.” Menye ɖeko amesi mekpɔa nu nyui ɖuna o la gbɔdzɔna o, ke menyea viɖe aɖeke na ame bubuwo hã o. Eyata wogblɔ be gaŋutiɖoɖowɔla Eduardo Giannetti da Fonseca si le São Paulo Yunivɛsiti, Brazil, gblɔ le ɖevi siwo mekpɔa nu ɖuna o ŋu be: “[Amegbetɔ ƒe ŋutete dome gbegblẽ] sia vɔ̃ɖi wu nu bubu ɖesiaɖe. . . . Mexɔe se be dzɔdzɔmenunanawo kple ŋutetewo le ɖevi siawo dometɔ aɖewo si gake womedzena o le ahedada ta. Albert Einstein tɔgbe aɖe ate ŋu ado tso wo me le nɔnɔme vovovowo me hafi.” Magazine si nye Veja gblɔ be: “Dukɔa le dɔwɔla sesẽwo bum le nunyuimaɖumaɖu ta eye ele amesiwo me wodzra nunya, nuwɔŋutete, kple ŋusẽ ɖo la dome gblẽm.” Eyata togbɔ be nuɖuɖu le asi xɔm hã la, dzila nyanuwo ɖoa gɔmeɖoanyi sesẽ na wo viwo to nuɖuɖu siwo me nunyiame le nana wo me.

Nu Ŋudɔwɔwɔ Nunyatɔe ɖe Etsɔ me Viɖe Ŋu

Eŋlisigbe me nya “invest” gɔmee nye be “woazã nane hena etsɔ me viɖewo alo nudeamedziwo.” Aleke nàte ŋu azã ga ɖe nunyiame ŋu wòaɖe vi le etsɔ mee? Ne ehiã la, ɖe nàɖe asi le nunɔamesi dzeani siwo ana nàxɔ ŋkɔ la ƒeƒle ŋu ahazã wò ga aƒle nuɖuɖu nyuiwoa?

The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Sidzenuwo menɔa anyi dɔmawɔmawɔe vaseɖe esime woade dzo wo me le ɖevia dziɣi o; ɖaseɖiɖi ɖee fia be sidzenuwo dzea dɔwɔwɔ gɔme xoxoxo do ŋgɔ na ɖevia dzidzi.” Eyata mɔ nyuitɔ si dzi woato adze nuɖuɖu nyui nana ɖevi gɔmee enye be vidada la naɖu nu nyui. Afɔɖeɖe si woagawɔ—le ɖevia dzidzi megbe—ye nye be woana no vidzĩ la, elabena nunyiamewo katã le amegbetɔ ƒe notsi me eye exea mɔ na dɔlélewo gɔ̃ hã. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽ aɖe si nye Facts for Life gblɔ be: “Le vidzĩ ƒe agbenɔnɔ ƒe ɣleti ʋee gbãtɔawo me la, notsi ɖeɖekoe nye nuɖuɖu kple nunono nyuitɔ kekeake si woanae. Vidzĩwo hiã na nuɖuɖu bubuwo tsɔ kpe ɖe notsi ŋu ne wotsi xɔ ɣleti ene vaseɖe ade.”

Togbɔ be ametia te ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu hã la, mele be míabui nu tsɛe o. Ehiã be míatsɔ nuɖuɖu nyui atui ɖo le eƒe ɖevi me. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Kaka ame naxɔ ƒe 6 la, ahɔhɔ̃a ɖoa eƒe kpekpeme blibo si anɔ pounde 3 (kilo­gram 1.4) lɔƒo. Ahɔhɔ̃menugbagbeviwo ƒe akpa gãtɔ nɔa eme le ɖevia dziɣi, eyata nugbagbeviawo ƒe tsitsi koŋue nana wò kpena. Le ƒe ade siawo me la, ame srɔ̃a nu eye nɔnɔme yeyewo va sua esi kabakaba wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe le agbe me.” Eyata ne ɖevi ɖua nu nyui le eƒe ƒe ade xɔxɔ megbe hã la, ahɔhɔ̃menugbagbevi ʋee aɖewo koe agava kpe ɖe eŋu. Kate de dzesii be: “Nuɖuɖu nyui siwo me nunyiame le nye nunana gãtɔ kekeake siwo dzilawo ate ŋu ana wo viwo la dometɔ ɖeka. Ne dzilawo mate ŋu ana nusiwo wogblɔ be enye agbemenuhiahiãwo, si nyea nunɔamesiwo ko zi geɖe wo viwo o hã la, wo dometɔ siwo nana wokpɔa lãmesẽ le susu kple ŋutilã siaa me la na wodzea agbe gɔme le mɔ xɔasi aɖe nu.”

Nukata Wònyo be Woaɖu Nu Vovovowo?

Ðevi hiã na nuɖuɖu siwo me protein le be wòate ŋu atsi le ŋutilã kple susu me. Nunyuimaɖumaɖu naa ɖevi ƒe nunyanya le suku dzi ɖena kpɔtɔ, eye ɖevia anye ɖekematsɔlemetɔ si nu tia kɔ na, eye eƒe ­susu mate ŋu anɔ nusi wofiae ŋu alo ­wòaɖo ŋku wo dzi o. Ne mede ɖeke o hã la, dɔléle 25 siwo gblẽa nu le ame ŋu la ­tsoa ŋutilãtuɖonu veviwo dometɔ ɖeka makpɔmakpɔ gbɔ​—⁠protein, vitamin, ami siwo hiã, alo ŋutilãtuɖonu bu­buwo.

Bu Joaquim ƒe nya la ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Míaƒe ƒomea da ahe. Gake anyigba nɔ mía si eye míede nusianu si míeɖuna ƒe agble ɖe edzi. Míeɖua bli kple ƒo ƒe abolo siwo me nu vovovowo le ɣesiaɣi, eye nunyiame nɔ ema me ŋutɔ. Gbesiagbe kloe la, danye ƒoa detsi siwo me amagbe vovovowo kple ayi hã nɔna, eye esia na nunyiame siwo hiã la dometɔ geɖe mí. Míeɖua lã geɖe o, gake míeɖua tɔmelã ya, zi geɖe wonyea deɣi, sama ƒomevi aɖe, kple aman.” Egblɔ kpee be: “Vi atɔ̃e nɔ danye si, eye nyemeɖo ŋkui be mía dometɔ aɖe dze dɔ tsɔ wu wɔɖi kple kpe o. Mebu be míaƒe nuɖuɖu siwo da sɔ nyuie gbɔe ema tso.” Vidada aɖe si si vi adre le gblɔ be: “Ehiã be míaɖa nuɖuɖu siwo me nunyiame le evɔ womexɔ asi o. Eyata míede amagbewo ƒe agble si togbɔ be ele sue hã la, ewɔ nu geɖe si de míaƒe nuhiahiãwo nu.” Egblɔ kpee be: “Mía viwo medzea dɔ sesẽ gbeɖe o eye agbalẽ ɖena na wo ɣesiaɣi le suku.”

Wò ŋutilã hiã atikemenu vovovo 103 dometɔ 22 siwo nye ŋutilãtuɖonuwo. Togbɔ be manya wɔ be woabu vitamin, mineral, kple protein agbɔsɔsɔ si amesiame hiã o hã la, nuɖuɖu si da sɔ ana nusiwo nèhiã la wò. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Nusi woawɔ akpɔ nunyiame nyuie ye nye nu vovovo siwo me ŋutilãtuɖonu ɖesiaɖe ƒomevi le ɖuɖu.”

Ke ne viwòwo media nuɖuɖu aɖewo, abe amagbe siwo vena ene, o ya ɖe? Nuɖala bibi aɖe gblɔ be ele be dzilawo natsɔ “amagbe siwo katã le woƒe nutoa me la aɖa nui. Ame tsitsi geɖe meɖua amagbewo o elabena womeɖui le woƒe ɖevime o. Esi amagbewo tua lãmekawo ɖo eye wonaa vitamin siwo míehiã la mí eye womexɔ asi o ta la, ele be dzilawo nana wo viwo naɖui ɣesiaɣi.” Eyata nukata màsrɔ̃ nuɖaɖa le mɔ yeyewo nu si ana nàzã amagbe kple kutsetsewo nyuie, ɖewohĩ nàtsɔ wo aƒo detsi alo awɔ atadi vivi aɖee o? Eɖo aɖaŋu le nuɖuɖu siwo wogblɔna be medoa ŋusẽ ame o ŋu be: “Mele be numeɖenu viviwo nanɔ dzilawo si le aƒeme o negbe le wɔna tɔxɛwo me ko. Ne [ɖeviawo] mekpɔe o la, womaɖui o.”

Togbɔ be nu nyui ɖuɖu le mɔ si sɔ nu ɖea nunyuimaɖumaɖu ƒe afɔkua dzi kpɔtɔna hã la, ame aɖewo hea kuxi vaa woa ŋutɔ ɖokui dzi to nutsuɖuɖu me. Nuɖuɖu siwo me nunyiame le ɖuɖu akpa wòagbɔ esi ŋutilã hiã me ahe lolo akpa si hea suklidɔ kple dzidɔ vanɛ la vɛ.a Esi atike alo lãmesẽnuwɔwɔ mate ŋu axɔ ɖe nuɖuɖu ɖe ɖoɖo nyui nu teƒe o ta la, aɖaŋuɖoɖo nyui aɖee nye be mègaɖu ami, nu viviwo, kple dze akpa o eye megano aha fũ hã o. Numekugbalẽ aɖe hã gblɔ be, “ele be míawɔ ɖoɖo aɖe dɔwuame, akogotsitsi, blanuiléle, nutikɔname, dziku, kple ɖeɖiteameŋu siwo katã ate ŋu ana míaɖu nu tsu la dzi akpɔtɔ.”

Nuɖuɖu Kple Lãmesẽ Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

Menye nunyiamefiagbalẽ ye Biblia nye o; gake ekpena ɖe mía ŋu be míada asɔ le lãmesẽnyawo me. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu le amesiwo dea se na ame bubuwo be “woatsri nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ, bena amesiwo xɔe se, eye wodze si nyateƒe la, naɖu kple akpedada la” ŋu. (Timoteo I, 4:⁠3) Mawu di be míaɖi ƒo eye míawɔ nusiwo le mía si la ŋudɔ nyuie. “Nu vi nɔamesi, si ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu kesinɔnu geɖe, si me dzimaɖeɖi le.”​—⁠Lododowo 15:16.

Lãmesẽ blibo mele ame aɖeke si egbea o. Eyata nukata màda asɔ o, ale be mànye ɖekematsɔlemetɔ alo atsi dzi akpa o? Ðekematsɔ le nunyiame alo lãmesẽ nyawo me alo dzitsitsi ɖe wo ŋu akpa ate ŋu ana míada asɔ o.

Togbɔ be míedzea agbagba be míakpɔ míaƒe lãmesẽ ta le alesi nuwo le fifia nu hã la, míetsina hekuna mlɔeba. Gake enye dzidzɔ be Biblia na kakaɖedzi mí be Mawu ƒe Fiaɖuƒe atsi nunyuimakpɔɖu kple dɔléle siaa nu. Togbɔ be ɖoɖo siwo amegbetɔwo wɔ be woaɖe dɔwuame ɖa do kpo nu hã la, míate ŋu akpɔ mɔ na xexe aɖe si me mí katã míakpɔ nuɖuɖu siwo doa ŋusẽ ame le.​—⁠Psalmo 72:16; 85:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a “Eŋutinunyala aɖewo gblɔ be ne kpekpeme si ‘nyo’ . . . na wò kɔkɔme, wò ŋusẽ kple ƒe si nèxɔ gbɔ edzi dzidzenu 20 le alafa me la, ke elolo akpa.”​—⁠The American Medical Association Family Medical Guide, axa 501. Kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . . Aleke Maɖe Nye Lolome Dzi Akpɔtɔe?” si le May 8, 1994 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! kple nyati si nye “Ðe Nyemate Ŋu Aɖe Nye Lolome Dzi Akpɔtɔ Oa?” le May 22, 1989 tɔ me hã.

[Aɖaka si le axa 7]

AÐAŊUÐOÐO SIWO AKPE ÐE VIWÒ ŊU WÒAÐU NU NYUIE

◻ Ðo kpɔɖeŋu nyui ɖi.

◻ Mègaɖe mɔ ɖeviwo naɖu nusi dze wo ŋu ko o.

◻ Mègatsɔ nu vivi alo numeɖenu siwo me nunyiame mele o va aƒemee o.

◻ He ɖeviwo be nuɖuɖu ƒomevi vovovowo nadze wo ŋu.

◻ Ðo ɣeyiɣi ɖi na nuɖuɖu, kple ŋdinu hã.

◻ Mègana television dzi boblododowo nakpɔ ŋusẽ ɖe nusi nèɖuna dzi o.

◻ Mègana ɖeviwo ŋutɔ naɖe nuɖuɖu tso nufamɔ̃a me o.

◻ Na hehe ɖeviwo be woana kpekpeɖeŋu le nuɖaɖa me.

◻ Na woakpɔ ŋudzedze ɖe gbesiagbenunanawo ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe