Nunyiame Nenie Le Wò Nuɖuɖu Me?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRAZIL GBƆ
Aleke nètiaa wò nuɖuɖui? Nukawo ŋue nèbuna ne èle nuɖuɖu ƒlem? Alesi woɖoe nyuie yea? Eƒe asi yea? Alesi eɖaɖa le bɔbɔe yea? Eƒe boblododo amenubebletɔe yea? Alo alesi nuɖuɖua le kple eƒe vivi ta ko yea? Tiatia nyui si nàwɔ ye afia ne nuɖuɖu siwo me nunyiame le alo esiwo me nunyiame mele o ye nèɖuna, ne edoa ŋusẽ wò alo gblẽa nu le ŋuwò.
AHEDADA gbɔ koŋue nunyuimaɖumaɖu tsona. Togbɔ be nuɖuɖu bɔ ɖe ame geɖe si hã la, ame miliɔn geɖe mekpɔa nu nyui ɖuna kura o. Vifofo Braziltɔ si nye gliɖola si si vi ade le la gblɔ be: “Le aƒe sia me la, míeɖua nusianu si míakpɔ.” Zi geɖe la, enyea yevubolo ƒuƒlu kple kɔfi si me naneke mele o alo mɔli kple ayi. Le nyateƒe me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nuɖuɖu Kple Agbledede Habɔbɔ ka nya ta be dɔ le ame 20 le alafa me wum le xexeame katã. Togbɔ be dɔwuame keke ta le Afrika-dukɔ aɖewo me hã la, dɔwuitɔ geɖe le Asia hã. Le United States gɔ̃ hã la, woka nya ta be ame 12 le alafa me, alo ame miliɔn 30 mekpɔa nuɖuɖu wòsua wo o.
Menye ɖeko nunyuimaɖumaɖu gblẽa nu le ame ŋu o ke ete ŋu wua ame hã. Numekula William Chandler de dzesii be: “Nunyuimaɖumaɖu si tsoa nuɖuɖu nyui manamana ɖeviwo gbɔ la wua amesiwo dɔwuame wuna la teƒe 10 sɔŋ. Tsɔ kpe ɖe mĩŋɔŋɔ si naa tsi vɔna le ame ŋu ŋuti la, nunyuimaɖumaɖue gale ame wum wu le xexeame.” Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nyawo Gbɔ ka nya ta be: “Dɔvɔ̃, tsiɖɔɖɔ, alo anyigbaʋuʋu alo aʋawɔwɔ aɖeke mewu ɖevi 250,000 le kwasiɖa ɖeka ko me kpɔ o.” Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe alɔdze ma ƒe nya nu la, ɖevi agbɔsɔsɔ mae kuna le xexeame katã le nunyuimaɖumaɖu kple dɔléle siwo wòhena vɛ ta. Le nyateƒe me la, gbɔgblɔ mele nunyuimaɖumaɖu ƒe nugblẽƒe ŋu o: Nusɔsrɔ̃ŋutete dzi ɖena kpɔtɔ, dɔwɔlawo mete ŋu wɔa dɔ geɖe o, nusiwo wowɔna kple woƒe nyonyo dzi ɖena kpɔtɔ.
Gake nunyuiɖuɖu ɖe ɖoɖo nyui nu ate ŋu aɖu nunyuimaɖumaɖu kple nusiwo wògblẽna le ame ŋu abe ʋuvɔleameŋu kple dɔléle bubuwo ene dzi. Kpekpeɖeŋu si dziɖuɖua nana abe nuɖaɖa le suku kple nuɖuɖu mamã ene aɖe nunyuimaɖumaɖu dzi akpɔtɔ vie le nuto aɖewo me ya, gake Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nyawo Gbɔ ƒe amegãwo gblɔ be wohiã na dɔlar biliɔn 25 ƒe sia ƒe be woatsɔ aɖe ɖeviwo ƒe ku kpata si mĩŋɔŋɔ, axamedɔ, kple agbaɣi hena vɛ dzi akpɔtɔ. Ame aɖewo agblɔ be, ‘ga gbogbo aɖee nye ma.’ Gake woka nya ta be ga mae Amerikatɔwo gblẽna ɖe kamedefɔkpawo ŋu, eye Europatɔwo hã gblẽnɛ ɖe wein ŋu le ƒe ɖeka me. Kuxi sesẽ bubue nye alesi woaɖe nuwo dome gbegblẽ dzi akpɔtɔ. Togbɔ be wobu akɔnta be dɔ wua Braziltɔ miliɔn 32 hã la, Dɔwɔƒe si Kpɔa Agbledede dzi le Brazil ka nya ta “be nuɖuɖu si wogblẽna le nuxaxa megbe [si de dɔlar biliɔn 1.5] le edede ʋu alo edzadzraɖo me gblẽa nuɖuɖu si dukɔa kpɔna tso agbledede me ƒe akpa 18 vaseɖe 20 le alafa me.” Togbɔ be kuxi gãwo le agbledede me le dukɔ geɖe me, abe tsihehe va agble me, nuɖuɖudzadzraɖo, kple edede ʋu ene hã la, anyigba ate ŋu agawɔ nuɖuɖu gbogbo aɖewo na mí katã. Eyata aleke nàte ŋu akpe akɔ kple wò ƒomedzikpɔkpɔ ƒe kuxiae?
Ga Ðeɖe Mesɔ Gbɔ O
Le dukɔ madeŋgɔwo me la, amewo te ŋu kpɔa woƒe ƒome dzi to dɔ eve alo etɔ̃ wɔwɔ me. Le Brazil la, ame miliɔn 1.5 ʋuna le ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ ƒe sia ƒe yia dugãwo me ɖadia dɔ kple nuɖuɖu. Togbɔ be amewo ƒe lãmesẽ nɔ te ɖe nusi woɖuna dzi vaseɖe afi aɖe hã la, wogblẽa ga si wokpɔna ƒe akpa gãtɔ ɖe nudodowo, dɔƒe, kple ʋuɖoɖo ŋu.
Gake enye dzidzɔ be nuɖuɖuwo, abe mɔli, ayi, bli, yevute, agbeli kple akɔɖu ene, tsɔ kpe ɖe lã kple tɔmelã ŋu me koŋue ƒome geɖe kpɔa nunyiame tsonɛ le xexeame katã. Braziltɔ nuɖuɖuŋutinunyala José Eduardo de Oliveira Dutra gblɔ be: “Nunyiame le mɔli kple ayi si woɖa ɖekae me ŋutɔ. Esi nuɖuɖu bɔbɔe sia si mexɔ asi o li ta la, míate ŋu atsi dɔwuame nu le [dukɔa me].” Ẽ, nuɖuɖu siwo mexɔ asi o eye nunyiame le wo me anɔ wò nutoa me. Alo àte ŋu ade wò nuɖuɖu dometɔ aɖewo ƒe agble.
Togbɔ be ga anɔ asiwò hã la, ɖe nèzãnɛ tsɔ ƒlea nuɖuɖu siwo me nunyiame le na wò ƒomea? Alo ɖe gbesiagbe boblododo fluamewo kpɔa ŋusẽ ɖe dziwò nèdia nu viviwo alo nusiwo vivi evɔ nunyiame mele wo me o eye nèŋea aɖaba ƒua protein, mineral, kple vitamin dzia? Ðe nuɖuɖu ƒe vivi nyo wu eƒe nyonyoa? The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Be amewo ƒe lãme nasẽ ɣesiaɣi la, ele be woanya nu tso ametia kple eƒe dɔwɔwɔ ŋu. Ema ko hafi woate ŋu anya nusi akpe ɖe wo ŋu alo nusi makpe ɖe wo ŋu o alo agblẽ nu le woƒe lãmesẽ ŋu. Ele be nusɔsrɔ̃ tso lãmesẽ ŋu nanye nusi amesiame srɔ̃na ƒe akpa ɖe.”
Nyateƒee, menye nuɖuɖu ta koe míele agbe ɖo o, gake nuɖuɖu nye míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe. Biblia ƒo nu tso nuɖuɖu nyuie ŋu be enye dɔ sesẽ wɔwɔ ƒe teƒeɖoɖo, esi wògblɔ be: “Be ame aɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.” (Nyagblɔla 3:13) Ðe nèbua nuɖuɖu nyui be enye nu xɔasi kple nu vevia? Ne nenemae la, ke taflatse dzro nyati si kplɔe ɖo si ƒo nu tso alesi nunyuiɖuɖu ate ŋu aɖe vi na mia kple wò ƒomeae me.