INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 4/8 axa 26-28
  • Lo—Ŋkuléle Ðe Eŋu Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lo—Ŋkuléle Ðe Eŋu Nyuie
  • Nyɔ!—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Nyuie le ‘Tɔsisia ƒe Ŋkuwo Ŋu’!
    Nyɔ!—1996
  • Lo Ƒe Glã
    Nyɔ!—2015
  • Biblia Sɔsrɔ̃—Le Lãwo Kpɔƒe!
    Nyɔ!—1996
Nyɔ!—1995
g95 4/8 axa 26-28

Lo—Ŋkuléle Ðe Eŋu Nyuie

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ

AMERIKATƆ modzakaɖetsaɖila la tsɔ ŋkubiã nɔ foto ɖem tɔmenyiwo le Mara Tɔsisi la to kasia eɖiɖi le kpe aɖewo dzi ge dze tɔa me. Lã aɖe si ƒe ayi tri si nɔ ŋdɔ ƒum ɣemaɣi la kpɔe, enye lo. Togbɔ be tɔmelãwoe lã sia si tana ɖuna ɣesiaɣi hã la, nu vivi si wòkpɔ la dzroe vevie. Ege dze tɔa me enumake be yeava dii. Dzɔgbenyuitɔe la, modzakaɖetsaɖila la kpɔ loa wògbɔna eye wòdo le tɔsisia me—edo kabakaba ale gbegbe be edze abe tsia dzi zɔmee wònɔ ene!

Amesiwo va ɖia tsa le Afrika ƒe tɔsisiwo, tawo, kple tsixaxawo to la kpɔa lowo zi geɖe, gake le modzakaɖetsaɖila si ƒe nya míegblɔ va yi gome la, ewɔ abe ɖe wòte ɖe eŋu akpa ene. Kenya koŋue Nile-tɔsisia me lowo bɔ ɖo. Woyɔnɛ le Swahiligbe si wodona le afima me be mamba. Lo ƒe didime te ŋu ɖoa meta 7, wònye lã si tana siwo te ŋu ƒua du le go dzi kple tsi me siaa. Wote ŋu ƒua tsi sesĩe le woƒe ble siwo le gbadza heɖi akɔfa la ta. Wote ŋu ƒua tsi kilometa 40 le gaƒoƒo ɖeka me! Eye wote ŋu nɔa tsi gɔme gaƒoƒo eve alo etɔ̃ zi geɖe. Ne wole go dzi la, wote ŋu ƒua du sesĩe nɔ tɔtɔm ɖe eme.

Eyata mewɔ nuku o be Biblia gblɔ be lo nye Mawu ƒe nuwɔwɔ dziŋɔwo ƒe kpɔɖeŋu ɖeka si woyɔ be Leviathan. Hiob 40:32 kple 41:2 gblɔ be: “Ka asi [Leviathan ŋu] kpɔ, eye nanyae be, avu wòanye! Màgawɔe evevea o. . . . Ame aɖeke medoa nu tamee, be wòaʋuʋui o.” Nuxlɔ̃ame nyui aɖewoe nye siawo! Agbalẽ si nye The Fascination of Reptiles si Maurice Richardson ŋlɔ la gblɔ be wonya lowo be wodzea aɖeeʋu si wotsɔa mɔ̃ kuna gɔ̃ hã dzi! Hiob 41:17 gblɔe wòsɔ be: “Ne etso la, dzidzi ƒoa ŋusẽtɔwo, eye ŋɔdzi nana woluluna.”

Nukata ŋɔdzi ɖoa amewo wosina ne wokpɔ lã sia si ŋu tsro le? Kpukpui 6 lia ɖe susu ɖeka gblɔ be: “Ameka aʋu eƒe ŋku me ʋɔtruwo? Ŋɔdzi ƒo xlã eƒe aɖuwo.” Aɖu siwo de 24 siwo ƒe lolome to vovoe le lo ƒe glãwo dometɔ ɖesiaɖe ŋu, dzimetɔ kple gɔmetɔ siaa, eye eɖɔa li aɖu le eƒe agbenɔɣi katã. Enya se be aɖu enelia si le lo ƒe glã si le gɔmetɔ ŋu la gena ɖe do aɖe si le dzimeglã ŋu me eye wodzena bɔbɔe ne ekpe glã gɔ̃ hã. Esia dea vovototo woa kple tɔvia dzogbeloe dome. Kuxia enye be ne ète ɖe lo ŋu akpa be yealé ŋku ɖe eƒe aɖuwo ŋu alea la, ate ŋu adzɔ be àge ɖe eƒe nu me ava nɔ ŋku lém ɖe eƒe aɖuwo katã ŋu!

Ema tae àdi be yeanɔ dedienɔƒe nyuie aɖe hafi anɔ ŋku lém ɖe lo ŋu ɖo, eye teƒe geɖe le Kenya afisi nàte ŋu akpɔe le. Le kpɔɖeŋu me, wosika lowo ɖe Mamba Kɔƒe si le Mombasa henyia wo.

Àbia be, ‘gake nukata ame aɖe adi be yeanyi lowo?’ Susu ɖekae nye be woakpɔ wo ta ne woagatsrɔ̃ wo ɖa o. Le tɔ gãwo me la, wowua lo siwo mexɔ ƒe ɖeka haɖe o dometɔ 99 le alafa me. Edze abe adoglo ƒomevi aɖe, damixe, kple ame aɖewo gɔ̃ hã ɖua lo ƒe aziwo kple wo vi fẽwo ene. Gake lo siwo dzi wokpɔna nyuie le lonyiƒe la dometɔ siwo kuna ɖiɖina tso 10 vaseɖe 2 le alafa me. Le ƒe ɖeka me la, lovi ƒe didime ɖoa meta 1.5—si edze ƒã be elolo ate ŋu anyã edzidzelawo ƒe akpa gãtɔ ɖa. Ate ŋu axɔ ƒe etɔ̃ hafi lo si le tɔ gã me ƒe didime naɖo nenema.

Wonyia lã siawo le lonyiƒewo dzrana hã. Àte ŋu akpɔ afɔkpawo, alidziblakawo, akploviwo, kple nu bubu siwo wotsɔ lo ƒe ƒoyi bɔlɔbɔlɔ wɔ la le dukɔ geɖe me. Woɖoa ayi siwo ade 2,000 ɖa tso Mamba Kɔƒe yia dukɔ bubuwo abe Italia kple France ene ƒe sia ƒe ɖatrɔa asi le wo ŋu. Nukae dzɔna ɖe lã la ƒe akpa susɔea dzi? Le Kenya la, wotrɔa asi le lolã ŋu zãnɛ le modzakaɖetsaɖiƒewo wonyea dutanuɖuɖu si ado dzidzɔ na ame.

Tso October vaseɖe April me koŋue lowo ƒoa vi. Le tɔ gãwo to la, nɔeawo te ŋu ɖɔa azi tso 20 vaseɖe 80. Le ɣemaɣi la, nɔe siwo le lonyiƒe la ɖɔa azi 36 le aziɖɔƒe siwo le tsixaɖoƒe vovovoawo to. Emegbe wofɔa aziawo yina ɖe viƒomɔ̃wo me woƒona. Esia xɔa abe ɣleti etɔ̃ ene.

Mamba Kɔƒe nye teƒe nyuie aɖe si woakpɔ lã dzeani siawo le dedie. Ele kpegbãƒe aɖe si lolo agbleka 20 si ŋu wogbugbɔtrɔ asi le wòzu lonyiƒe, atiwo kpɔƒe, tɔmelãwo nyiƒe, kple modzakaɖeƒe. Lã siawo siwo tana la dometɔ 10,000 kple edzivɔe le afisia. Màte ŋu akpɔ wo katã ya o. Gake le teƒe eve siwo woɖɔa azi le la, àte ŋu akpɔ tsitsitɔ siwo wu alafa ɖeka le afima, eye lovi alafa geɖe siwo tsi ɖo ɖoƒe vovovowo le teƒe bubuwo.

Lowo wɔa nugbenugbe ŋutɔ le woƒe nuɖuɣi. Wo dometɔ aɖewo dzona tsoa tsia me gɔ̃ hã va tsɔa lã si wotsi ɖe yame le tsixaɖoƒea. Àte ŋu akpɔ lo xɔŋkɔ si wona ŋkɔe be Papa Gã si doa ŋɔdzi na amewo le Tana Tɔsisia dzi, eye wòwu ame atɔ̃ ya teti hafi wolée hekplɔe va wo nyiƒe. Ne èvɔ̃na be yeakpɔ lowo ŋkume kple ŋkume la, ke àte ŋu ava lé ŋku ɖe wo ŋu nyuie le video ɖeƒea.

Ŋkuléle ɖe lo ŋu nyuie wu ate ŋu ado dzidzɔ na wò alo ado vɔvɔ̃ na wò. Gake àse nusita Biblia gblɔ le lo ŋu le Hiob 41:26 la gɔme nyuie wu be: “Eya nye fia ɖe lã ɖaɖadzrawo katã dzi.”

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðusime: Mamba Kɔƒea

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðusime ɖaa: Lo aɖe si dzo le tsia me be yeatsɔ lã le nuɖuɣi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe