Kpɔ Nyuie le ‘Tɔsisia ƒe Ŋkuwo Ŋu’!
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE AUSTRALIA GBƆ
MƆKEKEÐULA si le ŋku lém ɖe nu yeyewo ŋu la nɔ eƒe akro kum blewu le East Alligator Tɔsisia ƒe alɔdze aɖe to le Kakadu Dukɔa ƒe Modzakaɖebɔ si le Australia ƒe Dziehenuto dzeani si tsi dzana le ŋutɔ la me. Kasia nusi wòbu be enye ati fefee si tsia kplɔ yina si ŋu afɔku aɖeke mele o la te eƒe akro ƒoƒo. Dzetsimelo dziŋɔ aɖee, eye modzakaɖetsaɖila la va ɖo enɔƒe le ƒea ƒe ɣeyiɣi si me afɔku le wu me.
Nyɔnua tsɔ dzitsitsi ku akloa yi ɖe atiho aɖe me. Esi wòkɔ afɔ ɖo atilɔ gbãtɔawo dzi la, loa do tso tɔa me hee va anyigba, eye wòtrɔe to eme zi etɔ̃. Ne loa be yealée nyuie ko la, nyɔnua dzea agbagba ŋusẽtɔe be yealia ayi tɔsisia to si ba le. Esi wògatee kpɔ zi etɔ̃lia la, ete ŋu lia yi tɔa to, eye wòte eɖokui yi adzɔge kilometa 2 hafi avedzikpɔla aɖe se eƒe mɔkpɔkpɔbuɖeameɣli si dom wòle be woaxɔ na ye. Togbɔ be nyɔnua xɔ abi vevie hã la, etsi agbe.
Afɔku sia si me ame tsi kloe la dzɔ le ƒe 1985 me. Ƒe eve megbe la, eme menyo na Amerika-modzakaɖetsaɖila aɖe ya o. Nyɔnua meɖo to eƒe zɔhɛwo ƒe nuxlɔ̃amewo o eye wòɖoe be yeaƒu tsi le Prince Regent Tɔsisi si le Ɣetoɖoƒe Australia si me lo bɔ ɖo la me. Dzetsimelo aɖe dze edzi hewui. Alesi wogblɔ be loviwo nɔ tɔa me la ɖee fia be anye lonɔ aɖe si nɔ viawo ŋu dzɔm ye.
‘Tɔsisia ƒe Ŋku’ Siwo Wua Ame
Nusi katã ɖɔkplɔla si le tɔsisi kple atsiaƒu ƒe godoƒe la kpɔna le dzinuɖiɖi mee nye nudzodzoe si le aʋala ƒom be yeadze ɖe tsi zɔzrɔ̃e dzi. Togbɔ be ele nenema hã la, ɖɔkplɔla si le Australia ƒe dzigbe gome ɖaa nɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi ɖe nusi mekpɔna o ŋu—eyae nye ‘tɔsisia ƒe ŋkuwo.’ Ne esi eƒe akaɖia la, akpɔ lo ƒe ŋku siwo biã hẽ si tso tsia te gbɔna dzaa. Eva ge ɖe blemalãlénu aɖe ƒe nɔƒe.
Dzetsimelo si le Australia, kple teƒe bubuwo, ye nye lo siwo lolo wu dometɔ ɖeka, eye eyae dzi ŋɔ wu le lo ƒomevi 12 siwo le xexeame la dome. Ate ŋu atsi eƒe didime naɖo meta 7. Eƒe nuléle si menya be ele afima o la mekpɔa eƒe ŋku siwo le sũ la kaba asi le alesi wòdaa eɖokui dzea nu dzi kple goglomiɖeɖe ƒe aɖaŋu si wòtsɔ wua nuwoe si tɔgbe mebɔ o la nu o. Wodzea lã gãwo abe to, nyi, kple sɔwo ene gɔ̃ hã dzi léa wo ne wole tsi nom le tɔa to.
Wo Tsɔtsɔ Wɔ Nu Dzeaniwoe na Woƒe Agbe Ðo Afɔku Me
Blemaglitoto si nye be lo faa ayevi nublanuitɔe ɖe nusi wòlé ta la gadzena le míaƒe ɣeyiɣia me le nyagbɔgblɔ si nye “lo ƒe aɖatsi” me. Gake amegbetɔ ʋee aɖewo koe fa konyi ɖe lo ta. Nusi wowɔna boŋue nye be wodaa ade wua lã tata sia si lɔ̃a tsi me nɔnɔ la nublanuimakpɔmakpɔtɔe ɖe eƒe ayi, alo lãgbalẽ ta.
Wotsɔ lo geɖe wɔ lãgbalẽnuwo ŋukeklẽtɔe wònye tsiadzinu siwo amewo dona le nudodoɖefiaƒewo, elabena ame aɖewo bua dzetsimelo ƒe ayi be enye lãgbalẽ nyuitɔ kekeake le xexeame—eyae le bɔlɔbɔlɔe henɔa anyi didi hã wu. Nyitsɔ laa wonɔ nyɔnuwo ƒe akplovi aɖe dzram $15,000 le London. Wogadea bubu logbalẽ ŋu le xexeame ƒe teƒe geɖe.
Viɖe gã didi na dzetsimelo siwo le Australia la ƒe agbe ɖo afɔku me. Tso ƒe 1945 vaseɖe 1971 me la, wowu lã tata siawo dometɔ siwo ade 113,000 le Dzigbenutome ɖeɖe dzaa. Woɖo asi lodedada dzi vaseɖe afi aɖe le ƒe 1970-awo me ale be woagava tsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ o, eye ena be kaka ƒe 1986 naɖo la, wogasɔ gbɔ fũ ɖe tɔsisiawo me. Eyata lo meganye lã si wole tsɔtsrɔ̃m le Australia o, togbɔ be ame aɖewo gblɔna be woƒe nɔƒe ɖo afɔku me hã.
Adedalawo Ta Kpɔkpɔ
Ƒe alafa geɖe enye sia la, Australiatɔ Dzɔleaƒeawo kpɔ lowo ta le nyanya alo manyamanya me. Togbɔ be to aɖe me tɔwo nye lodedala bibiwo hã la, to bubu me tɔwo de se be woagada ade wo o ɖe mawusubɔsubɔ ƒe susu aɖewo ta.
Le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me la, lonyinyi kple gbetete ɖe eŋuti nufiamewo dzi na wole lowo ta kpɔm. Modzakaɖetsaɖilawo nyẽa zi yia lonyiƒewo fifia, si na woƒe ganya kpɔ dzidzedze, eye loviwo ƒoƒo ƒe ɖoɖowo na wote ŋu kpɔa logbalẽ kple eƒe lã esi womewɔa vɔ̃ esiwo le tɔsisiwo me o.
Australiatɔ lonyila nyanyɛ aɖe xɔe se be amewo kpɔa nusiwo wolɔ̃na hesea nu gɔme na ɖeɖeko ta, eye wonaa nɔƒe wo hekpɔa vovo ɖe wo ŋu. Egblɔ be: “Eyata womewɔa nu boo aɖeke be lowo nakpɔ dzidzedze o. Gake woƒe anyinɔnɔ ƒe vevienyenye sɔ kple nu dzeaniwo dometɔ ɖesiaɖe.”
Lonyiƒe yiyi doa dzidzɔ na ame ne wole lã tata siwo ƒe lãgbalẽ le abe tsiteƒe ƒe amadede ene la kpɔm tso kpuiƒe—gake gakpɔtɔtɔa megbee woanɔ akpɔe le dedienɔnɔ ta. Enyilawo mevɔ̃na o eye wogena ɖe kpɔa me yia loawo gbɔ heyɔa wo be woava wɔ nu amewo nakpɔ eye wonaa koklolã mumũ kple lã bubuwo wo. Gake nyitsɔ laa la, enyila aɖe to nɔnɔme sesẽ aɖe me kpɔe be mele be woafe le lo ŋu o. Lã la lũ ɖe edzi le vome eye wòɖe eƒe miãbɔ le enu keŋkeŋ!
Gake lo si xɔ ɣleti 12 lelé ɖe asi nye nuteƒekpɔkpɔ vivi aɖe eye edoa dzidzɔ na ame ale gbegbe. Eƒe ƒoyi le bɔlɔbɔlɔe, eye ƒu gbadzɛgbadzɛ siwo woyɔna be osteoderms le eƒe dzime wònye eƒe aʋawɔnu le tsi me. Fifia míese nusita woƒe agbalẽ xɔa asi nenema gbegbe la gɔme. Gake kpɔ nyuie le “ɖevi” sia ŋu. Ŋusẽ le lo si xɔ ɣleti 12 si wobla eƒe glã kpe sesiẽ gɔ̃ hã ŋu ɖe eƒe lolome nu.
Lovi siwo medo le azitsro me haɖe o na dzi dzɔa nukpɔlawo ne wole xɔxlɔ̃m le woƒe azitsrowo me eye wotsɔa aɖu aɖe si le woƒe ŋɔti sue la nu si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko la ŋɔnɛ hedona kpoyi. Ame akpa gãtɔ lɔ̃na ɖe edzi be ɖewohĩ ɣeyiɣi sia me koe lo nya kpɔna nyuie!
Womegaxɔa Blemaglitoto Aɖewo Dzi Sena O
Ŋkuléle ɖe lã tata dziŋɔ siawo ƒe nuwɔna ŋu esime wole tsitsim le afisi wonyia wo le le lonyiƒewo na womegaxɔa glitoto siwo dzi woxɔ se ɣeyiɣi didi aɖe la dzi sena azɔ o. Ƒe geɖe enye sia la, wobui be lo tsɔa ŋkeke, alo kwasiɖawo gɔ̃ hã, dea xa ɖe nusi wòdi be yealé la ŋu dzigbɔɖitɔe hafi lũna ɖe edzi vome. Gake ŋkuléle ɖe lo ŋu nyitsɔ laa ɖee fia be wowɔa adã ŋutɔ le wo nɔƒe le tsidzaɣi si nye woƒe asiyɔɣi. Ne nane ge ɖe lonɔƒe le ɣeyiɣi sia me la, akplɔe ɖo adãtɔe, esime le ƒea ƒe ɣeyiɣi bubu me la, ɖeko loa anɔ adzɔge ɖaa anɔ lã ma ke kpɔm ɖo ɖa ɖekematsɔlemetɔe.
Ne wokpɔ lowo le afisi amewo fena le egbea la, lodedala bibiwo va ɖea wo yina teƒe bubui. Mɔ siwo dzi wotona léa wo ƒe akpa aɖee nye be woabla eƒe glã etetɔ, wokɔnɛ dzi, heblaa dzigbeglã kple etetɔ kpena kaba. Esia naa ŋusẽ aɖeke meganɔa loa ƒe glã ŋu o, elabena togbɔ be ŋusẽ le lãmeka siwo wotsɔ miãa nu ŋu ŋutɔ hã la, ŋusẽ meganɔa esiwo wòtsɔ ʋunɛ ŋu o. Gake ne adedala la mekpɔ nyuie o la, loa ate ŋu atsɔ eƒe asike sẽŋua aƒoe ƒu anyigba.
Menye Ɣesiaɣie Woseã Ŋuta Hewɔa Adã O
Glã mawo siwo ate ŋu ade abi ame ŋu vevie la ke ate ŋu alé nu beléletɔe. Ne lo siwo medo le azitsro me hãɖe o mete ŋu le azitsroa gbãm o la, lonɔa nɔa eƒe azia mlim vivivi, si na viƒoƒoa yia edzi.
Wotrɔ asi le lo ƒe aɖuwo ŋu be wòalé nu wu be wòalã nu. Ne nulélea le sue alesi sɔ la, emia ye katã zi ɖeka. Ne mewɔe nenema o la, ke evuvunɛ nɔa emim vivivi. Esi wodo lã tataawo ƒe kukuawo kpɔ la, wokpɔ kpewo le woƒe dɔme. Woɖaɖoe koŋ ɖu kpe siawo alo womeɖoe o, woxɔe se be wonyea nu kpekpe si na wote ŋu ƒua tsi yia ŋgɔ tẽ.
Zi geɖe la, tsaɖilawo kpɔa lo siwo ke nu gã mawo ɖi baa le tɔwo to. Ðewohĩ ame akpa gãtɔ abu be ne ewɔ nenema la, efia be edo adã. Gake nume si wòke ɖi na wòte ŋu trɔa dzoxɔxɔ si le eme ɖe xexe tɔ ŋu. Lowo trɔa woƒe ŋutilã ƒe dzoxɔxɔ ɣesiaɣi abe lã tata bubuwo katã ene.
Nusi wɔ nuku ŋutɔe nye be, togbɔ be lã tatae lo nye hã la, eƒe dzi mã ɖe akpa ene me abe lã siwo naa no wo viwo ke ene. Gake ne lo le tsi ƒum la, tɔtrɔ aɖe vana, eye dzia wɔa dɔ abe esi mã ɖe akpa etɔ̃ me ene.
Dzetsimelo ƒe ŋɔti si didi hele biie wu kple eƒe aɖu siwo le eƒe glã etetɔ me si dzena ne emiã nu lae wòtsɔ to vovo na bamelo. Woate ŋu akpɔ lo ŋutɔŋutɔwo le Afrika, afisi lo kpuiwo le, le India, va to Asia yi Papua New Guinea. Wole anyigbegome ɖaa le keke Australia ke eye wolɔ̃a ƒutati luxewo me kple anyigba xɔdzowo dzi ƒe tsiteƒewo nɔnɔ, elabena tsia to tututue wowɔa woƒe atɔwo ɖo. Alesi dzɔdzɔme mede esia dzi o yenye be zi geɖe la, tɔɖɔɖɔwo kplɔa lowo ƒe azi geɖe dzonae. Lã lénuwo abe lo tsitsiwo, tɔmelã aɖewo, kple tɔdzixe ene wɔe be loviwo ƒe akpa 50 le alafa me koe tsia agbe toa woƒe ƒe gbãtɔ me.
Nukutɔe la, nuɖuɖudzraɖoƒe nɔa lowo ŋu le wo dziɣi. Azigolo aɖe nɔa woƒe ŋutilã me le woƒe agbenɔnɔ kwasiɖa ʋee gbãtɔawo me si woɖuna. Gake ne wo dada va tsɔ wo ɖe nu blewu yina ɖe tsia to la, wodzea egɔme nɔa woƒe aɖuwo zãm, hekpea aɖu ɖe nusianu si tsɔ wo gbɔ ŋu.
Nukata nyagbɔgblɔ si nye ‘tɔsisia ƒe ŋkuwo’ sɔ nenema gbegbe? Elabena ne wodo le azitsro me yeyee gɔ̃ hã la, woƒe ŋku suesueawo klẽna hẽ ne wosi akaɖi ɖe wo dzi le zãme. Nu dadzo aɖe si le ŋkuvia megbe na wokpɔa nu nyuie le zãme eye ena wòbiãna hẽ.
Ẽ, lã tata wɔdɔɖeamedzi aɖee lo nye—gake ele be míanɔ adzɔge nɛ ɣesiaɣi. Eye abe alesi ɖɔkplɔla ɖesiaɖe nya nyuie ene la, agbagba siwo wodzena be woamlã lo la zua dzodzro.
Hiob ƒe hakpanya yɔ lo be “Leviathan” wòsɔ: “Ðe nate ŋu atsɔ ƒu [aɖe Leviathan, NW] loo, eye natsɔ ka amimi eƒe aɖe ɖe anyia? Ðe nate ŋu aƒo keti ɖe ŋɔti me nɛ, eye natsɔ ƒu aŋɔ alɔxatsa nɛa? Ðe wòaƒo koko na wò ʋuu, eye wòaƒo nu kpli wò kple gbe bɔlɔea? Ðe wòabla nu kpli wò, eye natsɔe awɔ dɔlae tegbeea? Ðe nafe le eŋu abe xevi ene, eye nade kae na wò nyɔnuviwoa? Ðe ɖɔkplɔlawo doa asi ɖe eŋu, eye womãnɛ ɖe asitsalawo domea? Àte ŋu aŋɔ eƒe ayi kple akplɔ, eye naƒo ʋã ɖe eƒe ta? Ka asi eŋu kpɔ, eye nanyae be, avu wòanye! Màgawɔe evevea o.”—Hiob 40:25-32.
Nuxlɔ̃amenya siwo me nunya le la le nya ƒom ɖe ŋudzɔmanɔla kple ŋkukeɖenumela nu be: Kpɔ nyuie le ‘tɔsisia ƒe ŋkuwo’—lo dziŋɔ si ŋu ŋusẽ le la ŋu!
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 14]
Le Australian International Public Relations ƒe mɔɖeɖe nu
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Ne wosi akaɖi ɖe tsia dzi le zãme la, lo ƒe ‘tɔsisia ƒe ŋkuwo’ biãna hẽ
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Le Koorana Crocodile Farm, Rockhampton, Queensland, Australia, ƒe mɔɖeɖe nu
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
Miame: lovi do le azitsro me kpoyi
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Le Koorana Crocodile Farm, Rockhampton, Queensland, Australia, ƒe mɔɖeɖe nu
Emetɔ: Lo tsitsi aɖe le ŋdɔ ƒum le Mary Tɔsisia to si wɔ ba
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Le Australian International Public Relations ƒe mɔɖeɖe nu