INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 4/8 axa 15-18
  • Aɖaŋunuwɔnae Dzeɖoɖo Nye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aɖaŋunuwɔnae Dzeɖoɖo Nye
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ehiã be Míaƒo Nu!
  • Dzeɖoɖonutsinuwo
  • ‘Nya Kae Magblɔ?’
  • Nye Toɖola Nyui
  • Ðetsɔleme Vavã Wɔa Dɔ
  • Veveseɖeamenu—Enye Dzeɖoɖo ƒe Gɔmeɖoanyi
  • Àte Ŋu Awɔe!
  • Alesi Nàwɔ Agabi Ðe Edzi le Dzeɖoɖo Me
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Ɣekaɣie Wòle Be Nàtso Dzeɖoɖoa Dzi?
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Do Nya Aɖe Ða Be Nàɖi Vomeɖase
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Aleke Mawɔ Ado Vivi Ðe Ame Ŋu Wu?
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 4/8 axa 15-18

Aɖaŋunuwɔnae Dzeɖoɖo Nye

NUÐUÐU, alɔ̃dɔdɔ, dɔwɔwɔ, nusiawo nye amegbetɔ ƒe nuhiahiã veviwo. Ke hã la, nuhiahiã bubu aɖe hã li si gbɔ kpɔkpɔ hiã vevie. Eyae nye ka?

De ŋugble le nya si ŋutsu aɖe si nɔ saɖagagaxɔ me ƒe atɔ̃, amesi wote agbe me nu vevitɔwo dometɔ ɖekae gblɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Edzrom vevie be made ha, aƒo nu kple ame aɖe, ahaɖo dze kplii. Meva kpɔe be ele be mawɔ nane atsɔ atsi akogotsitsia nu. Ne nye ɖeka meɖe aga hezi ɖoɖoe alea la, agblẽ nu le nye susu ŋu.”

Ẽ, didi le mía me be míabɔ ha. Dzeɖoɖo kpena ɖe mía ŋu míekpɔa nuhiahiã ma gbɔ. Numekula siwo nye Dennis R. Smith kple L. Keith Williamson gblɔ be: “Ehiã be amesiwo míagblɔ míaƒe dzimenya na faa, amesiwo míate ŋu agblɔ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nyuitɔwo kple vɔvɔ̃ ɖefunamewo na, amesiwo míaɖo dze na la, nanɔ mía si.”

Ehiã be Míaƒo Nu!

Wotsɔ nuƒoƒo ƒe nunana wɔnuku na amegbetɔwo. Ẽ, wowɔ mí be míaɖo dze kple mía nɔewo. Ŋutsu aɖe gblɔ nya sia be: “Ðe Mawu wɔ mí be míabɔ ha kple amewo. Ne màte ŋu aƒo nu o alo ame aɖe xɔ nuƒoƒo ƒe ŋutete le asiwò la, esɔ kple tohehe. Ne èɖo dze la, nu vevi aɖe dzɔna. Wò dzi adze eme eye nusi ŋu ame bubuwo buna kple alesi wosena le wo ɖokui me nyanya aɖe vi na wò.”

Subɔla mɔzɔla aɖe srɔ̃ si ŋkɔe nye Elaine gblɔ be: “Nuƒoƒo mee woɖea seselelãme gblɔna le. Míate ŋu atsɔe ko be mía srɔ̃ nya alesi gbegbe wòle vevie na míi o. Ele be míagblɔe nɛ; ele be míagblɔe wòase kple to. Ele be míaɖo dze.”

Kristotɔ hamemegã aɖe ƒe vi si ŋkɔe nye David ɖe eƒe susu gblɔ ale: “Dzi ɖena le ƒonye ɣeaɖewoɣi eye nyemenyaa alesi tututu mesena le ɖokuinye me o. Nu gbãtɔ si vaa susu me nam enye be mazi ɖoɖoe, enumake nye dzi ʋua dzo. Mekpɔe be ne meɖo dze kple ame aɖe la, ele abe lũdoe si me dzoa nato ado ene. Ne meɖo dze kple amewo la, mɔnukpɔkpɔ sua asinye mete ŋu nyana alesi tututu mebua ɖokuinyee eye mete ŋu nɔa te ɖe enu hekpɔa egbɔ.”

Dzeɖoɖonutsinuwo

Dzeɖoɖo kpɔa nuhiahiã aɖe gbɔ nyateƒe. Gake nanewo li siwo xea mɔ na dzeɖoɖo. Le nyateƒe me la, dzeɖoɖo nyea avu kple kɔ le ame aɖewo gome—nusi wòle be woatsri.

Gary gblɔ be: “Vɔvɔ̃ ta mete ŋu sina le dzeɖoɖo kple ame bubuwo nu bɔbɔe zi geɖe le agbe me.” Eɖe eme be: “Kakaɖedzimanɔa­mesi koŋ gbɔe wòtso. Megavɔ̃na kokoko be ne mele dze ɖom kple amewo la nye nya mevivina o alo be nya si magblɔ ana woaɖi gbɔm.”

Elaine gblɔ be yeƒe kuxie nye ŋukpe. Eɖe eme be: “Ƒome si me míeɖoa dze gbagbe aɖeke le o mee wonyim le. Fofonye ƒe nya dzi sẽ ŋutɔ. Eyata esi menɔ tsitsim la, mesusui be nya nyui aɖeke mele asinye magblɔ o.” Ẽ, ŋukpekpe ate ŋu anye mɔxenu gã si ana màse vivi na dzeɖoɖo o. Ate ŋu ana nàzi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ!

Kristotɔ hamemegã, John, si lɔ̃ ɖe edzi be yemebua ye ɖokui ɖe ɖeke me o la gblɔ be: “Ele abe dɔvɔ̃ ene. Ne èkpea ŋu la, àɖe ɖokuiwò ɖe aga. Ne ame alafa ɖekae le xɔ me hã la, màƒo nu o. Eye agblẽ nu geɖe le ŋuwò!”

Gake hamemegã si ŋkɔe nye Daniel ya gblɔ be: “Nuƒoƒo menye dɔ nam kura o. Gake kaka makpɔ la, metso nya le ame nu hexɔ dzeɖoɖoa wɔ tɔnyee. Ne mekpɔe be srɔ̃nye yɔ mo hafi menyana eye megblɔna na ɖokuinye be, ‘Ao, egadzɔ ake.’ Menya be dzeɖoɖo mamlea magavivi enu o.”

Aleke woawɔ aɖu nusiawo kple dzeɖoɖonutsinu bubuwo dzi? Nɔnɔme kawoe le vevie le aɖaŋunuwɔna sia me? Aleke woate ŋu awɔ wo ŋudɔe?

‘Nya Kae Magblɔ?’

‘Nuka ŋue mate ŋu aƒo nu le?’ ‘Nyemenya naneke o.’ ‘Ame aɖeke medi nye nyawo be yease o.’ Togbɔ be àsusu nusiawo hã la, ɖewohĩ womenye nyateƒe o. Ènya nu geɖe wu alesi nèbui, eye ɖewohĩ nya mawo ƒe ɖewo sese avivi ame bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ èzɔ mɔ de teƒe aɖe eteƒe medidi o. Amewo adi be yewoanya alesi afima to vovo na yewo gbɔe.

Hekpe ɖe eŋu la, àte ŋu axlẽ agbalẽ atsɔ dzi wò sidzedze ɖe edzi le nyati vovovowo ŋu, eye ele be nàwɔe hã. Anyo be nàdi ɣeyiɣi atsɔ axlẽ nui gbesiagbe. Biblia me nyawo kple nusiwo me ame geɖe tsɔ ɖe le ŋu nyawo le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me fũ. Nu alesinu nènya la, nenema nue nàgblɔe ɖo. Eƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee nye gbesiagbe mawunyakpukpui si le Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro Gbesiagbe ƒe agbalẽvi si Yehowa Ðasefowo zãna me. Àkpɔ nu bubu kura siwo ŋu nàbu tame le ahaɖo dze tsoe le eme gbesiagbe.

Dzeɖoɖo mefia be wò ɖeka nànɔ nua ƒom o. Ele be akpa evea naɖe woƒe susuwo agblɔ. Na mɔ ame kemea hã wòaƒo nu. Ne ezi kpi la, àte ŋu abia nyawoe aɖaŋutɔe atsɔ ade dzi ƒo nɛ be wòaƒo nu. Tsɔe be ame tsitsi aɖee nèle dze ɖom kpli. Àte ŋu abiae nusiwo dzɔ va yi kple alesi xexeame alo ƒomegbenɔnɔ gblẽe tso eƒe ɖevime. Eƒe nyawo sese avivi nuwò eye àsrɔ̃ nu tso eme.

Nye Toɖola Nyui

Toɖoɖo nyuie nye nu vevi aɖe le dzeɖoɖo me. Alesi míeɖoa to sea ame bubuwo ƒe nyawoe ate ŋu akpe ɖe amesiwo dina be woatsɔ yewoƒe agbawo kpe yewo la ŋu. Ŋutsu aɖe si bu eɖokui be yenye ‘ame ɖuɖɔe’ la lé blanui eye wòƒo ka na exɔlɔ̃ aɖe be wòakpe ɖe ye ŋu. Togbɔ be ɣeyiɣia mesɔ na exɔlɔ̃a o hã la, eɖo toe dɔmenyotɔe—gaƒoƒo eve sɔŋ! Fifia ŋutsua bua dzeɖoɖo ɖeka ma be enye tɔtrɔɣi gã aɖe le yeƒe agbe me. Nukae na wòdze edzi? Exɔlɔ̃ si ɖo toe la gblɔ be: “Esi meɖo toe nyuie tae. Nyemeɖo ŋku edzi be megblɔ nya aɖe si me nunya le nɛ o. Nya si sɔ ko mebiae be, ‘Nukae na nèsena le ɖokuiwò me nenema?’ ‘Nukata nu ma le fu ɖem na wò?’ ‘Nukae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò?’ Eɖo nye biabiawo ŋu tsɔ ɖo etɔwo katã ŋui!”

Ðeviwo melɔ̃a nu le dzila siwo dia ɣeyiɣi ɖoa dze kpli wo gbɔ o. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Scott gblɔ be: “Enyo ŋutɔ ne dziwòlawo va gbɔwò eye wodi be yewoanya wò susu. Fofonye le ewɔm ŋkeke siawo me, eye ekpena ɖe ŋunye elabena nanewo li siwo gbɔ màte ŋu akpɔ le ɖokuiwò si o.”

Ŋutsu aɖe doe ɖa be: “Ele be nàna nɔnɔme si me viwòwo ate ŋu aɖo dze na wò le nanɔ anyi.” Enɔa anyi kple via eneawo dometɔ ɖesiaɖe edziedzi elabena ekpɔe be dzilawo ƒe toɖoɖo wo viwo lɔlɔ̃tɔe le vevie, eya ko hafi sɔhɛwo ate ŋu atu nɔnɔme ɖɔʋuwo ɖo. Aɖaŋu kae wòɖo? Ne mɔnukpɔkpɔwo ʋu ɖi eye viwò di be yeagblɔ nya aɖe na wò la, ɖo toe. Egblɔ be: “Aleke ke ɖeɖi te ŋuwò alo nu ti kɔ na wòe o, mègatsi nya ɖe wo nu gbeɖe o! Ƒu to anyi.”

Ðetsɔleme Vavã Wɔa Dɔ

Ame geɖe hiã kpekpeɖeŋu le seselelãme gome bene woate ŋu aɖo dze aɖe woƒe susuwo agblɔ. Ðekakpui aɖe fa konyi be: ‘Medi be maɖo dze, gake amekae maɖoe na? Nu menya ƒona nam o. Medi amesi atsɔ ɖe le eme nam!’ Ðetsɔleme vavã si tso dzi me ate ŋu ana kakaɖedzi blibo ame si ana wòanɔ bɔbɔe be wòake nu agblɔ eƒe dzimenyawo faa.

Ŋutsu aɖe gblɔ be: “Ƒe aɖewoe nye sia esi ƒomenya aɖewo gbɔ kpɔkpɔ nɔ sesẽm nam la, medze agbagba be magblɔe na xɔ̃nye aɖe. Nya si wòkpɔ gblɔ koe nye be, ‘Sẽ ŋkume nàkpe akɔ kplii ko eye nusianu anyo.’ Míelé nya aɖeke kpɔ o, míeɖo dze hã o, eye meɖe vi o. Le nyateƒe me la, nɔnɔme xoxoa me koe wògakplɔm dee. Ke emegbe meɖo dze kple Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla aɖe. Alesi wòɖo mo, kpakple dɔmenyo si wòɖe fia, na mekpɔe be eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu. Esia wɔe be mete ŋu ɖe nye dzimenyawo gblɔ elabena etsɔ ɖe le eme nam vevie. Egblɔ be: ‘Míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ akpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme si me nèle me.’ Xɔ amewo ƒe nyawo na wo nyuie alea!”

Ðe mía dometɔ geɖe míate ŋu aʋu míaƒe dzi me ahe ame bubuwo de dzeɖoɖo nyuiwo mea? Ne míekpɔ be ame aɖe mia nu le ha me, ŋukpekpe na mete ŋu le dze ɖom o la, ɖe míedzea agbagba hea ame ma dea dzeɖoɖo mea? John si míeyɔ va yi gblɔ be: “Menya alesi wòle sesem le eɖokui me elabena mesea veve ɖe enu, eye mexaa nu ɖe eti!” Egagblɔ be: “Aleke gbegbe wòhele vevie enye si be míate ɖe eŋu ahe eya hã de eme. Míate ŋu ado gbe ɖa dzaa tso eŋuti gɔ̃ hã.”

Dan gblɔ le exɔlɔ̃ aɖe ŋu be: “Kakaɖedzi mele Roy si be yeate ŋu aɖo dze o ale gbegbe be ne amewo ƒo ƒu le dze ɖom la, etena ɖe ­megbe vie le wo ŋu ɣesiaɣi. Eyata mebiaa nya aɖee, ‘Abe, Roy, nya kae nègblɔ le nya si kple ekeme ene ŋu?’ Azɔ edzea nuƒoƒo gɔme. Esia na ame bubuwo kpɔ eƒe amenyenye aɖe si womenya tsã o.” Dan de dzi ƒo be: “Mègana ta ne dzeɖoɖo kple ame aɖe sesẽ eye melɔ̃na ƒoa nu o. Tsɔe ko be nya nyui aɖe le esi wòdi be yeagblɔ. Nɔ nyawo dom ɖe egbɔ ko, nɔ edzi.”

Ne ètu ɖetsɔleme vavã si me lɔlɔ̃ le ɖo ɖe ame bubuwo me la, aɖe vi na wò—ne wò kuxie nye ŋukpe gɔ̃ hã. John kpɔe be esia kpe ɖe ye ŋu yedzudzɔ ye ɖokui ɖeɖe ɖe aga. Egblɔ be: “Lɔlɔ̃ la media ye ŋutɔ tɔ o.” (Korintotɔwo I, 13:⁠5) “Be nàwɔ nusi me lɔlɔ̃ le la, ele be nàƒo nu na ame bubuwo ahabia wo ta se. Ne èna wò ŋutetemanɔameŋu ɖu dziwò la, meɖea vi aɖeke o. Àte ŋu aɖu wò seselelãmewo dzi le gbedodoɖa me.” Egagblɔ be: “Teƒeɖoɖo geɖe le ewɔwɔ me. Ne èkpɔ alesi ame bubuwo wɔ nui eye nèkpɔ alesi wòtu wo ɖoe la, atu wò hã ɖo. Eye ele be ema nade dzi ƒo na wò nàyi ewɔwɔ dzi ɖaa.”

Veveseɖeamenu—Enye Dzeɖoɖo ƒe Gɔmeɖoanyi

Amegbetɔ ƒe nɔnɔme vevitɔwo ɖekae nye veveseɖeamenu. Nuka koŋue nye veveseɖeamenu? Ðk. Bernard Guerney si tso Pennsylvania Dziɖuɖu Yunivɛsiti gblɔ be veveseɖeamenu nye ‘ame bubu ƒe seselelãme kple eƒe nukpɔsusu gɔmesese nyuie—èlɔ̃ ɖe edzi alo mèlɔ̃ ɖe edzi o.’ Aleke gbegbee veveseɖeamenu le vevie le dzeɖoɖo me? “Emae nye gɔmeɖoanyia! Emae nye gɔmeɖokpe si dzi wotua nu bubu ɖesiaɖe ɖo.”

Ðk. Guerney ɖe eme be dzeɖoɖo ye léa ƒomedodo nyui ɖesiaɖe ɖe te. Nyateƒee, nukpɔsusuwo toa vovo godoo zi geɖe. Be míakpɔ wo gbɔ atsɔ alé ƒomedodoa ɖe tee la, ele be míaƒo nu tso kuxia ŋu faa. Ame geɖe melɔ̃na wɔa ema o elabena womenya alesi woagblɔe eye mave ame kemea alo aku dzi nɛ o. Ðk. Guerney gblɔ be “ame akpa gãtɔ menya vovototo si le ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubudede ame bubu ƒe ɖoƒe ŋu kpakple lɔlɔ̃ ɖe ɖoƒe ma dzi dome o. Eyata ne womelɔ̃ ɖe edzi o ko la, womeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubu fiana o. Veveseɖeamenu ana nàkpɔ vovototo si le nyadzilɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ dome.”

Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖo ame bubu teƒe le susu me la, wò seselelãme kple tamebubu asɔ kple etɔ. Ne mèlɔ̃ ɖe eƒe nya dzi o hã la, àkpɔe be yeƒe nugɔmesese, ŋudzedzekpɔkpɔ, kple bubu adzi ɖe edzi le nɔnɔme siawo me.

Bu Janet si si vi ene le ŋu kpɔ. Ɣeaɖeɣi dzi ɖe le eƒo eye wòse le eɖokui me be yemeɖi naneke o. Ekpɔ alesi gbegbe veveseɖeamenu le vevie le kpekpe ɖe ame bubu ŋu me dze sii azɔ. Egblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be srɔ̃nye ɖo dze kplim eye wògblɔ mɔ vovovo siwo dzi menaa kpekpeɖeŋui le, evɔ nye ya mebu be nyemenɔ naneke fĩ wɔm o. Ese nye nyawo lɔlɔ̃tɔe esi menɔ egblɔm kple avi gɔ̃ hã eye wòde dzi ƒo nam. Gake ne ɖe mebu nye nukpɔsusu ɖe ɖeke me o, alo wògblɔ be ‘tsiã, movinyae nye ma,’ alo wògblɔ nya ma tɔgbe la, anye ne mazi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ ahatso adzo kpoo. Gake míeɖo dze nyui legbee aɖe fiẽ ma.”

Ðk. Guerney ƒo nya ta be, ‘Veveseɖeamenu fia be ètsɔa ɖe le eme. Esia na dzeɖoɖo yia edzi nyuie, si nye nu ɖɔliɖɔli kple ame nɔewo si ame akpa gãtɔ di eye wohiã vevie.’

Àte Ŋu Awɔe!

Àte ŋu anye dzeɖola adodoe. Míedzro nu vevi aɖewo siwo ana nàbi ɖe dzeɖoɖo me la me, gake geɖe gali. Ðewoe nye xɔlɔ̃wɔwɔ, nukomoɖoɖo, kple nuŋububu nyuie. Gake abe nutala si tsɔ hehexɔxɔ kple numetoto geɖe lé eƒe nuŋlɔti ta nu dzeani aɖe ɖe avɔnu ɖeɖi dzi ene la, ele be míadze agbagba atu nɔnɔme siawo siwo hiã la ɖo.

Le kpɔɖeŋu me, Daniel va zu dzeɖola nyui aɖe. Nukae wòwɔ? Esrɔ̃e be yeaɖu nyatsotso le ame nu kple dzeɖoɖo xɔxɔ wɔ ye tɔe ƒe didi si le ye me dzi. Egblɔ be: “Ehiã be madze agbagba vevie be magaxɔ dzeɖoɖoa wɔ tɔnyee o. Le gonyeme la, ema fia be malé nye aɖe. Ne mekpɔe be medi be matsɔ nya ʋee aɖewo akpee la, mexea mɔ nɛ le susu me! Ne mekpɔe be nye nyagbɔgblɔ aɖe atrɔ dzeɖoɖoa alo atso nya le ame aɖe nu la, memiaa nu ɖe edzi kpoo!”

Nukae kpe ɖe Elaine ŋu? Esi Biblia me sidzedze vavãtɔ su esi vɔ la, ekpɔe be nu nyui xɔasi aɖe li si ŋu wòle be yeaƒo nu tsoe. Egblɔ be: “Mekpɔe dze sii be ne meɖe susu le ɖokuinye dzi eye meƒo nu tso gbɔgbɔmenuwo ŋu na ame bubuwo la, enɔa bɔbɔe nam be maɖo dze nyuie. Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo míexɔna edziedzi xexlẽ hã nye kpekpeɖeŋunu. Ne mexlẽ ɖesiaɖe si va la, nya yeye si ŋu mate ŋu aɖo dze le bɔbɔe wu nɔa asinye magblɔ na amewo.”

Dze agbagba nàtu nɔnɔme vevi siawo ɖo le wò dzeɖoɖo me. Ekema wò hã àte ŋu ahe gbɔɖeme kple dzidzɔ vɛ na ame bubuwo eye wò dzi hã adze eme be yebi ɖe aɖaŋunuwɔna si kpɔa amegbetɔ ƒe nuhiahiã aɖe gbɔ ŋutɔŋutɔ la me nyuie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe