INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 12/8 axa 21-23
  • Aleke Mawɔ Ado Vivi Ðe Ame Ŋu Wu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Ado Vivi Ðe Ame Ŋu Wu?
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mègada Ðokuiwò Ðe Anyi O
  • Tsɔ Ðe Le Amewo Me
  • Lɔlɔ̃ Neʋã Wò
  • Nukata Nyemete Ŋu Doa Vivi Ðe Ame Ŋu Boo O?
    Nyɔ!—1999
  • Ŋu Kpeam—Nu Kae Mate Ŋu Awɔ Tso Eŋu?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Aɖaŋunuwɔnae Dzeɖoɖo Nye
    Nyɔ!—1995
  • Alesi Nàwɔ Agabi Ðe Edzi le Dzeɖoɖo Me
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 12/8 axa 21-23

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Ado Vivi Ðe Ame Ŋu Wu?

“Nu menya ƒona nam kura o. Ewɔna nam be ne megblɔ nya aɖe la, ana amewo nahe ɖa le ŋunye. Danye kpea ŋu ŋutɔ, eye ewɔ nam be eyatae nye hã mele nenema ɖo.”​—Artie.

ÐE WÒWƆNA na wò ɣeaɖewoɣi be anyo ŋutɔ ne ɖe yemekpea ŋu boo o​—eye yete ŋu wɔa nu xɔlɔ̃tɔe hedoa vivi ɖe ame ŋu wua? Abe alesi míaƒe nyati sia ƒe tata si do ŋgɔ gblɔe ene la, ŋukpe nye nɔnɔme aɖe si bɔ.a Eyata menye nanekee gblẽ le ŋuwò ne ènye ame fafa, nèɖoa mo vevi, alo nu menya ƒona na wò o. Gake ne èkpea ŋu akpa la, ate ŋu anye kuxi blibo. Ne mede ɖeke o hã la, awɔe be màte ŋu adze xɔlɔ̃ ase vivi nɛ o. Eye ate ŋu ana hã be màvo le ɖokuiwò me alo awɔ nu wòasɔ le hadome o.

Ame tsitsiwo gɔ̃ hã kpea ŋu zi geɖe. Barry nye hamemegã le Kristo-hamea me.b Gake ezia ɖoɖoe le hadome. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Mebui be nyemate ŋu agblɔ nya aɖeke si me susu anɔ o.” Kuxi ma ke nɔ srɔ̃a, Diane, hã ŋu. Aleke wòkpɔa egbɔe? Egblɔ be: “Melɔ̃a amesiwo te ŋu doa vivi ɖe ame ŋu la dome nɔnɔ kple susu be woaƒo nu ɖe nunye.” Mɔ siwo nu wò ŋutɔ nàto ado vivi ɖe ame ŋu wu dometɔ aɖewo ɖe?

Mègada Ðokuiwò Ðe Anyi O

Gbã la, ahiã be nàgbugbɔ alé ŋku ɖe alesi nèbua ɖokuiwòe ŋu. Ðe nèlɔ̃a ɖokuiwò dada ɖe anyi ɣesiaɣi, hebuna be amewo makpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu o alo be nya si yeagblɔ manɔ ɖeke me oa? Ðeko ɖokuiwò dadaɖeanyi madzemadzee ana be màte ŋu ado vivi ɖe ame ŋu o. Ne èbu eŋu kpɔ la, ɖe Yesu gblɔ be: “Nalɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene”​—ke menye ɖe ɖokuiwò teƒe o! (Mateo 19:​19) Eyata enyo eye wòsɔ be nàlɔ̃ ɖokuiwò vaseɖe afi aɖe. Ate ŋu ana dzideƒo si nèhiã la wò be nàte ɖe amewo ŋu.

Ne èsena le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o la, agbalẽ si nye Questions Young People Ask​—Answers That Workc ƒe ta 12 lia si ƒe tanyae nye “Why Don’t I Like Myself?,” (Nukata Nyemelɔ̃a Ðokuinye O) xexlẽ akpe ɖe ŋuwò. Nyatakakaawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be nɔnɔme nyuiwo kple ŋutete geɖe le ye si. Azɔ hã nyateƒe si wònye be nènye Kristotɔ ɖee fia be Mawu kpɔ nɔnɔme nyui aɖe le mewò! Ne èbu eŋu kpɔ la, Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.”​—Yohanes 6:⁠44.

Tsɔ Ðe Le Amewo Me

Lododowo 18:⁠1 xlɔ̃ nu be: ‘Amesi ɖe eɖokui ɖe aga la tia eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome.’ Nyateƒee, ne èɖe ɖokuiwò ɖe aga la, anɔ eme godoo be àva nɔ ɖokuiwò ŋu bum akpa. Filipitɔwo 2:⁠4 de dzi ƒo na mí be ‘míagakpɔ nusi nye mía ŋutɔ tɔ ko dzi o, ke boŋ míakpɔ nusi nye ame bubuwo tɔ hã dzi!’ Ne wò susu le ame bubuwo ƒe didiwo kple nuhiahiãwo ŋu la, màganɔ ɖokuiwò ŋu bum akpa o. Eye zi geɖe alesi nàtsɔ ɖe le ame bubuwo mee la, zi nenema kee wòaʋa wò nàɖe afɔ anya woe.

Le kpɔɖeŋu me, bu Lidia, si nye nyɔnu aɖe si wonya be enye vividoɖeameŋula kple amedzrowɔwɔla ŋu kpɔ. Biblia gblɔ na mí be esi wòse apostolo Paulo ƒe nyawo eye wonyrɔe vɔ la, eƒoe ɖe Paulo kple eƒe zɔhɛwo nu be: “Ne miebum bena, mezu Aƒetɔ la dzixɔsela la, ekema miva aƒenye me.” (Dɔwɔwɔwo 16:​11-15) Togbɔ be Lidia nye xɔsetɔ yeye hã la, ewɔ afɔɖeɖe be yeanya nɔviŋutsu siawo​—eye ɖikekemanɔmee la, ekpɔ yayra geɖe tso eme. Esi woɖe Paulo kple Sila le game la, afikae woyi? Nukutɔe la, Lidia ƒe aƒemee wotrɔ yi!​—Dɔwɔwɔwo 16:​35-⁠40.

Nenema ke, wò hã àkpɔe be ame akpa gãtɔ akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò le esi nètsɔ ɖe le wo me ta. Aleke nàdze esia wɔwɔ gɔmee? Aɖaŋuɖoɖo nyui ʋɛ aɖewoe nye si.

● Dze egɔme vivivi. Be woanye vividoɖeameŋula mefia be woanye amesi ƒe mo mefa alo hadomegaglãsudola o. Dze agbagba nàɖo dze kple amewo ɖekaɖekae. Àte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be yeadze dzeɖoɖo gɔme kple ame ɖeka ya teti ɣesiaɣi si nàyi Kristotɔwo ƒe kpekpe. Dze agbagba nàɖo nukomo. Na amewo ƒe ŋkumekpɔkpɔ nama wò.

● Do dzeɖoɖoa ɖa. Àbia be, ‘Aleke?’ Nya lae nye be ne ètsɔ ɖe le eme na amewo vavã la, zi geɖe, mesesẽna be nàkpɔ nya aɖe agblɔ o. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Jorge, si le Spain gblɔ be: “Mekpɔ be amewo ƒe fɔfɔme alo woƒe dɔwɔnawo ta biabia se ɖeɖe gɔ̃ hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya wo nyuie wu.” Ðekakpui si ŋkɔe nye Fred, do susua ɖa be: “Ne mènya nya si nàgblɔ o la, wò ya dze egɔme nànɔ nyawo biam amewo.” Gake manye be nàwɔe amewo nabui be nèle yewoƒe nu me tem o. Ne edze abe biabiawo ŋu ɖoɖo mekɔ lãme na ame aɖe o la, te kpɔ nàgblɔ nya aɖewo tso wò ŋutɔ ɖokuiwò ŋu.

Mary, si nye ƒewuivi aɖe dada, gblɔ be: “Mede dzesii be mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato ana amewo naɖe dzi ɖi enye be woana woaƒo nu tso wo ɖokui ŋu.” Kate, si nye ɖetugbi aɖe, gblɔ kpee be: “Amewo kafukafu le woƒe nudodowo alo nuwɔna bubu aɖe ta, wɔa akpa aɖe. Èna wosena le wo ɖokui me be yewoƒe nu dze amewo ŋu.” Gake ɖɔ ŋu ɖo be màgblɔ numevivinya gbɔlowo o. (Tesalonikatɔwo I, 2:⁠5) Zi geɖe la, amewo awɔ nu nyuie ɖe nya vavã siwo ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia eye wodze to la ŋu.​—Lododowo 16:⁠24.

● Nye toɖola nyui. Biblia gblɔ be: ‘Míaɖe abla le nusese me, míanɔ blewu le nuƒoƒo me.’ ( Yakobo 1:​19) Ne míagblɔe la, ame evee ɖoa dze​—menye nuwɔna si me ame ɖeka ko naƒo nu le ye o. Eyata ne nuƒoƒo kpea ŋu na wò la, esia ade dziwò ŋutɔ! Toɖola nyuiwo ƒe nu dzea amewo ŋu.

● De ɖokuiwò eme. Ne ame eve dome dzeɖoɖo va ma wò la, wɔ afɔɖeɖe bubu, si nye dzeɖoɖo le hadome. Le afisia hã la, Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye teƒe si asɔ nyuie le esia wɔwɔ me. Ɣeaɖewoɣi la, mɔ bɔbɔetɔ kekeake si dzi nàto ade ɖokuiwò dzeɖoɖo me le hadomee nye be nàde nu dze aɖe si ɖom wole xoxo me. Gake ŋuɖɔɖo kple nɔnɔme nyuiwo hiã le afisia. Mègade nu numedzodzro aɖe si dze ƒã be metsɔ gbɔwò o la me madzemadzee o. Gake ne edze ƒã be dzeɖoɖo aɖe si me amesiame ate ŋu akpɔ gome le ɖomee wole la, dze agbagba nàde nu eme. Ðɔ ŋu ɖo; mègatso nya le amewo nu ate kpɔ be ye ɖeka yeaƒo nu o. Dze agbagba nàɖo to vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Ne dzeɖoɖoa le nuwò vivim ko la, ɖewohĩ àkpɔ be asɔ be yeagblɔ nya ʋɛ aɖewo.

● Mègakpɔ mɔ be yeƒe nyawo katã nasɔ pɛpɛpɛ o. Ɣeaɖewoɣi sɔhɛwo tsia dzi akpa ne wowɔ vodada le nya aɖe gbɔgblɔ me. Elisa, si nye nyɔnuvi aɖe le Italy ɖo ŋku edzi be: “Mevɔ̃na ɣesiaɣi be ne megblɔ nya aɖe la, nyemagblɔe nyuie o.” Gake Biblia ɖo ŋku edzi na mí be mí katã míenye ame madeblibowo, eyata míate ŋu aƒo nu vodadamanɔmee o. (Romatɔwo 3:​23; tsɔe sɔ kple Yakobo 3:⁠2.) Elisa gblɔ be: “Meva kpɔe be xɔ̃nyewoe amesiawo nye. Eyata ne megblɔ nya aɖe si mesɔ o la, woase egɔme nam.”

● Ko ɖokuiwò ne ehiã. Nyateƒee, ne nya ge le nuwò la, etena ɖe ame dzi ŋutɔ. Gake Fred gblɔ be, “ne èɖe dzi ɖi eye nèko ɖokuiwò la, àkpɔe be nya ma nu ava yi kaba ŋutɔ. Ne èna nya la ɖe fu na wò, alo wòna nètsi dzi la, ana nàtsɔ nya vi awɔ nya gãe.”

● Gbɔ dzi blewu. Nyae be menye amesiamee axɔ wò nyawo enumake o. Ne nu menya le ƒoƒom na ame aɖe le dzeɖoɖoa me o si ɖe fu na wò la, mefia kokoko be amea melɔ̃ wò nya o, alo be nàɖe nu le dzeɖoɖoa me o. Ɣeaɖewoɣi la, anye be nu geɖe xɔ susu me na amewo​—alo wokpea ŋu abe wò ke ene. Le nɔnɔme mawo me la, ɖewohĩ anyo be nàgbɔ dzi ɖi na amea vie ale be wòatrɔ ɖe ŋuwò.

● Te kpɔ be yeaƒo nu kple ame tsitsiwo. Ɣeaɖewoɣi la, ame tsitsiwo, vevietɔ Kristotɔ bibiwo, wɔa nu ɖe sɔhɛ siwo kpea ŋu la ŋu le dɔmenyonyo me. Eyata mègavɔ̃ na tete ɖe ame tsitsiwo ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kpli wo o. Kate gblɔ be: “Mate ŋu aɖe dzi ɖi le ame tsitsiwo dome elabena menya be ame tsitsiwo mahe nya ɖe ŋunye, aɖu fewu le ŋunye, alo ado ŋukpem abe alesi hatinyewo awɔ ene o.”

Lɔlɔ̃ Neʋã Wò

Togbɔ be aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu awɔ dɔ hã la, ŋukpe dzi ɖuɖu ƒe mɔnu tsɛ aɖeke meli o. Mlɔeba la, menye aɖaŋu alo mɔnu deŋgɔ aɖekee nye nu vevitɔ o. Nu vevitɔe nye ‘hawòvi lɔlɔ̃, abe ɖokuiwò ene.’ ( Yakobo 2:⁠8) Ẽ, srɔ̃ alesi nàtsɔ ɖe le ame bubuwo me​—vevietɔ nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu Kristotɔwo. (Galatiatɔwo 6:​10) Ne lɔlɔ̃ vavã xɔ dzi me na wò la, àɖu vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi le ɖokuiwò ŋu dzi eye nàɖe afɔ ado ka kple amewo. Abe alesi Yesu gblɔe ene la, “nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.”​—Mateo 12:⁠34.

Abe alesi Barry, si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea gblɔe ene la: “Zi geɖe alesi menya amewo nyuie la, zi nenema ke nuƒoƒo kpli wo nɔa bɔbɔe nam wui.” Ne míagblɔe bubui la, zi geɖe alesi nàɖe afɔ ado vivi ɖe amewo ŋui la, zi nenema ke wòava nɔ bɔbɔe na wòe. Eye ne èva dze xɔ̃ geɖe eye nèkpɔe be amewo va le ŋudzedze kpɔm ɖe ye ŋu wu la, ɖikekemanɔmee la, emetsonuwo ana nàse le ɖokuiwò me be yeƒe agbagbadzedzea menye dzodzro o!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Nyemete Ŋu Doa Vivi Ðe Ame Ŋu Boo O?” si dze le November 8, 1999, ƒe tata me.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

c Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc., ye tae.

[Pictur on page 23]

Te kpɔ nàƒo ɖokuiwò ɖe dzeɖoɖowo me!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe