INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 4/8 axa 22-24
  • Megbelelehehe—Ɣeyiɣifilae Wònye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Megbelelehehe—Ɣeyiɣifilae Wònye
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Megbelelehehe Yea?
  • Fiafitɔa Léle
  • Bu Emetsonuawo Ŋu
  • Nukae Mawɔ?
  • Aleke mawɔ adzudzɔ nye dɔdeasiwo wɔwɔ hehe ɖe megbe?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nu Si Akpe Ðe Mía Ŋu Be Míagahe Megbelele O
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Aleke Mawɔ Nye Ɣeyiɣi Ŋu Dɔ Nyuie?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Màte Ŋu Adae Ði Hena Zazã O Eyata Wɔ Eŋudɔ Nyuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 4/8 axa 22-24

Megbelelehehe—Ɣeyiɣifilae Wònye

“Megbelelehehe ye nye nusi fiaa ɣeyiɣi.”—Edward Young, ƒe 1742 lɔƒo.

MÈGAWƆE O! Mègada nyati sia ɖi o! Ènya nusi ate ŋu adzɔ. Ðewohĩ àdae ɖi ahagblɔ be: “Tanya nyui aɖee nye ma gake vovo meli maxlẽe fifia o. Maxlẽe emegbe.” Gake mele ele ge, mele ele ge, ɖe wòtsia ɖi ame.

Mègahe megbelelehehe ŋuti nyati aɖeke xexlẽ ɖe megbe o! Ðo ɣeyiɣi ɖi na ɖokuiwò. Ðewohĩ àte ŋu awu nyati sia xexlẽ nu le aɖabaƒoƒo atɔ̃ me. Kaka ɣemaɣi la, àxlẽ magazine bliboa ƒe akpa 10 lia le alafa me vɔ! Kpɔ game eye nàɖo ɣeyiɣi na ɖokuiwò. (Èxlẽ nyatia ƒe akpa 5 le alafa me xoxo!)

Megbelelehehe Yea?

Ne èhe nusi nàte ŋu awɔ alo esi wòle be nàwɔ fifia ɖe megbe—nèɖo ɣeyiɣi bubu ɖe eŋu​—⁠la, efia be èhe megbelele. Alo ne míagblɔe bubui la, ètsɔ nusi nàte ŋu awɔ egbea da ɖe etsɔ dzi. Megbelelehela hea nuwɔwɔ ɖe megbe le ɣeyiɣi si me wòle be wòatso ɖe eŋu.

Dɔdzikpɔla bia dɔwɔvi aɖe be wòatsɔ dɔŋutiɖoɖogbalẽ na ye; dzilawo bia tso wo vi si be wòadzra xɔme ɖo; nyɔnu aɖe gblɔ na srɔ̃a be wòadzra pɔmpi ɖo. “Mexaxa akpa” alo “Meŋlɔ be” alo “Nyemekpɔ vovo o,” ye nye taflatse wodo be eyatae yewomewɔe o. Gake nya la ŋutɔe nye be mía dometɔ ʋee aɖewo koe lɔ̃a dɔŋutiɖoɖo wɔwɔ alo dzraa xɔme alo pɔmpi ɖo ne dzidzɔdonu bubuwo li míawɔ. Eyata míedaa ewɔwɔ ƒu, míehenɛ ɖe megbe.

Gake ènya be ɣeaɖewoɣi la, menye megbelelehehe wònye ne míehe nane wɔwɔ ɖe megbe oa? Nyɔnu asitsala aɖe si woɖoa agbadɔgbalẽvi ɖe evɔ menya alesi wòawɔe o la tsɔnɛ dea aɖaka aɖe si le eƒe kplɔ̃ dzi me, esi dzi wòŋlɔ ɖo be “nenɔ anyi gbɔ.” Le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, etoa agbalẽ siawo me eye wòkpɔnɛ be woƒe afã megahiã be yeawɔ dɔ le wo ŋu o. Wonu va yi alo womegahiã o. Ne mènya ne nàhe nane ɖe megbe alo awɔe enumake o la, dze agbagba nànya nusi adzɔ ne mèwɔ nusi hem nèle ɖe megbe o. Ne èwɔe la, ɖe emetsonua anyo loo alo ɖe wòagblẽ wua?

Ne míate ŋu awɔ nua fifia eye wòle be míatso ɖe eŋu bla eye nua hehe ɖe megbe ate ŋu ahe kuxi geɖe wu vɛ emegbe la, ke megbelelehehee wònye. Le kpɔɖeŋu me, ne nuɖugba me ƒu hafi nèva eklɔ ge la, ekɔklɔ sesẽna. Ne èhe ʋu dzadzraɖo ɖe megbe la, ate ŋu ana nàgblẽ ga geɖe hafi adzrae ɖo emegbe. Ne èhe fe aɖe xexe ɖe megbe la, woate ŋu abu fe ɖe edzi alo womagawɔ dɔ na wò o. Nyɔnu aɖe bu akɔnta be wodo fe dɔlar 46 na ye esi yemexe ʋukusedzidafe, video kasɛt siwo ye haya, kple agbalẽ siwo yexɔ le agbalẽdzraɖoƒe ŋuti fe kaba o ta! Ɣleti ɖeka ko tɔ enye ma!

Fiafitɔa Léle

Nya nusita nèle nuwo hem ɖe megbe. Lé ŋku ɖe susu siwo gbɔna ŋu nyuie eye nàkpɔe ɖa be yeate ŋu ade dzesi esi ku ɖe dɔ aɖe si gɔme mèdze alo wu enu haɖe o ŋu hã:

Numãme:

Ne ɣeyiɣia de vɔ hafi medze egɔme la, dzo aɖo lãme nam wu be mawu enu.

Ne ɣeyiɣia de vɔ keŋkeŋ hafi medze egɔme la, ewɔwɔ vivia nunye ŋutɔ.

Malala vaseɖe esime dɔtɔa naɖo ŋku edzi nam zi geɖe, ekema makpɔe be enye nusi wòdi ŋutɔŋutɔ be woawɔ.

Dɔwo sɔ gbɔ ɖe dzinye ale gbegbe be nusiwo ɖo ŋkubiã me dzi koe nye susu nɔna.

Nɔnɔme:

Dɔa wɔwɔ medzrom o alo naneke meʋãm be mawɔe o.

Ne mekpɔ be mate ŋu awɔ nane alo wòdzrom hafi mewɔnɛ.

Medi be mawɔ nu bubu ɖe eteƒe.

Nyemete ŋu srɔ̃a alesi mawɔ nui o.

Vɔvɔ̃:

Nyemeka ɖe edzi be mate ŋu awɔe o.

Vovo mele ŋunye mawɔe o.

Dɔa lolo akpa. Mehiã kpekpeɖeŋu.

Ne medze edzi o alo ne nyemete ŋu wu enu o ɖe?

Ele be makpɔ dɔwɔnuwo atsɔ awu dɔa nui.

Menya be woahe nya ɖe ŋunye alo aɖe fu nam.

Ame vovovowo hea dɔ ɖe megbe le dɔa ƒe ɖoƒe vovovowo. Ðewo hea egɔmedzedze ɖe megbe le esi wobuna be dɔa lolo akpa ta. Bubuwo dzea egɔme gake ne wowɔ dɔa ɖo afi aɖe la, woƒe lãme fana eye wohea enuwuwu ɖe megbe. Ame bubuwo hã ɖoa enuwuƒe keŋkeŋ gake wogadzea dɔ bubu gɔme, eye woɖea asi le gbãtɔ ŋu enumawumawui. (Èle agbagba dzem ŋutɔ. Èxlẽ nyati sia ƒe afã xoxo.)

Susu siwo ta mèdze dɔ aɖe gɔme alo wu enu o ate ŋu anɔ hatsotso etɔ̃awo katã me. Neil Fiore ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Now Habit me be: “Nu vevi etɔ̃ siwo koŋ hea megbelelehehe ƒe kuxia vɛ woe nye: ebubu be edzɔna ɖe ye dzi zi geɖe, ne nu gloa wò, kple ne èvɔ̃na be yeado kpo nu.” Nuka gbɔe wòɖatso o, ne àte ŋu atɔ asi nusiwo gbɔ wòtsona dzi la, ke egbɔkpɔkpɔ magasesẽ o.

Ne mènya nusi tututue na nèhea nu ɖe megbe o la, ŋlɔ dɔ siwo nàwɔ le kwasiɖa ɖeka me ɖi, eye nàɖe aɖabaƒoƒo 30 ɖe wo dome. Kpɔ alesi nèle ɣeyiɣia zãmee. Ate ŋu aʋu míaƒe ŋku ŋutɔ be míakpɔ ɣeyiɣi si gbegbe míegblẽna ɖe nusiwo mele vevie tututu o ŋu ne míele dɔ veviwo wɔm. Azɔ nukae nàwɔ?

Bu Emetsonuawo Ŋu

Mɔkpɔkpɔ be yeate ŋu awɔ nane evɔ màdo vevie ewɔwɔ o ate ŋu ade dɔ lãme na wò. Ne enuwuɣi si woɖo na wò le ɖoɖom ko la, àxaxa ahatsi dzodzodzoe le ɖokuiwò me. Ne seselelãme siawo sẽ ɖe edzi la, ado kplamatse wò dɔwɔŋutete. Màgadi vevie be yeawɔe nyuie alesi yeate ŋui, alo abu mɔnu vovovowo siwo dzi nàto awɔe ade goe ŋu o, ke enuwuwu koe anɔ vevie na wò.

Le kpɔɖeŋu me: Wode dɔ asi na wò be nàƒo nuƒo aɖe. Zã mamletɔ hafi nètsɔ pepa ŋlɔ nya ɖeka eve aɖewo ɖi. Mèzã ɣeyiɣi tsɔ wɔ numekuku le wò nyatia ŋu o, eyata ɖeko negbãe ɖe edzi. Ðewohĩ ɖe nègado ŋusẽ nu vie la, anye ne àtsɔ nuteƒekpɔkpɔwo, kpeɖodzinyawo, alo nɔnɔmetatawo ade eme atsɔ akpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ nyatia le susu me hafi.

Nu bubu si dzɔna ne míehe dɔ aɖe wɔwɔ ɖe megbe enye be míete ŋu ɖea dzi ɖi le vovoɣiwo o. Nusitae nye be nane ɖea mí ɖe enu (alo ame aɖe nɔa ŋku ɖom edzi na mí ɣesiaɣi) be dɔ aɖe li míewɔ o.

Nukae Mawɔ?

Ŋlɔ nusiwo nàwɔ ɖi. Ŋlɔe hafi ŋu nake. Ŋlɔ nusiwo nàdi be yeawɔ ne ŋu ke la ɖi. Esia awɔe be màŋlɔ naneke be o, eye àkpɔe be yele dɔ dzi esi nèle dzesi dem dɔ siwo nu wum nèle. Ŋlɔ ɣeyiɣi didi si nèbu be dɔ ɖesiaɖe axɔ la ɖe wo nu le ɖusikpa dzi. Ne èle ŋkekea me dɔ siwo ‘Nàwɔ’ ŋuti nuŋlɔɖi wɔm la, ŋlɔ aɖabaƒoƒo si nèbu be yeatsɔ awɔe ɖe egbɔ. Ne dɔŋutiɖoɖo aɖe wɔm nèle la, ŋlɔ gaƒoƒo si nèbu be yeatsɔ awɔe ɖi. Ŋlɔ nusiawo ɖi hafi ŋu nake. Gbɔ dzi ɖi nàŋlɔ dɔ siwo nàwɔ ne ŋu ke ɖi. Ɣletigbalẽ nenɔ ŋkukpɔƒe na wò. Ne èxɔ dɔwo alo nèɖo gbe ɖi kple amewo la, ŋlɔ wo ɖi.

Ne èle dɔ siwo nàwɔ ne ŋu ke me tom la, tsɔ wò ɣletigbalẽa eye nàde dzesi vevitɔwo ɖi, ŋlɔ A, B, D, kple bubuwo ɖe dɔ sia dɔ si nàwɔ gbɔ. Ame aɖewo te ŋu wɔa dɔ nyuie wu le ŋdi me, ame bubuwo te ŋu wɔnɛ le ŋdɔ alo fiẽ me. Wɔ ɖoɖo nàwɔ dɔ gãtɔwo le wò ɣeyiɣi veviwo dzi. Ŋlɔ dɔ siwo mevivia nuwò tututu o ɖi gbã hafi nàŋlɔ esiwo vivia nuwò.

Ðo ɣeyiɣi ɖe eŋu. Ne ètsia megbe ɣesiaɣi, alo nènɔa du dzi le esi nètsi megbe ta la, ke srɔ̃ ɣeyiɣi ɖoɖo ɖe dɔ ŋu. Efia be nàɖo ɣeyiɣi si tututu nèkpɔ be yeazã ɖe dɔ aɖe ŋu la ɖi. Gatsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo kpee le “dzɔgbevɔ̃e” siwo ate ŋu adzɔ ta. Mègaŋlɔ be nàgbe ɣeyiɣi ɖeɖe ɖe gbeɖoɖiwo dome o. Ehiã be nàtsɔ ɣeyiɣi si nàtsɔ azɔ ayi akpee. Màte ŋu awu kpekpe aɖe nu ŋdi ga 10:00 agadze bubu gɔme ŋdi ga 10:00 ne xɔ si le eŋu mee miawɔe le gɔ̃ hã o, kaka wòahayi teƒe bubu nye ge. Ðe ɣeyiɣi ɖe wo dome nyuie.

De dɔ asi na ame bubuwo hã. Zi geɖe la, míetena kpɔ be mía ŋutɔwo míawɔ nusianu togbɔ be mahiã ɣesiaɣi hafi o. Ame bubu ate ŋu atsɔ lɛta ayi post ɔfis na mí ne míenya be afimae wòyina.

Mã dɔa me. Ɣeaɖewoɣi la, míedzea dɔ bubu gɔme o le eƒe lolome ta. Nukata màmã dɔ gãwo me vivivi o? Ne míele dɔ suesueawo nu wum la, míakpɔ alesi míele agbagba dzemee eye ade dzi ƒo na mí míagawɔ bubu ade goe.

Wɔ ɖoɖo ɖe kplamatsedonuwo ŋu. Nuwo doa kplamatse míaƒe gbesiagbedɔwo ɣesiaɣi—kaƒoƒowo, amedzrowo, kuxiwo, lɛtawo. Míedi be míawɔ dɔ nyuie, eye dɔwɔwɔ kple ame bubu siwo hã ɖo ɣeyiɣi ɖe woƒe dɔwo ŋu le eme. Ne alesi míawɔ dɔ nyuie ko ŋue míetsia dzi ɖo la, ate ɖe mía dzi ne ame bubuwo va do kplamatse míaƒe dɔwɔnawo. Eyata wɔ ɖoɖo ɖe kplamatsedonuwo ŋu. Ðo ɣeyiɣi ɖi gbesiagbe ɖe nusiwo ado mo ɖa siwo ŋu mèwɔ ɖoɖo ɖo hafi o ŋu. Ne nusiawo do mo ɖa la, àte ŋu akpɔ wo gbɔ elabena ènya be yeɖo ɣeyiɣi ɖi na wo.

Teƒeɖoɖo. Ne èwɔ wò ɖoɖowo la, ele be nàwɔ ɖoɖo awɔ dɔ vevie kple ŋusẽ abe aɖabaƒoƒo 90 ene. Mègaŋlɔ be o eye nàɖo ɣeyiɣi ɖi hena dzadzraɖo ɖe dɔa ŋu. Ne èdze dɔa ŋutɔ gɔme vɔ eye nèwɔ dɔ abe gaƒoƒo ɖeka kple afã ene la, ahiã be nàgbɔ ɖe eme vie. Ne ɔfis ye nèwɔa dɔ le la, dzudzɔ vie, de kame, eye nàbu tame le nuwo ŋu. Ne gotae nèwɔa dɔ le la, xɔ gbɔɖeme vie. Do dzidzɔ na ɖokuiwò le wò dɔwɔwɔwo me.​—⁠Nyagblɔla 3:⁠13.

Bui kpɔ ko, anye aɖabaƒoƒo atɔ̃ enye sia nètsɔ wu nyati sia xexlẽ nu esi nèxlẽ tanya la megbe. Ðewohĩ èdze wò kuxia gbɔ kpɔkpɔ gɔme xoxo!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe