KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Nu Si Akpe Ðe Mía Ŋu Be Míagahe Megbelele O
Ame si hea megbelelea, metsona ɖe nu si wòle be wòawɔ ŋu enumake o. Menye ame ma tɔgbie Yehu ya nye kura o. Etso kpla wɔ dɔ si Yehowa de asi nɛ be wòatsrɔ̃ Ahab ƒe aƒea. (2Fi 9:6, 7, 16) Ame aɖewo gblɔna be: “Ðewohĩ maxɔ nyɔnyrɔ le ƒe ɖeka alo eve aɖewo megbe.” “Madidi o, madze BibIia xexlẽ gɔme gbe sia gbe.” “Ne mekpɔ dɔ nyui aɖe koa, madze mɔɖeɖedɔa gɔme.” Ŋɔŋlɔawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagahe megbelele le nu siwo míewɔna le Yehowa subɔsubɔ me ŋu o.
Aleke mawunyakpukpui siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagahe megbelele o?