Dzɔdzɔme ƒe Aɖatsiwo
ŊDI kanyae, yame fa miaa hezi ɖoɖoe. Zãmu le dzadzam le gbe ɖesiaɖe ŋu toŋtoŋtoŋ, eye ɣetoto na wòle dzo dam mamama. Le mɔ aɖe nu la, ewɔ abe ɖe gbe damawo le dzidzɔvi fam tsɔ le dzaa dom na ɣetoto lae ene. Eyata mewɔ nuku o be zãmu wɔ dɔ ɖe hakpanyaŋlɔlawo—kple fotoɖelawo dzi.
Gake menye dzidzɔ koe zãmu dona na amegbetɔ o. Yame ƒe nɔnɔme sia si le xexeame katã negbe anyigba ƒe akpa siwo fa miamiamia ko la, nye tsi si léa agbe ɖe te. Yehowa Mawu trɔ asi le yame ŋu ale gbegbe be ne anyinu fa le zã me le nɔnɔme aɖewo me la, eva ɖoa afisi woyɔna be zãmudzaɣi. Esia nye afisi ne yaa ƒe nɔnɔme va ɖo la, megate ŋu léa tsi si le eme ɖi o eye wòtua tsia ɖona ɖe teƒe siwo fa wu. Wonya be ati siwo me tsi vɔ le lɔa zãmu toa woƒe aŋgbawo me le agbɔsɔsɔ siwo dea woa ŋutɔwo ƒe kpekpeme nu, eye woƒe ke lɔa tsia gbogbotɔ dzrana ɖo ɖe ke me.
Le du siwo woyɔ le Biblia me, afisiwo kuɖiɣi didina le la, zãmu koe nye tsi atiwo zãna ɣeaɖewoɣi. Eyata le Biblia me la, woƒoa nu tsoa zãmu kple nukuwo ƒe nyonyo ŋu aduadu zi geɖe—eye zãmu ƒe madzamadza hã kple dɔtoto ye zɔna.
Zãmu agate ŋu afia nu vevi aɖe na mía ŋutɔwo. Mose ŋlɔ le eƒe kaklãhadzidzi na Mawu ƒe dukɔa me be: “Nye nufiafiawo le ɖuɖu ge abe tsidzadza ene, eye nye nyawo le dzadza ge abe zãmu ene; wole abe tsie nyɔ ɖe gbe dzi ene, eye wole abe tsie tso ka ɖe amagbe dzi ene.” (Mose V, 32:2) Agbenya siwo le abe zãmu ene woe Mose gblɔ. Esi wònye eyae fa wu le amegbetɔwo dome ta la, kakaɖedzi le eŋu be eƒoa nu blewu hebua ame ŋu le eƒe nuƒoƒo me. (Mose IV, 12:3) Eƒe nyawo tua ame ɖo ke wometɔa ame o, abe alesi zãmu alo tsidzadza le ene.
Gbesigbe nègatɔ ɖi le zãmu—dzɔdzɔme ŋutɔ ƒe aɖatsiwo—ƒe atsyɔ̃ɖoɖo kpɔm la, ɖewohĩ àdi be yeade ŋugble le zãmu Wɔla ƒe nunya gã la ŋu.