Anyigba la—Mawu ƒe Nunanae Wònye na Mí
“LE GƆMEDZEDZEA me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.” Egblɔ le anyigba ŋu hã be ‘enyo ŋutɔ.’ (Mose I, 1:1, 31) Womeƒo ɖuɖɔ aɖeke nu ƒu ɖe edzi nyamaa o; gbeɖuɖu gbogbo siwo woli kɔ ɖi meƒo ɖii o. Wotsɔ nu dzeani aɖe na ameƒomea: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.”—Psalmo 115:16.
Egblɔ eƒe tameɖoɖo le anyigba ŋu na mí le Yesaya 45:18 be: “Ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.”
Efia nusi tututu nye amegbetɔ ƒe agbanɔamedzi le anyigba ŋu, si nye be—“wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.”—Mose I, 2:15.
Yehowa ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi. Eléa be na anyigba. Alesi wòwɔnɛ dometɔ ɖekae nye alesi wòna anyigbadzinu vevi siwo dzi agbe siwo katã le anyigba dzi nɔ te ɖo la trɔnae. Scientific American ƒe tata tɔxɛ aɖe me nyatiwo ƒo nu tso tɔtrɔ siawo dometɔ geɖe ŋu, eye wo dometɔ aɖewoe nye anyigba ƒe tɔtrɔŋusẽ, nugbagbewo nɔƒe ƒe tɔtrɔ, alesi tsi wɔna dzana, oxygen ƒe tɔtrɔ, carbon ƒe tɔtrɔ, nitrogen ƒe tɔtrɔ, kple tomenuwo ƒe tɔtrɔ.
Anyigba la—Ewɔ Nuku Hedze Ani
Nugbagbeŋutinunyala xɔŋkɔ Lewis Thomas ŋlɔ kafukafunya nyui sia le anyigba ŋu ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe magazine si nye Discover me be:
“Nusi wɔ nuku ŋutɔ si to vovo sã si míenya le xexe bliboa me vaseɖe fifia, si gɔme sese sesẽ wu le xexeameŋutinunya me eye wòtɔtɔa agbagba siwo katã míedze be míase egɔme lae nye anyigba la. Fifia ɖeko míeva le dzesi dem alesi gbegbe wòwɔ nuku hedze anii, alesi wòdoa dzidzɔ na amee, nusi dzeani wu si ƒona xlã ɣea, eya ŋutɔ ƒe yamenutome si ƒe amadede nye blɔtɔ la ƒo xlãe, eya ŋutɔ wɔa eƒe oxygen hegbɔnɛ, edea eya ŋutɔ ƒe nitrogen eya ŋutɔ ƒe yame vaseɖe tome, ewɔ eya ŋutɔ ƒe yame ƒe nɔnɔme ɖe eƒe avetsuwo dzi, etsɔ eƒe nu gbagbe aɖewo wɔ eya ŋutɔ ƒe tsroe: akalokpewo, adzakpowo, nusiwo tso nugbagbe siwo nɔ anyi le blema siwo dzi nu gbagbe yeye vovovowo vu tsyɔ̃ ɖekae le xexeame katã.”
Nusiawo nye ɖoɖo siwo Yehowa wɔ be wòana anyigba nanye nunana dzeani na ameƒomea la dometɔ ʋee aɖewo ko, eye enye aƒe si wowɔ be wòanɔ anyi tegbee be amewo kple nugbagbe bubu miliɔn geɖe nanɔ edzi. Psalmo 104:5 gblɔ be: “Eɖo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.” Ðaseɖila bubu si gbɔgbɔ ʋã hã ɖo kpe anyigba ƒe anyinɔnɔ ɖaa sia dzi be: “Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.
Dzinudzidela siwo ƒoa xlã anyigba va nya nu tso nu bɔbɔe nogoe dzeani sia si le eƒe mɔ me le xlã ƒom ɣea la ŋu nyuie eye wogblɔ be ele be ameƒomea nakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe anidzedze ŋu ahalé be nɛ. Esime dzinudzidela Edgar Mitchell nɔ yame kpɔ anyigba zi gbãtɔ la, egblɔ to radio dzi ɖo ɖe Houston be: “Ele abe kpe xɔasi blɔtɔ si gale ɣie hele dzo dam ene . . . eye nu ɣi siwo le ʋaʋãm vivivi la ƒo eto . . . , ele abe kpe xɔasi sue si ɣla ɖe atsiaƒu si nyɔ yibɔɔ me ene.” Dzinudzidela Frank Borman hã gblɔ be: “Ɣletinyigba dzeani sia dzie míele. . . . Eƒe nukunu gã nyenye tae míete ŋu kpɔa nusi le mía si la dzea sii o le xexeame.” Dzinudzidela siwo nɔ Apollo 8 dzinudzideʋu me dometɔ ɖeka gblɔ be: “Afisiafi si míekpɔ le xexeame katã la, anyigba dzi koe míekpɔ amadede sue aɖe le. Afimae míekpɔ atsiaƒuwo ƒe amãdede blɔtɔ dzeani la, anyigba ƒe amadede hẽ kple esi biã vie, kple dziŋgɔli ɣiawo. . . . Nusi dzeani wu si míate ŋu akpɔe wònye le dziƒo katã. Amesiwo le anyigba dzi afisia menya nusi le wo si o.”
Nyateƒeawo ɖee fia be nya ma le eme—amewo mekpɔa nu xɔasi si le wo si la dzea sii o. Le esi teƒe be amegbetɔƒomea nalé be na nunana sia si tso Mawu gbɔ la, wole ɖi ƒomee hele etsrɔ̃m boŋ. Dzinudzidelawo kpɔ esia hã. Paul Weitz si nye tatɔ le dzinudzideʋu Challenger si nye gbãtɔ si wozã me la gblɔ be ne èle yame kpɔ nusi amegbetɔ gblẽ le anyigba ƒe yamenutome ŋu la, “edzi ŋɔ ŋutɔ.” “Dzɔgbevɔ̃etɔe la, xexe sia va le ɣletinyigba si menya kpɔ o zum kabakaba.” Egblɔ yi edzi be: “Nukae wòfia na mí? Míele ɖi ƒom mía ŋutɔ mía nɔƒe.” Eye nudomegbegblẽ sia dzi ɖe edzi afɔkutɔe vevietɔ le ‘ŋkeke mamle’ siawo me. Yehowa gblɔ ʋɔnu si wòadrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la, si nye be ‘yeatsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’—Nyaɖeɖefia 11:18.
Ame Madakpe Siwo Medze Axɔ Mawu ƒe Nunana O
Amesiwo nye ŋutilãmenudilawo tu afɔkpo gbɔgbɔmenuxɔasiwo be woavo ɖe ŋutilãmenuwo ŋu. Tɔnye ko nenyo ƒe nɔnɔme si le gã dom ɖe edzi le míaƒe ɣeyiɣia me la na woŋe aɖaba ƒu mɔfiame nyui siwo Yehowa na ameƒomea be woanɔ agbe le dzidzɔ kple dzidzeme me la dzi.
Timoteo II, 3:1-5 ɖɔ ɣeyiɣi gbegblẽ si me míele la nyuie be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!”
Asitsatsa doa nuƒeƒle ƒe dzodzro ɖe ŋgɔ, eye wo kple boblododoe zɔna. Boblo siwo wodona la dometɔ geɖe sɔ; geɖe hã mesɔ o. Nya la ƒe akpa mamlea sɔ ɖe nya si Eric Clark gblɔ le The Want Makers me la nu be: “Menye ɖeko boblododo na wodzraa nu gbegblẽwo na amesiwo mate ŋu aƒle wo o, ke ena wodzranɛ ɖe asi gã si mesɔ o nu hã.” Alan Durning si le World Watch me la gblɔ be: “Menye asinudɔwɔwɔwo koe boblodolawo dzrana o ke wodzraa agbe si ƒomevi wonɔna, nɔnɔmewo, kple nudzroamewo, eye wotsɔa woƒe nyagbɔgblɔwo nyɔa luʋɔ ƒe dzodzrowo.” Boblododo ƒe taɖodzinue nye be wòana nusi le mía si la nagadze mía ŋu o eye nusi mehiã mí o la nadzro mí. Ehoa nudzodzro si womate ŋu aɖi kɔ na o ɖe ame me; ena wolia kɔ nuwo ɖi fũ si gblẽa nu le ame ŋu; edzia aɖukpo siwo le ta kekem siwo ƒoa ɖi anyigba la ɖe edzi. Eƒe nyaƒoɖeamenu ayetɔe kpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo le ahedada si ŋu mɔkpɔkpɔ mele o me la ƒe dzi si ŋu ɖeɖi te la dzi. Boblodolawo tsia hohoho ɖe adzɔnu siwo wonya be ewua ame alo dea dɔ ame ŋu la dzadzra ŋu.
Nu vevitɔe nye míaƒe tenɔnɔ si le mía si le Mawu gbɔ, abe alesi Nyagblɔla 12:13 gblɔ ene be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” Amesiwo wɔa nenema adze na agbenɔnɔ le Yehowa ƒe Paradiso dzadzɛ la me! Yesu do ŋugbe be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29.
Ɣeyiɣi si me Woakpɔ Ŋudzedze Ðe Mawu ƒe Nunana Ŋu
Eye anyigba wɔnuku ka gbegbee nye si wòanye! Yehowa ɖɔ alesi wòle na mí le mɔ dodzidzɔname aɖe nu be: “[Nye Yohanes] mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã anyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o. Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:1, 4.
Nu gbãtɔwo abe aɖukpowo, aɖiɖuɖɔwo, kple amesiwo kɔa woƒe gbeɖuɖɔ ɖe ame bubuwo gbɔ ene hã nu ayi. Amesiwo anɔ anyigba dzi ɣemaɣi anye amesiwo lɔ̃ wo haviwo abe wo ɖokui ene, amesiwo kafua Yehowa ɖe eƒe nunana si nye anyigba la ta, eye wodina be yewoalé be nɛ ahawɔe wòanye paradiso la ko.—Mateo 22:37, 38; Petro II, 3:13.
[Aɖaka si le axa 19]
Ŋutilãmenudidi ƒe Toflokonyenye
Yesu gblɔ nyateƒenya aɖe si me kɔ ƒã esime wòxlɔ̃ nu be: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Menye nusi le mía sie nye nu vevitɔ o; amesiwo míenye ye le vevie. Ele bɔbɔe be míanyrɔ̃ mía ɖokui ɖe agbe me dagbadagba kple hloluitsotsowo me vĩ—gadidi, kɔlili nuwo ɖi fũ, agbagbadzedze vevie be míase vivi siwo katã dzroa ŋutilã la—eye míasusu be míele agbe ɖum bliboe me eye naneke mele mía ŋu tom o, esime nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu akpɔ le agbe me la anɔ mía ŋu tom.
Ne míaƒe agbe ɖo nuwuƒe ko hafi míedzea si nusi to mía ŋu. Míekpɔa nya si Biblia gblɔ ƒe nyateƒenyenye dzea sii be: Agbe le kpuie ŋutɔ—afu si buna, dzudzɔ babla, yagbɔgbɔ, vɔvɔli si nu va yina, sɔgbe si yrɔna, kple seƒoƒo si ƒuna ye wònye. Afikae wòyi? Nukae míewɔ? Nukatae míenɔ afisia ɖo? Wo katãe nye siaa? Toflokowo ƒe tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko wònyea?—Hiob 14:2; Psalmo 102:4, 12; 103:15, 16; 144:4; Yesaya 40:7; Yakobo 4:14.
Ŋutsu aɖe si nɔ kukum le kɔdzi kpɔ nu to fesre nu eye wòkpɔ togbɛ aɖe si dzi ɣe klẽ ɖo, sɔgbe kple gbewo ƒe tsakatsaka, seƒoƒo sue aɖewo siwo le tsitsim, atsutsrɔ̃e si le anyigba kam le nuku sue aɖewo dim—menye nukpɔkpɔ si aʋã ame boo o. Gake enya kpɔ na ŋutsu si le kukum la. Didi wɔnublanui aɖe ʋãe wòbu dzidzɔdonu suewo, nu suesue siwo fiaa nu geɖe, siwo to eŋu la ŋu. Wo katã nu yi kaba ŋutɔ!
Biblia ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gblɔe eme kɔ ƒã be: “Míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” (Timoteo I, 6:7, 8) Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔe tẽ be: “Alesi wòle tso dadaa ƒe dɔ me la, nenema ke wòaganɔ amama ayii, abe alesi wòle va ene, eye matsɔ naneke aɖo asi tso eƒe agbagbadzedzewo me o.”—Nyagblɔla 5:14.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 16]
NASA ƒe foto