Sɔhɛwo Biana Be . . .
Ðe Xɔlɔ̃dzedze Mawu Akpe Ðe Ŋunyea?
SƆHƐ geɖe tsina egbea le nɔnɔme sesẽ siwo womekpɔ kpɔ le dzidzime si va yi me o la me. Numekuku aɖe si dukɔ aɖe wɔ le sɔhɛ 160,000 ŋuti nuŋlɔlawo ɖe eme be: “Ƒewuiviwo gblɔna na mí be nyaƒoɖeamenu siwo yewokpɔ be yewomesu te anɔ wo nu o koŋ ye tɔtɔa yewo; etsoa dziɖeleameƒo kple blanuiléle si ɖua woƒe kakaɖedzi dzi la gbɔ; eye etsoa dzila siwo metsɔa ɖeke le woƒe kuxiwo me o hã gbɔ.” Ðewohĩ wò hã àse le ɖokuiwò me nenema ke be ame bubuwo mesea alesi agbenɔnɔ te ŋu sesẽna na sɔhɛ ɣeaɖewoɣi la gɔme na wo o.
Nyateƒee, xɔlɔ̃ vevi aɖe anɔ asiwò si ŋu nàte ŋu atrɔ ɖo wòakpe ɖe ŋuwò le seselelãme gome, eye ɖewohĩ esia ana gbɔdzɔe wò vie. Gake ɖe menye nyateƒe be kuxi sesẽ aɖewo li siwo wòle be wò ɖeka nàdze ŋgɔe oa? Aleke wònye nyateƒe enye si be ɣeaɖewoɣi la, wò ‘dzi koe nyaa wò luʋɔ ƒe nuxaxa.’ (Lododowo 14:10) Gake Ame aɖe li si sea nu gɔme na wò bliboe eye elɔ̃ be nàdze xɔlɔ̃ ye. Sɔhɛ geɖe kpɔe be xɔlɔ̃dzedzee kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ, le ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me.
Xɔlɔ̃dzedze Mawu
Wobia sɔhɛ aɖe be nuka tae wòda akpe na Yehowa Mawu ɖo wu hã. Eɖo eŋu be: “Be míate ŋu ava nyae eye míanye exɔlɔ̃ veviwo.” Ẽ, anya wɔ be nàdze xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake le xexeame! Hakpala la ŋlɔe be: “Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ.”—Psalmo 25:14.
‘Habɔbɔ kple Yehowa’—mɔnukpɔkpɔ xɔasi ka gbegbee nye si! Hebrigbe me nya gbãtɔ fia be woagblɔ dzimenya na ame aɖe si nye xɔlɔ̃ tɔxɛ faa. Eyata enye ƒomedodo kplikplikpli si nɔ te ɖe lɔlɔ̃ dzi, hadede ƒe mɔnukpɔkpɔ si tso kaka ɖe ame nɔewo dzi me. Ne ènye Mawu xɔlɔ̃ la, àse le ɖokuiwò me be amesia si sea nu gɔme na wò anukwaretɔe la bua asixɔxɔ si le ŋuwò nu vevii. Gake viɖe kawoe le xɔlɔ̃dzedze sia me?
“Nusi ŋu Meɖoa Ŋu Ðo tso Nye Ðevime Ke”
Togbɔ be sɔhɛ geɖe wɔa kalẽ le gota hã la, kakaɖedzi mele wo si le ememe o. Judy si xɔ ƒe 13 fa konyi be: “Megblɔa nye susuwo eye ame aɖewo hã va gblɔa wo tɔ tsɔ trɔa tɔnyee keŋkeŋ. Nyemeka ɖe ɖokuinye dzi tututu o.” Gake mía Xɔlɔ̃ si le dziƒo na mɔfiame tɔxɛ siwo ana agbenɔnɔ nadze edzi la mí le eƒe Nya Biblia si woŋlɔ me. Le nyateƒe me la, wotrɔ asi le aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia-gbalẽ, Lododowo, me ŋu be wòana “ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame” ale be woata mɔ sɔsɔe na wo ɖokui. (Lododowo 1:1-4; 3:1-6) Esia ate ŋu ana kakaɖedzi wò! Àte ŋu anya mɔ nyuitɔ si nu nànɔ agbe ɖo.
Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo abe magazine sia ene, ɖo aɖaŋu le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe ŋu—tso alesi nàtia xɔlɔ̃woe dzi vaseɖe alesi nànɔ agbe nyui ɖe dziwòlawo ŋui dzi. (Lododowo 1:8, 9; 13:20) Ate ŋu akpe ɖe amesiwo zɔna ɖe mɔfiame sia dzi ŋuti be “woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.” (Lododowo 14:27) Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuvi si ŋkɔe nye Mae kpɔe eƒe ŋutilã me nɔvinyɔnu da le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Nɔvianyɔnu ma ku kukpo nublanuitɔe le eƒe agbegbegblẽnɔnɔ ta. Mae gblɔ alesi wòte ŋu gbe agbegbegblẽnɔnɔ mae be: “Meɖoa ŋku Yehowa ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo dzi nyuie eye esia doa ŋusẽm. Gɔmeɖose siawo kpena ɖe ŋunye mekpɔa alesi Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔe dzea sii eye be eƒe mɔe nye nyuitɔ.”
Gake xɔlɔ̃dzedze Yehowa bia nu geɖe wu eƒe dzidzenuwo sɔsrɔ̃ ɖeɖeko. Àte ŋu akpɔe be etsɔ ɖe le wò agbenɔnɔ me. Biblia ƒo nu tso Fia Dawid si Mawu fia nui tso eƒe ɖevime la ŋu. Dawid va zu Mawu xɔlɔ̃, eye togbɔ be eto “dzɔgbevɔ̃e geɖe” me hã la, ekpɔe nyateƒe be Mawu ƒe asi nɔ ye dzi le yeƒe agbe me. Dawid ƒo nu tso Mawu ƒe ‘nukunu’ siwo wòwɔ ɖe eta kple Yehowa ƒe “alɔ” alo ŋusẽ si wòzã le eƒe agbenɔnɔ me ŋu. Dawid nɔ te ɖe eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ sia dzi ŋlɔ be: “Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke!” (Psalmo 71:5, 17, 18, 20, míawoe te gbe ɖe edzi) Kakaɖedzi sia ke ate ŋu anɔ wò hã si ne èkpɔ Yehowa ƒe yayra le wò agbe me. Ne èdze agbagba wɔ ɖe eƒe mɔfiame dzi—togbɔ be kuxiwo anɔ eme hã—la, àzɔ kple Mawu le ƒomedodo xɔasi aɖe me nyateƒe.—Tsɔe sɔ kple Mose I, 6:9.
Mawu Kpena Ðe Mía Ŋu Míetoa Mɔ Nyuitɔ Dzi
Le tetekpɔ kple nyaƒoɖeamenu gbogbo siwo le agbe me ta la, Mawu ƒe mɔfiame dzi wɔwɔ mele bɔbɔe o. Aleae wònɔ vevietɔ le Peggy gome, amesi nye atikevɔ̃ɖizãla kple gbolo tso ɖevime ke. Ete ŋu ɖu eƒe numãmea dzi eye wòwɔ tɔtrɔ le eƒe agbenɔnɔ me to Biblia sɔsrɔ̃ me, eye le ema ta eva dze xɔlɔ̃ kple Mawu. Gake kuxi mawo ke siwo na Peggy zã atike vɔ̃ɖi be yeasi le wo nu la gavaa edzi kokoko. Esi wobiae be aleke wòwɔ le te nɔm ɖe enu hã la, eɖo eŋu be: “Magblɔ ko be Yehowa ƒe gbɔgbɔe na.”
Peggy nya be Mawu naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe alo dɔwɔŋusẽ exɔlɔ̃wo eye be esia ate ŋu ado ŋusẽ wo woanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu. (Dɔwɔwɔwo 5:32; Korintotɔwo I, 6:9-11) Peggy gblɔ be: “Seselelãme xoxo mawo gahona nam fifia ɣeaɖewoɣi vevietɔ ne nye ɖekae li, gake medzea gbedodoɖa gɔme enumake. Ŋutete si metsɔ ɖua kuxi siawo dzii la doa dzidzɔ nam wu nusianu si mewɔ le nye agbe me kpɔ.” Dzideƒo ka gbegbee nye si wònye be míanya be ne Mawu nye mía xɔlɔ̃ la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la nu eye wòawɔ nu geɖe wu nusiwo katã míebiana alo míedzea sii.’—Efesotɔwo 3:20.
Mawu ƒe gbɔgbɔ kpena ɖe mía ŋu míetua nɔnɔmewo abe dzigbɔgbɔ blewu, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu ene ɖo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Hekpe ɖe eŋu la, le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la, Mawu na hamemegãwo, alo alẽkplɔla siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo la be woana kpekpeɖeŋu nyuiwo mí. Peggy gagblɔ be: “Mexɔ kpekpeɖeŋu geɖe tso hamea, vevietɔ hamemegãwo gbɔ. Kpekpeɖeŋu blibo wònye.”
‘Nye Dzi ƒe Agakpe’
“Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” Nenemae Lododowo 17:17 gblɔ. “Hiã me” koŋ ye xɔlɔ̃ hiãna le. Hakpala Asaf tɔtɔ vevie, gake ete ɖe Mawu ŋu abe exɔlɔ̃ ene. Eyata togbɔ be vevesese na eƒe ‘dzi ʋu dzo’ hã la, egblɔ be: ‘Mawue nye nye dzi ƒe agakpe.’ (Psalmo 73:21, 26, 28) Yehowa, amesi se Asaf ƒe seselelãmewo gɔme nyuie la kpe ɖe eŋu le seselelãme gome. Yehowa na Asaf ƒe dzi gbɔ ɖe eme bene mɔkpɔkpɔ magabu ɖee eye dzi naɖe le eƒo o.
Mía Xɔlɔ̃ si le dziƒo la ate ŋu anye gɔmeɖoanyi si le abe agakpe ene na wò nenema ke le xaxaɣiwo. Ƒewuivi aɖe kpɔ esia le eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me. Esime Bonnie xɔ ƒe 13 la, nyɔnuvi siwo le eƒe dukɔ suea ƒe suku aɖe me dometɔ aɖewo nɔ aʋatsonya vɔ̃ɖi kakam le eŋu. Ewɔ na Bonnie abe ɖe amesiame xɔ aʋatsonya sia dzi se ene. Eƒe sukuxɔmetɔ geɖe megakɔa mo nɛ o, eye woyɔa gbɔɖiŋkɔwo gɔ̃ hã nɛ. Bonnie gblɔ be: “Mevaa aƒeme le zã me zi geɖe va faa avi. Ewɔ nam gɔ̃ hã abe ɖe mawu ɖokuinye ene elabena menɔ nu xam vevie.” Ete ɖe exɔlɔ̃ aɖewo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu. “Medze agbagba be magblɔe na amewo, gake womesea egɔme nam o. Wona nye kuxia dze nya maɖinyae. Metsia akogo vevie ɣeaɖewoɣi.” Nukae kpe ɖe eŋu be mebu mɔkpɔkpɔ le tɔtɔ sia me o? Eyi edzi be: “Ne menye Yehowae o la, anye ne mewu ɖokuinye. Melɔ̃e ale gbegbe. Eyae nye xɔ̃nye vevitɔ kekeake.” Fifia enyae be yeƒe xɔlɔ̃dzedze Mawue kpe ɖe ye ŋu yedo dzi to nɔnɔme gbãdziname ma me.
Nyanya be Yehowa sea míaƒe nɔnɔmewo gɔme eye wònya nusi tututu dzɔ nyea akɔfafa gã aɖe ne ame bubuwo meɖe ɖetsɔleme si míekpɔ mɔ na fia mí o. Azɔ hã nyanya be mía Xɔlɔ̃ la nye “dɔmetɔtrɔ Fofo” la nye kpekpeɖeŋu gã aɖe ne wowɔ ŋlɔmi le mía ŋu alo wowɔ nu vevi mí. Ɣeaɖewoɣi la, mía ŋutɔwo ƒe dzi ate ŋu abu fɔ mí, gake “Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.” (Korintotɔwo II, 1:3, 4; Yohanes I, 3:20) Yehowa ƒe nukpɔsusu ƒe amesinɔnɔ le nya aɖe ŋu ate ŋu afa akɔ na ame vevie. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu etɔ̃ aɖewo dɔ ŋutsuvi aɖe si xɔ ƒe 13 gbɔ ŋutasesẽtɔe. Ŋutsuvia gblɔ be: “Ŋu kpem vevie emegbe eye mebu fɔ ɖokuinye ɖe nusi dzɔ ɖe dzinye ta. Melé blanui vevie.” Ke edze numekuku wɔwɔ gɔme le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo me le amegbɔdɔdɔ sesẽe ƒe nyatia ŋu. “Esi mexlẽ nya sia la, nyemete ŋu ɖu nye seselelãmewo dzi o eye mefa avi. Ðeko wòwɔ abe agba kpekpe aɖee woɖe le dzinye ene. Ðe wowɔe ɖe ŋunye. Esi meɖo ŋu ɖe Yehowa, ƒonyemea, kple xɔlɔ̃wo ŋu la, mete ŋu to ɣeyiɣi sesẽ sia me.” Kpekpeɖeŋu ka gbegbee nye si nya mawo siwo woɖe tso Biblia me la nɛ!
Xɔlɔ̃dzedze Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le mɔ geɖe nu! Kakaɖedzi ŋutɔŋutɔ ate ŋu anɔ mía si le agbe me, míatu ememe ŋusẽ ɖo be míazɔ Mawu ƒe mɔ dzi, eye míakpɔ kpekpeɖeŋu si le abe agakpe ene le ɣeyiɣi sesẽwo me. Gake aleke míawɔ atu xɔlɔ̃dzedze sia ɖo? Nyati siawo ƒe tata aɖe ava ɖe eme.
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Mawu ate ŋu azu ‘wò dzi ƒe agakpe’