INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 1/8 axa 11-13
  • Nukatae Xɔ̃nye Vevitɔ Ʋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Xɔ̃nye Vevitɔ Ʋu?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋgɔdzedze Nya la Ŋutɔŋutɔ
  • Kadodo Kple Ame Nɔewo
  • Akogotsiɣia Ŋudɔwɔwɔ
  • Nukpɔsusu Nyui Nenɔ Asiwò
  • Nukata Xɔlɔ̃wo Menɔa Asinye Didina O?
    Nyɔ!—1996
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ame kawoe nye xɔ̃nye vavãwo?
    Nyɔ!—2011
  • Mawu Le Kpewòm Be Nàva Nye Ye Xɔlɔ̃
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 1/8 axa 11-13

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukatae Xɔ̃nye Vevitɔ Ʋu?

‘ÐEKO nèwɔ abe ɖe xɔ̃wò vevitɔ megali o ene.’ Amewo gblɔa nya sia ne ame aɖe li kpoo alo lé blanui vie. Gake ne nyateƒee wònye be xɔ̃wò vevitɔ megali o la, ezua nya bubu kura.

Ne èbu eŋu kpɔ la, xɔlɔ̃wɔwɔ vavãtɔ nye nu tɔxɛ kple nu xɔasi. Biblia gblɔ be: “Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.” (Lododowo 17:17) Xɔlɔ̃ nyuiwo nyea zɔhɛwo na mí eye wokpena ɖe mía ŋu. Wokpena ɖe mía ŋu míetsina le seselelãme gome kple gbɔgbɔ me. Togbɔ be xɔlɔ̃ siwo nèdoa goe ɣeaɖewoɣi kple ame nyanyɛwo ate ŋu asɔ gbɔ hã la, amesiwo ŋu nàte ŋu aɖo ŋu ɖo ŋutɔŋutɔ eye nàgblɔ wò dzimenyawo na la mebɔ o.

Eyata eme kɔ be ate ɖe dziwò ne xɔ̃wò vevitɔ ʋu. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Bryan gblɔ alesi wòse le eɖokui me esime exɔlɔ̃ vevitɔ ʋu. Egblɔ be: “Mevɔ̃, metsi akogo, eye evem.” Ðewohĩ èsena le ɖokuiwò me nenema.

Ŋgɔdzedze Nya la Ŋutɔŋutɔ

Akpe ɖe ŋuwò ne èbu susu siwo ta xɔ̃wòa ʋu ŋu. Le nyateƒe me la, menye ɖe mekpɔ ŋudzedze ɖe miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ŋu o. Ʋuʋu va zu egbegbe ƒe agbenɔnɔ. Amesiwo wu miliɔn 36 ʋuna ƒe sia ƒe le United States ɖeɖe dzaa! United States ƒe Amexexlẽdɔwɔƒe gblɔ be Amerikatɔ ɖesiaɖe aʋu zi gbɔ zi 12 le eƒe agbe me.

Nukata woʋuna alea? Susu vovovowo tae. Ƒome geɖe ʋuna be yewoadi dɔ kple aƒe siwo nyo wu. Aʋawɔwɔ kple hiãkame wɔnɛ be ƒome miliɔn geɖe ʋuna le dukɔ madeŋgɔwo me. Eye esi sɔhɛwo le tsitsim la, geɖe ʋuna be yewoanɔ yewo ɖokui si. Wo dometɔ aɖewo ʋuna va ɖea srɔ̃. (Mose I, 2:24) Gake bubuwo hã ʋuna be yewoawɔ gbɔgbɔmedɔwo. (Mateo 19:29) Yehowa Ðasefowo dometɔ geɖe dzona le dzidzeme si me wonɔ le afisi mã wo la me ɖasubɔna le teƒeteƒewo—ete ŋu nyea dutanyigbawo dzi gɔ̃ hã—afisi Kristotɔ subɔlawo hiã le wu. Wo dometɔ aɖewo ʋuna tso wo dedukɔa ƒe akpa aɖe yia akpa bubu be yewoasubɔ le Betel, si nye alesi woyɔa dɔwɔƒe siwo kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi. Ẽ, togbɔ be míelɔ̃ mía xɔlɔ̃wo ale gbegbe hã la, ele be míabui be nenema ko wòdzɔna le agbe me be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woate ŋu aʋu.

Susu ka ke tae xɔ̃wòa ʋu o, àbu alesi tututu nàwɔ adzudzɔ nuxaxa le eƒe dzodzoa ta la ŋu. Gake togbɔ be dzɔdzɔmenue wònye be nàsee le ɖokuiwò me be yetsi akogo eye nàlé blanui vie hã la, ɖewohĩ àkpɔe be anyinɔnɔ kpoo le aƒeme maɖɔ nɔnɔmea ɖo koŋ o. (Lododowo 18:1) Eyata na míakpɔ nusiwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu la ɖa.

Kadodo Kple Ame Nɔewo

Sɔhɛ Bryan ɖo aɖaŋu be: “Nyae be miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa metɔ o.” Nyateƒe, miaƒe ƒomedodoa atrɔ kokoko ne xɔ̃wò vevitɔ ʋu, gake mefia be miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa nu tso o. Ƒewuiviwo ƒe aɖaŋuɖola Ðk. Rosemarie White gblɔ be: “Esesẽ le agbe ƒe ɣeyiɣi ɖesiaɖe me be ame nadzo le ame gbɔ, gake alesi nàkpɔ egbɔ nyuie enye be nàbui be nuwoe trɔ, ke menye be nusianue wu enu o.”

Nukae nàte ŋu awɔ be xɔlɔ̃wɔwɔa nayi edzi? Bu nusi Biblia gblɔ le Dawid kple Yonatan ŋu kpɔ. Togbɔ be womenye hatiwo kura o hã la, woawoe nye xɔlɔ̃ kplikplikpliwo wu. Esi nɔnɔmewo wɔe be Dawid si ɖo gbe la, womeklã nya aɖeke magblɔmagblɔ na wo nɔewo o. Ke boŋ woɖo kpe woƒe xɔlɔ̃wɔwɔ si me magblẽ gbeɖe o la dzi, wobla nu, alo woka atam gɔ̃ hã be yewoanye xɔlɔ̃wo ɖaa.—Samuel I, 20:42.

Nenema ke wò hã àte ŋu aƒo nu kple xɔ̃wòa hafi wòadzo. Na xɔ̃wòa nanya alesi gbegbe xɔlɔ̃wɔwɔa le vevie na wòe kple alesi gbegbe nèdi be kadodo naganɔ yewo domee. Nu ma tututue Patty kple Melina, xɔlɔ̃ vevi siwo dome anyigba kple atsiaƒu si keke wu kilometa 8,100 mã la wɔ. Patty gblɔ be: “Míeɖoe be kadodo nanɔ mía dome.” Gake ne mieɖoe koŋ wɔ ɖoɖo mawo o la, woate ŋu atsi akpo dzi.—Tsɔe sɔ kple Amos 3:3.

Biblia gblɔ na mí be esime apostolo Yohanes megakpɔa xɔ̃a Gayo o la, ena kadodo nɔ wo dome to alesi ‘wòtsɔ agbalẽŋlɔtsi kple agbalẽŋlɔti ŋlɔ nya ɖo ɖee’ me. (Yohanes III, 13) Miawo hã miate ŋu aɖoe be yewoaŋlɔ lɛta alo aɖo gbedonamegbalẽvi ɖe mia nɔewo edziedzi, ɖewohĩ zi ɖeka kwasiɖa ɖesiaɖe alo zi ɖeka ɣleti ɖesiaɖe. Eye ne fe siwo dziwòlawo anyi ne èƒo ka yi didiƒe mate ɖe wo dzi o la, ke ɖewohĩ miate ŋu anɔ ka ƒom na mia nɔewo ɣeaɖewoɣi ase nu yeye siwo teƒe kpɔm miele le agbe me. Alo miate ŋu aɖoe be yewoalé nyawo ɖe kasɛt alo videokasɛt dzi aɖo ɖe mia nɔewo. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, ɖewohĩ ate ŋu adzɔ be miasrã mia nɔewo kpɔ le kwasiɖanuwuwu aɖe gɔ̃ hã alo miaɖu mɔkeke ɖekae. Nusiawo wɔwɔ ana xɔlɔ̃wɔwɔa naganɔ anyi.

Akogotsiɣia Ŋudɔwɔwɔ

Ke hã la, xɔ̃wòa ƒe dzodzo ana nàtsi akogo. Ema ana nàkpɔe be ɣeyiɣi geɖe le ye si wu. Megagblẽ ɣeyiɣi ma o. (Efesotɔwo 5:16) Zãe nàwɔ nusi aɖe vi—ɖewohĩ àte ŋu asrɔ̃ haƒonu aɖe ƒoƒo, asrɔ̃ gbegbɔgblɔ yeye aɖe, alo anɔ modzakaɖedɔ aɖe wɔm. Dɔgbeyiyi na amesiwo nu hiã la hã nye ɣeyiɣi zazã viɖetɔe. Ne Yehowa Ðasefoe nènye la, àte ŋu adzi wò gaglãgbe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi. (Mateo 24:14) Alo àte ŋu adze Biblia me nusɔsrɔ̃ dodzidzɔname aɖe gɔme.

Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Korinto Kristotɔwo be ‘woakeke wo ɖokui’—si fia be woadze xɔ̃ ame bubuwo. (Korintotɔwo II, 6:13) Ðewohĩ ènɔ xɔlɔ̃ ɖeka ŋu kakaka ale gbegbe be èŋlɔ ame bubu siwo ate ŋu azu xɔ̃wòwo la be. Sɔhɛ Yehowa Ðasefowo kpɔnɛ be mɔnukpɔkpɔ mawo ʋuna ɖi zi geɖe le woƒe hamewo me. Eyata dze agbagba nàyi hamea ƒe kpekpewo kaba eye nàtsi anyi vie ne wokpã. Esia aʋu mɔ na wò be nàganya ame bubuwo. Mɔnukpɔkpɔwo li le Kristotɔwo ƒe takpekpewo kple hadomeƒuƒoƒo suewo me bene woadze xɔ̃ yeyewo.

Gake ele be nàkpɔ nyuie: Mègayɔ ɖe xɔlɔ̃ yeyewo dzedze ŋu ale gbegbe be nàva dze hadede gɔme kplikplikpli kple sɔhɛ siwo gbɔgbɔ me taɖodzinu kple dzidzenu siwo le asiwò mele wo si la o. Ame mawo ate ŋu ahe wo ɖe megbe eye woagblẽ nu le ŋuwò wu nu nyui si woawɔ na wò. (Lododowo 13:20; Korintotɔwo I, 15:33) De ha kple sɔhɛ siwo bua gbɔgbɔmenuwo ŋu eye wonya wo be wonɔa agbe nyui.

Ne èkpɔ ame ma tɔgbe la, yi edzi ne miaɖoe abɔ ha awɔ nane. Miɖu nu ɖe du. Miyi ɖaɖi tsa le blemanudzraɖoƒe aɖe. Miɖi tsa. Miwɔ ɖoɖo miawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ɖekae le ŋkeke aɖe dzi, miagblɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia na amewo. Ne ɣeyiɣiwo va le yiyim eye nèdze agbagba la, xɔlɔ̃wɔwɔ yeyea me asẽ. Esi Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ kekena ɖe enu—‘ekekena’ be wodzea xɔ̃ ame bubuwo—ta la, ne èle xɔ̃ yeye dzem la, mele be nàsusu be yemele nuteƒe wɔm na ye xɔlɔ̃ si ʋu dzo la o.

Àte ŋu azã ɣeyiɣia atsɔ ate ɖe amesiwo lɔ̃ wò wu hã ŋu wu—dziwòlawo. Togbɔ be hadede kple wo manya wɔ na wò gbã o hã la, woate ŋu akpe ɖe ŋuwò ŋutɔ. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Josh gblɔ be: “Esi mía kple danye kple fofonye míenɔ kplikplikpli vaseɖe ɣemaɣi o ta la, eva hiã be mazi ɖokuinye dzi hafi anɔ woƒe ha me. Gake woawoe nye xɔ̃nye kplikplikpliwo fifia!”

Ðo ŋku edzi hã be xɔlɔ̃ aɖe le asiwò le dziƒo. Abe alesi Dan si xɔ ƒe 13 gblɔe ene la, “Yehowa li na wò eyata mètsi akogo kura o.” Míate ŋu ate ɖe míaƒe Dziƒofofoa ŋu ɣesiaɣi le gbedodoɖa me. Ne èɖo ŋu ɖe eŋu la, akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia nu.—Psalmo 55:23

Nukpɔsusu Nyui Nenɔ Asiwò

Nunyala Fia Salomo ɖo aɖaŋu sia be: “Megagblɔ be, nukata tsã ŋkekewo nyo wu fifitɔwo hã o.” (Nyagblɔla 7:10) Ne míagblɔe bubui la, meganɔ tame bum le nusiwo dzɔ va yi la ŋu o; wɔ fifi ɣeyiɣia kple mɔnukpɔkpɔ siwo kpe ɖe eŋu la ŋudɔ. Esi Bill si dze eƒe 20-awo gɔme ƒe xɔlɔ̃ dzo le egbɔ la, nu ma tututue wòwɔ. Egblɔ be: “Eteƒe medidi o meva nɔ xɔ̃ yeyewo dzem eye nyemenɔ tsã ŋu bum boo o. Medze agbagba be madzra ɖo ɖe etsɔme ŋu eye manɔ agbe ɖe fifi nɔnɔmewo nu.”

Aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu aɖe vi, gake àxa nu kokoko ne xɔ̃wò vevi dzo. Eteƒe adidi vie hafi nàŋlɔ vivi siwo miese ɖekae la be eye woagana nàse veve o. Nenɔ susu me na wò ko be, tɔtrɔ ɖe wòvana le agbe me eye eʋua mɔ na wò be nàsu te eye nàtsi. Togbɔ be adze abe ɖe manyawɔ be nàkpɔ xɔlɔ̃ bubu ɖe xɔlɔ̃ tɔxɛ aɖe teƒe keŋkeŋ o ene hã la, àte ŋu atu nɔnɔme aɖewo ɖo siwo ana ‘wò nu nanyo Yehowa kple amewo ŋu.’ (Samuel I, 2:26) Ne èwɔ nenema la, ame anɔ asiwò ɣesiaɣi nàyɔ be ye xɔlɔ̃!

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Enyea vevesese be nàdo hede nyuie na xɔ̃wò vevitɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe