Kpɔ Ðokuiwò Ta tso Nuɖuɖu me Dɔléle Gbɔ
BECKY gblɔ be: “Nyemete ŋu do le nugododeƒe gɔ̃ hã o gaƒoƒo 12 sɔŋ. Dɔmeɖuia nu sẽ vevie. Eye tsi vɔ le lãme nam ale gbegbe be ehiã be woado tsi nam le kɔdzixɔ si me wokpɔa ame gbɔ le kpata. Exɔ kwasiɖa eve alo etɔ̃ hafi megaɖo ame me.”
Nuɖuɖu me dɔ si nye dɔléle si tsoa nuɖuɖu mee dze Becky dzi. Etsi agbe abe alesi amesiwo dzi wòdzena ƒe akpa gãtɔ tsia agbee ene. Gake egaɖoa ŋku nusi me wòto dzi nyuie. Egblɔ be: “Nyemebui be nuɖuɖu me dɔléle ate ŋu ana ame ƒe lãme nagblẽ nenema gbegbe o.”
Dɔléle sia alo esiwo gasesẽ wu esia bɔ ŋutɔ hele fu ɖem. Vɔklui ƒe aziwo, dɔlékuiwo, lãviwo, kple ŋɔvi gbogbo aɖewo dina be yewoade dɔ míaƒe nuɖuɖu me. Eye togbɔ be nuɖuɖu me dɔléle aɖewo dzi ɖe kpɔtɔ le dukɔ deŋgɔwo me le nyitsɔ laa ƒewo me hã la, World Health magazine ka nya ta be “salmonellosis kple dɔléle bubu aɖewo gbe nu sese.”
Nuɖuɖu me dɔlélewo ƒe fuɖename kpɔkpɔ sesẽna elabena womegblɔa eƒe akpa gãtɔ o. Ðk. Jane Koehler si le U.S. Dɔlélenutsidɔwɔƒe la gblɔ be: “Nya la ƒe akpa kakɛ aɖe ŋu koe míenya nu tsoe.”
Nukae hea nuɖuɖu me dɔléle vɛ? Awɔ nuku na wò ŋutɔ be nànya be zi geɖe la, kuxia dzea egɔme xoxoxo hafi nuɖuɖua va ɖoa asi me.
Dɔvɔ̃ aɖe ƒe Agbledede
Egbegbe agbledemɔnuwo na dɔlékuiwo kakana ɖe lãhawo me kabakaba. Le kpɔɖeŋu me, le United States nyilãdzraƒewo la, wolɔa nyiwo tso nyikpo siwo ade 900,000 me kɔna ɖe lãtsoxɔ siwo mede alafa ɖeka o me be woawu. Wo tsɔtsɔ tsaka nenema ate ŋu ana dɔléle si tso lãkpo ɖeka me nakaka azu dɔvɔ̃.
Hekpe ɖe eŋu la, Ðk. Edward L. Menning, Dukɔa ƒe Lãdɔléleŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ si le United States ƒe dɔnunɔla, gblɔ be “dɔlékuiwo de dɔ lãwo ƒe nuɖuɖu akpa blaetɔ̃ le alafa me alo esi wu nenema me.” Ɣeaɖewoɣi la, wotsɔa lãtsoƒea ƒe nutsianyiwo doa ŋusẽ lãwo ƒe nuɖuɖui be wòagade protein geɖe eme—nuwɔna si ate ŋu ana salmonella kple dɔlékui bubuwo nakaka. Ne wona dɔlékuiwutike sue aɖe lãwo be woatsi la, ate ŋu ana dɔlékuiwo magase atikewo o. Ðk. Robert V. Tauxe si le Dɔlélenutsidɔwɔƒea gblɔ be: “Eƒe kpɔɖeŋu nyui aɖee nye salmonella si megale dɔlékuiwutike sem kura o. Míebu be esi wole dɔlékuiwutikewo nam lã ɖuɖuawo tae. Ðewohĩ aleae wòle le dɔlékui bubuwo hã gome.”
Koklo ʋee aɖewo ƒe dɔkavi ŋu koe salmonella nɔna hafi wotsoa koklonyiƒea yia lãtsoƒe, gake nusueŋutinunyala Nelson Cox gblɔ be “agbɔsɔsɔ sia dzina ɖe edzi kabakaba zua blaeve alo blaeve-vɔ-atɔ̃ le alafa me le mɔ dzi.” Ne wolɔ koklowo de kpo sue aɖe me la, wote ŋu xɔa dɔ bɔbɔe. Wo wuwu kple wo tsotso hahoo kabakaba na dɔa gakakana ɖe edzi. Nusueŋutinunyala Gerald Kuester gblɔ be: “Ne kokloawo sɔ gbe azɔ na dzadzra la, woƒoa ɖi abe ke afɔdzido ʋeʋẽ aɖe me wode wo ene. Woate ŋu aklɔ wo, gake dɔlékuiawo aganɔ wo ŋu kokoko.”
Nenema ke afɔku ate ŋu anɔ lã ŋudɔwɔwɔ le agbɔsɔsɔ gã me hã me. The Encyclopedia of Common Diseases gblɔ be: “Nuɖuɖu siwo woɖana le egbegbe nuɖamɔ̃wo me sɔa gbɔ ale gbegbe be nuɖuɖu ɖeka alo eve si me dɔlékuiwo le ate ŋu ade dɔ esi ŋu wotrɔ asi le vɔ ƒe tɔn geɖe me.” Le kpɔɖeŋu me, nyilã kakɛ gbegblẽ ɖeka ate ŋu agblẽ nyilãtutu ɖesiaɖe si to lãtumɔ̃ ma ke me. Hekpe ɖe eŋu la, nuɖuɖu si woɖa le teƒe aɖe koŋ hafi lɔ yi fiasewo kple nuɖuɖudzraƒewo ate ŋu agblẽ ne womedee dzoxɔxɔ nyuitɔ ma ke me le mɔ dzi o.
Nuɖuɖu siwo vaa asi me ƒe neni mee afɔku ate ŋu anɔ? Ðk. Menning gblɔ be: “Ade ƒlekaƒleenu ɖesiaɖe ƒe 60 teti le alafa me.” Gake àte ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso nuɖuɖu me dɔléle gbɔ, elabena FDA Consumer magazine de dzesii be “bemalémalé na nuɖuɖu le aƒeme ye hea dɔléle siawo katã ƒe 30 le alafa me vɛ.” Afɔɖeɖe kawoe nàte ŋu awɔ do ŋgɔ?
Hafi Nàƒlee La . . .
Xlẽ nuŋɔŋlɔ si le edzi. Nukawoe wotsɔ wɔe? Ðɔ ŋu ɖo ne wode azi mumu abe esi le salad-vivinu alo mayonnaise me ene eme. Ele be woaŋlɔ ɖe nyinotsi kple cheese dzi be “woɖae.” Lé ŋku ɖe “woadzrae hafi” alo “woazãe hafi” ƒe ɣletiŋkeke nuxlɔ̃ame siwo le edzi ŋu. Mègatsɔe be afɔku aɖeke mele nuɖuɖu si me womede atikee o la me o; woate ŋu ade dɔ siwo woɖo be atikea naxe mɔ na hafi la lãme na wò.
Lé ŋku ɖe nuɖuɖua kple go si me wòdee ŋu nyuie. Ne nuɖuɖua menyakpɔ o la, mègaƒlee o. Ne tɔmelãe la, ele be tɔmelã si nyo la ƒe ŋku dzi nakɔ, alɔxatsa nabiã, eye mawɔ ŋɔtaŋɔta o, ele be wòasesẽ anɔ mumu, eƒe kakɛwo ŋu nadze anɔ keklẽm, manɔ ʋeʋẽm kũ o. Ele be tɔmelã nanɔ tsikpe suesuewo dzi alo woadee tsifamɔ̃ me. Tɔmelã ɖaɖa kple tɔmelã mumu siwo woada ɖe teƒe ɖeka ate ŋu aɖe dɔ ɖe wo nɔewo ŋu. Azɔ hã nugoe kple kplu ŋɔŋɔ siwo ho lotoo, alo esiwo ƒe teƒe aɖe gbã la ate ŋu ade aɖi si woyɔna be botulin eme—mebɔ o gake enye aɖi wuame si dzea lãmenusesedɔwɔnuwo dzi ɣeaɖewoɣi.
Hafi Nàɖui La . . .
Ðae nyuie. Esiae nye mɔ gãtɔ siwo dzi nàxe mɔ ɖe dɔxɔxɔ nu le dometɔ ɖeka. Ðk. Cohen ɖo aɖaŋu be: “Tsɔe be dɔ le nuɖuɖu ɖesiaɖe si tso lã me ŋu, eye trɔ asi le eŋu nenema.” Ele be woaɖa koklozi be eme nu dzẽa kple ɣiaa siaa nabi asẽ nyuie, menye be wòanɔ tsi kplɔm o. Esi dɔlékui ate ŋu atsi le dzoxɔxɔ Celsius 4° vaseɖe Celsius 60° me ta la, ele be woaɖa lã ale be eƒe titina naxɔ dzo aɖo Celsius 71° eye koklo tɔ naɖo Celsius 82°.
Srɔ̃ alesi nàɖa nu wòanɔ dzadzɛ. Ele be nàklɔ aƒemenuzazã ɖesiaɖe ne èzã wo vɔ. Togbɔ be ame aɖewo gblɔna be dɔlékui ate ŋu abe ɖe ʋuƒo siwo dzi woflia nu le dzi hã la, numekuku aɖe ɖee fia be wonyo wu aŋeʋuƒowo.a Ʋuƒo kae nèzã o ele be nàtsɔ tsi dzodzoe kple adzalẽ aklɔe wòaɖi nyuie. Ame aɖewo doe ɖa be woazã ɖiklɔtike hã. Ne èwɔ lã kple koklolã ŋudɔ vɔ la, nàklɔ asi elabena nusianu si ŋu nàka asii la ate ŋu axɔ dɔ.
Kpɔ game. Tsɔ nusiwo nèƒle va aƒemee kaba alesi nàte ŋui. Hekpe ɖe eŋu la, nuɖuɖuŋutinunyala Gail A. Levey gblɔ be “mele be woaɖe naneke le nufamɔ̃ me wòanɔ gota wu gaƒoƒo eve o, woɖae alo womeɖae o.” Egagblɔ be: “Ne dzoxɔxɔ si le gota wu Celsius 32° la, ke ɖe ɣeyiɣi ma dzi kpɔtɔ wòazu gaƒoƒo ɖeka.”
Hafi Nàdzrae Ðo La . . .
Zã nugoe siwo sɔ. Tsɔ nuɖuɖu dzodzoe de nugoe suewo me ale be woate ŋu afa kaba le nufamɔ̃a me. Ðe mɔ ɖe nugoeawo dome ale be wò nufamɔ̃ alo tsikpewɔmɔ̃a me nagaxɔ dzo o. Tu nu ɖe nugoeawo katã nu bene womagaɖe dɔ ɖe wo nɔewo ŋu o.
Lé ŋku ɖe wò nufamɔ̃a ŋu. Mele be dzoxɔxɔ si le nufamɔ̃a me nawu Celsius -18° o, eye tsikpewɔmɔ̃a me tɔ hã megade Celsius 4° o. Togbɔ be woate ŋu ade lã kple koklolã tsikpewɔmɔ̃a me ɣleti geɖe hã la, woate ŋu ate gbegblẽ le nufamɔ̃a me le ŋkeke aɖewo ko megbe. Ele be woazã koklozi le kwasiɖa etɔ̃ me. Be womagagbã o eye fafa nalé wo nyuie la, anyo wu be woagblẽ wo ɖe woƒe go xoxoa me eye woatsɔe ade nufamɔ̃a ŋutɔ me tsɔ wu be woadee koklozigba si wowɔ ɖe ʋɔtrua ŋu me, afisi nye nufamɔ̃a ƒe teƒe siwo xɔa dzo wu dometɔ ɖeka.
Ne èɖe afɔ siwo katã míegblɔ va yi gake nuɖuɖua ʋẽ alo nèkpɔe be nane gblẽ le eŋu ko la, tsɔe ƒu gbe! Togbɔ be nuɖuɖu me dɔléle vana gadzona eye megblẽa nu boo o hã la, le ame aɖewo—vevietɔ le ɖeviwo, ame tsitsiwo, kple amesiwo ƒe dɔlélenutsiŋutete mele dɔ wɔm nyuie o—gome la, ate ŋu awu wo.b
Ƒe akpe nanewoe nye sia ye Mawu gblɔ na Noa be: “Lãwo, xeviwo, kple tɔmelãwo katã, . . . metsɔ wo katã na mi be woanye nuɖuɖu na mi.” (Mose I, 9:2, 3, Today’s English Version) Lãwuwu ƒe ɖoƒe vovovowo kple wo ŋudɔwɔwɔ le teƒe ɖeka kpakple wo dzadzra yi teƒe geɖe hã ɖee fia be dɔléle geɖe ate ŋu atso lã ɖuɖuwo me. Eyata esi nènye eɖula ta la, wɔ wò akpa dzi. Ðɔ ŋu ɖo ne èyi asiƒleƒe, ne èle nu ɖam, eye ne èle wò nuɖuɖu dzram ɖo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! December 8, 1993, axa 28.
b Ne nuɖuɖu me dɔléle dze dziwò la, ɖi ɖe eme nyuie, eye nàno tsi abe atikutsetsetsi, fufutsi, alo soda ene. Ne lãmenusesedɔwɔnu ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ƒe dzesiwo dze alo ŋudza, ŋuzitsɔame, xeɖeɖe, ʋudede, alo vevesese vevie gbe dzodzo alo wò dɔlélea sesẽ ŋutɔ la, ɖewohĩ anyo be nàkpɔ ɖɔkta.
[Aɖaka si le axa 27]
Ne Menye Aƒeme Nèle Nu Ðum le O
Nuɖuɖu le tsaɖiƒe. Zã tsifago nyui si me tsikpe le. Tsɔe de wò ʋua ƒe amenɔƒe ke menye agbadaɖoƒe o. Tsɔ tsifagoa ɖo fafaƒe ne èɖo modzakaɖeƒea eye nàtu nu ɖe enu. Te nuɖuɖu siwo womeɖa o katã ɖa le nuɖuɖu bubuawo gbɔ. Womekafui be woaɖa nu afa kple afa le aƒeme emegbe woava ɖae nyuie wu o elabena nua ƒe mabimabi na dɔlékuiwo tsina.
Nuɖuƒewo. Ðk. Jonathan Edlow xlɔ̃ nu be: “Mègayi nuɖuƒe si mele dzadzɛ o. Ne nuɖuxɔa me ƒo ɖi la, ke ɖewohĩ dzodoƒea hã ƒo ɖi.” Trɔ nuɖuɖu “dzodzoe” ɖesiaɖe si mexɔ dzo alo womeɖa nyuie o la yii. Mègaɖu koklolã si biã hɛ̃ vie gɔ̃ hã o. Ele be woatɔ koklozi ƒe akpawo kple eve woabi nyuie. FDA Consumer xlɔ̃ nu be: “Zi alesi koklozi me nu dzɛ̃a le tsi kplɔm yooe la, zi nenemae afɔku le emee.”
Salad-dzraƒewo. Esi wònye nuɖuɖu siwo ƒe ɖaɖame kple fafame le vovovoe wotsakana ta la, salad-dzraƒewo wɔa nusi Newsweek magazine yɔ be “dɔlékuiwo ƒe adzrɔɖiƒe nyui.” Lé ŋku ɖe salad-dzraƒea ƒe dzadzɛnyenye ŋu eye nàkpɔ egbɔ be wotsɔ nuɖuɖu siwo le be woafa la ɖo tsikpewo dzi. Ne salad-dzraƒea le dzadzɛ hã la, nuƒlelawo ate ŋu aɖe dɔ ɖe wo nɔewo ŋu. Nusueŋutinunyala Michael Pariza gblɔ be: “Mènya ame mamletɔ si lé gati si ge ɖe nuɖuɖua me o.”
Hadomeƒuƒoƒewo. Ðk. Edlow doe ɖa be ne woka nuɖuɖu ɖe agba me ɖo kplɔ̃ dzi la, ele be amedzroxɔla la “natsɔ nuɖuɖu sue aɖe ko aɖo kplɔ̃ dzi eye wòanɔ ekam tso nufago alo dzolégo me ɖe agbawo me tsɔ wu be wòagblẽ nuɖuɖua ɖe gota ɣeyiɣi didi.” Nuɖuɖu fafawo megade Celsius 4° o eye nuɖuɖu dzodzoe hã nawu Celsius 60°. Ele be woatsɔ lã si woɖa be woava zã emegbe la ade nufamɔ̃ me enumake eye wòanɔ nenema vaseɖe esime wòsɔ gbe be woaɖo ɖe teƒe bubu. Hafi woaɖu nua la, woagate ŋu aɖoe dzo dzi wòaxɔ dzo nyuie.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Ne nuɖuɖua menyakpɔ o la, mègaƒlee o
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Ðe nuɖuƒe si nèɖua nu le ƒe dzodoƒee le dzadzɛa?