3. Ða Nu Beléletɔe Eye Nàdzrae Ðo Nyuie
NUÐALA maɖɔŋuɖo aɖe si nɔ blema Israel la, gbe treklɔnuwo, togbɔ be ‘medze si nu si wònye o’ hã. Eɖa nu sia si menya o la. Eye nua ɖula siwo vɔ̃ be aɖi anya nɔ nuɖuɖua me la do ɣli be: “Ku le zea me!”—2 Fiawo 4:38-41.
Abe ale si kpɔɖeŋu si dze ele etame la ɖee fia ene la, ele be nàkpɔ nyuie le nuɖuɖu si womeɖa kple beléle o la ŋu, elabena ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò alo awu wò gɔ̃ hã. Eya ta be nàƒo asa na dɔlékui siwo gena ɖe nuɖuɖu me la, ele be nàlé be na nu siwo nèɖana eye nàdzra wo ɖo nyuie. Lé ŋku ɖe aɖaŋuɖoɖo ene siwo gbɔna la ŋu:
● Mègada ʋulã ɖe ya nu le xɔ me be fafa nado le eme o.
United States ƒe Agblededɔwɔƒe gblɔ be: “Togbɔ be lã la titina ya akpɔtɔ asẽ esi wodae ɖi be fafa nado le eme hã la, anɔ bɔbɔe be yame ƒe fafa si ɖo dzidzenu Celsius 4 kple eƒe dzoxɔxɔ si ɖo dzidzenu Celsius 60 si me dɔlékuiwo dzina le kabakaba la nawɔe be dɔlékuiwo nage ɖe afi siwo bɔbɔ la ya me.” Eya ta da lã la ɖe nufamɔ, alo microwave (micro-ondes) loo alo nàdee tsi fafɛ me be wòabɔbɔ.
● Ðae wòabi nyuie.
Le Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nya nu la, “dɔlékui vɔ̃ɖiwo katã kloe kuna ne woɖa nuɖuɖu wòbi nyuie.” Ne èle nu ɖam, vevietɔ ne èle detsi ƒom alo le atadi wɔm la, kpɔ egbɔ be dzoa nu sẽ ɖo dzidzenu Celsius 70 ya teti.a Esi wònye be mele bɔbɔe be woanya ne nuɖuɖu aɖewo bi de eto me nyuie o ta la, nuɖala geɖewo zãa dzoxɔxɔdzidzenu tsɔ nyana ne lãwo bi nyuie.
● Ðui kaba.
Mele be woada nu siwo woɖa la ɖi eteƒe nadidi o, eya ta miɖu wo kaba, eye ne anya wɔ la miɖu wo enumake ale be dɔlékuiwo nagaɖo wo me o. De nuɖuɖu siwo hiã be woafa hafi woaɖu la nufamɔ me, eye kpɔ egbɔ be esiwo wòle be woaɖu dzodzoe la naxɔ dzo. Àte ŋu ana lã siwo nèɖa nakpɔtɔ anɔ dzodzoe ne ède wo kpo si ƒe dzoxɔxɔ de dzidzenu Celsius 93 me.
● Lé be na nuɖuɖu si susɔ la nyuie.
Zi geɖe la, Anita, si nye vidada aɖe le Poland, nana eƒe ƒomea ɖua nu siwo wòɖa la lali le eɖaɖa vɔ megbe. Egblɔ be gake ne nuɖuɖua sɔ gbɔ la, ‘yedea wo nu suesuewo me tsɔ dea nufamɔ me le eɖaɖa vɔ megbe teti ale be ne wo ɖuɣi ɖo la, fafa dona le wo me kaba.’ Anyo be miaɖu nu siwo susɔ mietsɔ de nufamɔ me la le ŋkeke etɔ̃ alo ene me.
Ame bubuwoe ɖaa nuwo le nuɖuɖudzraƒewo, eya ta aleke nàwɔ akpɔ wò ƒomea ta ne miebe yewoaɖu nu le nuɖuɖudzraƒe?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le nuɖuɖu aɖewo abe ʋulã gome la, ele be dzoa nu nasẽ wu.
[Aɖaka si le axa 6]
NA HEHE VIWÒWO: “Ne vinyewo be yewoaɖa nane la, meɖoa ŋku edzi na wo be woaxlẽ mɔfiame siwo le go si me nuɖuɖua le la dzi ahawɔ wo dzi.”—Yuk Ling, Hong Kong