INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 12/8 axa 31
  • Kristmas—Eƒe Dzɔtsoƒe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kristmas—Eƒe Dzɔtsoƒe
  • Nyɔ!—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Egbegbe Kristmas ƒe Dzɔtsoƒewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Kristotɔwo Ƒe Azãe Kristmas Nyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Kristmas—Nukata Woɖunɛ le Ɣedzeƒe Gɔ̃ Hã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nu Ka Tae Ame Aɖewo Meɖua Kristmas O?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Nyɔ!—1995
g95 12/8 axa 31

Kristmas—Eƒe Dzɔtsoƒe

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE ITALIA GBƆ

ESI wòsusɔ ŋkeke etɔ̃ pɛ ko ne woaɖu Kristmas le ƒe 1993 me la, Papa John Paul II gblɔ be Kristmas ɖuɖu medzɔ tso Biblia me o. Le December 25 ƒe azãgbea ŋuti la, papa la lɔ̃ ɖe edzi be: “Le ŋkeke ma dzi le blema trɔ̃subɔlawo ŋɔli la, woɖua ‘Ɣe si Dzi Womate Ŋu Aɖu O’ ƒe dzigbezã wòdoa go ɖe vuvɔŋɔli me ŋkeke si dzi ɣe la ɖoa anyigba ƒe anyiehe ke la nu.” Ke aleke Kristmas dzɔe? Papa la yi edzi be: “Edze nusi me susu le eye wòsɔ na Kristotɔwo be woatsɔ Yesu Kristo, Ɣe vavã ɖeka hɔ̃ la, ƒe azãɖuɖu aɖo ŋkekenyui ma teƒe.”

Nyadzɔdzɔŋlɔla Nello Ajello ŋlɔ ɖe La Repub­blica me be: “Ne míagblɔe bubui la, ame aɖee yɔ ŋkeke kpakpa, gbegblẽ, si wosusu gblɔ la be eya dzie wodzi Yesu le.” Ɣekaɣie wokpa nya sia? Vatican ƒe nyadzɔdzɔŋlɔƒe aɖe gblɔ be: “Ƒe 354 [M.Ŋ.] mee woɖu Kristmas-zã la zi gbãtɔ.”

Ke January 6, Epiphany, si woɖuna tsɔ ɖoa ŋku Ɣletivimefakala Etɔ̃ siwo va srã Yesu vidzĩ la kpɔ ƒe vava dzi ya ɖe? Nyadzɔdzɔŋlɔƒea gblɔ yi edzi be: “Kpeɖodzi geɖe na míexɔe se be trɔ̃subɔlawo ƒe ƒezã aɖe mee January 6 si wotia hã dzɔ tso abe alesi December 25 si nye Romatɔwo ƒe ŋkekenyui si dzi woɖua Yesu ƒe dzigbezã le hã dzɔ tso emee ene. Le nyateƒe me le Alexandria la, le January 5 kple 6 ƒe zã me la, trɔ̃subɔlawo ɖua mawu Aeon (ɣeyiɣi kple mavɔmavɔ ƒe mawu) ƒe dzigbezã. . . . Edze abe ɖe Sɔlemeha la di be yeawɔ azã sia Kristotɔwo ƒe azãe ene.”

Yesu meɖe mɔ na eyomedzelawo gbeɖe be woatsaka tadedeagu vavãtɔ kple trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo o. Ke ɖe wògblɔ na wo be woafia “nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:​19, 20) Hekpe ɖe eŋu la, esi subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli tɔ gbee la, ebia wo be: “Nukaŋuti miawo hã miedaa Mawu ƒe se la dzi le miaƒe kɔawo ŋuti mahã?” (Mateo 15:⁠3) Woate ŋu abia nya ma ke yeaɖi Kristotɔ siwo doa trɔ̃subɔsubɔkɔnuwo ɖe ŋgɔ egbea hã wòasɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe