Nukae Le Dzɔdzɔm le Sukuwo Egbea?
“MÍAƑE Sukuwo Ðo Xaxa Me: Mikplɔ Kpovitɔwo Vɛ Kaba” ye nye tanya si dze le New York City ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe dzi nyitsɔ laa. Dɔwɔƒe si Kpɔa Sukudenyawo Gbɔ le New York City ɖo eya ŋutɔ ƒe dedienɔnɔgbɔkpɔlawo—ame 3,200—siwo tsana le dugã la ƒe suku siwo wu 1,000 me. Fifia ame geɖe le didim be woana dugã me kpovitɔwo nava kpe asi ɖe dedienɔnɔ gbɔ kpɔkpɔ ŋu le sukuwo me. Ðe wohiã vavã?
New York Times me nyati aɖe gblɔ be: “Nyatakaka Ðee Fia be New York City Sukuvi 20% Tsɔa Lãnuwo ɖe Ŋui.” Joseph Fernandez si nye New York City sukuwo ƒe tatɔ tso ƒe 1990 vaseɖe ƒe 1992 me la gblɔ be: “Ʋunyaʋunyawɔwɔ si va le míaƒe dugã sukuwo me fifia la nye esi tɔgbe nyemekpɔ kpɔ o. . . . Esime mexɔ sukutatɔnyenye ƒe dɔa le New York le ƒe 1990 me la, nyemebui be nuwo ava gblẽ alea gbegbe o. Menye nɔnɔme tovo aɖe koe o, nɔnɔme vɔ̃ɖi ŋutɔe wònye.”
Aleke Gbegbe Wògblẽe?
Fernandez ka nya ta be: “Le nye sukutatɔnyenye ƒe ɣleti ewo gbãtɔawo me, le mamã dedie nu la, wowua sukuvi ɖeka ŋkeke eve ɖesiaɖe—wotɔa hɛ ame le tomeketekemɔwo dzi, wodaa tu le sukukpodzi alo le mɔdodowo dzi . . . [Dedienɔnɔgbɔkpɔla] wuiatɔ̃ alo wuiade ye nɔa tsatsam le xɔdomemɔwo kple sukukpowo dzi le suku kɔkɔ aɖewo me.” Egblɔ kpee be: “Nuvlowɔwɔ zu dɔvɔ̃ le míaƒe sukuwo me eye eva hiã be woawɔ afɔɖeɖe deŋgɔ aɖewo. Suku siwo le Chicago, Los Angeles, Detroit—nuto gãwo katã me—ƒe nɔnɔmewo sɔ kple afɔku gã teƒe kple adãnuwɔƒewo tututu kloe.
“Ŋukpe si esia nye va dze ƒã nukutɔe. Le ƒe blaeve siwo va yi me la, míeva lɔ̃ ɖe nusi dzi míalɔ̃ ɖo tsã o la dzi be: Amerika sukuwo zu aʋawɔƒewo. Wonye teƒe siwo vɔvɔ̃ kple ŋɔdzidoname le ɖe dedienɔƒe si woaxɔ nufiame le teƒe.”
Dedienɔnɔgbɔkpɔlawo le suku ƒomevi 245 me le United States, eye le esiawo dometɔ 102 me la, dzɔlawo tsɔa tuwo ɖe asi. Gake menye woawo koe tsɔa tu o. Le numekuku aɖe si Michigan Yunivɛsiti wɔ me la, wobu akɔnta be sukuvi siwo le United States tsɔa tu 270,000 ɖe ŋui vaa suku gbesiagbe, eye womexlẽ lãnu bubuwo ya kpe ɖe eŋu o!
Nɔnɔmea va vloe ɖe edzi wu esi wòaka ɖe eme. Mɔ̃ siwo wotsɔ kpɔa lãnuwo le ame ŋu le sukuwo me mete ŋu xe mɔ ɖe lãnu siwo wole tsɔtsɔm vɛ nu o. Le ƒe 1994 ƒe keleme la, ʋunyaʋunyawɔwɔ ŋuti nyatakaka siwo woxɔ le New York City sukuwo me la dzi ɖe edzi 28 le alafa me ne wotsɔe sɔ kple ƒe si do ŋgɔ ƒe ɣeyiɣi ma ke me tɔ! Phi Delta Kappan na numeɖeɖe tso akɔntabubu aɖe si wowɔ le United States ŋu be: “Esiae nye zi gbãtɔ si nɔnɔme siwo nye ‘kɔdada, nuvlowɔwɔ, kple aglãdzehawo’ xɔ nɔƒe gbãtɔ hekpe ɖe ‘dzimakplanuwɔnawo’ ŋu be woawoe nye kuxi gãtɔ siwo le dziɖuɖua ƒe sukuwo.”
Ʋunyaʋunyawɔwɔ le suku va zu kuxi na sukuwo le dukɔ geɖe me. Le Canada la, Globe and Mail si wotana le Toronto ƒe tanya aɖe xlẽ be: “Sukuwo Va le Afɔkuteƒewo Zum.” Eye numekuku aɖe si wowɔ le Melbourne, Australia, ɖee fia be dzilawo tsɔa gɔmedzesukuvi 60 le alafa ɖesiaɖe me ɖe ʋu me yia suku gatsɔa wo gbɔnae le vɔvɔ̃ be woadze wo dzi alo alé wo sesẽe ta.
Gake kuxia ƒe akpa aɖe koe ʋunyaʋunyawɔwɔ nye. Nu bubuwo le dzɔdzɔm le míaƒe sukuwo siwo hã na míetsi dzi vevie.
Agbenyuinɔnɔ ƒe Nya La
Togbɔ be Biblia gblɔ be matrewɔwɔ—gbɔdɔdɔ kple amesi menye ame srɔ̃ o—nye nu gbegblẽ hã la, womeléa agbenyuinɔnɔ ƒe nufiafia sia me ɖe asi le sukuwo me egbea o. (Efesotɔwo 5:5; Tesalonikatɔwo I, 4:3-5; Nyaɖeɖefia 22:15) Esia gbɔe wòtso vavã be nɔnɔmea va le abe esi ŋu Fernandez ƒo nu tsoe ene esi wògblɔ be: “Míaƒe ƒewuiviwo dometɔ 80 sɔŋ le alafa me ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ me.” Le suku kɔkɔ ɖeka me le Chicago la, sukuvi nyɔnuviawo ƒe mamã ɖe akpa etɔ̃ me ƒe ɖeka fɔ fu!
Woɖo abɔdzokposukuwo ɖe suku aɖewo me be woakpɔ sukuviwo ƒe viwo dzi. Hekpe ɖe ŋu la, womãa kɔndɔm na wo edziedzi wònye agbagbadzedze dzodzro be woatsi AIDS-dɔvɔ̃a kple gbɔmeyaviwo dzidzi si le gã dom ɖe edzi la nu. Ne kɔndɔm mamã medea dzi ƒo na sukuviwo be woawɔ matre o la, ke eda asi ɖe ewɔwɔ dzi. Nukae sukuviwo abu tso agbenyuinɔnɔ ŋu?
Nufiala aɖe si fia nu le yunivɛsiti ɣeyiɣi didi aɖe la gblɔ be “sɔhɛwo ƒe agbɔsɔsɔ wɔnuku aɖe li siwo bunɛ be nyui alo vɔ̃ aɖeke meli o, be alesi nànɔ agbee la nɔ te ɖe alesi nèsena le ɖokuiwò mee dzi.” Nukatae sɔhɛwo bunɛ alea? Nufiala la de dzesii be: “Ðewohĩ woƒe suku kɔkɔ dede me nuteƒekpɔkpɔwoe na wova zu amesiwo bunɛ be agbenyuinɔnɔ aɖeke meli o.” Nukae nye makamaka ɖe agbenyuinɔnɔ dzi alea me tsonuwo?
Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe tala fa konyi nyitsɔ laa be: “Ɣeaɖewoɣi la, edzena abe ame aɖeke medina be woabu fɔ ye ɖe naneke ta o ene. Womedina kura o.” Ẽ, nya lae nye be, ɖesiaɖe nyo! De ŋugble le alesi gbegbe esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe sukuviwo dzii ŋu kpɔ. Esime nufialagã aɖe nɔ nu fiam le yunivɛsiti klass aɖe me ku ɖe Xexemeʋa II kple Nazi-dziɖuɖu ŋu la, ekpɔe be sukuviawo dometɔ geɖe mexɔe se be ele be woabu fɔ ame aɖeke ɖe Nazitɔwo ƒe Ame Gbogbowo Tsɔtsrɔ̃ Ða ŋu o! Nufiala la gblɔ be: “Le sukuviawo ƒe susu me la, Nazitɔwo ƒe Ame Gbogbowo Tsɔtsrɔ̃ Ða nye dzɔdzɔmefɔku: Enye nusi adzɔ godoo eye womate ŋu axe mɔ ɖe enu o.”
Ameka gbɔe vodadaa tso, ne sukuviwo mete ŋu dea dzesi nusi nye nyui kple vɔ̃ o?
Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me
Ame aɖe si nye nufiala tsã ʋlĩ sukuwo ta be: “Nutoa mee kuxia tso, eye nɔnɔme si le afima xoxo koe sukuwo ɖena fiana.” Enye nyateƒe be asesẽ be woafia nusi kplɔla siwo le nutoa me do kpo wɔwɔ la dzidzedzetɔe.
Le kpɔɖeŋu me, le ɣeyiɣi aɖe si me United States dziɖuɖumegãwo ƒe nunyuimawɔmawɔ va dze gaglã le nyadzɔdzɔgbalẽwo me la, nyadzɔdzɔŋlɔla nyanyɛ aɖe ŋlɔ be: “Nyemenya alesi nufialawo ate ŋu afia agbenyuinɔnɔ le ɣeyiɣi vloe sia me o. . . . Ðevi suewo gɔ̃ hã afia asii agblɔ be, ‘Kpɔ Washington ɖa!’ Wonya . . . be amebaba vɔ̃ɖitɔ kekeake le ŋutinya me yi edzi le xɔ ɣi gã ma me.”
Biblia gblɔe ɖi be “le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava.” (Timoteo II, 3:1-5) Ɣeyiɣi vɔ̃woe nye sia vavã! Le esia ta nuka wɔmee wole be woatsɔ akpɔ kuxi si le sukuwo me gbɔ egbea eye woakpe ɖe sukuviwo ŋu be woaxɔ hehe nyui? Nukae mi dzilawo kple sukuviwo miate ŋu awɔ? Nyati siwo kplɔe ɖo adzro esia me.