Didi be Woaxɔ Hehe si Nyo
HEHE nyui xɔxɔ dzraa ɖeviwo ɖo be woate ŋu akpe akɔ kple egbegbe hadomegbenɔnɔ dzidzedzetɔe. Enana sukununya si me nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ kpakple akɔntabubu nyuie ƒe ŋutete le sua wo si. Hekpe ɖe eŋu la, ekpɔa ŋusẽ ɖe alesi wowɔa nu kple ame bubuwo dzi eye ate ŋu ado ŋusẽ agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo.
Le esi ɣeyiɣi siawo me sẽ ta la, hehe sia ƒomevi nana nye nu sesẽ ŋutɔ. Australia-sukunufiala tsitsi aɖe xa nu be: “Sukuxɔawo me yɔ fũ kple sukuvi siwo lɔ̃a nuvlowɔwɔ, wozãa gbegblẽnyawo kple dzugbewo; ɖevi siwo ŋu ɖeɖi te le esi womedɔ alɔ̃ kaba o le television kpɔkpɔ ta; ɖevi siwo mekpɔa nu nyui ɖuna o alo dɔwuitɔwo; kple dzimakplawo.” Evɔ nufialawo agblɔ na wò be: “Màte ŋu afia nu ɖevi totitritɔwo o.”
Albert Shanker si nye zimenɔla na Amerika Nufialawo ƒe Habɔbɔ ƒo nu tso nufialawo ƒe kuxia ŋu be: “Eva hiã be woafia nu tso atike vɔ̃ɖi kple aha muame ŋu, woafia nu tso gbɔdɔdɔ, . . . alesi sukuviwo ade asixɔxɔ wo ɖokui ŋu, alesi woade dzesi amesiwo le nuvlowɔha me, . . . kple nu bubu geɖe ŋu. Wofiaa nusianu wo, negbe nusi ŋutɔŋutɔ wòle be woafia wo ko. . . . Nusi wobia be woawɔ enye be woava zu hadomedɔwɔlawo, vidadawo, vifofowo, atikewɔlawo, kpovitɔwo, nuɖuɖuŋutinufialawo, lãmesẽdzikpɔlawo, atikeŋutinufialawo.”
Nukatae wòhiã be nufialawo nawɔ esia? Alesi woƒo nu tso ameƒomevi siwo le sukuxɔ ɖeka me le dugã aɖe si le United States ƒe dzigbeɣedzeƒe gome kpuie la ɖe nusitae fia. The New York Times ka nya ta tso nya siwo eŋutinunyala aɖe gblɔ tso klass ɖeka si me sukuvi 23 le la ŋu. Egblɔ be “anɔ eme be wo dometɔ 8 vaseɖe 15 da ahe; 3 dadawo nye atikevɔ̃ɖizãlawo; 15 li kple dzilaɖekɛwo.”
Edze ƒã be ƒomewo le gbagbãm. Le United States la, ɖevi 3 ɖesiaɖe si woadzi dometɔ 1 nye gbɔmeyavi, eye srɔ̃ɖeɖe 2 ɖesiaɖe dometɔ 1 wua enu ɖe srɔ̃gbegbe me. Gake gbɔmeyaviwo dzidzi ƒe xexlẽmea yi dzi boo wu gɔ̃ hã le Denmark, France, Great Britain, kple Sweden. Agbagba ka dzem wole be woakpe akɔ kple kuxi siwo nɔnɔme sia he vɛ le sukuwo me?
Egbɔkpɔnuwo Didi
Woɖo suku ƒomevi bubuwo be woate wo kpɔ alo woaxɔ ɖe esiwo li teƒe. Zi geɖe la esiawo nɔa sue—si na edzikpɔkpɔ nyuie le bɔbɔe—eye wo dometɔ geɖe trɔ asi le woa ŋutɔwo ƒe nusrɔ̃ɖoɖowo ŋu be woate ŋu akpɔ ɖeviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie wu. Le New York City la, woɖo suku sue siawo 48 tso ƒe 1993 me, eye wogale ɖoɖo wɔm ɖe 50 bubuwo ŋu. The New York Times de dzesii be: “Ʋunyaʋunyawɔwɔ [le suku] gbɔe wòtso be wole mɔnu siawo tem kpɔ.” Kaka ƒe 1992 me la, woɖo suku bubu 500 ɖe Russia eye sukuvi siwo wu 333,000 ye dena.
Gake The Toronto Star ka nya ta be: “Ame akpe geɖe le wo viwo ɖem yi suku siwo ame ɖekaɖekawo ɖo.” Le Canada ƒe nuto si nye Ontario ɖeɖe me la, ɖevi siwo ade 75,000 dea suku siwo menye dziɖuɖua tɔ o. Esiawo bɔ ɖe Russia hã fifia, eye magazine si nye China Today gblɔ be ɖeko wodo zi ɖeka le China “abe hlo siwo do ɖe kɔ dzi le adame tsidzadza megbe ene.” The Handbook of Private Schools ŋlɔ suku siawo ƒomevi siwo ade 1,700 le United States ƒe ŋkɔwo ɖi, siwo ƒe ƒe ɖeka sukufe ate ŋu ade $20,000 alo awu nenema.
Dzila aɖewo hã tiae be yewo viwo nade suku le aƒeme. Le United States ɖeɖe dzaa la, wobu akɔnta be amesiwo dea suku le aƒeme ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 15,000 le ƒe 1970 va ɖo amesiwo ade miliɔn ɖeka le ƒe 1995 me.
Emetsonu Siwo To Vovo
Menye suku ƒe ɖoɖo siwo le xexeame katãe le emetsonu siawo tɔgbe kpɔm o. Le July 1993 me la, Shanker gblɔ na United States nufialawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be: “Dukɔ bubuwo ɖo suku siwo le dzidzedze kpɔm wu mía tɔ sã.” Be wòana kpɔɖeŋu la, egblɔ be yedo go srɔ̃tɔ aɖewo siwo ʋu tso Russia va United States. Eka nya ta be: “Wogblɔ nam be togbɔ be yewo de ɖevia suku nyuitɔ si ame aɖe ɖo hã la, yewo vi si le sukuxɔ enyilia me la va le nusi wofiae le sukuxɔ etɔ̃lia me le yewode la srɔ̃m.”
Soviet Union si nɔ anyi tsã ɖo suku si fia nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ dukɔa me viwo katã kloe. Gake Dɔwɔƒe si Kpɔa Agbalẽsrɔ̃nyawo Gbɔ le United States bu akɔnta be Amerikatɔ miliɔn 27 mate ŋu axlẽ mɔdododzidzesiwo alo xexlẽdzesi siwo le ʋuwo ŋu o. Australia ƒe Canberra Times ka nya ta be “gɔmedzesukuvi siwo ade 25 le alafa me yia suku kɔkɔ evɔ womenya nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ o.”
Fifia kuxi siwo le sukuwo me kaka ɖo afisiafi kloe. Agbalẽ si nye Education and Society in the New Russia si wota le ƒe 1994 me gblɔ be “nufiala siwo le Soviet siwo wobia gbee la dometɔ 72.6 le alafa me lɔ̃ ɖe edzi be sukuwo ɖo afɔku gã aɖe me.” Tanya, amesi fia nu ɣeyiɣi didi aɖe le Moscow gblɔ be nusi gbɔ kuxia tso koŋue nye be “dzilawo kple sukuviawo ŋutɔ megadea asixɔxɔ sukudede ŋu o.” Le kpɔɖeŋu me, ede dzesii be “bɔs-kula ƒe fetu ƒe afã koe woxena na nufiala—alo medena nenema gɔ̃ hã o.”
Nusɔsrɔ̃ Nyuie Hiã
Esi ameƒomea ƒe nuɖoanyiwo me le sesẽm ɖe edzi la, nusɔsrɔ̃ nyuie va le vevie wu. Le teƒe geɖe la, afisi sɔhɛ ade suku ase ɖo ale be wòate ŋu akpɔ dɔ si akpɔ eya kple ƒome si ava nɔ esi le etsɔme ƒe nuhiahiãwo gbɔ la yi dzi. Eyata mɔnukpɔkpɔ asu amesiwo srɔ̃ asinudɔ bɔbɔewo si be woakpɔ dɔ kaba wu. Nu vevi ɖeka ŋu koe dɔtɔwo tsia dzi ɖo—alesi dɔbiala la ate ŋu awɔ dɔa nyuie.
Dɔwɔƒe si kpɔa dɔdilawo ƒe nyawo gbɔ ƒe amegã kpɔ esia dzesii le suku kɔkɔ nuwulawo ŋu be: “Womefia wo alesi woawɔ dɔe o.” Egblɔ kpee be: “Le dɔwɔwɔ kple sɔhɛwo me la, nya si dɔtɔwo gblɔna zi geɖe enye be womete ŋu xlẽa nu alo ŋlɔa nu nyuie o. Womate ŋu akpe dɔbiagbalẽvi ɖo o.”
Dzilawo adi godo be yewo viwo naxɔ hehe nyui, eye nunyatɔe la sɔhɛwo adii na wo ɖokui. Gake ele vevie be woawɔ nusiwo hiã la ŋuti dɔ. Nukawoe nye nu vevi siawo, eye aleke woawɔ wo ŋuti dɔe?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 18]
Le Russia la, “bɔs-kula ƒe fetu ƒe afã koe woxena na nufiala”