Biblia ƒe Nukpɔsusu
Mariae Nye “Mawu Dadaa”?
“OO MAWU DADA, WÒ NUBLANUIKPƆKPƆ ƑE TAKPƆKPƆ TEE MÍEDIA SITSOƑE LE; MÉGAGBE MÍAƑE KUÐEÐE LE HIÃ ME O KE ÐE MÍ TSO TSƆTSRƆ̃ ÐIKAA ME, OO WÒ AMESI ÐEÐEKO WOYRA.”
GBEDODOÐA sia tɔgbe ɖe ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖe siwo subɔa Maria, Yesu Kristo dada la, ƒe seselelãmewo gblɔ kpokploe. Le woƒe nukpɔsusu nu la, enye vidada teƒenɔla dɔmenyotɔ si ate ŋu axɔ nya ɖe wo nu le Mawu gbɔ eye wòatrɔ alesi wòadrɔ̃ ʋɔnu woe le mɔ aɖe nu.
Gake ɖe Maria nye “Mawu Dada” nyateƒea?
Maria—Mawu ‘Ve Enu Ŋutɔ’
Ðikeke mele eme o be ‘wove’ Maria ‘nu ŋutɔ’—nyateƒee, wove enu wu nyɔnu bubu ɖesiaɖe si nɔ anyi kpɔ. (Luka 1:28) Mawudɔla Gabriel do ɖe edzi eye wògblɔ mɔnukpɔkpɔ si gbegbe woanɛ la nɛ. Egblɔ be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi.” Aleke nu wɔnuku sia adzɔe? Gabriel yi edzi be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.”—Luka 1:31, 32, 35.
Maria gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye, ava me nam le wò nya la nu.” (Luka 1:38) Eyata Maria lɔ̃ ɖe Mawu ƒe mɔfiame sia dzi ɖokuibɔbɔtɔe eye wòva dzi Yesu emegbe.
Gake le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, eyomedzela veviwo va doe ɖe dzi tso “Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu” bɔbɔɖeanyi si wònye la dzi wòva zu “fianyɔnu” si si ŋusẽ geɖe le le dziƒo. Hakplɔlawo da ŋkɔ ɖe edzi koŋ be “Mawu Dada” le ƒe 431 M.Ŋ. me le Efeso ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe me. Nukae he tɔtrɔ sia vɛ? Papa John Paul II gblɔ nusiwo hee vɛ la dometɔ ɖeka be: “Subɔsubɔ vavã tsɔtsɔ na Mawu Dada la . . . ƒo ke ɖe to sesĩe le Mawuɖekaetɔ̃ Kɔkɔe la ƒe Ŋutinya Ɣaɣla la me.”—Crossing the Threshold of Hope.
Eyata lɔlɔ̃ ɖe edzi be Maria nye “Mawu Dada” la nɔ te ɖe Mawuɖekaetɔ̃ dzixɔxɔse dzi. Gake ɖe Mawuɖekaetɔ̃ nye Biblia ƒe nufiafia?a Taflatse dzro nusi apostolo Petro ŋlɔ ɖe Biblia me la me kpɔ. Exlɔ̃ nu be “aʋatsonufialawo . . . atsɔ aʋatsonya vɔ̃ɖiwo atra ɖe eme dzaa [eye] woatsɔ woƒe nyakpakpawo ate kpɔ be yewoadi viɖe le miawo hã ŋu.” (Petro II, 2:1, 3, The New Testament in Modern English, si J. B. Phillips ŋlɔ) Aʋatsonufiafia siawo ƒe ɖee nye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la. Esi woxɔ nya ma dzi se ko la, susu si nye be Mariae nye “Mawu Dada” (Hela: Theotokos si gɔmee nye “Mawu-dzila”) la dze nusi me susu le. Geoffrey Ashe gblɔ le eƒe agbalẽ The Virgin me be “ne Kristo nye Mawu, Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Ame Evelia,” abe alesi Mawuɖekaetɔ̃fialawo susui ene “la, ke amesi nye dadaa le eƒe amegbetɔzuzu me lae nye Mawu Dada.”
Ne Yesue nye “Mawu blibo la katã” abe alesi Katoliko Ha la ƒe Katekismo yeyea gblɔ ene la, ke esɔ be woayɔ Maria be “Mawu Dada.” Gake ele be míagblɔe be esesẽ na Mawuɖekaetɔ̃fiala siwo nɔ anyi tsã dometɔ geɖe ŋutɔ be woaxɔ nufiafia sia esime wodoe ɖa zi gbãtɔ—abe alesi wòsesẽ na Protestant Mawuɖekaetɔ̃fialawo egbea ene. Woyɔnɛ be “subɔsubɔnya si ate ŋu anye nyateƒe, ‘amesi dziƒo melolo nɛ wòanɔ o la te ŋu nɔ eƒe vidzidɔ me.’” (The Virgin)—Tsɔe sɔ kple Fiawo I, 8:27.
Gake ɖe Yesu Kristo nye “Mawu blibo la katã” nyateƒea? Ao, megblɔe nenema kpɔ o. Ke boŋ egblɔ ɣesiaɣi be yebɔbɔ ɖe anyi wu ye Fofo.—Kpɔ Mateo 26:39; Marko 13:32; Yohanes 14:28; Korintotɔwo I, 15:27, 28.
‘De Ta Agu Alesi Dze Nuwɔwɔ Butamewo’
Gake Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woawɔ woƒe tamebubu ƒe ŋutete ŋudɔ le tadedeagu me. Womebia tso mía si be míaxɔ nusi dzi wotsyɔ nui be enye nyaɣaɣla la dzi ase o. Ke boŋ apostolo Paulo gblɔ be ele be ‘míade ta agu alesi dze nuwɔwɔ butamewo.’—Romatɔwo 12:1, JB.
Anne si wonyi Katolikotɔe la gblɔ be: “Womedea dzi ƒo na mí gbeɖe be míabu eŋu o. Míekea ɖii gbeɖe o. Ðeko míexɔe se be Yesue nye Mawu, eyata Mariae nye ‘Mawu Dada’—ewɔ nuku ŋutɔ!” Ðo ŋku edzi be Katoliko Ha la ƒe Katekismo gblɔ be “Mawu ƒe Ðekawɔwɔ” me tɔ ɖesiaɖe nye “Mawu blibo la katã.” Egblɔ be menye mawu vovovo etɔ̃e li o. Ke ɖe wòle be míaxɔe se azɔ be esi lãmenugbagbevi siwo nɔ Maria ƒe vidzidɔ me mã gagbugbɔ mã ake la, “Mawu blibo la katã” nɔ ʋukɔe ɖeka me eye wòtsi le eƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me henɔ sue wu asibide ƒe aba ɖeka mamã ɖe ene me ƒe ɖeka, eye ŋku kple towo nɔ totom ɖe eŋu suesuea?
Ðo ŋku edzi be mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria be woayɔ via be “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi” kple “Mawu viŋutsuvi,” ke menye “Mawu Vi la o.” Ne Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ nyateƒe la, ke nukatae mawudɔla Gabriel mezã nya ma ke si Mawuɖekaetɔ̃fialawo zãna egbea—be “Mawu Vi la” o? Gabriel mezã nya sia o elabena nufiafia ma mele Biblia me o.
Enye nyateƒe be míate ŋu ase Mawu ƒe dɔwɔwɔwo gɔme keŋkeŋ o. Gake Ŋɔŋlɔawo gɔmesese nyuie akpe ɖe mía ŋu míase egɔme be ŋusẽ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ, nu gbagbewo katã Wɔla, la si be wòatsɔ Via lɔlɔ̃a Yesu Kristo ƒe agbe ade Maria ƒe vidzidɔ me nukutɔe eye wòakpɔ eta wòatsi to Eƒe dɔwɔŋusẽ alo gbɔgbɔ kɔkɔea dzi vaseɖe esime Maria nava zu Yesu—Mawu ƒe Vi la—dada.
Ẽ, woyra Maria ŋutɔ wònye amesi va zu Kristo la dada. Menye bubumademade eŋue wònye be woalɔ̃ ɖe edzi be Biblia ƒe nufiafia si me kɔ—kple Maria ŋutɔ ƒe ɖokuibɔbɔ ŋutinya—te fli ɖe dzesideŋkɔ “Mawu Dada” tsɔtsɔ nɛ me o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Taflatse kpɔ Ðe Wòle be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]
Museo del Prado, Madrid