INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 2/8 axa 26-28
  • Nɔnɔme Ziamedzi—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Agbe Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔnɔme Ziamedzi—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Agbe Dzia?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ekpɔkpɔ Menye Edzixɔxɔse O
  • Edza Gake Medza Tututu O
  • Susua Wɔa Fu Wo
  • Nusi dzi Manya Ðu O Dzi Ðuɖu
  • Gbɔdzɔe Kpɔkpɔ tso Tamesusu Kple Nuwɔna Ziamedziwo Me
  • 1 | Gbedodoɖa—‘Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Edzi’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Ne Tagbɔdɔ Le Fu Ðem na Wò Ame Aɖe
    Nyɔ!—2004
  • Mɔkpɔkpɔ Si Li na Dɔnɔawo
    Nyɔ!—2004
  • Tenɔnɔ Ðe Seselelãme Trama Dɔwo Nu
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 2/8 axa 26-28

Nɔnɔme Ziamedzi—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Agbe Dzia?

Keitha gblɔ be: “Mefɔna ga 6 ŋdi sia ŋdi. Metro nye gaƒoɖokuia da ɖe ga 6 dzi wòƒoa ga le eɖokui si. Menya be metroe da ɖi. Nyemetrɔnɛ o. Gake megaléa ŋku ɖe eŋu kokoko. Mekpɔnɛ ɖa zi atɔ̃ ya teti zã sia zã hafi mlɔa anyi. Eye gamlekpuidzosiƒeawo hã—ele be maka ɖe edzi be metsi ɖesiaɖe. Mekpɔa egbɔ be wotsi, gake ele be matrɔ ayi akpɔe ɖa zi ɖeka, zi eve, zi etɔ̃—be maka ɖe edzi godoo. Emegbe ele be mava kpɔ nufamɔ̃a ƒe ʋɔtru hã ɖa zi geɖe ne maka ɖe edzi be ele tutu. Azɔ ele be makpɔ ʋɔtru suetɔ kple gameti eve siwo le aƒea ƒe agbogã ŋu hã ɖa . . .”

DƆLÉLE si nye tamesusu-nuwɔna ziamedzi (OCD) si woɖɔ be enye nɔnɔme gbɔdzɔame si nyea tamesusuwo (seselelãmewo) kple nuwɔnawo (ameʋãnuwo) siwo gbɔ eme ye le fu ɖem na Keith.b Amesi ŋu OCD le senɛ le eɖokui me be ɖeko tamesusu kple nuwɔna siawo va na le wo ɖokui si. Ele abe woa ŋutɔwoe ge ɖe mewò sesẽtɔe heɖu dziwò ene.

Tamesusu kple ameʋãnu siwo womedi hafi o ɖoa ame ɖesiaɖe me ɣeaɖewoɣi. Gake le OCD gome la, wovana atraɖii heɖea fu na ame ale gbegbe be wodoa kplamatse agbenɔnɔ eye wòna wodea vovo ge dokpoe, si na woléa blanui vevie ɣeaɖewoɣi. Fukpela ɖeka gblɔ be: “Susumeʋawɔwɔ atraɖii na mebu ɖokuinye wuwu ŋu.” De ŋugble le dɔléle wɔmoya sia ƒe dzesi aɖewo ŋu kpɔ.

Ekpɔkpɔ Menye Edzixɔxɔse O

Esi Bruce ku eƒe ʋu to kpo aɖe dzi la, vɔvɔ̃ gã aɖe lée. Ebia eɖokui be: ‘Ne afɔzɔla aɖe dzie mezɔ ɖe?’ Seselelãmea sẽ ɖe edzi vaseɖe esime wòhiã be wòatrɔ ayi “hlɔ̃doƒea” aɖakpɔe ɖa godoo—menye zi ɖeka ko o ke zi geɖe! Le nyateƒe me la, Bruce mekpɔ afɔzɔla aɖeke si xɔ abi o. Gake meka ɖe edzi o! Eyata esi wòɖo aƒeme la, elé to ɖe nyadzɔdzɔwo ŋu be ɖe woka nya ta be ʋukula aɖe ƒo ame hesi hã. Eƒo ka na kpovitɔwo be “yeaʋu nuvɔ̃ me” gɔ̃ hã.

Abe Bruce ene la, ɖikekewo ɖea fu na amesiwo ŋu OCD le dometɔ geɖe: ‘Ðe mewɔ nuvevi ame aɖea? Metsi gamlea hafi do le aƒea mea? Metu ʋɔa fifia?’ Susu siawo tɔgbe ate ŋu ava na ame akpa gãtɔ ɣeaɖewoɣi, gake amesi ŋu OCD le la ava kpɔe agakpɔe ake gake madze eme nɛ o. Ðk. Judith Rapoport ŋlɔe be: “Edze abe ɖe dɔnɔ siwo vaa gbɔnye nɔa gbɔgblɔm be ‘sidzenuwo ƒe nukpɔkpɔ me koe sidzedze tsona’ ene. Esia ta ele be woatro gametia agatroe ake; woasi akaɖia atsii, asii agatsii. Nuwɔna siawo naa nyatakaka wo enumake gake menaa kakaɖedzi wo o.”

Edza Gake Medza Tututu O

Ƒe-14-vi aɖe si ŋkɔe nye Charles vɔ̃na be dɔlékuiwo ava de dɔ lãme na ye. Ele be dadaa natsɔ ɖiklɔtike aklɔ nusianu si ŋuti wòaka asii. Hekpe ɖe eŋu la, Charles vɔ̃na be amedzrowo atsɔ ɖi tso gota vɛ.

Fran ƒe dzi medzea eme ne ele eƒe awu nyãm o. Egblɔ be: “Ne mele awuawo ɖem eye woka nunyãmɔ̃a ŋu la, ke ele be magbugbɔ wo anyã.”

Abe Charles kple Fran ene la, dɔlékuiwo kple ɖiƒoƒo ŋue amesiwo ŋu OCD le dometɔ geɖe ƒe susuwo nɔna. Esia ate ŋu ana woale tsi alo aklɔ asi ʋuu ale gbegbe be wòava ɖo loholoho ɣeaɖewoɣi—gake kokoko la, dɔnɔa mesenɛ le eɖokui me be ye ŋu kɔ o.

Susua Wɔa Fu Wo

Bubumademade Mawu ŋu ƒe susu siwo Elaine medi o ɖea fu nɛ. Egblɔ be: “Nusiawo nye nusiwo nyemate ŋu aɖo awɔ gbeɖe o, eye ne meku la, enyo wu be maɖoe awɔ.” Gake susuawo gbe dzodzo. “Ʋiʋli gbesiagbe be maɖu susu siawo dzi na ɖeɖi tea ŋunye vevie le zã me ɣeaɖewoɣi.”

Steven ƒe vodadawo ŋuti fɔɖiɖi ƒe seselelãmewo na “wòkaa atam” na Mawu. Egblɔ be: “Nuwɔna sia na mexaa nu elabena edze be menye nye didi wònye o. Emegbe nye dzitsinya ɖeam ɖe enu be mawɔ ŋugbe si medo dzi. Esia na megblẽ nu xɔasi aɖe dome kpɔ.”

Seselelãme si nɔa susua me koŋue le fu ɖem na Elaine kple Steven. Togbɔ be woƒe dzesiwo medzena enumake o hã la, amesiwo tamesusu ziamedziwo ɖea fu na la nɔa fɔɖiɖi kple vɔvɔ̃ ƒe ga me.

OCD ƒe dzesi gbogboawo ƒe ɖewo koe nye siawo.c Nukae hea dɔléle sia vɛ? Aleke woawɔ akpɔ gbɔdzɔe?

Nusi dzi Manya Ðu O Dzi Ðuɖu

Ðɔkta aɖe ƒo nu tso OCD ƒe nuwɔna ŋu be etso “ahɔhɔ̃a ƒe nyaxɔƒe” si dzi lãmenusese ƒe nyatakakawo meléna ɖo o gbɔ eye “nyatakakaa ɖina gaɖina ake.” Nukae na nya siawo ganɔ ɖiɖim? Ame aɖeke menya o. Ewɔ abe ahɔhɔ̃metsi si naa ahɔhɔ̃menugbagbeviwo dzea si lãmekawo ƒe dɔwɔwɔ hã le eme ene, gake wole nu me kum tso ahɔhɔ̃a ƒe akpa bubuwo hã ŋu. Ame aɖewo gblɔ be ɖevi me nuteƒekpɔkpɔwo ate ŋu ade dzo OCD me, ɖewohĩ ne etsaka kple domenyiŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ.

Gake nuka gbɔe wòɖatso o, nyateƒe sia me kɔ be: Anɔ eme be gbɔgblɔ na amesiwo ŋu OCD le ko be woadzudzɔ nunyanyã alo nuwo kpɔkpɔ ɖa madze edzi o. Ebia nu geɖe wu eɖoɖo kplikpaa ko.

Atikewɔwɔ kpe ɖe ame geɖe ŋu. Mɔnu bubue nye be woana dɔnɔa nakpɔ nusi wòvɔ̃na eye woaxe mɔ ɖe alesi wòwɔa nu ɖe eŋui nu. Le kpɔɖeŋu me, woagblɔ na amesi nyãa nu atraɖii be wòakɔ nu ƒoɖi aɖe ahagbe enyanyã. Nyateƒee, esia wɔwɔ mayɔ dɔ amea zi ɖeka o. Gake le kutrikuku me la, ame aɖewo susu be ate ŋu ana gbɔdzɔe.

Eŋutinunyalawo srɔ̃e hã be ate ŋu adzɔ le go aɖewo me ya teti be OCD atso ɖevime nuteƒekpɔkpɔwo gbɔ. Wode dzesii be ɖevi siwo ŋu wowɔ ŋlɔmi le dometɔ geɖe va tsina kple seselelãme be yewonye ame maɖinu kple ame ƒoɖiwo, eye nunyanyã dzizizitɔe va zua nu tsia wo dometɔ aɖewo si.

Gbɔdzɔe Kpɔkpɔ tso Tamesusu Kple Nuwɔna Ziamedziwo Me

Ne OCD ɖea fu na wò la, mègatsɔe be yeto vovo alo be ɖewohĩ tsu kum yele o. Ðk. Lee Baer ŋlɔ be: “Nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ bubu siwo katã le amesiwo ŋu OCD le ƒe agbenɔnɔ me le nyanya na wo, negbe vɔvɔ̃ tɔxɛ siwo le wo me ko.” Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò! Ðo ŋku edzi be blibomademade gbɔe OCD tso. Menye gbɔdzɔgbɔdzɔ le agbenyuinɔnɔ me alo kpododonu le gbɔgbɔ me ƒe dzesi wònye o! Eye mefia hã be wò nu medzea Mawu ŋu o. “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.”—Psalmo 103:8, 14.

Ke ne tamesusu ɖefunameawo dze abe bubumadeameŋu alo busunya ene ɖe? Le OCD gome la, susu siwo na wotsria ame hea fɔɖiɖi vɛ, eye fɔɖiɖi ate ŋu ahe susu siwo na wotsria ame geɖe vɛ. Elaine gblɔ be: “Ekua dzi nam vevie. Ena metsia dzodzodzoe—henɔa ebum ɣesiaɣi be ɖewohĩ Yehowa bi dzi ɖe ŋunye.” Ame aɖewo abui gɔ̃ hã be yewoƒe tamesusuwo sɔ kple nuvɔ̃ si womatsɔ ake o!

Gake eme kɔ be nya si Yesu gblɔ le nuvɔ̃ si womatsɔ ake o ŋu, nuvɔ̃ si wowɔ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu la, meku ɖe tamesusu ɖefuname si womeɖo wɔ o ŋu kura o. (Mateo 12:31, 32) Farisitɔwo ŋue Yesu gblɔ nya la ɖo. Enya be nuɖowɔ koŋue woƒe amedzidzedzea nye. Woƒe nuɖowɔwo tso dzi si me yɔ fũ kple fuléle me.

Nyateƒee, dzitsitsi be ɖewohĩ yedze agɔ le Mawu dzi ɖeɖe fia be menye nuvɔ̃ si womatsɔ ake o ye nèwɔ o. (Yesaya 66:2) Azɔ hã enyanya be Wɔla la sea dɔléle sia gɔme naa kakaɖedzi ame. Nublanuikpɔla wònye eye ‘elɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Psalmo 86:5; Petro II, 3:9) Ne mía ŋutɔwo ƒe dzi bu fɔ mí hã la, “Mawu enye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nuwo katã.” (Yohanes I, 3:20) Enya tamesusu kple ameʋãnu si gbegbe tsoa dɔléle si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o me. Eyata amesi ŋu OCD le eye wòkpɔ esia dze sii la ate ŋu adzudzɔ fɔɖiɖi madzemadzewo tsɔtsɔ wɔ fu eɖokui.

Aleke gbegbe míedaa akpe enye si be Yehowa do xexe yeye si me míavo tso ŋutilã, susu, kple seselelãme dɔlélewo me ƒe ŋugbe! (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Hafi ɣemaɣi naɖo la, amesiwo ŋu dɔléle sia le ate ŋu awɔ afɔɖeɖe nyui aɖewo atsɔ aɖe woƒe fukpekpea ɖa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

b Nyɔ! meda asi ɖe gbedada ɖeka aɖeke dzi o. Kristotɔ siwo ŋu dɔléle sia le nakpɔ nyuie be atike ɖesiaɖe si woawɔ la matsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o.

c Dzesi gbogbo bubuwo ƒe ʋee aɖewoe nye nuxexlẽ alo kɔlili nuwo ɖi gleglegle alo dzitsitsi fũ ɖe nuwo ƒe sɔsɔ ŋu.

[Aɖaka si le axa 22]

Be Nàna Kpekpeɖeŋu

ESI nènye xɔlɔ̃ alo ƒomea me tɔ ta la, àte ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpe ɖe amesi le avu wɔm kple tamesusu-nuwɔna ziamedzi ƒe dɔlélea (OCD).

• Lé ŋku ɖe wò ŋutɔ ƒe nuwɔna ŋu gbã. Ne èxɔe se be fukpela la gbɔdzɔ, enye kuviatɔ, alo totitritɔ la, eya ŋutɔ hã akpɔe eye naneke maʋãe wòawɔ ŋgɔyiyi o.

• Ƒo nu kple dɔnɔa. Nya nusi wòle avu wɔm kpli. Dzimekɔkɔe kple anukwaretɔ si woate ŋu agblɔ dzimenya na nyea afɔɖeɖe gbãtɔ si fukpela awɔ atsɔ anɔ te ɖe OCD ƒe dzesiwo nui zi geɖe.​—⁠Lododowo 17:⁠17.

• Mègatsɔe sɔ kple ame bubuwo o. OCD hea ameʋãnu sesẽ aɖewo vɛ siwo mele abe amesiwo ŋu mele o tɔ ene o. Eyata zi geɖe la, maɖe vi be nàgblɔ alesi nènɔa te ɖe nusiwo ʋãa wò la nu nɛ o.​—⁠Tsɔe sɔ kple Lododowo 18:13.

• Kpe ɖe dɔnɔa ŋu wòaɖo taɖodzinu ŋutɔŋutɔwo eye wòaɖo wo gbɔ. Tia dzesi aɖe eye nàgblɔ taɖodzinu vovovo siwo dzi woato aɖu edzi nɛ. Tsɔ taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo le bɔbɔe wu dze egɔmee. Le kpɔɖeŋu me, taɖodzinu ɖeka ate ŋu anye be eƒe tsilele maxɔ wu ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe o.

• Kafui ɖe ŋgɔyiyi siwo wòwɔ ta. Kafukafu doa ŋusẽ ame ɖe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Ŋgɔyiyi ɖesiaɖe si wòawɔ⁠—​aleke ke wòle sue o​—⁠le vevie.​—⁠Lododowo 12:25.

Amesi ŋu OCD le gbɔ nɔnɔ ate ŋu ana ƒomea me tɔwo naxaxa le seselelãme gome. Eyata ele be xɔlɔ̃wo nase nu gɔme eye woana kpekpeɖeŋu le mɔ nyui ɖesiaɖe si woate ŋui nu.​—⁠Lododowo 18:⁠24b.

[Nɔnɔmetatawo si le axa 27]

Nuwo kpɔkpɔ ɖa kple nunyanyã fũ—wonye OCD ƒe dzesi eve

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe