INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp23 No. 1 axa 6-7
  • 1 | Gbedodoɖa—‘Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Edzi’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1 | Gbedodoɖa—‘Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Edzi’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Esia Fia
  • Ale Si Esia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu
  • Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Yehowa Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Aleke Mawɔ Aɖu Dzimaɖitsitsi Dzi?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Nɔnɔme Ziamedzi—Ðe Wòkpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Agbe Dzia?
    Nyɔ!—1996
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
wp23 No. 1 axa 6-7
Ŋutsu aɖe si dzi nu te ɖoa tsɔ eƒe asi ɖo akɔta eye wòle gbe dom ɖa.

1 | Gbedodoɖa​—‘Dro Wò Dzimaɖitsitsiwo Katã Ðe Edzi’

BIBLIA GBLƆ BE: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe Mawu dzi, elabena eléa be na mi.’—1 PETRO 5:7.

Nu Si Esia Fia

Yehowa Mawu di be míado gbe ɖa agblɔ nu sia nu si zu agba le mía dzia na ye. (Psalmo 55:22) Míate ŋu ado gbe ɖa tso kuxi ɖe sia ɖe ŋu, eɖalolo alo le sue o. Ne ele vevie na mí koa, ele vevie na Yehowa hã. Eya ta ehiã be míado gbe ɖa nɛ, elabe esia ana míaƒe susu me nadze akɔ anyi.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Ale Si Esia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu

Ne susumedɔléle aɖe le fu ɖem na mí la, ate ŋu awɔ na mí be míetsi akogo. Ame bubuwo metea ŋu sea nu siwo me tom míelea gɔme tututu ɣesiaɣi o. (Lododowo 14:10) Gake ne míedo gbe ɖa gblɔ ale si míele sesem le mía ɖokui me na Mawua, eɖoa to mí nyuie ɣesiaɣi eye wòsea míaƒe nɔnɔmea gɔme na mí. Yehowa ƒe ŋku le mía ŋu, enya míaƒe vevesesewo kple míaƒe kuxiwo, eye edi be míado gbe ɖa tso nu sia nu si le fu ɖem na mí la ŋu.—2 Kronika 6:29, 30.

Gbedodoɖa na Yehowa nana míegakana ɖe edzi geɖe wu be etsɔ ɖe le eme na mí. Míawo hã míate ŋu ase le mía ɖokui me abe hakpalaa ene, egblɔ be: “Wò ŋku le nye fukpekpewo ŋu; ènya nye nuxaxawo nyuie.” (Psalmo 31:7) Ne ele susu me na mí be Yehowa ƒe ŋku le mía ŋu eye enya kuxi siwo me tom míelea, ema ɖeɖe kura ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Gake menye ɖeko Yehowa nya míaƒe kuxiwo ko o. Esea nɔnɔme siwo me tom míele gɔme na mí wu ame bubu ɖe sia ɖe, eye ekpena ɖe mía ŋu míekpɔa akɔfafa kple dzideƒonamenyawo le Biblia me.

Ale Si Biblia Kpena Ðe Eŋu​—Julian

Ale Si Dzimaɖitsitsidɔ Ðea Fu Nam

Julian.

“Dzimaɖitsitsidɔ kple susumedɔléle si nana ame nɔa nane ŋu bum alo nɔa nane wɔm madzudzɔmadzudzɔea le ŋunye. Woyɔna dɔléle sia be obsessive-compulsive disorder (alo trouble obsessionnel compulsif). Ðeko nye dzimaɖitsitsidɔa hona nam zi ɖeka. Mate ŋu anɔ anyi nyuie eye kaka makpɔ koa, metsi dzi vevie evɔ naneke medzɔ hafi o. Megatsia dzi wu ne mele ame dome, elabe nye susu katã nɔa nu si bum wole tso ŋunyea ŋu.

“Ame siwo nya nu tso nye kuxia ŋua kpena ɖe ŋunye ŋutɔ. Le nyateƒe mea, nya siwo wogblɔna ɣeaɖewoɣia menyea esi dim mele be mase hafi o. Gake ale si wodzea agbagba be yewoakpe ɖe ŋunyea dzea ŋunye ŋutɔ.

“Ɣeaɖewoɣia, nye dzimaɖitsitsidɔa kple susumedɔlélea nana wòsesẽna nam be mado gbe ɖa. Ehiã be mawɔ avu kple susua ale be nye susu nate ŋu anɔ nya siwo medi be magblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me ŋu. Zi geɖea, menɔa nu vovovowo ŋu bum le ɣeyiɣi ɖeka me, si wɔnɛ be metɔtɔna ŋutɔ. Ne edzɔ alea, esesẽna nam be magblɔ nye susuwo alo ale si mele sesem le ɖokuinye mea na Yehowa.”

Ale Si Biblia Kpena Ðe Ŋunye

“Meva srɔ̃e le Biblia me be mehiã kokoko be ame ƒe gbedodoɖa nadidi alo wòagblɔ nya eme nakɔ hafi Mawu nasee o. Ɣeaɖewoɣi ne nyemenya nya siwo magblɔ oa, ɖeko megblɔna be: ‘Yehowa meɖe kuku kpe ɖe ŋunye.’ Esia ɖeɖe kura nana mekpɔnɛ be Yehowa se egɔme nam eye enanam nu siwo tututu mehiã le ɣeyiɣi ma me. Azɔ hã, meyi kɔdzi eye ɖɔktawo kpe ɖe ŋunye. Mate ŋu agblɔ kple dzidzɔ be nu eve siawo na nye nɔnɔmea ka ɖe eme wu. Agbagba siwo medze be mate ɖe Fofonye si le dziƒoa ŋu ɖe vi nam ŋutɔ; mekpɔe be elɔ̃m eye wòdi be yeakpe ɖe ŋunye hã.”

Nu Si Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu

Video si nye “Nye Yehowa Xɔlɔ̃—Do Gbe Ða Le Afi Sia Afi.”

Yi jw.org nyatakakadzraɖoƒea be nàsrɔ̃ nu si tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa sea wò gbedodoɖawo eye wòɖoa wo ŋu.

Kpɔ video si nye Nye Yehowa Xɔlɔ̃—Do Gbe Ða Le Afi Sia Afi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe