INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 2/8 axa 24-25
  • Nusi Nàwɔ Ne Èda Vo Ðe Ame Bubuwo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Nàwɔ Ne Èda Vo Ðe Ame Bubuwo Ŋu
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Wò Nunana Tsɔtsɔ Va Vɔsamlekpuia Gbɔ’
  • ‘Gblẽ Wò Nunana la Ði eye Nàyi’
  • Nusi Nàwɔ Ne Èda Vo Ðe Ame Bubuwo Dzi
  • Wɔ Ŋutifafa Kple Nɔviwòa Gbã—Aleke Nàwɔe?
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Mikpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Na Yesu Ƒe Nyawo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Nuwɔnawo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Ti Nu Siwo Naa Ŋutifafa Nɔa Anyi La Yome’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 2/8 axa 24-25

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Nusi Nàwɔ Ne Èda Vo Ðe Ame Bubuwo Ŋu

NANE dzɔ. Èkpɔe nenema. Nɔviwò Kristotɔ megale nu dem eme na wò o. Megblɔ nusi le fu ɖem nɛ o, gake megadoa gbe na wò o—ne wòe doe nɛ gbã ko hafi wòalɔ̃! Ðe wòle be nàte ɖe eŋu abia nusi dzɔa?

Ðewohĩ àbui be, ‘Eka eya ŋutɔ. Ne mèwɔ nane ɖe eŋu la, ele be wòava gblɔe nam.’ Nyateƒee, Biblia de dzi ƒo na amesi ŋu woda vo ɖo be wòayi ava dzra eya kple nɔvia dome ɖo. (Tsɔe sɔ kple Mateo 18:15-17.) Ke vodala ya ɖe? Ðe agba aɖe le edzia?

Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunya me be: “Eyaŋuti ne ètsɔ wò nunana va da ɖe vɔsamlekpuia dzi, eye nèɖo ŋui le afima bena, nya aɖe le nɔviwò ƒe dzi me ɖe ŋutiwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi aɖadzra mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.” (Mateo 5:23, 24) De dzesii be Yesu ƒe nya siawo yi na vodala la. Agba kae le edzi be wòakpɔ nya la gbɔ? Hena nya sia ŋuɖoɖo la, mina míade ŋugble tso nusi Yesu ƒe nyawo fia na ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ siwo nɔ to ɖomee ŋu.

‘Wò Nunana Tsɔtsɔ Va Vɔsamlekpuia Gbɔ’

Yesu ƒe kpɔɖeŋua me kɔ nyuie: Yudatɔ mawusubɔla aɖe va Yerusalem hena azã siwo woɖuna ƒe sia ƒe la dometɔ ɖeka ɖuɖu. Elé nunana ɖe asi—anye lã aɖe—be wòatsɔ asa vɔ na Yehowa.a Menye kɔnu gbɔlo aɖee vɔsasa nye kura o. Agbalẽ si nye Judaism—Practice and Belief ɖe eme be: “Be woatia lã dami, lã si ŋu kpɔtsotso aɖeke mele o, woakpɔe be edokpɔla bibiwo doe kpɔ, woakplɔ wo agogo vɔsamlekpui si me dzo le bibim le la, atsɔ wo ana, ada asi ɖe woƒe ta dzi, woaʋu makɔmakɔnyenye alo fɔɖiɖi me, alo be woatsɔ lã la aɖe adzɔgbee, woade hɛ ve me nɛ, alo be woalée ɖe asi ko—esiawo ɖo kpe gɔmesese kple gãnyenye si le wɔna la ŋu dzi. . . . Ame aɖeke meli si xɔe se be Mawue de se ɖe nuwɔna blibo la katã ŋu . . . si mato eme eye wòagbe dɔwɔwɔ ɖe edzi o.”

Eyata Yesu ƒe nya siwo le Mateo 5:23, 24 kplɔ eƒe nyaselawo ƒe susu yi ɣeyiɣi si ŋu gɔmesese kple vɔvɔ̃ le na Yudatɔ mawusubɔla. Biblia-nyala aɖe ɖɔ nɔnɔmea ale: “Mawusubɔla la ge ɖe gbedoxɔa me; eto akpata vovovoawo me do, Dukɔwo ƒe Akpata, Nyɔnuwo ƒe Akpata, Ŋutsuwo ƒe Akpata. Nunɔlawo ƒe Akpata le esia godo eye ame tsɛ aɖeke mate ŋu age ɖe afima o. Mawusubɔla la tɔ ɖe dometsonua gbɔ, nuwo sɔ gbe be wòatsɔ vɔsalã la ade nunɔla la si; eƒe asiwo le [lã la ƒe ta] dzi be wòaʋu nuvɔ̃ me.”

Le ɣeyiɣi vevi sia me la, mawusubɔla la ɖo ŋku edzi be nya aɖe le ye nɔvi ƒe dzi me ɖe ye ŋuti. Ðewohĩ eya ŋutɔ ƒe dzitsinyae gblɔe nɛ, alo be ekpɔe le nɔvia ƒe nuwɔna ɖe eŋu me be elé nya aɖe ɖe dɔme. Nukae wòle be wòawɔ?

‘Gblẽ Wò Nunana la Ði eye Nàyi’

Yesu ɖe eme be: “Gblẽ wò nunana la ɖe afima le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nayi.” Nukata? Nukae gale vevie le ɣeyiɣi ma me wu vɔsasa na Yehowa? Yesu yi edzi ɖe eme be: “[Dzra] mia kple nɔviwò dome ɖo gbãgbiagbã, hafi nava tsɔ wò nunana la vae.” Eyata mawusubɔla la gblẽa eƒe vɔsalã la ɖe numevɔsamlekpui la gbɔ agbagbee dzo yi nɔvia si ŋu wòda vo ɖo la di ge.

Esi wònye azã ɖumee wole ta la, anɔ eme godoo be nɔvia si ŋu wòda vo ɖo la hã anɔ amesiwo zɔ mɔ va kpe ta ɖe Yerusalem la dome. Ame gbogbo aɖe ŋutɔe le Yerusalem, si ƒe mɔdodowo le xaxɛ eye aƒeawo te ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli. Gake azãɖuɣie wònye eye amedzrowo yɔ dua me fũ.b

Ne amesiwo tso du ɖeka me zɔ mɔ ɖekae eye wodze teƒe ɖeka gɔ̃ hã la, abia agbagbadzedze ŋutɔ be woatsa le du si amewo yɔ la me anɔ ame aɖe dim. Le kpɔɖeŋu me, le Agbadɔŋkekenyuiɖuɣi la, vavalawo tua agbadɔ ɖe dua ƒe akpa ɖesiaɖe kple le mɔwo dzi kpakple abɔwo me le Yerusalem katã. (Mose III, 23:34, 42, 43) Gake ele kokoko be Yudatɔ tadeagula la natsa adi nɔvia si dzi wòda vo ɖo la vaseɖe esime wòakpɔe. Azɔ̃ nukae wòawɔ?

Yesu gblɔ be: ‘Dzra mia kple nɔviwòa dome ɖo.’ Woɖe Helagbe me nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be ‘dzra dome ɖo’ tso dɔwɔnya (di·al·lasʹso) me, si fia “‘be woaɖɔ nu ɖo, be woaɖɔli nu,’ eyata efia ‘be woadzra ame dome ɖo.’” Esi wòdze agbagba di nɔvia si ŋu wòda vo ɖo ʋuu kpɔe la, Yudatɔ mawusubɔla la di mɔnu dzra eya kplii dome ɖo. Yesu gblɔ be, hafi wòatrɔ ayi gbedoxɔa me aɖatsɔ eƒe nunana la ana, elabena azɔ koe Mawu axɔe.

Eyata nufiame vevi aɖe le Yesu ƒe nya siwo le Mateo 5:23, 24 me na mí be: Amedomedzadzraɖo, alo ŋutifafa, doa ŋgɔ na vɔsa. Alesi míewɔa nu ɖe hati tadeagulawo ŋu la kpɔa ŋusẽ ɖe mía kple Mawu dome ƒomedodo dzi tẽ.—Yohanes I, 4:20.

Nusi Nàwɔ Ne Èda Vo Ðe Ame Bubuwo Dzi

Ke ne èkpɔ ɖokuiwò le nɔnɔme si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze me—ne èkpɔe be yeda vo ɖe hati-mawusubɔla aɖe ŋuti ɖe? Nukae wòle be nàwɔ?

Wɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi eye nàdo ŋgɔ ate ɖe nɔviwòa ŋu. Kple tameɖoɖo ka? Be nàna wòase egɔme be mehiã be wòado dziku oa? Menye nenemae kura o! Ðewohĩ kuxia lolo wu nugɔmemasemase ko. Yesu gblɔ be: ‘Dzra mia kplii dome ɖo.’ Ne anya wɔ la, ɖe dzikua le dɔme nɛ. (Romatɔwo 14:19) Esia fia be ele be nàlɔ̃ ɖe nusi te ɖe edzi la dzi, mègasẽ nu o. Àte ŋu abia hã be, ‘Nukae mate ŋu awɔ be míaɖɔ nuwo ɖo?’ Zi geɖe la, kukuɖeɖe si tso dzi me ye nye nusi hiã. Gake le go aɖewo me la, ahiã be ɣeyiɣi aɖe nava yi hafi amesi dzi woda vo ɖo la naɖe eƒe seselelãmewo ɖa.

Gake nenye be èdze agbagba ʋuu be yeadzra mia dome ɖo do kpoe ya ɖe? Romatɔwo 12:18 gblɔ be: “Ne ate ŋu anye nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!” Ekema àte ŋu aka ɖe edzi be zi alesi nèdze agbagba be yeawɔ ŋutifafa ko la, anye dzidzɔ na Yehowa be wòaxɔ wo subɔsubɔ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Zi geɖe la ɣeyiɣi si wotsɔa vɔsalã vanae nye le azã etɔ̃awo ɖuɣi—Ŋutitoto, Pentekoste, kple Agbadɔŋkekenyuie.—Mose V, 16:16, 17.

b Akɔntabubuwo to vovo le mɔzɔlawo ƒe xexlẽme si ƒoa ƒu ɖe blema Yerusalem hena azãɖuɖuwo ŋu. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus bu akɔnta be Yudatɔ siwo ade miliɔn etɔ̃ kloe dea Ŋutitoto la.—The Jewish War, II, 280 (xiv, 3); VI, 425 (ix, 3).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe