INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 January axa 8
  • Wɔ Ŋutifafa Kple Nɔviwòa Gbã—Aleke Nàwɔe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Ŋutifafa Kple Nɔviwòa Gbã—Aleke Nàwɔe?
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Nàwɔ Ne Èda Vo Ðe Ame Bubuwo Ŋu
    Nyɔ!—1996
  • Mikpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Migaɖia “Ðevi Siawo” Nu O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • ‘Ti Nu Siwo Naa Ŋutifafa Nɔa Anyi La Yome’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 January axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Wɔ Ŋutifafa Kple Nɔviwòa Gbã—Aleke Nàwɔe?

Ŋutsu aɖe gblẽ eƒe nunana ɖe vɔsamlekpui dzi eye wòdzo yina ŋutifafa wɔ ge kple nɔvia

Tsɔe be Galileae nèle le Yesu ƒe ɣeyiɣiawo me. Èzɔ mɔ yi Yerusalem be yeava ɖu Agbadɔŋkekenyuia. Dua me yɔ fũu kple hatitadeagula siwo tso didiƒewo va. Èdi be yeasa vɔ na Yehowa. Eya ta ètsɔ gbɔ̃ aɖe ɖe asi eye nèto ameha siwo le dua me la dome ɖo ta gbedoxɔa gbɔ. Esi nèɖo la, èkpɔe be ame siwo hã di be yewoasa vɔ na Mawu la yɔ gbedoxɔa me. Mlɔeba eɖo dziwò be nàtsɔ wò gbɔ̃a na nunɔlaa. Gake ɣemaɣi tututue nèɖo ŋku edzi be nya aɖe le nɔviwò, si hã anya nɔ amehaawo dome le afi aɖe alo le dua me la si ɖe ŋuwò. Yesu gblɔ nu si wòle be nàwɔ. (Xlẽ Mateo 5:24.) Nu kae wòle be wò kple nɔviwòa miawɔ be ŋutifafa nava aƒe abe ale si Yesu gblɔe ene? Le aɖaka siwo le ete me la, wɔ dzesi ɖe nyaŋuɖoɖo nyuitɔ gbɔ.

ELE BE . . . 

  • nàƒo nu kple nɔviwòa ne èsusu be yewɔ nane wòvee hafi ko

  • nàdze agbagba be yeaɖɔ nɔviwòa ƒe susu ɖo ne èse le ɖokuiwò me be nu venɛ kabakaba akpa alo be nu si dzɔ la ƒe akpa aɖe tso egbɔ

  • nàlé ɖokuiwò kpoo aɖo to ase nya si gblɔm wòle, ne mèse nanewo gɔme gɔ̃ hã o, eye nàɖe kuku nɛ vevie ɖe ale si wò nuwɔna te ɖe edzi alo gblẽ nu le eŋu ta

ELE BE NƆVIWÒA . . . 

  • nagblɔ nu gbegblẽ si nèwɔ ɖe eŋu la na ame bubuwo le hamea me

  • naka mo na wò, aƒo nu tso vodadaa ŋu tsitotsito eye wòabia tso asiwò be nàlɔ̃ ɖe wò vodadaa dzi

  • natsɔe ake faa tso dzi me elabe ekpɔe be ɖe nèbɔbɔ ɖokuiwò helé dzi ɖe ƒo hafi te ŋu te ɖe ye ŋu

Togbɔ be míegatsɔa lãwo saa vɔe le míaƒe subɔsubɔ me egbea o hã la, kadodo kae Yesu gblɔ be ele ŋutifafa me nɔnɔ kple mía nɔviwo kpakple subɔsubɔ si dzea Mawu ŋu dome?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe