Sɔhɛwo Biana Be . . .
Lãmesẽfefewɔhawo—Enyo be Manɔ Wo Mea?
“Lãmesẽfefe dzɔa dzi nam. Evivia nunye ŋutɔ. Eye xɔ̃nyewo dome nɔnɔ sɔnɛ nam.”—ƒe-14-vi Sandy.
“NUKOKO!” “Dzidzɔkpɔkpɔ!” “Dziɖuɖukpɔkpɔ!” Nya siwo United States kple Canada sɔhɛwo gblɔ esi wobia gbe wo le nusita wonɔa bɔlƒohawo me ɖo ƒe ɖewoe nye esiawo. Edze ƒã be dzonɔameme sia kee le sɔhɛ geɖe me.
Tsɔ United States abe kpɔɖeŋu ene. Agbalẽ si nye Your Child in Sports si Lawrence Galton ŋlɔ gblɔ be “Amerika-vi miliɔn 20 siwo xɔ tso ƒe ade ƒoa bɔl na bɔlƒohawo ƒe sia ƒe, alo wodzea agbagba be yewoaƒoe.” Eye togbɔ be le ƒe ʋee siwo va yi me, ŋutsuwo ɖeɖe kloe koe nɔa bɔlƒohawo me hã la, fifia nyɔnuviwo le agbɔ sɔm ɖe baseball, kple basketball me wu, eye woʋlia ho kple wo nɔewo le bɔlƒoƒo gɔ̃ hã me.
Ðewohĩ kamedede dzɔa dzi na wò eye nèkpɔe be gege ɖe lãmesẽfefewɔha me nyo. Alo anye be ɖewohĩ dziwòlawo, nufialawo, alo lãmesẽfefefialawo le dzi dem ƒo na wò—ɖewohĩ wole eƒom ɖe nuwò gɔ̃ hã—be nàwɔe. Aleke wòɖadzɔe o, gege ɖe lãmesẽfefewɔha me biaa ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe. Eyata nunya le eme be nàbu viɖe kple afɔku siwo le eme ŋu. Mina míabu eƒe viɖe aɖewo ŋu gbã.
Lãmesẽfefe—Eƒe Viɖewo
Biblia gblɔ be: “Ŋutilã me [kamedede, NW] nyo na nu vi aɖe ko.” (Timoteo I, 4:8) Eye kamedede ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu. Le United States la, lolo fũ, ʋusɔgbɔdɔ, ami si xea ʋuka me ɖea fu na ɖevi gbogbo aɖewo. Kamedede edziedzi ate ŋu awɔ geɖe le kuxi mawo gbɔ kpɔkpɔ me. Le nyati aɖe si le American Health magazine me nu la, ɖevi siwo dea kame edziedzi “ƒe dzitodzito kple ʋuka wɔa dɔ nyuie wu ɖevi teƒeɖekanɔlawo [mawɔdɔwo] tɔ. Amesiwo dea kame enuenu wɔa lãmesẽfefe hã nyuie wu eye woƒe kpekpeme hã nyona.” Numekulawo hã gblɔ be kamedede ate ŋu aɖe nuteɖeamedzi ɖa, aɖe ɖeɖiteameŋu dzi kpɔtɔ, eye ena wodɔa alɔ̃ nyuie hã.
Enyo be agbalẽ si nye Your Child in Sports gblɔ be: “Eva dze ƒã be ame tsitsi geɖe ƒe dɔléle tsoa woƒe ɖevime ke.” Eyata ɖɔkta geɖe bui be viɖe siwo le kamedede edziedzi me ate ŋu ayi edzi aɖo tsitsime. Nuŋlɔla Mary C. Hickey ka nya ta be: “Wokpɔe le numekuku me be ŋusẽ ate ŋu anɔ ɖevi siwo wɔa lãmesẽfefewo ŋu le tsitsime wu.”
Ame geɖe bunɛ be viɖe gã bubuwo le lãmesẽfefewɔhawo me nɔnɔ me. Vifofo aɖe gblɔ le via ƒe bɔlƒoƒo ŋu be: ‘Ena menɔa tsatsam le mɔdodo dzi o. Efiaa hehexɔxɔe.’ Ame bubuwo bui be lãmesẽfefewɔhawo me nɔnɔ fiaa dɔwɔwɔ ɖekae kple ame bubuwo ɖeviwo—aɖaŋunu si te ŋu ɖea vi le agbe me katã. Lãmesẽfefewɔhawo fiaa sedziwɔwɔ, ɖokuimamlã, amenunɔnɔ, kple tenɔnɔ ɖe nudzedzinamewo kple kpododonuwo siaa nu dzidzɔtɔe sɔhɛwo. Ðk. George Sheehan gblɔ be: “Lãmesẽfefewɔwɔ nye nusrɔ̃ƒe gã aɖe na ɖeviwo. Wona sukuviwo ŋutɔ kpɔa nya siwo wosena tsoa nufialawo gbɔ zi geɖe la teƒe: dzideƒo, aɖaŋuwɔwɔ, ɖokuitsɔtsɔsavɔ.”—Current Health, September 1985.
Ne mede ɖeke o hã lãmesẽfefewɔha si le dzi ɖum me nɔnɔ ate ŋu ado kɔkɔ ame. Ðekakpui Eddie gblɔ be: “Ne medo age alo medze agbagba be madoe la, nye ta tena ŋutɔ.”
Bubu, Nudzedziname, Kple Ŋkɔxɔxɔ
Gake le sɔhɛ bubuwo gome la, zɔhɛwo ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu kple wo dzi dede koŋue na lãmesẽfefewɔhawo me nɔnɔ vivia wo nu. Gordon si xɔ ƒe 13 ɖe eme be: “Ɣesiaɣi si nèwɔ nu nyui aɖe la, amewo katã ado dɔnɔ na wò ahakafu wò ɣesiaɣi.”
Agbalẽ si nye Teenage Stress si Susan kple Daniel Cohen ta lɔ̃ ɖe edzi be: “Ne mɔ aɖe li si ŋu kakaɖedzi le, vevietɔ na ŋutsuviwo, si dzi woato axɔ ŋkɔ la, ke lãmesẽfefee. . . . Ƒã hafi nàkpɔ bɔl alo basketball ƒola xɔŋkɔ aɖe si womekafuna o.” Numekuku aɖe ɖe alesi gbegbe wodea bubu lãmesẽfefewɔlawo ŋui fia. Wobia sukuviwo nenye be wodi be woaɖo ŋku yewo dzi abe lãmesẽfefewɔla gã, sukuvi tagbɔɖaɖɛtɔ, alo ame xɔŋkɔtɔ kekeake ene. “Lãmesẽfefewɔla gã” nyenye ye nye nu gbãtɔ si ŋutsuviwo tia.
Ne míebu subɔsubɔ si wotsɔna na lãmesẽfefewɔla gãwo le nyadzɔdzɔgbalẽwo me kple radio dzi ŋu la, mewɔ nuku o be wodea bubu bɔl alo basketball ƒola ŋu wu agbalẽnyalagã. Woƒe fetu gãwo kple agbeɖuɖu blibaa ŋu koŋue woƒoa nu le. Eyata mewɔ nuku o be sɔhɛ geɖe, vevietɔ esiwo le dugã me, bua lãmesẽfefewɔwɔ le suku be enye nusi dzi yewoato akpɔ dzidzedze—sisi le ahedada nu!
Nublanuitɔe la, mɔkpɔkpɔ siawo mevaa eme kura o. Nyati aɖe si le Current Health magazine me si ƒe tanyae nye “Lãmesẽfefewɔla Nenie Wɔnɛ Dea Goe?” bu akɔnta si na wobua tame aɖe. Eka nya ta be: “Ŋutsuvi miliɔn 1 kple vɔ [le United States] ƒoa bɔl le sukukɔkɔ; 500,000 kloe ƒoa basketball; eye esiwo ade 400,000 ƒoa baseball. Tso sukukɔkɔ yi kɔledzi la, eƒolawo ƒe xexlẽme ɖiɖina kabakaba. Le ye katã me la, lãmesẽfefewɔla siwo ade 11,000 pɛ koe ƒoa bɔl, basketball, kple baseball le kɔledzi.” Tso afima la akɔntabubua gawɔ nublanui wu. “[Kɔledzi lãmesẽfefewɔla] siwo ade 8 le alafa me pɛ koe bɔlƒoha gãwo xɔna, eye esiwo ade 2 le alafa me koe va ƒoa bɔl le duta.” Azɔ nyatia gblɔ ŋkuɖodzinya sia be: “Ðoɖowɔwɔ kple bɔlƒoha aɖe mefia be ànɔ eme o.”
Eyata le ye katã me la, “sukukɔkɔ ƒe lãmesẽfefewɔla ɖeka le 12,000 ɖesiaɖe me koe awɔe ade go.” Ðewohĩ ema manyo boo wu ga gbogbotɔ ɖuɖu le loto me ɖe eteƒe o! Gake ɖewohĩ àbia be, ɖe lãmesẽfefewɔla mate ŋu ade suku femaxee ɖe eƒe fukpekpewo katã ta oa? Kokoko la, nusiwo woate ŋu akpɔ manyo nenema gbegbe o. Agbalẽ si nye On the Mark, si Richard E. Lapchick kple Robert Malekoff ŋlɔ gblɔ be, “le sukukɔkɔ ƒe lãmesẽfefewɔla miliɔn geɖeawo dome la . . . , 1 le 50 me pɛ koe axɔ sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔa bene wòaƒo bɔl le kɔledzi.” Akɔntabubu wɔnublanui bubue nye be: “Le bɔlƒola gã siwo wona sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔa le lãmesẽfefe siwo me ga geɖe le, abe bɔlƒoƒo kple basketball ene dome la, wo dometɔ siwo mede 30 le alafa me o koe awu kɔledzi nu le ƒe ene megbe.”
Le bɔlƒola akpa gãtɔ gome la, lãmesẽfefewɔla hotsuitɔ xɔŋkɔ zuzu ƒe mɔkpɔkpɔwo zua ya—drɔ̃e gbɔlo.
Dodolawo
Ne èbu lãmesẽ nyui me nɔnɔ, ŋutilãtutuɖo, kple ŋkɔxɔxɔ geɖe si nàkpɔ ŋu la, gege ɖe bɔlƒoha me agadze abe nu nyui aɖe ene kokoko. Gake hafi nàtsi dzi aɖatee kpɔ la, de ŋugble le nya si wogblɔ le Ladies’ Home Journal me ŋu kpɔ: “Ðevi geɖe le bɔlƒohawo me ɖom egbea wu dzidzime ɖesiaɖe si va yi. Nya vɔ̃ lae nye be: Wo dometɔ gbogbo aɖewo dona le lãmesẽfefe siawo me.” Wogblɔ be Ðk. Vern Seefeldt si nya nu tso nya sia ŋu gblɔ be: “Kaka ɖevi siwo ƒo bɔl aɖe kpɔ naxɔ ƒe wuiatɔ̃ la, wo dometɔ blaadre-vɔ-atɔ̃ le alafa me dona le eme.”
Bu Canada afisi sno dzi hockey-ƒoƒo xɔ ŋkɔ le ŋu kpɔ. Le modzakaɖeɖe ƒe hockey hoʋiʋli aɖe si me hockey-ƒolawo wu 600,000 le la, wo dometɔ siwo wu 53 le alafa me mexɔ ƒe 12 o. Gake wo dometɔ 11 le alafa me koe xɔ wu ƒe 15. Nukatae? Ðeviawo ƒe akpa gãtɔ dona le eme hafi xɔa ƒe ma. Nukata ame geɖe ŋutɔ dona le eme nenema gbegbe?
Numekulawo gblɔ be dodola mawo gblɔa susu si me kɔ si wɔ nuku si ta wodona ɖo zi geɖe be: Fefea megale vivim o. Nyateƒee, bɔlƒoha me nɔnɔ ate ŋu anye dɔ teɖeɖiameŋu si axɔ ɣeyiɣi. Seventeen magazine gblɔ na exlẽlawo be ʋiʋli ko be woaxɔ ye ɖe bɔlƒoha aɖe me bia dɔwɔwɔ “gaƒoƒo etɔ̃ gbeɖeka, ŋkeke atɔ̃ kwasiɖa ɖeka . . . hena kwasiɖa ɖeka alo eve.” Ne èto dɔ sesẽ ma me eye woxɔ wò ɖe bɔlƒoha me vɔ la, ke ɖokuitutuɖo kple kamedede edziedzi gaƒoƒo geɖe wu le ŋgɔwò. Kpɔɖeŋu ɖekae nye nyɔnuviwo ƒe basketball-ƒoha me tɔ si dea kame gaƒoƒo etɔ̃ kple vɔ gbesiagbe ɖe eƒe bɔlƒoƒo ŋu. Ate ŋu azã ɣeyiɣi ma ɖe nane si nyo wu ŋu.
Nyateƒee, sɔhɛ geɖe mebua dɔ sesẽa wɔwɔ atraɖii ŋu o. Dzidzɔkpɔkpɔ kple alesi woƒe lãmesẽfefewɔwɔ ƒe ŋutetewo dzidziɖedzi sesẽe la vivia wo nu. Gake susu bubuwo li siwo ta sɔhɛ geɖe dona le bɔlƒohawo me. Ehiã be nànya ale be nàte ŋu atso nya me ne àge ɖe bɔlƒoha aɖe me alo màge ɖe eme o. Abe alesi Lododowo 13:16 gblɔ ene la, “nugɔmesela wɔa nu ɖe nunya me.” Eyata nyati bubu si míata ayi numedzodzro sia dzi.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
‘Yunivɛsiti bɔlƒola gã siwo xɔ sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔa ƒe akpa gãtɔ mewua suku nu o’
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Lãmesẽfefewɔlawo ƒe ŋkɔxɔxɔ hea sɔhɛ geɖe dea bɔlƒohawo me