INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 4/8 axa 23-25
  • Ðe Wòle Be Mage Ðe Lãmesẽfefewɔha aɖe Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòle Be Mage Ðe Lãmesẽfefewɔha aɖe Mea?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ele Be Woaɖu Dzi Godooa?
  • Tanana le Agbenyuinɔnɔ Me
  • Ŋutilãtutuɖo loo alo Nuveviwɔwɔ Ŋutilã Yea?
  • Nu Bubu Siwo Ŋu Wòle Be Nàbu
  • Nyametsotso Nyuitɔ Wɔwɔ
  • Lãmesẽfefewɔhawo—Enyo be Manɔ Wo Mea?
    Nyɔ!—1996
  • Ðeviwo Ƒe Kamedefefewo—Ŋutasẽnuwɔwɔ Si Le Aƒe Xɔm Ðe Wo Me Fifia
    Nyɔ!—2002
  • Nu Kae Wòle Be Manya Tso Kamedefefe Ŋu?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Mawusosroɖa Alo Ŋutilãmamla
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 4/8 axa 23-25

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Ðe Wòle Be Mage Ðe Lãmesẽfefewɔha aɖe Mea?

WOBIA le Seventeen magazine me nyati aɖe me be: “Nuka koŋue nye nu tɔxɛ le bɔlƒoha me nɔnɔ ŋu?” Nyatia ɖo eŋu be: “Taɖodzinu ɖeka minyam miele, eyata mia dome nɔa kplikplikpli ŋutɔŋutɔ. Àsrɔ̃ alesi nàwɔ nu kple amewoe, abe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ le ƒuƒoƒo me, alesi nàna wò nya me nabɔbɔ ahabu ame ŋu, kple alesi naɖe asi le nya aɖewo ŋui ene.”

Eyata edze abe viɖe le bɔlƒoha me nɔnɔ ŋu ene, eye menye vivisese kple kamedede dzro ko wònye o.a Ame aɖewo gblɔna gɔ̃ hã be bɔlƒoha me nɔnɔ naa wotua ame ƒe nɔnɔme ɖo. Eyata sɔhɛwo ƒe baseball-hoʋliha aɖe ƒe gɔmeɖose si woŋlɔna ye nye, “Nɔnɔme, Dzideƒo, Nuteƒewɔwɔ.”

Kuxiae nye be bɔlƒohawo mewɔa nu wòsɔna ɖe susu nyui siawo nu ɣesiaɣi o. Agbalẽ si nye Kidsports gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, sɔhɛ siwo dzi nu wɔa dɔ ɖo kaba la srɔ̃a alesi wokaa atam, baa ame, wɔa dzre, doa vɔvɔ̃ na ame, kple alesi wowɔa nuvevi ame bubuwoe.”

Ele Be Woaɖu Dzi Godooa?

Wogblɔ le Seventeen me nyati aɖe me be: “Lãmesẽfefewɔwɔ ƒe akpa gbegblẽ aɖe li, si nye asixɔxɔ gã si amewo dea dziɖuɖukpɔkpɔ ŋu.” Esia tsi tre ɖe nya si Biblia gblɔ ŋu tẽ be: “Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabiã le bubu dzodzro ŋuti o, ne [míagaʋli ho kple mía nɔewo, eye míabiã ŋu, NW] mía nɔewo o.” (Galatiatɔwo 5:26) Togbɔ be hoʋiʋli vie xɔlɔ̃wɔwɔtɔe ate ŋu ana fefe nanya wɔ eye wòavivi ame nu hã la, hoʋligbɔgbɔ si gbɔ eme ate ŋu ahe fuléle vɛ—eye wòana fefea magavivi o.

Jon si ƒoa bɔl le suku kɔkɔ tsã la ɖo ŋku edzi be: “Bɔlƒoƒofiala aɖe nɔ mía si si nye zazɛ̃nyahela ŋutɔŋutɔ; edoa ɣli hebluna ɖe mía ta ɣesiaɣi . . . Bɔlƒoƒosrɔ̃ƒe yiyi doa vɔvɔ̃ nam. . . . Mese le ɖokuinye me abe fuwɔamesaɖa mee mele ene.” Togbɔ be menye lãmesẽfefefialawo katãe wɔa ŋlɔmi le ame ŋu o hã la, geɖe tea gbe ɖe dziɖuɖukpɔkpɔ dzi ŋutɔ. Nuŋlɔla aɖe ƒo nya ta be: “Duƒula geɖe . . . va ɖoa afisi hoʋiʋli ƒe dzidzɔ va zua dzidzedzekpɔkpɔ ƒe agba kpekpe.” Nukae ate ŋu ado tso eme?

Science News ka nya ta le numekuku aɖe ŋu si ɖee fia be le kɔledzidela siwo ƒoa bɔl kple basketball dome la, “wo dometɔ 12 le alafa me gblɔ be kuxi eve ya teti le yewo ŋu le nu atɔ̃ aɖewo me: susu kple ŋutilã me fuɖename, alesi wòsesẽna be woatsri atike vɔ̃ɖiwo alo aha muame, ŋlɔmiwɔwɔ le susu kple ŋutilã me, kple numanyamanya le sukunusɔsrɔ̃ me.” Agbalẽ si nye On the Mark ka nya ma tɔgbe ta be: “Amesiame kloe si wɔa lãmesẽfefe si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo lɔ̃na ɖe edzi be atikevɔɖizazã ƒe kuxi gã aɖe le lãmesẽfefewɔwɔ ƒe gowo katã me.”

Tanana le Agbenyuinɔnɔ Me

Nyaƒoɖeamenu be woaɖu dzi ate ŋu ana hã be sɔhɛ bɔlƒola nana ta le nudzeamewɔwɔ kple anukwareɖiɖi ƒe dzidzenuwo me. Agbalẽ si nye Your Child in Sports gblɔ be: “Le egbegbe xexeame ƒe lãmesẽfefe me la, menye ɖeko dziɖuɖu nyo o; eya koe nye nu vevitɔ hã. Menye ɖeko kpododonu gblẽ o, ke medzea amewo ŋu hã o.”

Nɔnɔme sesẽ bubue nye si: Zi geɖe la, lãmesẽfefefialawo ƒoa nya ɖe lãmesẽfefewɔlawo nu vevie be woawɔ nu vevi amesiwo wokpe ŋgo kpli. Nyati aɖe si dze le Psychology Today me gblɔ be: “Ne àwɔ lãmesẽfefe nyuie la, ke ele be nànye anyrawɔla. Alo nenemae lãmesefefewɔlawo, lãmesẽfefefialawo kple lãmesẽfefe ŋu zazɛ̃nyahela geɖe susuna.” Ame aɖe si tsɔ bɔlƒoƒo ɖo dɔe ƒo nu tso eƒe gbesiagbenɔnɔme ŋu be amesi “ƒoa nu blewu, bua ame ŋu hekɔa ŋkume ɖe ame” ye yenye. Gake eƒe nɔnɔme trɔna bubui ne eɖo bɔlƒoƒea. Esi wònɔ nu ƒom tso eƒe nɔnɔme le bɔlƒoƒe ŋu la, egblɔ be: “Mewɔa nu ŋlɔmitɔe le ɣeyiɣi ma me. . . . Nyemevea ame nu kura o. Nyemebua amesi meyina ƒoƒo ge la kura o.” Lãmesẽfefefialawo dea nɔnɔme sia ƒe dzi ƒo zi geɖe.

Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.” (Kolosetɔwo 3:12) Ðe nàte ŋu atu nɔnɔme siawo ɖo ne èsea nya siwo ƒoa nya ɖe nuwò be nàwɔ nuvevi amesiwo nèkpea ŋgo kpli, nàte wo ɖe to, eye nàwɔ anyra le wo ŋua? Robert si xɔ ƒe 16 gblɔ be: “Meƒo bɔl le bɔlƒoha me. Màgabu amesi nàwɔ nuvevii ŋu kura o ne ànya ɖu dzi ko.” Fifia si wòva zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ̃ la, eƒe nukpɔsusuwo trɔ. Egblɔ be: “Nyemagawɔ nu ma azɔ gbeɖe o.”

Ŋutilãtutuɖo loo alo Nuveviwɔwɔ Ŋutilã Yea?

Nusi dzi mele be míaŋe aɖaba ƒui o hãe nye ŋutilãmefɔkuwo. Enye nyateƒe be afɔku nɔa lãmesẽfefe me ne xɔlɔ̃woe wole fefem kpli ɖe modzakaɖeɖe ta hã. Gake afɔkuawo dzina ɖe edzi ŋutɔ ne wofia sɔhɛwo be woadze agbagba aƒoe abe alesi amesiwo tsɔe ɖo dɔe ƒonɛ ene kloe.

Agbalẽ si nye Your Child in Sports de dzesii be: “Nuvevi te ŋu wɔa amesiwo tsɔ bɔlƒoƒo ɖo dɔe. Gake wobi ɖe eƒoƒo me ŋutɔ, ŋusẽ le wo ŋu, wonye ame tsitsi siwo lɔ̃ be nuvevi nawɔ yewo faa eye woxea fe na wo nyuie ɖe ema ta. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wonaa hehe akuaku, si nye nyuitɔ kekeake la wo, kamedenu nyuitɔwo le wo si, eye atikewɔla nɔa wo ŋu kplikplikpli wɔa atike nyuitɔ kekeake na wo. . . . Nusiawo mele sukuviwo si o.” Wogblɔ na Kristotɔwo be ‘woatsɔ woƒe ŋutilãwo awɔ vɔsasa gbagbe, si ŋuti kɔ, si dze Mawu ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) Ðe mele be nàbu ɖokuiwò tsɔtsɔ de afɔku siwo mehiã alo nunya mele wo me o me ŋu nyuie oa?

Nu Bubu Siwo Ŋu Wòle Be Nàbu

Ne edze abe afɔku si lãmesẽfefewɔha me nɔnɔ anye na lãmesẽ la mesɔ gbɔ boo o hã la, exɔa ɣeyiɣi kokoko. Menye ɖeko fefeawo sɔsrɔ̃ axɔ wò hadomegbenɔɣi ko o ke woaxɔ ɣeyiɣi si wòle be nàɖo ɖi na nusɔsrɔ̃ kple aƒemedɔwɔwɔ la ƒe akpa gã aɖe. Science News ka nya ta be kɔledzi-lãmesẽfefewɔlawo xɔa “dzeside si ɖiɖi vie wu” sukuvi siwo kpɔa gome le nusiwo wotsɔ kpe ɖe sukunufiafia ŋu me. Vevietɔ wu la, àkpɔe be lãmesẽfefewɔha me nɔnɔ na wòsesẽna be woati nusi Biblia yɔ be “nusiwo le vevie wu” la yome—si nye gbɔgbɔmenuwo. (Filipitɔwo 1:10, NW) Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe bɔlƒoha me nɔnɔ ana Kristotɔwo ƒe kpekpewo nato ŋunyea, alo aɖe gome si makpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me dzi kpɔtɔa?’

Bu nusiwo ate ŋu ado tso gaƒoƒo geɖe si nàtsɔ anɔ sɔhɛ kple ame tsitsi siwo mewɔ ɖeka kpli wò le wò nukpɔsusu ku ɖe agbenyuinɔnɔ, nuƒo dzadzɛ, alo hoʋiʋli ŋu o gbɔ me hã ŋuti kpɔ nyuie. Biblia gblɔ be “habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Le kpɔɖeŋu me, bu nyati aɖe si le The New York Times ƒe akpa si woƒoa nu tso nu tɔxɛwo ŋu le ŋu kpɔ: “Awuɖɔliƒea . . . ye nye afisi ŋutsuwo ƒoa nu tso nyɔnuwo ƒe ametia ŋu le gbɔdɔdɔnyawo me le, afimae woƒoa adegbe le ‘nyɔnu gbɔ dɔdɔ’ ŋu hetsɔa nyɔnuwo ƒoƒo wɔa fefee.” Nukae adzɔ ɖe dziwò le gbɔgbɔ me ne ètiae be yeanɔ nɔnɔme sia tɔgbe me?—Tsɔe sɔ kple Yakobo 3:18.

Nyametsotso Nyuitɔ Wɔwɔ

Ðe nèle eŋu bum be yeage ɖe lãmesẽfefewɔha aɖe mea? Ekema ɖewohĩ nya siawo akpe ɖe ŋuwò nàbu nusiwo ema wɔwɔ bia ŋu. Bu ame bubuwo ƒe dzitsinyawo ŋu ne èle wò nyametsotso wɔm. (Korintotɔwo I, 10:24, 29, 32) Le nyateƒe me la, míate ŋu ade se sesẽ aɖeke le eŋu o, elabena nɔnɔmewo to vovo le xexeame katã. Le teƒe aɖewo la, ɖewohĩ woabia tso sukuviwo si be woakpɔ gome le lãmesẽfefewɔwɔ me. Gake ne mèka ɖe edzi tututu o la, ke ƒo nu tso eŋu na dziwòlawo alo Kristotɔ tsitsi aɖe.

Kristotɔ sɔhɛ geɖe wɔ nyametsotso sesẽ be yewomanɔ bɔlƒoha me o. Esia wɔwɔ mele bɔbɔe o ne èlɔ̃a kamedede eye lãmesẽfefe vivia nuwò! Nufialawo, lãmesẽfefefialawo, kple dzilawo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu ana dzi nagaɖe le ƒowò wu. Sɔhɛ Jimmy gblɔ be: “Mekpɔe be mewɔa avu kple ɖokuinye be magaƒoe o. Fofonye si nye dzimaxɔsetɔ la nye lãmesẽfefewɔlagã le eƒe suku kɔkɔ deɣi. Esesẽna nam ɣeaɖewoɣi ŋutɔ be magage ɖe bɔlƒoha me o.” Ne ele nenema hã la, dzila xɔsetɔwo kple Kristotɔ tsitsi siwo le hamea me ƒe kpekpeɖeŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò geɖe be nàlé ɖe wò tameɖoɖo kplikpaa la ŋu. Jimmy gblɔ be: “Medaa akpe na danye. Ɣeaɖewoɣi la, nu tena ɖe dzinye vevie ɖe nyaƒoɖeamenu be mawɔ lãmesẽfefe ta. Gake eɖoa ŋku nye agbemetaɖodzinu ŋutɔŋutɔwo dzi nam ɣesiaɣi.”

Lãmesẽfefewɔha me nɔnɔ ate ŋu afia nuwɔwɔ aduadu kple alesi wokpɔa kuxiwo gbɔe emenɔlawo. Gake mɔnukpɔkpɔ geɖe li be nàsrɔ̃ nusiawo to dɔwɔwɔ le Kristo-hamea me. (Tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 4:16.) Lãmesẽfefewɔwɔ le ha me ate ŋu avivi, gake mele be nanɔ bɔlƒoha me kokoko hafi ase vivi le wo me o. Àte ŋu akpɔ gome le fefe aɖewo me kple xɔlɔ̃ Kristotɔwo le kpɔdome alo le mia gbɔ lãmesẽfefewɔƒe aɖe. Ƒomewo ƒe tsaɖiɣiwo hã ate ŋu aʋu mɔ ɖe fefe tuameɖowo ŋu. Greg si xɔ ƒe 16 gblɔ be: “Enyo wu sã ne èle fefem kple ame bubu siwo tso mia gbɔ hamea me. Miawɔe ɖe modzakaɖeɖe ta ko, eye ànɔ xɔwòwo dome!”

Nyateƒee, ɖewohĩ fefewɔwɔ le kpɔdome mana nàkpɔ dzidzɔ si le bɔlƒoha si ɖu dzi me nɔnɔ me la tututu o. Gake mègaŋlɔ be gbeɖe o be ne enyo ʋuu hã la, “ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe ko; ke mawusosroɖa nyo na nusianu.” (Timoteo I, 4:8) Tu mawusosroɖa ɖo, eye ànye dziɖula ŋutɔŋutɔ le Mawu ƒe ŋkume!

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . . Lãmesẽfefewɔhawo—Enyo be Manɔ Wo Mea?” si dze le míaƒe tata si nye March 8, 1996 tɔ me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 24]

“Bɔlƒoƒofiala aɖe nɔ mía si si nye zazɛ̃nyahela ŋutɔŋutɔ; edoa ɣli kple aƒã ɖe mía ta ɣesiaɣi . . . Bɔlƒoƒosrɔ̃ƒe yiyi doa vɔvɔ̃ nam.”

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Zi geɖe la, lãmesẽfefefialawo tea gbe ɖe dziɖuɖukpɔkpɔ dzi—ne ebia be woawɔ nuvevi ame bubuwo hã

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe