Àte Ŋu Ana Wò Ŋkuɖoɖonudzi Nanyo Ðe Edzi
“Nyemete ŋu ɖoa ŋku nu dzi kura o.” Ègblɔ nya ma kpɔa? Ne nenemae la, dzi megaɖe le ƒowò o. Aɖaŋuɖoɖo kpui ʋee aɖewo kpakple agbagbadzedze vie ate ŋu aɖɔ nuwo ɖo nukutɔe. Mègabu wò ahɔhɔ̃ nu tsɛe o. Eƒe ŋutetewo wɔ nuku ŋutɔ.
ALEKE ahɔhɔ̃ wɔa eƒe dɔ wɔnukuawoe? Woku nu me le ahɔhɔ̃ ŋu le ƒe ʋee siawo me wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Gake togbɔ be ahɔhɔ̃a ŋuti nunya le dzidzim ɖe edzi hã la, nu sue aɖe koe míenya tso alesi wòwɔa dɔe ŋu.
Alesi míesrɔ̃a nu heɖoa ŋku nu dzii la me mekɔ o, gake numekulawo le agbagba dzem be yewoakɔ nya ɣaɣla sia me. Ahɔhɔ̃menugbagbevi siwo wosusu be ade biliɔn 10 va ɖo biliɔn 100 ye wɔa dɔ le ahɔhɔ̃a me hena nusɔsrɔ̃ kple ŋkuɖoɖonudzi. Gake kadodo siwo ne mede ɖeke o la, ade xexlẽme ma teƒe akpe ewo lae tsiã kple wo nɔewo le ahɔhɔ̃menugbagbeviawo dome. Nufiafia aɖe gblɔ be ne woto ahɔhɔ̃a ŋudɔwɔwɔ dzi le ŋusẽ dom nugbagbeviawo dome kadodoawo la, ekema nusɔsrɔ̃ yia edzi.
Ne míele tsitsim la, susua ƒe ŋutete ate ŋu aɖiɖi; alesi míeʋãa ɖe nu ŋu magatsɔ o. Ahɔhɔ̃menugbagbeviwo meɖɔlina wo nɔewo o, eye edze ƒã be wo dometɔ aɖewo vɔna le ame tsitsiwo ŋu ɣesiaɣi. Gake ne míewɔ míaƒe ahɔhɔ̃ ŋudɔ zi geɖe la, míaƒe nunya ŋutetewo ate ŋu anɔ anyi eteƒe nadidi wu.
Míaƒe tamesusu ƒe nɔnɔme kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe ahɔhɔ̃ dzi. Mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ ƒe nɔnɔme naa ahɔhɔ̃a wɔa dɔ nyuie wu le ƒexɔxɔ ɖesiaɖe me. Nuteɖeamedzi nyo vaseɖe afi aɖe, gake nuxaxa madzemadzee si nɔa anyi ɖaa la xea mɔ na ahɔhɔ̃a ƒe dɔ wɔwɔ nyuie. Kamedede ate ŋu ana nusi te ɖe susua dzi la dzi naka aɖe.
Togbɔ be esia ade dzi ƒo hã la, ƒe ka kee míexɔ o, míegaŋlɔa nu vevi aɖewo be kokoko. Ðe míate ŋu aɖɔe ɖoa? Go si me wòsesẽna na ame geɖe be woaɖo ŋku nu dzi le lae nye ŋkuɖoɖo amesiwo míedoa goe ƒe ŋkɔwo dzi.
Ŋkuɖoɖo Amewo ƒe Ŋkɔwo Dzi
Aɖaŋuɖoɖo kpui ʋee aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò geɖe be nàɖo ŋku ŋkɔwo dzi nyuie wu. Ðetsɔtsɔ le amea me kpena ɖe ame ŋu. Ame ƒe ŋkɔ le vevie nɛ ŋutɔ. Esi míese ŋkɔa nyuie le gɔmedzedzea me o tae míeɖoa ŋku edzi o zi geɖe. Eyata ne woɖe amea fia wò la, se ŋkɔa nyuie. Ne ehiã la, na amea nagayɔe alo kura gɔ̃ hã la, wòayɔ alesi woŋlɔnɛ na wò. Yɔe zi geɖe le mia kplii ƒe dzeɖoɖo me. Ne miele mia nɔewo klãm la, yɔ eƒe ŋkɔ. Alesi aɖaŋuɖoɖo ʋee siawo akpe ɖe ŋuwòe la awɔ nuku na wò.
Aɖaŋuɖoɖo bubu si agana nàɖo ŋku ŋkɔwo dzi enye be nàtsɔ amea ƒe ŋkɔ asɔ kple nane si ƒe nɔnɔmetata nàte ŋu awɔ le susu me. Anyo ŋutɔ ne àde nuwɔna nɔnɔmetataa me.
Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be enɔ sesẽm na ame aɖe be wòaɖo ŋku ame nyanyɛ aɖe si wo kplii medoa go edziedzi o ƒe ŋkɔ gbãtɔ si nye Zukpe dzi. Eyata esime wòkpɔ amesia la, ebu tame le nya “zukpe” ƒe gɔmeɖeɖe ŋu, si nye “kpe si dzi gbedewo tua nu le.” Ekpɔ ŋutsua le susu me be enye gbede si le nu tum le eƒe zukpe dzi eye wòdze fifia vlevlevle. Esia akpe ɖe eŋu ɣesiaɣi be ŋkɔ Zukpe nava susu me nɛ kaba.
Màte ŋu ase ŋkɔ ɖesiaɖe gɔme o, eyata ahiã be nàtsɔ nya aɖe si ɖi ŋkɔa aɖo eteƒe. Ne wò ŋkɔteƒeɖonya la mesɔ kple ŋkɔa ƒe ɖiɖi tutu o hã la, mewɔ naneke o. Susuwò ya ate ŋu aɖo ŋku ŋkɔa dzi bɔbɔe wu le alesi nètsɔe sɔ kple nuae ta. Ne èwɔ wò ŋutɔ wò nyawo kple nɔnɔmetatawo le susu me la, etsia susu me na ame nyuie wu.
Le kpɔɖeŋu me woɖe Aƒenɔ Aku Ahado fia wò. Àte ŋu atsɔ nyagbe si nye ku aha le do me aɖo eteƒe. Àte ŋu awɔe le susu me be yele aha kum tso do me.
Ehiã be nàto esia me kutrikukutɔe va ɖo ɣeyiɣi aɖe, gake ewɔa dɔ vavã. Harry Lorayne wɔ mɔnu sia ŋudɔ zi geɖe le dutoƒo eye wòɖe eme le eƒe agbalẽ si nye How to Develop a Super-Power Memory me. Egblɔ be: “Medoa go ame alafa ɖeka va ɖo alafa eve zi geɖe le aɖabaƒoƒo wuiatɔ̃ alo le ɣeyiɣi si mede nenema o me eye nyemeŋlɔa ŋkɔ ɖeka pɛ hã be o!”
Alesi Nàwɔ Alé Nuŋlɔɖiwo ɖe Susu Mee
Aleke nàwɔ aɖo ŋku nusiwo medo ƒome kple wo nɔewo o dzi? Mɔnu kpui aɖee nye esi woyɔna be kadodoɖoɖo. Ale wòwɔa dɔe nye si: Àwɔ nusiwo ŋkɔ nèŋlɔ ɖi dometɔ ɖesiaɖe ƒe nɔnɔmetata ɖe susu me eye nàtsɔ nu gbãtɔ ƒe nɔnɔmetata ado ka kple nu evelia ƒe nɔnɔmetata, nàwɔ evelia kple etɔ̃lia hã nenema, eye nàyi edzi nenema.
Le kpɔɖeŋu me, ele be nàƒle nu atɔ̃ le fiase gã me: nyinotsi, abolo, elektrik-kaɖi, sabala, kple ice cream. Dze egɔme nàtsɔ nyinotsi ado ka kple abolo. Susui ko be yele nyinotsi trɔm tso abolo me. Togbɔ be nɔnɔmetataa aɖi kokoe hã la, akpe ɖe ŋuwò be nuawo natsi susu me na wò. Azɔ hã dze agbagba nàde nuwɔna si me nànɔ nyinotsia trɔm la susu me nɔnɔmetataa me.
Esi nètsɔ nyinotsi kple aboloa do ka kple wo nɔewo vɔ la, yi nusi kplɔe ɖo si nye elektrik-kaɖia dzi. Àte ŋu ana kadodo nanɔ nyinotsia kple elektrik-kaɖia dome to ewɔwɔ le susu me be èle agbagba dzem be yeatsɔ akaɖia ade edeƒe. Do ka na elektrik-kaɖia kple sabala la to ekpɔkpɔ le susu me be èle elektrik-kaɖi lolo aɖe fom eye èle avi fam esime nèle fom. Le nyateƒe me la, anyo wu be wò ŋutɔ nàwɔ nuawo dome kadodo. Ðe nàte ŋu awɔ kadodoa le nu mamle siwo nye sabala kple ice cream domea? Ðewohĩ àte ŋu asusui be yèle ice cream si wotsɔ sabala wɔe nyim!
Kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo ŋku nuawo dzi hã. Ekema wò ŋutɔ ŋlɔ nu bubuwo ŋkɔ nàtsɔ ado wò susu akpɔ. Na woasɔ gbɔ alesi nèdii. Ðo ŋku edzi be, bene nàwɔ kadodoawo ne woanye esi dzi nàte ŋu aɖo ŋkui bɔbɔe la, àte ŋu awɔe wòaɖi kokoe alo wɔe be masɔ kple nua ƒe lolome tututu o. Dze agbagba nàde nuwɔna nɔnɔmetataa me, eye nàtsɔ nu ɖeka aɖo bubu teƒe.
Ame aɖewo aɖe ɖeklemi be ɖoɖo sia didi wu ŋkuɖoɖo nuawo dzi ko. Gake eme ɖeɖe koe didi wu ewɔwɔ. Ne èwɔe kpɔ sẽ ko la, àwɔ kadodoawo kabakaba, eye alesi nèɖoa ŋku nu dzi kple nusɔsrɔ̃ atsɔ kaba wu ne èsrɔ̃a nu ɖoɖo aɖeke mazãmazãe. Esi wobia tso ame 15 si be woaɖo ŋku nu 15 si woyɔ na wo trukaa dzi ɖoɖo aɖeke dzi mawɔmawɔe la, woxɔ dodokpɔdzesi 8.5 le mamã dedie nu. Esi woyɔ nu bubuwo na wo eye wowɔ susu me nɔnɔmetatawo ŋuti kadodoɖoɖoa ŋudɔ la, ƒuƒoƒo sia ke me tɔ ɖesiaɖe xɔ dodokpɔdzesi si nye 14.3 le mamã dedie nu. Nyateƒee, ne eɖo ŋku edzi tsɔ nusiawo ŋuti nuŋlɔɖi ɖe asi yi nuƒleƒee la, axɔ dzesi 15—si nye 100 le alafa me!
Ŋkuɖoɖo Nusi Nèxlẽna la Dzi
Le ɣeyiɣi sia si me nyatakakawo bɔ fũ me la, go bubu si me mía dometɔ akpa gãtɔ hiã kpekpeɖeŋu le lae nye alesi míasrɔ̃ nu nyuie. Nusɔsrɔ̃ hiã le suku, le asitsatsa me, hena ame ɖokui tutuɖo, kple le dzadzraɖo hena nuƒoƒo le dutoƒo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ehiã be Kristotɔ naɖo ɣeyiɣi ɖi hena ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃.—Yohanes 17:3.
Gake àgblɔ be, ‘Esesẽna nam be maɖo ŋku nusi mesrɔ̃ dzi.’ Nukae nàte ŋu awɔ? Esɔsrɔ̃ be nàna viɖe nado go tso ɣeyiɣi si nètsɔ srɔ̃a nui me akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku nusi nèxlẽna dzi. Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye si.
Ne èle nu srɔ̃m la, ame ŋutɔ ƒe ɖoɖowɔwɔ hiã. Agbalẽwo, nusiwo nàtsɔ aŋlɔ nui, kple agbalẽ ɖeɖeewo nanɔ asitsɔƒe. Dze agbagba nàsrɔ̃ nu le afisi nyo si susuhenuwo mebɔ ɖo o eye akaɖi nyui le. Tsi radio kple television.
Ðo ɣeyiɣi si dzi nàsrɔ̃ nu ɣesiaɣi la ɖi. Le ame aɖewo gome la, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nusɔsrɔ̃ aɖe vi wu anyi nɔnɔ gaƒoƒo gbogbowo. Enyo ne dometsotso le wò ɣeyiɣia dome. Le esi nànɔ nu srɔ̃m madzudzɔmadzudzɔe gaƒoƒo eve teƒe la, anyo wu ne èmã ɣeyiɣia ɖe memamã si ɖesiaɖe anye aɖabaƒoƒo 25 va ɖo 40 me, siwo dometsotso anɔ abe aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ene. Numekuku ɖee fia be esia naa woɖoa ŋku nu dzi nyuie wu.
Tia nusi nèdi be yeasrɔ̃ le wò nusrɔ̃ɣia. Esia naa ame ƒe susu nɔa nu ŋu. Hafi nàdze agbalẽ aɖe xexlẽ gɔme la, zã aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo nàtsɔ atsa eme gbã. Kpɔ eƒe tanya ɖa. Lé ŋku ɖe emenya siwo ƒo agbalẽa me nyawo nu ƒu la ŋu. Eye nàxlẽ ŋgɔdonya. Afisiae wogblɔa agbalẽa ŋlɔla ƒe taɖodzinu kple nukpɔsusu le.
Hafi nàdze ta aɖe xexlẽ gɔme la, tsa eme gbã. Kpɔ tanya suewo, nɔnɔmetatawo, nya siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu, nyatoɖemewo, kple memamã gbãtɔ kple mamlewo. Da ŋku ɖe memamã ɖesiaɖe ƒe nyagbe gbãtɔwo me. Nukpɔsusu veviawo nɔa nyagbe siawo me zi geɖe. De dzesi agbalẽ bliboa ƒe taɖodzinu. Bia nya ɖokuiwò: ‘Nukae nuŋlɔla la di be yeagblɔ? Viɖe kae mate ŋu akpɔ tso agbalẽ sia me? Kawoe nye nya veviawo?’
Ele vevie be wò susu nenɔ nuxexlẽa ŋu. Ele be nàƒo ɖokuiwò ɖe eme vĩ. Nu vevi si le emee nye be nàna dzidzɔ nanɔ wò nusrɔ̃ɣia me alesi gbegbe nàte ŋui. Dzi wò didi vevie ɖe edzi to tame bubu le alesi emenyaawo aɖe vi na wò le agbenɔnɔ ŋutɔŋutɔ mee ŋu. Wɔ nɔnɔmeawo ƒe tata le susu me. Ne nusi xlẽm nèle la aɖe mɔ la, zã wò sidzenuwo nàtsɔ asusu ʋeʋẽ, vivi/veve, kple nutetekpɔ ŋu le susu me.
Esi nèse nusi srɔ̃m nèle gɔme vɔ la, àte ŋu awɔ nuŋlɔɖiwo azɔ. Nuŋlɔɖi nyui si nàwɔ la ana nàse nua gɔme ahaɖo ŋku edzi kaba. Mehiã kokoko be nuŋlɔɖiwo nanye nyagbe blibowo o ke woanye nya alo nyagbe vevi siwo akpe ɖe ŋuwò naɖo ŋku nya veviawo dzi.
Nya gɔmesese mefia kokoko be àte ŋu aɖo ŋku nusianu dzi le etsɔme o. Nyateƒe lae nye be, kaka gaƒoƒo 24 nava yi la, àte ŋu aŋlɔ nyatakaka la ƒe akpa 80 le alafa me be ɣeyiɣi kpui aɖe ya teti. Ema sese aɖe dzi le ƒowò, gake ne ègato nyatia me ake la, àgate ŋu aɖo ŋku memamã 80 ma ƒe akpa aɖe alo geɖe dzi. Le nusrɔ̃ɣi ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la, wɔ numetoto aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo. Ne anya wɔ la, gbugbɔ to eme le ŋkeke ɖeka megbe, eye le kwasiɖa ɖeka megbe, kpakple le dzinu ɖeka megbe. Aɖaŋuɖoɖo siawo tsɔtsɔ wɔ dɔe akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ viɖe gbogbotɔ kekeake tso wò nusrɔ̃ɣi xɔasia me eye nàɖo ŋku nusi nèxlẽ la dzi.
Eyata mègabu wò ahɔhɔ̃ nu tsɛe o. Àte ŋu atu wò ŋkuɖoɖonudzi ŋutete ɖo. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖe yɔ ahɔhɔ̃a be enye “nusi gɔmesese goglo wu ɖesiaɖe si ŋu míeke ɖo le míaƒe xexeame katã vaseɖe fifi.” Enye kafukafu na Ewɔla, Yehowa, ƒe nunya kple ŋusẽ wɔnuku la.—Psalmo 139:14.
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 29]
Be nàɖo ŋku nusiwo nèŋlɔ ɖi dzi la, zã kadodoɖoɖoa: Wɔ nuawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe nɔnɔmetata ɖe susu me. Emegbe nàtsɔ nu gbãtɔ ƒe nɔnɔme-tata ado ka kple evelia tɔ eye nàyi edzi nenema
Nusiwo nàƒle:
1. Nyinotsi Tsɔ 1 do ka kple 2 lia
2. Abolo Tsɔ 2 do ka kple 3 lia
3. Elektrik-kaɖi Tsɔ 3 do ka kple 4 lia
4. Sabala Tsɔ 4 do ka kple 5 lia
5. Ice-cream