Alesi Nàwɔ Aɖo Ŋku Nu Dzi Wu
SUSU si tea ŋu ɖoa ŋku nu dzi nyuie le asiwò! Ðe ema dzi xɔxɔ ase sesẽ na wòa? Bu nu geɖe siwo dzi nète ŋu ɖoa ŋkui bɔbɔe la ŋu kpɔ vie: nusiwo nèkpɔna le ɖevime, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ƒe ŋkɔwo—glimemewo kura gɔ̃ hã siwo ƒe ŋkɔwo míesena le agbalẽwo me kple television dzi, ha siwo vivia nuwò la ƒe hagbewo, alfabeta, nuxexlẽ sɔsrɔ̃, kple nya akpe geɖewo. Ẽ, èɖee fia xoxo be yete ŋu ɖo ŋku nu akpeakpewo dzi!
Àbia be: ‘Gake ne nye susu wɔ nuku alea gbegbe la, ke nukatae megaŋlɔa nu be ɖo? Nukatae nye susu dzona le nuwo dzi kabakaba nenema gbegbe ɖo? Nukatae meyia fiase me heŋlɔa nusi ƒle ge meyi la be? Vɔ̃ɖitɔ wu la, nukatae wòsesẽna nam ŋutɔ be maɖo ŋku amewo ƒe ŋkɔwo dzi—kaka wòayi telefonxexlẽdzesiwo kple gbeɖoɖoɖiwo nye ge?’ Nusiawo ɖea fu na ame geɖe. Ke hã la, wò susu ɖoa ŋku nu dzi sã wu alesi nàsusui—eye àte ŋu ana wòaɖo ŋku nu dzi wu.
Nusita Míeŋlɔa Nu Be
Mawu wɔ mí kple ŋutete wɔnuku aɖe be míaɖo ŋku nu dzi. Esɔ nyuie be nusi woyɔ le Biblia ƒe hakpanya me be “sikagba” si nye nugo xɔasi aɖe si me susu le mee ahɔhɔ̃ la le. (Nyagblɔla 12:6) Ekema nukatae wòwɔna abe ɖe miaƒe susua mete ŋu ɖoa ŋku nu dzi kaba o ene? Zi geɖe la, etsɔa ɖekematsɔleme gbɔ. Arturo Toscanini, si nye hadzidzidzikpɔla [atidala] xɔŋkɔ la da ati ɖe hadzidzi blibowo katã dzi le eƒe susu me. Asitsala Charles Schwab te ŋu ɖo ŋku eƒe dɔwɔvi 8,000 ƒe ŋkɔwo dzi. Gake ɖe wote ŋu ɖo ŋku nu bubu siwo me wometsɔ ɖeke le o la dzi nyuie nenema? Ðewohĩ womete ŋu ɖo ŋkui o. Ekema aleke kee wò susu te ŋu nɔa nu dzii o, asesẽ na wò ŋutɔ be nanya nusiwo medoa dzidzɔ na wò o la ahaɖo ŋku wo dzi.
Nu bubu si ate ŋu ana míaŋlɔ nu be enye tɔtrɔ si ava le nuwo ƒe nɔnɔme me alo teƒe si wole la. Ne nuwo le afisi wokpɔ wo le la, woɖoa ŋku wo dzi bɔbɔe wu. Nyɔnu aɖe do gbe na ŋutsu aɖe si ɖi tsa yi afisi wonyii le la. Esusui ko be amesia anye ame aɖe si ye kpakplii yewonɔ teƒe xoxo sia hetsi. Ke enumake ede dzesii be amesi yekpɔna gbesiagbe ye—amesi nye yeƒe dɔwɔhati yeye! Nudogoɖenunu koe wònye be eya hã ɖi tsa va teƒe ma ke. Esi ŋutsua kpɔe le teƒe bubu ye na wòŋlɔ amesi wònye la be enumake.
Enyo ŋutɔ be mehiã be nàɖo ŋku nyakui miliɔn geɖe siwo yina ɖe wò susua me gbesiagbe la dzi o; wo dometɔ geɖe mehiã o. Gake àte ŋu asrɔ̃ alesi nàwɔ alé nusi le vevie ɖe susu me. To mɔ ka dzi? Eyae nye be nàlé ŋku ɖe eŋu etɔxɛe.
Alesi Nàwɔ Aɖo Ŋku Nu Dzi
Míatsɔe be èdi be yeaƒo ka na ame aɖe egbe fiẽ. Ne ɖeko nèlé nya sia ɖe susu me enumake ko eye mewɔ nu bubu aɖeke wu ema o la, ɖewohĩ aŋlɔ be. Eyata tɔ te nàde ŋugble le ka sia si nèdi be yeaƒo na amea la ŋu. Agbalẽ si nye Instant Recall—Tapping Your Hidden Memory Power, si Jeff Budworth ŋlɔ la kafui be ele be woatsɔ “aɖabaƒoƒowo, menye sekɔndwo o” awɔ nya veviwo ƒe nɔnɔmetata ɖe susua me. Gblɔ na ɖokuiwò be yeɖoe kplikpaa be yeaɖo ŋku edzi aƒo ka sia na amea. Esi nèle ŋku ɖe nya sia ŋu etɔxɛ ta la, màŋlɔe be bɔbɔe o.
Gake mɔ bubu kawo hã nue nàte ŋu ale ŋku ɖe nusiwo mèdi be yeaŋlɔ be o la ŋu etɔxɛe le? Ne ètsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la wɔ dɔe la, eteƒe madidi hafi woatsi asiwò o.
Nyawo me nekɔ na wò nyuie: Ne womede nya si wòle be kɔmpuita natsɔ adze dɔwɔwɔ gɔmee la eme nyuie o la, mate ŋu aɖe nya siwo dim wole do goe o. Nenema ke míaƒe susuwo hã le le go geɖe me. Le kpɔɖeŋu me, bu ŋkɔwo nyanya ŋu kpɔ. Ðk, Bruno Furst de dzesii le eƒe agbalẽ si nye Stop Forgetting me be: “Ne míese ŋkɔ la nyuie alo wòsɔ ɖe enu pɛpɛpɛ o la, míate ŋu agblɔ be míele ŋku ɖom edzi alo míele eŋlɔm be gɔ̃ hã o. Míate ŋu aɖo ŋku nusi míenya o dzi alo aŋlɔe be o. Eyata nu gbãtɔ si wòle be míawɔe nye be míanya ŋkɔ la nyuie ale be míagake ɖi le eyɔyɔ alo eŋɔŋlɔ ŋu o.” Ne woɖe ame aɖe fia wò eye wòyɔ eŋkɔ na wò le dalĩdodogbe me la, mègahe ɖe megbe le ebiabia be wòagagbugbɔ ayɔ ŋkɔa na wò la ŋu o. Bia alesi woŋlɔnɛ.
Wɔ nua ƒe nɔnɔmetata ɖe susu me. Dze agbagba nàwɔ nusi dzi nèdi be yeaɖo ŋkui la ƒe nɔnɔmetata ɖe susu me. Ðe dɔ aɖe li si mele be nàŋlɔ be oa? Ekema kpɔe le susu me be yele ewɔm. Nu geɖe si nètsɔ kpe ɖe susumenɔnɔmetata sia ŋu la, zi nenemae wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖo ŋku edzi.
Nuwo kpɔkpɔ le susu me ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be nade ƒomedodo nusiwo dze abe ɖe woto vovo tso wo nɔewo gbɔ ene dome. Tsɔe le kpɔɖeŋu me be ele be nàɖo ŋku edzi aƒle nyinotsi kple aɖaŋuklɔtike. Àte ŋu adze agbagba awɔ nyinɔ si le aɖu ŋu klɔm la ƒe nɔnɔmetata ɖe susu me. Nenye be èdze agbagba be yeaŋlɔ nɔnɔmetata sia be gɔ̃ hã la, màte ŋu aŋlɔe be bɔbɔe o.
Nɔ egblɔm: Egbɔgblɔ na ɖokuiwò sesĩe be, ‘Ele be maƒo ka na Kɔdzo egbe fiẽ’ la nye nu bubu si akpe ɖe ŋuwò naɖo ŋku edzi awɔe. Gake ɖe nèŋlɔna be zi geɖe nenye be ètu ʋɔa alo tsi dzo le abolokpoa mea? Agbalẽ si nye How to Improve Your Memory, si Ðk. James D. Weinland ŋlɔ la gblɔ be: “Zi geɖe la, woate ŋu aɖu kuxia dzi to nuƒoƒo tso dɔa ŋu esime míele ewɔm me . . . Ne èna ka gaƒoɖokuia hena gamee la, gblɔ be ‘Mena ka gaƒoɖokui la hena gamee.’ Ne èdo ʋɔa la, gblɔ na ɖokuiwò be ‘Medo ʋɔa’” Esia wɔwɔ aɖi bometsinuwɔwɔ na wò ya, gake ate ŋu akpe ɖe ŋuwò naɖo ŋku nu dzi.
Tsɔ ɖe le nua me: Nu aɖewo manya doa dzidzɔ na wò o, gake ne èɖo ŋku nusita wòle be nanya nuawo kple nusiwo ado tso ŋkumaɖomaɖo wo dzi me dzi na ɖokuiwò la, enyanya anɔ bɔbɔe na wò. Gakpe ɖe eŋu la, zi alesi nèyia edzi srɔ̃a nane la, zi nenemae wòava do dzidzɔ na wò wu. Biblia gblɔ be: “Sidzedze le bɔbɔe na nugɔmeselawo.”—Lododowo 14:6.
Xlẽ nuawo: Tsɔe be ele be nàtsɔ nu geɖe ɖe asi ayi dɔme etsɔ ŋdi. Ne ède dzesi agbɔsɔsɔme si tututu nàtsɔ la, manɔ bɔbɔe be nàgblẽ ɖe ɖi o.
Mã wo ɖe hatsotso me: Ne ehiã be nàƒle nuɖuɖu geɖe le fiase aɖe me la, dze agbagba nàɖo wo ɖe hatsotso me. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu atso nya me be ehiã be yeaƒle nuɖuɖu siwo wowɔ kple nyinotsi ƒomevi etɔ, lã ƒomevi eve, kple nu bubu eve. Nuwo ɖoɖo ɖe ɖoɖo nu alea akpe ɖe ŋuwò be wo susu nanɔ nuawo ŋu wu.
Zãe eye nàdzro eme: Àɖo ŋku wò ŋutɔ ŋkɔwò, alfabeta, alo alesi nazã gaflo alo nuŋlɔti dzi ɣesiaɣi. Nukatae? Elabena èwɔa nusiawo ŋudɔ edziedzi. Susu zazã edziedzi doa ŋusẽe be wòɖoa ŋku nu dzi bɔbɔe wu. Eyata ɣeaɖewoɣi la, dzro nusiwo dzi nèdi be yeaɖo ŋkui la me le wò susu me alo nàzã wo. Ne woyɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ na wò la, dze agbagba nazã eƒe ŋkɔ zi geɖe. Alo ne èsrɔ̃ nu yeye aɖewo la, dze agbagba nazã wo le wò dzeɖoɖowo me, eye kpɔ nyuie be magadze abe ɖokuiwò dom ɖe dzi nèle ene o.
Ŋkuɖoɖonudzi ƒe Viɖe
Ðewohĩ àbia be: ‘Gake nukatae nànɔ fu siawo gbegbe ɖem na ɖokuiwò?’ ‘Manɔ bɔbɔe wu be nàŋlɔ nuwo ɖi boŋ oa?’ Ɣletigbalẽwo, nuwo ƒe ŋkɔ ŋɔŋlɔ ɖi, gaƒoɖokuiwo, wò ŋutɔ wò nuŋlɔɖiwo—nusiawo katã wɔa tameɖoɖo vevi aɖe ŋudɔ. Gake ɣeaɖewoɣi la, ɖeko manya wɔ be woaŋlɔ nuwo ɖi o, abe ne èle go dom amewo le hadomenɔnɔme aɖe me ene. Eye ne ehiã be nàwɔ tɔtrɔ le nusiwo ŋu nèbu nyuie heŋlɔ ɖi be yeaƒle ŋu la, zi geɖe la nuŋlɔti menɔa atsitsɔƒe o. Azɔ hã la, agbalẽvi si dzi nèŋlɔ nuwo ɖo la ate ŋu abu bɔbɔe. Ke ne mèɖo ŋku edzi kpɔ wò ɣletigbalẽa dzi o ɖe? Eyatae hehe nana wò susu nye agbagbadzedze si ɖea vi.
Ne èwɔa eŋudɔ edziedzi la, ŋkuɖoɖonudzi ava nɔ bɔbɔe na wò wu. Eteƒe madidi hafi nava kpɔe le nyateƒe me be yedi ŋkuɖoɖonudzi wu nuŋɔŋlɔ ɖi o. Gake mègavɔ̃ be ɖewohĩ yeava lɔ nu geɖe akpa ɖe susu me eye wòawɔe be susua magawɔ dɔ nyuie alo abu nuwo ŋu o. Abe alesi wòle le lãmekawo gome ene la, susua sẽa ŋu eye wowɔa dɔ nyuie wu ne wozãnɛ edziedzi. Ðk. Joan Minninger gblɔ be: “Ame akpa gãtɔ bua nuwo léle ɖe susu me hena ɣeyiɣi didi abe nudzraɖoƒe gã aɖe si me wòle be woanɔ nuwo ɖem le ɣeaɖewoɣi be woatsɔ nu yeyewo ade eme ene. Ema menye nyateƒe o. Nuwo léle ɖe susu me ƒe seɖoƒe aɖeke meli o. Àte ŋu asrɔ̃ nu yeyewo le wò agbe me katã ahaɖo ŋku wo dzi.”
Ðk. Furst hã gblɔ nya ma ke be “anye amebeble be woasusui be bene woalé be na ame ƒe ahɔhɔ̃menugbagbevi suewo ta la, mele be míana woanɔ dɔwɔwɔ dzi o, eye míadzra wo ɖo ɖi dɔ mawɔmawɔe. Wo zazã boŋ ye nana wowɔa dɔ nyuie.” Ne ezãa wò susu ɣesiaɣi la, ana wòanɔ ŋku ɖom nu dzi wu. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 5:14.) Ame aɖewo, abe Harry Lorayne ene, si hã nɔ eme woŋlɔ The Memory Book la xɔe se gɔ̃ hã be “susua ate ŋu aɖa kura wu ne èle tsitsim.”
Togbɔ be esia ate anɔ eme nenema alo manɔ eme o hã la, Mawu ƒe nunana si nye susua zazã magblẽ nu le ŋuwò o ke boŋ aɖe vi geɖe na wò. Màte ŋu aŋlɔ viɖe siwo nakpɔ tso eme la be o.