Do Ɣaɣlɛ Siwo Le Anyigba Tume
AMESIWO ade 171 ya teti ku le Algeria le August 18, 1994 dzi, esime anyigbaʋuʋu gã aɖe dzɔ. Ame alafa geɖe xɔ abi, eye ame akpe geɖe zu aƒemanɔsitɔwo. Kwasiɖa geɖe do ŋgɔ na esia la, anyigbaʋuʋu gãwo dzɔ le Bolivia, Colombia, kple Indonesia hã eye ame alafa geɖe bu woƒe agbe ne míetsɔ wo katã ƒo ƒu.
Ðe nènya be afɔku gã siawo dzɔa? Ne menye wò ŋutɔ dzie wòdzɔ ɖo alo be nèle dukɔ si te ɖe afima ŋu me o la, ke ɖewohĩ mèsee o. Gake ne anyigbaʋuʋu gãwo dzɔ le California, U.S.A., nutoa me la, edze abe nyadzɔdzɔa kakana kaba ŋutɔ ene, eye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku si wowɔna tso anyigbaʋuʋua ŋu hã dona le ɣeyiɣi ma ke me kloe.
Nusi gbɔ wòtso enye be womesrɔ̃ nu tso anyigba ŋu le teƒe bubu aɖeke de California ƒe anyigbe nu o, afisi mɔ̃ 700 siwo dzidzea anyigba ƒe ʋaʋa dea dzesi anyigbaʋuʋu suetɔ kekeake siwo ƒe dzidzenu anɔ 1.5 ko gɔ̃ hã le. Alesi gbegbe anyigbaʋuʋu ŋuti nunyalawo sɔ gbɔ le nuto ma mee la na be anyigbaʋuʋu ŋuti nyatakaka geɖe tsoa afima.
Nusi Ŋu Woke Ðo Nyitsɔ Laa
Ðikeke mele eme o be numekuku deto siawo kpe ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le dukɔ geɖe me ŋu wose anyigbaʋuʋuwo gɔme eye wodzea agbagba be yewoagblɔ ɣeyiɣi si woadzɔ gɔ̃ hã ɖi kaba ale be amewo nagatsi eme o. Mɔ̃ɖaŋununya sia hiã elabena anyigbaʋuʋu gã siwo ade 40 gblẽa nu le xexeame ƒe akpa vovovowo ƒe sia ƒe. Anyigbaʋuʋu sue siwo ŋu afɔku aɖeke mele o gake wo nu sẽ be woase wo ŋkɔ hã dzɔna. Esiawo dzɔna zi 40,000 vaseɖe 50,000 ƒe sia ƒe!
Edze ƒã be kpe gã gbadza siwo le anyigba tume siwo kana eye woglina va nɔa teƒe yeyewo esime bubuwo te wo ɖe anyi la gbɔe anyigbaʋuʋu geɖe tsona. Zi geɖe la, mɔ siwo ɖe ɖe anyigba la dzi mee nusiawo dzɔna le. Woyɔa mɔ siawo be dowo.
Zi geɖe la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo te ŋu dea dzesi afisi do siawo le, eyata wofiaa asi teƒe siwo anyigbaʋuʋu ate ŋu adzɔ le. Nukata míegblɔ be “zi geɖe”? Elabena dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va kpɔe nyitsɔ laa be yewoƒe nutatawo meɖe nu geɖe ɖe go tututu abe alesi wobui tsã ene o. Le kpɔɖeŋu me, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo tsi dzi esi wova kpɔe nyitsɔ laa be anyigbaʋuʋu geɖe siwo mɔ̃awo dea dzesii le California la dzɔna le do ɣaɣlɛwo me—zi geɖe le teƒe siwo anyigbaŋutinunyalawo bui tsã be anyigbaʋuʋu ƒe afɔku mele o.
Le anyigbaŋutinunyala Ross Stein si le U.S. ƒe Anyigba Ŋuti Numekuƒe kple Robert Yeats si le Oregon Dukɔ ƒe Yunivɛsiti ƒe nya nu la, “ɖewohĩ togbɛwo alo tonyigba siwo mekɔkɔ boo o nye anyigba ƒe akpa siwo wobu be wole dedie wu, si na woɖea ŋu ɖi.” Gake woku nu me va ke ɖe do siwo ate ŋu ahe anyigbaʋuʋu gãwo vɛ ŋu siwo le kpe siwo xa gobaa te, esiwo dometɔ geɖe dzɔ le ami si woku le wo me ta. Nukatae womete ŋu de dzesi do gã siwo le anyigba tume o, eye ŋɔdzi ka gbegbee le wo ŋu?
Afɔku si Dzi Mele be Woaŋe Aɖaba Aƒui O
Anyigbaŋutinunyalawo nya ɣeyiɣi didi aɖe enye sia be kpe gãwo ate ŋu amimi wo nɔewo eye woaxatsa abe ɖovu ene. Gake wobui tsã be ɖe wòdzɔna ʋɛʋɛʋɛ eye wòyia edzi hã nenema. Gake numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa tso kpe xatsaxatsawo ŋu ɖee fia be wohona ɖe dzi zi ɖeka—abe meta 5 sɔŋ ene le sɛkɔnd ʋee aɖewo ko me! Wotena kpe gã gbadza siwo le wo te la ɖe anyi ne wole xatsaxatsam. Teteɖeanyi sia wɔnɛ be kpe gã siwo le esiwo xatsa gɔme ke kana, eye kakɛa ɖeka dzea egɔme nɔa mlimlim to evelia dzi. Kpe siwo xatsa siwo ɖe do gãwo ɖe anyigba la tume siwo dze abe afɔku mele wo ŋu o ene la va zua nusi hea anyigbaʋuʋuwo vɛ eye wodzɔna hafi amesiwo nya nu tso anyigbaʋuʋu ŋu kena ɖe wo ŋu. Do siawo siwo le anyigba tume ate ŋu ahe anyigbaʋuʋu gãwo vɛ abe do siwo dzena gaglã wokpɔna le anyigba la dzi ke ene.
Anyigbaʋuʋu si dzɔ le Northridge le Los Angeles nutoa me le January 17, 1994 dzi nye nyitsɔ laa ƒe kpɔɖeŋu ɖeka si fia nusi do ɣaɣlɛ ate ŋu awɔ. Do gã aɖe si le anyigba la tume si didi kilometa 8 vaseɖe 19 le anyime ɖaa gbɔe anyigbaʋuʋua tso. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo menya nu tso do ma ƒe anyinɔnɔ ŋu do ŋgɔ na anyigbaʋuʋua ƒe dzɔdzɔ o. Do ɣaɣlɛ sia gblẽ nunɔamesi gbogbo aɖe dome, ede abi amesiwo wu 9,000 ŋu, eye wòwu ame 61.
Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le ebum be do ɣaɣlɛ siawoe he anyigbaʋuʋu gã geɖe vɛ, menye le California ɖeɖeko o ke le Algeria, Argentina, Armenia, Canada, India, Iran, Japan, New Zealand, kple Pakistan hã. Anyigbaʋuʋu siwo ate ŋu anye be do ɣaɣlɛ siawo gbɔe wotso la wu ame akpe geɖe le anyigba siawo dzi le ƒe blanane siwo va yi me.
Kuxi si dze ŋgɔ dzɔdzɔmeŋutinunyalawoe nye alesi woawɔ ake ɖe teƒe siwo kpe siawo xatsana le ŋu ahagblɔ anyigbaʋuʋu si tɔgbe esiawo ahe vɛ ɖi. Fifia womegabua togbɛ siwo ʋãna siwo wobu tsã be afɔku mele wo ŋu o la ƒe nugblẽŋusẽ nu tsɛe o.
[Aɖaka si le axa 22]
Ðe Los Angeles-Nyigba Le Vɔvɔma?
Do gã kple kpe xatsaxatsɛ geɖe siwo le Los Angeles, California, ƒe anyigba tume la wɔe be nuto ma me mele dedie kura o. Edze abe kpe siwo le mlimlim le San Andreas ƒe Do la me le ŋusẽ geɖe kpɔm ɖe tsitoƒe si le Los Angeles dzi ene. (Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, July 22, 1994, axa 15-18.) Anyigbaŋutinunyala siwo le nutoa me bu akɔnta be kpe siwo le xatsaxatsam le alesi bubuwo mimi woe ta la ate ŋu ana anyigba si le Los Angeles ƒe tsitoƒe dzi naɖe akpɔtɔ wòade agbleka ɖeka ƒe akpa enelia ƒe sia ƒe.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 21]
Anyigba ƒe nɔnɔmetata: Mountain High Maps™ copyright © 1993 Digital Wisdom, Inc.