Ðe Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O Ate Ŋu Avaa?
BU EŊU kpɔ be màgakpɔ aʋawɔwɔ kple eƒe nugblẽƒe dziŋɔwo teƒe alo wòadzɔ le mia gbɔ akpɔ gbeɖe o. Bui le susu me kpɔ be màgase tudada alo bɔmbwo ƒe wowó akpɔ o, màgakpɔ aʋasila dɔwuitɔ gbogbo siwo le sisim o, eye màgabu eŋu gbeɖe be wò alo wò lɔlɔ̃tɔ aɖe atsi ŋutasesẽ ƒe aʋawɔwɔ manyatalenu aɖe me o. Aleke wòahadzɔ dzi na amee nye si be woanɔ xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o me!
Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Mate ŋu adzɔ nenema o.’ Gake amewo nɔ mɔ kpɔm vevie be ŋutifafa ƒe xexe aɖe ava le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me. Le ƒe 1990 kple 1991 me la, ame geɖe nɔ gbɔgblɔm be dukɔwo ɖo dedienɔnɔ kple ɖekawɔwɔ ƒe azã yeyea aɖe ƒe agbo nu. George Bush si nye United States dukplɔla ɣemaɣi la ƒo nu tso “xexeme yeye ƒe ɖoɖo” si gbɔna ŋu zi geɖe, si ɖe alesi amewo se le wo ɖokui me ɣemaɣi fia.
Nukata wokpɔ mɔ na nɔnɔme nyuiwo? Elabena Dukɔwo Dome Nyaʋiʋli la wu enu. Ƒe 40 kple edzivɔe nye ma nuklia-ʋa ƒe ŋɔdzi le ameƒomea dzi abe yi si wotsi ɖe ka lɛ aɖe ŋu ene. Gake esi Kɔmiunist-dziɖuɖua mu eye Soviet Union me mã la, edze abe nuklia ƒe ametsɔtsrɔ̃ ƒe ŋɔdzia bu ene. Dukɔwo ɖe dzi ɖi.
Susu vevi bubu aɖe hã li si ta kakaɖedzi nɔ amewo si ɖe etsɔme ŋu, kple nusita wògale ame geɖe si. Nyaʋiʋli si nɔ Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe dukɔwo dome ƒe 40 sɔŋ la na Dukɔ Ƒoƒuawo zu nyaʋliƒe dzro aɖe ko. Gake Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia ƒe nuwuwu ɖe mɔ na Dukɔ Ƒoƒuawo be wòawɔ nusita woɖoe anyi—be wòadze agbagba ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ava dukɔwo dome.
Dukɔ Ƒoƒuawo gade dzo agbagba si dzem wòle be amewo nadzudzɔ aʋawɔwɔ la me le nyitsɔ laa ƒe ƒewo me. Dukɔ Ƒoƒuawo zã dukɔ siwo le eme ƒe asrafowo tsɔ wɔ ŋutifafadidi ƒe dɔwo le ƒe 4 siwo do ŋgɔ na ƒe 1994 me wu alesi wòwɔe le ƒe 44 siwo do ŋgɔ me. Dukɔmevi dzrowo kple asrafo siwo ade 70,000 nɔ aʋanutsiɖoɖo 17 siwo wowɔ le xexeame katã la me. Le ƒe eve ko me la, ga si wogblẽna ɖe ŋutifafadidi ƒe ɖoɖoawo ŋu dzi ɖe edzi wu eteƒe eve va ɖo dɔlar biliɔn 3.3 le ƒe 1994 me.
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽŋlɔlagã Boutros Boutros-Ghali ŋlɔ nyitsɔ laa be: “Dzesiwo le dzedzem be dukɔwo katã ƒe dedienɔnɔ ŋuti ɖoɖo si wowɔ le San Francisco ƒe 50 kloe nye sia [esime woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi] la dze dɔwɔwɔ gɔme mlɔeba abe alesi woɖoe be wòanɔ ene. . . . Míeɖo ta dukɔwo dome ɖoɖo akuaku aɖe gbɔ.” Togbɔ be wole dɔ siawo wɔm hã la, mɔkpɔkpɔ na xexeme yeye ƒe ɖoɖo la le bubum kabakaba. Nukae dzɔ si na xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ amewo si la gado viviti ɖe edzi? Ðe susu aɖe li si ta míaxɔe ase be ŋutifafa axɔ aƒe ɖe xexeame katã gbaɖegbea? Nyati siwo kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 11]
Aʋawɔyameʋuwo: USAF ƒe foto
Yameʋugetuwo: U.S. National Archives ƒe foto