Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O Ava Kpuie
GALÉ ŋku ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖi si le Yesaya la ŋu kpɔ, esi gblɔ be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ [magatsɔ] yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” De dzesii le afisi wòdze le la be amesiwo atsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe la nye ‘ame geɖe’ siwo zɔa Mawu ƒe toƒewo. (Yesaya 2:2-4) Esia fia be amesiawo dea ta agu na Yehowa Mawu eye wowɔa eƒe sewo dzi. Amekawoe wonye?
Ele be woanye amesiwo tso dukɔ vovovowo me, siwo menye ɖeko wogbe aʋawɔnuwo dzro ko o, ke wodze agbagba ɖe nɔnɔme kple agbenɔnɔ siwo hea mamã kple aʋawɔwɔ vɛ ɖa le woƒe susu kple dzime. (Romatɔwo 12:2) Le esi teƒe be woawu wo havi la, wolɔ̃nɛ boŋ. (Mateo 22:36-39) Ðe nènya ame aɖewo nenemaa?
Ðewohĩ èse be Yehowa Ðasefowo wɔa nɔvi le dukɔwo dome eye wogbea aʋawɔnuwo tsɔtsɔ awu ame bubuwoe. Bu eŋu kpɔ: Ne amesiame le nenema le anyigba dzi la, ɖe anyigba sia dzi manye ŋutifafa kple dedienɔnɔ nɔƒe xoxo oa?
Gake menye amesiame sie nɔnɔme ma le o. Ele abe alesi Fia Salomo ŋlɔ anɔ ƒe 3,000 enye si va yi ene be: “Megaɖe ŋku ɖe ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu.”—Nyagblɔla 4:1.
Ameyɔyɔ si Yi Na Ŋutifafalɔ̃lawo
Ðe xexe aɖe ava si me aʋawɔwɔ manɔ oa? Ẽ. Amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo dzie wòato avaa? Ao. Ame gbogbowo ƒe dzimetɔtrɔ va subɔsubɔha vavãtɔ me dzie wòato avaa? Ao. Biblia-gbalẽ si nye Psalmowo ɖo eŋu be: “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, . . . amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.)—Psalmo 46:9, 10.
Aleke Yehowa Mawu awɔ emae? Lododowo ƒe agbalẽa ɖo eŋu be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo [amesiwo gbea Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ] ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”—Lododowo 2:21, 22.
Susu vevi aɖe si ta Mawu metso ɖe eŋu do ŋgɔ na ɣeyiɣi sia o enye si: Ele mɔnukpɔkpɔ nam amewo be woasrɔ̃ nu tso eƒe mɔwo ŋu ale be woate ŋu azɔ eƒe toƒewo. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Menye ɖe [Yehowa, NW] le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” (Petro II, 3:9) Esia tae Mawu ƒe amewo kpena ɖe ame bubuwo ŋu ɖokuitɔmadimaditɔe be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Abe alesi Yesaya gblɔe ene la, wogblɔna be: “Mina míayi Yehowa ƒe to la, . . . gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu.”—Yesaya 2:3.
“Ŋkeke Mlɔeawo”
Mawunyakpukpui si le Yesaya la gblɔ ɖi hã be woafia nu amewo le ŋutifafamɔwo dzi le “ŋkeke mlɔeawo me.” (Yesaya 2:2) Ɣeyiɣi ma mee míele fifi laa. Ƒe alafa sia me ʋawɔwɔwo ɖee fia wòdze ƒã be eya mee míele.
Esime Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bia nusi anye nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ƒe dzesi la, egblɔ ɖi be “anyigbaʋuʋu gã kple dɔwuame kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11; Mateo 24:3) Egblɔ hã be: “Ne miase aʋawo kple zitɔtɔwo la, migaɖi vo o; elabena ele be, nusiawo nava ve me gbã; gake nuwuwu la maɖo enumake o. Tete wògblɔ na wo bena: Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti.”—Luka 21:9, 10.
Togbɔ be wowɔ aʋa ƒe akpe geɖe hã la, xexemeʋa eve dzɔ le ƒe alafa sia ɖeɖeko me eye, le ame aɖewo ƒe akɔntabubu nu la, wowɔ aʋa siwo le sue wu alafa geɖe. Nyateƒe si wònye be wowu ame miliɔn bla nanewo le aʋawɔwɔ me le ƒe alafa sia me la wɔ mo yaa ŋutɔ. World Watch magazine gblɔ be le ƒe 2,000 siwo do ŋgɔ na ƒe alafa 20 lia me la, exɔa ƒe 50 hafi ame miliɔn ɖeka kuna le aʋawɔwɔ me le mamã dedie nu. Le ƒe alafa sia me la, ɣeyiɣi ƒe didime si ame miliɔn ɖeka kuna le aʋawɔwɔ me le mamã dedie nue nye ƒe ɖeka.
Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O
Aʋa gã siwo dzɔ le míaƒe ƒe alafaa me, kple nudzɔdzɔ geɖe bubu siwo wogblɔ ɖi le Biblia ƒe nyagblɔɖi me la ɖee fia be míele xexe yeye aɖe si Mawu awɔ la ƒe agbo nu. Woaɖe xexe xoxoa ƒe tɔtɔ la ɖa eye “anyigba yeye” si dzi ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖo axɔ ɖe eteƒe. (Petro II, 3:13) Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo, ke amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:9, 11.
Ame miliɔn gbogbo aɖewo le anyigba dzi egbea siwo le xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o dim vevie. Esi Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ eɖem fia be Mawu ana ŋugbe si wòdo be yeana xexe sia tɔgbe nava eme godoo la, eŋlɔ bena: “Azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.”—Xabakuk 2:3.
Eyata ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu nunyatɔe eye àkpɔ eƒe ŋugbedodo sia me vava teƒe be: “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli [eƒe amewo], . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 17, 18]
Nusiwo Biblia Gblɔ Ði le Xexe Yeye Ma Ŋu:
Nuvlowɔwɔ, Adãwɔwɔ, alo Vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye Maganɔ Anyi O
“[Mawu] tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.”—Psalmo 46:10.
“Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o.”—Psalmo 37:9, 10.
Amegbetɔƒomea Katã Anɔ Ŋutifafa Me
“Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be . . . ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa . . . o.”—Yesaya 9:5, 6.
Anyigba Katã Azu Paradiso
Yesu gblɔ be: “[Ànɔ] Paradiso la me kplim.”—Luka 23:43.
“Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.
Xexeame Katã ƒe Nɔviwo ƒe Habɔbɔ si me Lɔlɔ̃ Le
“Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku ƒe Tsitretsitsi
“Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le yɔdowo me la, woase [Yesu ƒe] gbe; eye . . . woado go.”—Yohanes 5:28, 29.
Dɔléle, Amegãkuku, alo Ku Maganɔ Anyi O
“[Atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.