INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 25
  • Aleke Woawɔ Ahe Ŋutifafa Ava Anyigba Dzi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Woawɔ Ahe Ŋutifafa Ava Anyigba Dzi?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Aʋawɔwɔ Maganɔ Anyi O
    Nyɔ!—1999
  • Alesi Xexeame Ava Wɔ Ðekae
    Nyɔ!—1994
  • Ŋutifafa Vavãtɔ—Afikae Wòatso Ava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Di Ŋutifafa Vavãtɔ eye Nàti Eyome!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 25
Ame siwo ƒe dekɔnu le vovovo

Aleke Woawɔ Ahe Ŋutifafa Ava Anyigba Dzi?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ŋutifafa ava anyigba dzi gake manye to amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze me o. Ke boŋ Mawu Fiaɖuƒe, dziɖuɖu si le dziƒo, si dzi Yesu le fia ɖum le lae ahe ŋutifafaa vɛ. Kpɔ nya siwo Biblia gblɔ tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ŋu la ɖa.

  1. Mawu atsi “aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke,” eye wòato esia me awɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeana “ŋutifafa nanɔ ame siwo ŋu [yekpɔa] ŋudzedze ɖo la dome le anyigba dzi” la dzi.—Psalmo 46:10; Luka 2:14.

  2. Mawu Fiaɖuƒe si le dziƒo la aɖu anyigba bliboa dzi. (Daniel 7:14) Dziɖuɖu sia si aɖu xexea me katã dzi la aɖe dulɔlɔ̃ si gbɔ aʋawɔwɔ geɖe tsona la ɖa keŋkeŋ.

  3. Woyɔ Yesu ame si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la be “ŋutifafafia” eye akpɔ egbɔ be “seƒeɖo manɔe na ŋutifafa” o.— Yesaya 9:5, 6.

  4. Womaɖe mɔ na ame siwo ɖoe kplikpaa be ŋutasẽnuwo koe yewoanɔ wɔwɔm la be woanɔ Fiaɖuƒe ma te o, elabe Mawu ƒe “luʋɔ léa fu . . . ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.”—Psalmo 11:5; Lododowo 2:22.

  5. Mawu fiaa eteviwo ale si woanɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo. Eye Biblia ɖɔ nu nyui siwo le dodom tso nufiame sia me ale: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:3, 4.

Fifia gɔ̃ hã la, ame miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo le ale si woanɔ ŋutifafa me kple wo haviwo srɔ̃m tso Mawu gbɔ. (Mateo 5:9) Togbɔ be míenye gbegbɔgblɔ vovovo dolawo eye míetso dukɔ siwo wu 230 me hã la, míegbe be mímatsɔ yi ɖe mía haviwo ŋu o.

Yehowa Ðasefowo le ale si woanɔ ŋutifafa me kple wo haviwo la srɔ̃m egbea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe