INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 5/8 axa 3
  • Vixɔxɔnyi—Ðe Wònyo na Wòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vixɔxɔnyi—Ðe Wònyo na Wòa?
  • Nyɔ!—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vixɔxɔnyi—Nukatae eye Alekee?
    Nyɔ!—1996
  • Amedzidzi Yeyee—Tɔtrɔ Kae Wòhena Vanɛ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Vixɔxɔnyi—Aleke Wòkamee?
    Nyɔ!—1996
  • Nukatae Wòle Be Woaxɔm Anyi?
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 5/8 axa 3

Vixɔxɔnyi—Ðe Wònyo na Wòa?

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRITANIA GBƆ

BRITANIA hadomekpekpeɖeŋudɔwɔla aɖe gblɔ be: “Vixɔxɔnyi nye ɖoɖo si wowɔ be woatsɔ akpe ɖe ɖeviwo ŋu, menye be woana vi nasu srɔ̃tɔ madziviwo si o.” Ne ele alea gɔ̃ hã la, zi geɖe nya kae le ɖevi si wòagblɔ ne woxɔe le nyinyim?

Ðe nèle susu wɔm be yeaxɔ vi anyia? Ekema menye nyametsotso si ku ɖe wò seselelãme ŋu koe nèdze ŋgɔe o, ke esi màgate ŋu atrɔ o hã ye. Ðe miaƒe ƒomea me asɔe na ɖevia?

Ne ɖevi si woxɔ nyi ye nènye la, ɖe nènya dziwòla ŋutɔŋutɔwoa? Ne mènya wo o la, tɔtrɔ kae ava ne ènya wo?

Vinɔ si le ŋugble dem be yeatsɔ ye vi ana woaxɔ anyie nènyea? Ðe viwòa xɔxɔ anyi koe akpɔ kuxia gbɔ eye wòanyo na viwòa wu vavã?

Le ƒe 1995 me la, ɖevi siwo woxɔ nyi le United States sɔ gbɔ wu 50,000, eye wo dometɔ siwo ade 8,000 nye esiwo wodzi tso dukɔ bubuwo me. Amesiwo le dukɔ bubuwo me viwo xɔm le nyinyim le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ. Le Time magazine ƒe nya nu la, ƒome siwo le United States xɔ dukɔ bubu me vi siwo wu 140,000 nyi le ƒe 25 siwo va yi me. Woƒe xexlẽme siwo le Europa enye, 32,000 le Sweden, 18,000 le Holland, 15,000 le Germania, kple 11,000 le Denmark.

Ðe nya sia ƒe akpa aɖe ka wòa? Ne àxɔ vi anyi la, ke efia be wò agbenɔnɔ—menye ɖevia ƒe agbenɔnɔ ɖeɖeko o—maganɔ abe tsã ene gbeɖe o. Esɔ be dzila siwo xɔa vi nyina la kpɔa mɔ na dzidzɔ geɖe, gake ehiã be woadzra ɖo ahanɔ klalo na kuxi kple numadzedziname geɖe hã. Nenema ke dzigbagbã si me vinɔ ato ne wòtsɔ via na woxɔ nyi la mafa nɛ keŋkeŋ gbeɖe o.

Lɔlɔ̃ si woatsɔ anyi amesi metsi o alo agbugbɔ ana hehee la nye kuxi si le nɔnɔmea ɖesiaɖe me. Nyati siwo gbɔna la ana nàkpɔ dzidzɔkpɔkpɔ—kple kuxi—siwo le vixɔxɔnyi me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe