Vixɔxɔnyi—Aleke Wòkamee?
EDZE ƒã be kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa ne dzila siwo xɔ vi nyi gbe wo nɔewo alo ne srɔ̃tɔ ɖeka ku. Gake ɖevi si woxɔ nyi dzie nu ate ŋu ate ɖo wu. Nukata?
Mía dometɔ akpa gãtɔ nya amesiwo nye mía dzila ŋutɔŋutɔwo. Ne ɖe woku esime míenye ɖeviwo hã la, wonɔa susu me na mí, alo ɖewohĩ foto aɖewo li siwo ana míanya wo. Ke ɖevi si woxɔ nyi esime wodzii teti ya ɖe? Vixɔnyihabɔbɔa dzraa dadaa ŋuti nuŋlɔɖiwo ɖo, gake womenaa ɖevia nyaa nu tso nyatakaka ma ŋu o vaseɖe esime wòtsi nyuie hafi. Le go bubuwo me la, dadaa dea eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ dzidzigbalẽ dzi gake gbea fofoa tɔ ŋɔŋlɔ. Vidzĩ aɖewo nye vi fɔfɔewo—wova kena ɖe wo ŋu esi wo dzila siwo womenya o gblẽ wo ɖi megbe. Ƒomekadodo aɖeke menɔa ɖevi siawo siwo le nɔnɔme siawo katã me la si o—woate ŋu ase le wo ɖokui me be woɖe yewo ɖa tso yewoƒe ƒome alo dzɔtsoƒe gbɔ.
Aleke Woawɔ Nui?
Atiwo hiãa ke nyuiwo hafi woate ŋu anɔ te sesĩe. Numiemie fẽ si wodo ɖe tsitsitɔ ƒe takpoea dzi ate ŋu awɔ nyuie, gake ate ŋu ayrɔ ahagbe ku tsetse hã. Nenema ke togbɔ be dzila vixɔnyilawo atsɔ beléle kple ameŋububu katã si me lɔlɔ̃ le ana alesi woate ŋui hã la, ɖevi aɖewo ƒe nuxaxa le alesi woɖe wo ɖa tso woƒe dzɔtsoƒe gbɔe la mefana na wo gbeɖe o.
De ŋugble le Kate ƒe nya ŋu kpɔ.a Kate dzilawo nye West Indiatɔwo, eye esi wònye ɖevi la, yevu srɔ̃tɔ siwo xɔe nyi la lɔ̃e helé be nɛ gake mete ŋu kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nɔnɔme yeyea ŋu o. Esi wòxɔ ƒe 16 la, esi dzo le aƒeme eye megatrɔ gbɔ o. Le ɣemaɣi la, nuxaxa na wòva nɔ fu lém ame madzemadzee. Ebia adãtɔe be: “Nukatae danye tsɔm na mi?” Nublanuitɔe la, ƒome sia mete ŋu na wo dome nyo o.
Dziɖuɖua ƒe vidzikpɔƒe aɖee nɔ Mervyn dzi kpɔm tso edziɣi hafi wova tsɔe na dzila siwo xɔe kpɔ edzi. Esime wòxɔ dzinu asieke la, woxɔe nyi. Gbã, esi menya eƒe ƒomeawo o, tsɔ kpe ɖe alesi dzi kunɛ helĩhelĩ be yeƒe ŋutigbalẽ fia be ye dzilawo tso dukɔ vovovo me ta la na be wònɔa aglãdzegbe si hea afɔku geɖe vaa edzi kple nuxaxa vaa edzila siwo xɔe nyi hewɔ nu geɖe nɛ hã dzi. Dadaa gblɔ be: “Ne ame aɖe abiam be maɖo aɖaŋu ku ɖe vixɔxɔnyi ŋu la, fifia magblɔ be, ‘Bu eŋu nyuie gbɔ.’”
To vovo na emawo la, de ŋugble le Robert kple Sylvia ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu kpɔ. Viŋutsu ɖekae nɔ wo si eye womegate ŋu dzi vi bubuwo kpee o. Wobia wo kpɔ be: “Miesusui kpɔ be yewoaxɔ dukɔ bubu me vi anyia?” Eteƒe medidi o wova xɔ Mak-Chai, si nye ɣleti asieke vidzĩ nyɔnuvi si tso Hong Kong nɔ nyinyim. Mak-Chai gblɔ be: “Medea ŋugble zi geɖe le nusita wogblẽm ɖi, kple be ɖe nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖewo le asinye hã ŋu. Gake mesusu be mía kple danye kple fofonye siwo xɔm nyi la míele kplikplikpli wu alesi ɖevi geɖe kple wo dzila ŋutɔŋutɔwo le. Ne ɖe menya dzinyela ŋutɔŋutɔwo la, ema matrɔ naneke boo o, ɖewohĩ ɖeko wòana mase nye nɔnɔme ʋee aɖewo gɔme nyuie wu vie.” Ðe dzila siwo xɔe le enyim la de vixɔxɔnyi ƒe dzi ƒoa? Wogblɔ be: “Ẽ, elabena enye nuteƒekpɔkpɔ wɔnuku aɖe na mí!”
Susu Siwo Ta Wòle be Woakpɔ Nyuie
Graham kple Ruth woxɔ ɖevi eve siwo nye ŋutsu kple nyɔnu nyi tso woƒe vidzĩme, be woatsɔ akpe woawo ŋutɔwo ƒe vi ŋutsu kple nyɔnu. Wohe ɖevi ene la katã wotsi zu ƒome si wɔ ɖeka le nɔnɔme si me dzidzɔkpɔkpɔ le me. Ruth gblɔ be: “Mía viawo katã dzo le mía gbɔ yi ɖale wo ɖokuisi ƒe geɖe enye sia. Míena kadodo nɔ mía dome ɣesiaɣi eye míelɔ̃ wo katã.” Gake ewɔ nublanui be kuxi sesẽ aɖewo nɔ ɖevi eve siwo woxɔ nyi la ŋu. Nukatae?
Graham si kpɔe azɔ be nɔnɔme siwo wotsɔ nyi domee wɔa akpa gã aɖe la gblɔ be: “Míaƒe ɖɔkta gblɔ na mí be nuto si me ɖevia tso la le vevie ale gbegbe.” Egblɔ kpee be: “Azɔ hã aleke vinɔa ƒe lãmesẽ nɔ esime vidzĩa ƒe fu nɔ eƒo? Míenyae azɔ be atikevɔ̃ɖiwo, aha sesẽ, kple atama ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe vi si le dɔme dzi. Maɖo aɖaŋu be ele be woado dzila evea siaa, ne anya wɔ la, kple tɔgbui kple mamawo gɔ̃ hã akpɔ nyuie hafi woaxɔ vi anyi.”
Peter dada gaɖe srɔ̃, eye Peter dada srɔ̃a ƒonɛ hedzunɛ. Esi wòxɔ ƒe etɔ̃ la, wotsɔe na be woaxɔe anyi. Peter gblɔ be: “Tso esime medo go tso ʋɔnudrɔ̃ƒea ke la, amesiwo xɔm nyi ƒe nu menyoa ŋunye o.” Egblɔ kpee be: “Megblẽ nusianu si dzi nye asi su la dome. Ne medɔ alɔ̃ hã la, mekua drɔ̃e baɖabaɖawo. Fifia ne metrɔ kpɔ megbe la, mete ŋu ɖoa ŋku alesi metɔtɔ vevie la dzi. Esime dzila siwo xɔm nyi gbe wo nɔewo la, nuwo gado fievo ɖe edzi kura—atikevɔ̃ɖiwo nono, fififi, gbevũnuwɔwɔ, agbeblibanɔnɔ gbesiagbe.
“Esi mexɔ ƒe 27 la, nyemenya nusi ta magayi edzi anɔ agbe o eyata mesusui be mawu ɖokuinye. Tete gbeɖeka amedzro aɖe tsɔ trakt aɖe si me nyawo nɔ te ɖe Biblia dzi si gblɔ be madidi o anyigba sia katã azu paradiso la nam. Gbedasia dze ŋunye. Nyateƒe dze le eme. Medze Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ gɔme eye meva nɔ tɔtrɔ wɔm le nye agbe kple nɔnɔme ŋu, gake enuenu la, megatrɔna nɔa agbe xoxo si menɔ tsã. Esi wode dzi ƒo nam geɖe tsɔ kpe ɖe hadede kple Kristotɔwo si me viɖe le ŋu vɔ megbe la, mele dzidzɔ kpɔm eye mele dedie le Mawu subɔsubɔ me wu alesi manya susui le ƒe ʋee siwo va yi me. Mete ŋu gatu lɔlɔ̃ ƒomedodo hã ɖo le mía kple danye dome, edoa dzidzɔ nam ŋutɔ.”
Ŋgɔdzedze Nya la Ŋutɔŋutɔ
Seselelãmewo nu sẽna le vixɔxɔnyi gome. Lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ hekpe ɖe vevesese kple ŋudzedzemakpɔmakpɔ nuwɔna siwo gbɔ eme ŋu dzena ƒã. Le kpɔɖeŋu me, Edgar Wallace bui be ye dada tsɔ ye ƒu gbe eyata metsɔe kee gbeɖe o. Le eƒe agbenɔƒe mamlea me la, etsɔ nuteɖeamedzi yi ɖabia gakpekpeɖeŋu, gake togbɔ be alɔme nɔ Edgar si hã la, egbe gbidii be yemakpe ɖe eŋu o. Esi wòva se emegbe kpuie be ne menye xɔlɔ̃ dɔmenyotɔ ʋee aɖewoe dzɔ ga be woatsɔ ɖii o la, anye ne woɖi dadaa ɖe amedahewo ɖiƒe la, eƒe vevemaseɖeamenua te ɖe edzi ŋutɔ.
Ele be amesiwo le susu wɔm be yewoaxɔ vi anyi la nanɔ klalo ɖe kuxi kple gbetɔame siwo ado mo ɖa la ŋu ahadze ŋgɔ wo. Menye ɖevi ɖesiaɖee kpɔa ŋudzedze ɖe nusi wo dzilawo—esiwo xɔ wo nyi loo, alo dzila ŋutɔŋutɔwo—awɔ na wo la ŋu o, le nɔnɔme nyuitɔwo kekeake me hã. Le nyateƒe me la, Biblia ƒo nu tso amesiwo anye “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o” kple esiwo anye “ame madakpewo” kple “ame mawɔnuteƒewo” ŋu.—Timoteo II, 3:1-5.
Le go bubu me la, ne èʋu wò aƒe—kple dzime—na ɖevi si hiã dzilawo la, ate ŋu anye nuteƒekpɔkpɔ nyui si me viɖe le. Le kpɔɖeŋu me, Cathy kpɔ ŋudzedze ɖe alesi dzila siwo xɔe nyi la na wòva nɔ Kristotɔwo ƒe aƒe me, wokpɔ eƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ la ŋu geɖe—Kpɔ aɖaka si nye “Edze Edzi na Mí,” si le axa 8.
Ne ɖevi mawo dzilawo le woƒe seselelãme gblɔm tso wo vi ŋutsu kple nyɔnu siwo woxɔ nyi ŋu la woate ŋu aɖo ŋku hakpala la ƒe nyawo dzi be: “Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.”—Psalmo 127:3.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo be woaganya ameawo o.