INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 5/8 axa 20-21
  • Ðe Wòsɔ be Kristotɔwo Naɖu Ɣea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòsɔ be Kristotɔwo Naɖu Ɣea?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ɣeɖuɖu Ƒoa Nu
  • Ɣeɖuɖu—Nyui Kple Gbegblẽa
  • Nyuia alo Gbegblẽa—Alesi Nàwɔ Anya
  • Aleke Wòle Be Mabu Sɔhɛwo ƒe Zã Ɣeɖuƒewo Yiyii?
    Nyɔ!—2004
  • Dekɔnuwo Kple Kristotɔwo ƒe Gɔmeɖosewo—Ðe Wosɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Míekpɔ Nane si Nyo Wu
    Nyɔ!—2005
Nyɔ!—1996
g96 5/8 axa 20-21

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòsɔ be Kristotɔwo Naɖu Ɣea?

“NYEMATE ŋu anɔ nusia kpɔm o. Meyina ɖe gota.” Nya siae ɖekakpui aɖe gblɔ ɖe srɔ̃a ƒe tome esime wòtso le eƒe zikpui dzi do le xɔa me be yeava xɔ fiẽya fafɛ le gota boŋ. Nane ɖe fu nɛ.

Xɔlɔ̃ aɖewo kpe eya kple srɔ̃a be woava kplɔ̃ɖoƒe. Kplɔ̃ɖola la kpe nyɔnu etɔ̃ be woava ɖu ɣe atsɔ aɖe modzaka na vavalawoe. Naneke meɖe fu na nukpɔla mamleawo ya o. Ðe eƒe nya me sẽ akpaa? Ðe menye seselelãme si le ɣeɖulawo me ko ɖem wole fia hele vivi sem le ɣeɖuɖu ƒe ablɔɖe me oa? Mina míadze agbagba ase Kristotɔ ƒe nukpɔsusu le ɣeɖuɖu ŋu gɔme.

Ɣeɖuɖu Ƒoa Nu

Mɔ siwo dzi amegbetɔwo tona ƒoa nu dometɔ ɖekae nye to ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ alo wo ʋaʋã me. Le kpɔɖeŋu me, ne tsaɖilawo yi du bubu me la, ewɔa nuku na wo dometɔ geɖe be woakpɔe be gɔmesese bubu le afɔɖeɖe aɖe si wobu be naneke megblẽ le eŋu o ŋu—ɖewohĩ enye busu nu gɔ̃ hã. Ame aɖe si nye dutanyanyuigblɔla tsã le Solomon Islands, Malaysia, kple Papua New Guinea gblɔ be: “Le teƒe aɖewo la, gbɔdɔdɔ ƒe susuwoe wobuna ɖe azɔli ƒomevi aɖewo zɔzɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne nyɔnu nɔ anyi ɖe anyigba la, wobui be menyo be ŋutsu nata atae ava yi o. Nenema ke mesɔ be nyɔnu nato ŋutsu si nɔ anyi ɖe anyigba ƒe ŋgɔ ava yi o. Le nuwɔna evea siaa me la, wobua gbegblẽnuwɔna ɖe ame ŋu enumake.” Eyata míenya alo míeɖanya o, alesi míeɖea zɔe la ƒoa nu. Le esia ta mele be wòawɔ nuku na mí o be le ŋutinya katã me la, wobua ɣeɖuɖu be enye mɔ aɖe si dzi wotona ƒoa nu.

Woate ŋu aɖe alesi ame sena le eɖokui me agblɔ bliboe to ɣeɖuɖu me—tso dzidzɔkpɔkpɔ kple aseyetsotso le azãɖuɖu aɖe me dzi va ɖo kɔkɔenyenye si le mawusubɔsubɔ me wɔna kple kɔnu aɖe ŋu dzi. (Samuel II, 6:14-17; Psalmo 149:1, 3) The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Ɣeɖula la ƒoa nu kple nukpɔlawo le mɔ ɖedzesi eve nu, to seselelãme aɖe ɖeɖefia le zɔɖeɖe kple moɖoɖo me alo to asiwɔwɔ ƒe kadodo deto aɖe dzi.” Ɣeɖuɖu aɖewo gɔmesese adze bɔbɔe. Le ɣeɖuɖu bubuwo gome la, ame ʋee aɖewo siwo nya nu tso eŋu koe sea egɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne woda asi ɖe ame ƒe dzi dzi le ballet-ɣeɖuɖu me la, efia lɔlɔ̃, eye ne wofia asi miasibide enelia la, efia srɔ̃ɖeɖe. Le Chinatɔwo ƒe fefewɔwɔ me la, ne wole zɔzɔm le xlã ƒom la, efia mɔzɔzɔ, eye ne wole xlã ƒom fefewɔƒea esime wolé sɔƒoka ɖe asi fia be wole sɔ dom; ne wotsɔ aflaga yibɔ to fefewɔƒea va yi la fia ahomya, eye esi nye blɔtɔ fia ya fafɛ. Eyata gɔmesese le ɣeɖuɖu ƒe zɔɖeɖe kple ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ ŋu. Gake ɖe gɔmesese ɖesiaɖe si le wo ŋu sɔa?

Ɣeɖuɖu—Nyui Kple Gbegblẽa

Ɣeɖuɖu ate ŋu anye modzakaɖeɖe kple kamedede nyui aɖe. Ate ŋu anye seselelãme dzadzɛ si sɔ ɖeɖefia, si nye aseyetsotso dzro ko ɖe agbe si míele ta alo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe nyonyo ŋu ɖeɖefia. (Mose II, 15:20; Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:34) Ɣe aɖewo ɖuɖu le ƒuƒoƒo me kple dekɔnu ɣeɖuɖu ate ŋu ado dzidzɔ na ame. Le Yesu ƒe vibubua ƒe lododoa me la, eƒo nu tso ɣeɖulawo ŋu, edze ƒã be wonye ɣeɖula siwo wohaya be woado vivi ɖe azã la ŋu. (Luka 15:25) Eyata eme kɔ be Biblia metsi tre ɖe ɣeɖuɖu ŋu ale o. Gake ena nuxlɔ̃ame ku ɖe tamesusu kple dzodzro vɔ̃wo nyɔnyɔ ɖe ame me ŋu. Go sia mee ɣeɖuɖu ƒomevi aɖewo masɔ le o, eye ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu gɔ̃ hã. (Kolosetɔwo 3:5) Tso blema ke la, ɣeɖuɖu nyɔa seselelãme ɖe ame me eye wòkplɔa ame dea tamesusu vɔ̃wo me.—Tsɔe sɔ kple Mateo 14:3-11.

Míaƒe Adikãtɔ Satana Abosam nya be ɖekawɔwɔ si le ɣeɖuɖu kple tamesusu vɔ̃wo dome la nye dɔwɔnu sesẽ aɖe le ye si. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 1:14, 15) Enya dzodzro ƒe amebeble si le ɣeɖuɖu me kple alesi wòate ŋu ana gbɔdɔdɔ ƒe susuwo nanyɔ ɖe ame mee la nyuie. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be Satana ɖoe be yeable mí ale be ‘yeagblẽ míaƒe tamesusuwo, tso dzime si míekɔ na Kristo la me.’ (Korintotɔwo II, 11:3) Bu alesi Abosam akpɔ dzidzɔe nenye be ɣeɖuɖu makɔmakɔ aɖe kpɔkpɔ alo gomekpɔkpɔ le eme na be míeɖe mɔ tamesusu gbegblẽwo va xɔ aƒe ɖe míaƒe susu mee ŋu kpɔ. Agakpɔ dzidzɔ wu ne míete ŋu ɖu míaƒe seselelãme dzi o eye míeƒo mía ɖokui ɖe nuwɔna manyomanyo aɖe me. Ewɔ ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ kple ɣeɖuɖu ŋudɔ le mɔ sia nu le blema.—Tsɔe sɔ kple Mose II, 32:6, 17-19.

Nyuia alo Gbegblẽa—Alesi Nàwɔ Anya

Le esia ta ne ƒuƒoƒo mee wole le le ɣea ɖum, srɔ̃tɔwoe le eɖum, alo ame ɖeka aɖee le eɖum o, ne ɣeɖuɖua nyɔ susu makɔmakɔwo ɖe mewò la, ke ɣeɖuɖua menyo na wò o, togbɔ be manɔ nenema le ame bubuwo gome o hã.

Ame aɖewo gblɔna be le egbegbe ɣeɖuɖu geɖe me la, ɣeɖulawo meléa wo nɔewo gɔ̃ hã o. Gake amelélee nye nya la ŋutɔŋutɔa? Britannica la ƒo nya la ta be “nu ɖeka koe nye wo katã me tsonu—ŋutilãmevivisese le ɣeɖuɖu me kple amesi le ɣea ɖum kplii ƒe susu hehe va gbɔdɔdɔ dzi, eɖanye ɖe wokpla asi ɖe wo nɔewo ŋu alo ɖe wole wo nɔewo kpɔm dzro ko o.” Ðe susu le eme be ‘woahe ame ƒe susu ayi gbɔdɔdɔ dzi’ le srɔ̃ɖeɖe ƒe nubabla la godoa? Susu mele eme o, le nya si Yesu gblɔ ta, be “amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.”—Mateo 5:28.

Wò ŋutɔe atso nya me nenye be àge ɖe toa me alo màge ɖe eme o. Ŋugbledede le biabia siwo gbɔna ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuitɔ. Tameɖoɖo kae le ɣeɖuɖu sia ŋu? Aleke wobunɛ? Nuka dzie ɣeɖuɖua le gbe tem ɖo? Tamesusu kple seselelãme kawoe wònyɔna ɖe menye? Dzodzro kawoe wòanyɔ ɖe amesi le ɣea ɖum kplim alo nukpɔlawo me? Anyo be amesiame nawɔ ɖe eƒe dzitsinya dzi, abe alesi ɖekakpui si ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me wɔe ene, eɖanye nuka ke wɔm ame bubuwo le o.

Biblia ɖee fia be Wɔla la di be nusiwo nya kpɔna, nusiwo nya sena, kple nusiwo le kɔkɔe nado dzidzɔ na mí. Ẽ, na woado dzidzɔ na wò—gake ɖo ŋku edzi be nè èle ɣe ɖum la, wò ametia ƒoa nu. Ðo ŋku apostolo Paulo ƒe mɔfiame si le Filipitɔwo 4:8 dzi be: “Nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!”

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]

Picture Fund/Courtesy, Museum of Fine Arts, Boston

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe