INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 10/1 axa 19-23
  • Dekɔnuwo Kple Kristotɔwo ƒe Gɔmeɖosewo—Ðe Wosɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dekɔnuwo Kple Kristotɔwo ƒe Gɔmeɖosewo—Ðe Wosɔa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Esiwo Dze Ƒã
  • Ke Dekɔnu Siwo Medze Vɔ̃ O Ðe?
  • Ne Kɔnua Mena Wowɔa Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi O
  • Nusi Nutoa me Tɔwo Lɔ̃ Ŋu Bubu
  • Kpɔ Nyuie Nàgagbɔ Seɖoƒea Ŋu O!
  • Dekɔnu ƒe Wɔƒe Li
  • Kɔnu Nyanyɛwo Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ
    Nyɔ!—2000
  • Ðɔ Ŋu Ðo le Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nusiwo Xea Mɔ Na Kadodo
    Nyɔ!—1996
  • Aleke Wòle Be Mabu Sɔhɛwo ƒe Zã Ɣeɖuƒewo Yiyii?
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 10/1 axa 19-23

Dekɔnuwo Kple Kristotɔwo ƒe Gɔmeɖosewo—Ðe Wosɔa?

STEPHEN nye Ðasefo si tso Dziehe Europa eye wònɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔm le Afrika-dukɔ aɖe me. Esime wo kple afima nɔviŋutsu aɖe wonɔ tsa ɖim le ablɔdzi la, eɖi vo esi nɔviŋutsua lé eƒe asi.

Enye nu wɔmoyaa na Stephen be ŋutsu eve nalé wo nɔewo ƒe asi anɔ zɔzɔm le ablɔdzi afisi amesiame le kplakplakpla dzi le. Le wo de la, nuwɔna ma afia be wonye ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ. (Romatɔwo 1:27) Gake xɔlɔ̃wɔwɔ ɖeɖefia koe asiléle nye na nɔviŋutsu Afrikatɔa ya. Asiheheɖemegbe afia be medi be yeawɔ xɔ̃ o.

Nukata wòle be míatsi dzi ɖe vovototo si le dekɔnuwo dome ŋu? Gbã, esi Yehowa ƒe amewo di vevie be yewoawɔ dɔ si Mawu de wo si be “[woawɔ] dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo” tae. (Mateo 28:19, NW) Wo dometɔ aɖewo ʋu yi afisiwo subɔlawo hiã le wu bene woate ŋu awɔ dɔ sia. Bene woakpɔ dzidzedze le woƒe nuto yeyea me la, ele be woase dekɔnu vovovo siwo woado goe la gɔme ahatrɔ ɖe wo ŋu. Eya ko hafi woate ŋu awɔ dɔ le ɖekawɔwɔ me kple wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, eye hafi woate ŋu atse ku le gbeadzisubɔsubɔdɔa hã me.

Gakpe ɖe eŋu la, le ʋunyaʋunyawɔwɔ ƒe xexe sia me la, ame geɖe si le wo de afisi dunyahenya alo ganyawo ƒe fuɖenamewo le va tsi dukɔ bubuwo me. Eyata míakpɔe godoo be míado go kɔnu yeyewo ne míele gbeƒã ɖem na mía havi yeye siawo. (Mateo 22:39) Ne míedo go nuwɔna vovovowo alea la, ɖewohĩ ana míaƒe susu natɔtɔ le kɔnu yeye siawo ŋu.

Esiwo Dze Ƒã

Dekɔnuwo dzie amegbetɔƒomea wɔa nu ɖo. Eyata aleke gbegbe wòanye dagbadagba ɖe yamee nye si be ‘míavu ɖe dzɔdzɔenyenye vivivo ŋu’ anɔ ŋku kem ɖe kɔnu suetɔ ɖesiaɖe me be míakpɔ be esɔ kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo loo alo mesɔ kplii o hã!—Nyagblɔla 7:16.

Ke hã ehiã be míanya kɔnu siwo tra kura le mawumegɔmeɖosewo gbɔ. Gake zi geɖe la, ekpɔkpɔ dze sii mesesẽna o, elabena Mawu ƒe Nya li ‘míatsɔ aɖɔ nuwo ɖo.’ (Timoteo II, 3:16) Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ geɖe ɖeɖe bɔ le dukɔ aɖewo me, gake Ŋɔŋlɔawo ƒe dzidzenu si Kristotɔ vavãtɔ nyae nye be srɔ̃nyɔnu ɖeka si le agbe nanɔ ŋutsu si.—Mose I, 2:24; Timoteo I, 3:2.

Nenema ke kuteƒe kɔnu aɖewo siwo wowɔna be woatsɔ anyã gbɔgbɔ vɔ̃wo, alo esi wotu ɖe luʋɔ makumaku ƒe dzixɔse dzi la masɔ na Kristotɔ vavãtɔ o. Ame aɖewo tɔa dzo lifi alo doa gbe ɖa na ame kukua bene woatsɔ anyã gbɔgbɔ vɔ̃woe. Ame aɖewo dɔa ŋu alo gaɖia ame zi evelia kple susu be woakpe ɖe ame kukua ŋu wòadzra ɖo ɖe agbenɔnɔ le ‘xexe kemɛa me’ ŋu. Gake Biblia fia be ne ame ku la, “menya naneke o,” eyata mate ŋu awɔ nyui na ame aɖeke loo alo awɔ nuvevii o.—Nyagblɔla 9:5; Psalmo 146:4.

Gake kɔnu geɖe li siwo sɔ ɖe Mawu ƒe Nya la nu. Enyea akɔfanya ale gbegbe ne míeke ɖe dekɔnu aɖe ŋu si me wogaɖea amedzrowɔwɔ fiana le kokoko, afisi wònye kɔnu le be woado gbe na amedzro vividodoɖeameŋutɔe, eye ne wòahiã la, woaxɔe wòadze ame gbɔ! Ne wò ŋutɔ ŋue wowɔ nu ɖo alea ɖe, ɖe maʋã wò be nàsrɔ̃ kpɔɖeŋu sia oa? Ne èsrɔ̃e la, ana wò Kristotɔnyenye naganyo ɖe edzi godoo.—Hebritɔwo 13:1, 2.

Mía dometɔ kae wòdzɔa dzi na ne wona wòle ame dzɔm ʋuu? Nuwɔna sia mebɔ le dukɔ aɖewo me o elabena wobua gamedzinɔnɔ nu vevii. Biblia gblɔ na mí be Yehowa nye Mawu si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu. (Korintotɔwo I, 14:33) Eyata eɖo ‘ŋkeke kple gaƒoƒo’ si dzi wòaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa, eye ena kakaɖedzi mí be nudzɔdzɔ sia “mahe ɖe megbe o.” (Mateo 24:36; Xabakuk 2:3) Nuto siwo me wodea gamedzinɔnɔ ƒe dzi ƒo le akpe ɖe mía ŋu be míade bubu si sɔ la amewo kple woƒe ɣeyiɣi ŋu, esi nye nusi sɔ kple Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo.—Korintotɔwo I, 14:40; Filipitɔwo 2:4.

Ke Dekɔnu Siwo Medze Vɔ̃ O Ðe?

Togbɔ be edze ƒã be dekɔnu aɖewo sɔ kple alesi Kristotɔwo nɔa agbee hã la, ɖewo mesɔ kplii o. Ke kɔnu siwo míate ŋu agblɔ be wogblẽ loo alo womegblẽ o ya ɖe? Kɔnu geɖe medze vɔ̃ o, alo womegblẽ o, eye alesi míawɔ nu ɖe wo ŋu la aɖe míaƒe dadasɔ le gbɔgbɔ me afia.

Le kpɔɖeŋu me, gbedoname ƒomevi geɖe li—asinana, tabɔbɔ, nugbugbɔgbugbɔ, alo asikpakplakɔ gɔ̃ hã. Nenema ke nusiwo wowɔna ne wole nu ɖum hã le vovovo. Amewo ɖua nu le agba ɖeka me le dukɔ aɖewo me. Enyo le dukɔ aɖewo me be woaƒa—wodinɛ nenema gɔ̃ hã—bene woatsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia, evɔ womebui be enyo le dukɔ aɖewo me o eye woabui ɖe nuwɔna gbegblẽtɔwo dome gɔ̃ hã.

Le esi teƒe be nàdi be yeatia kɔnu siawo siwo medze vɔ̃ o dometɔ si nyo ŋuwò kple esi menyo ŋuwò o la, lé fɔ ɖe alesi nàwɔ nu ɖe wo ŋu wòasɔ ŋuti boŋ. Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si sɔ na ɣeyiɣi ɖesiaɖe la kafui be ‘míagawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mía dometɔ ɖesiaɖe natsɔ ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu eya ŋutɔ ɖokui.’ (Filipitɔwo 2:3) Nya ma ƒomevi kee Eleanor Boykin gblɔ le eƒe agbalẽ si nye This Way, Please—A Book of Manners me be: “Dzi nyodɔmee nye nu gbãtɔ si hiã wò.”

Ðokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme sia akpe ɖe mía ŋu be míaɖi gbɔ ame bubuwo ƒe dekɔnuwo o. Aʋã mí be mía ŋutɔwo míadi be míanya alesi ame bubuwo nɔa agbee, míawɔ nu ɖe woƒe dekɔnuwo nu eye míaɖu woƒe nuɖuɖuwo tsɔ wu be míanɔ mía ɖokui lém alo anɔ nazã bum ɖe nusianu si wɔ abe ɖe wòto vovo ene la ŋu. Ne míaƒe nya me mesẽ o eye míelɔ̃ faa be míate nuwɔna yeyewo akpɔ la, anye bubudede amesi gbɔ míedze alo mía havi dutatɔwo ŋu. Aɖe vi na mía ŋutɔwo hã ne ‘míekɔ dzime’ eye míadzi míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo ɖe edzi.—Korintotɔwo II, 6:13.

Ne Kɔnua Mena Wowɔa Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi O

Ke ne míedo go kɔnu siwo metsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu o, gake mena wowɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi o ɖe? Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ amewo lɔ̃a megbelelehehe le dukɔ aɖewo me. Dzimatsimatsi ɖe nu ŋu le agbe me alea mana nu nate ɖe ame dzi o, gake ana wòasesẽ na mí be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ‘bliboe.’—Timoteo II, 4:5.

Aleke míade dzi ƒo na amewo be woadzudzɔ nu veviwo gbegblẽ ɖi be “etsɔ” hafi yewoawɔe? Ðo ŋku edzi be “dzi nyodɔmee nye nu gbãtɔ si hiã wò.” Lɔlɔ̃ neʋã mí míaɖo kpɔɖeŋua eye míanyo dɔme aɖe viɖe siwo woakpɔ ne womegblẽ nusi woawɔ egbe ɖi be etsɔ ko hafi yewoawɔe o me na wo. (Nyagblɔla 11:4) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be míakpɔ nyuie be míagagblẽ kakaɖedzi kple ŋuɖoɖeŋu si le mía dome la me le esi míedi be nuwo natsɔ afɔ kabakaba ta o. Ne amewo mexɔ míaƒe aɖaŋuɖoɖowo enumake o la, mele be míazii ɖe wo dzi alo abi dzi ɖe wo ŋu o. Ɣesiaɣi ele be lɔlɔ̃ naxɔ nɔƒe gbãtɔ na nuwo ƒe afɔtsɔtsɔ.—Petro I, 4:8; 5:3.

Nusi Nutoa me Tɔwo Lɔ̃ Ŋu Bubu

Ehiã be míaka ɖe edzi be susu si míedo ɖa le eteƒe eye manye be ɖeko míedi be míazi nusi dze mía ŋutɔwo ŋu ɖe amewo dzi o. Le kpɔɖeŋu me, awudodowo ƒe atsyãwo le vovovo ŋutɔ. Esɔ le nuto geɖe me be ŋutsu si le nyanyuia gblɔm nabla taya, gake le anyigbaxɔdzo dzi dukɔ aɖewo me la, woate ŋu abui be wogadzra ɖo akpa. Zi geɖe ne míenya awu si ƒomevi nutoa me tɔwo buna be esɔ na dɔwɔla si doa go ame vovovowo la, anye mɔfianu nyui na mí. ‘Nukpɔsusu si da sɔ’ hiã le awudonya sia si bia ŋuɖɔɖɔɖo me.—Timoteo I, 2:9, 10.

Ke ne kɔnu aɖe medze mía ŋu o ya ɖe? Ðe wòle be míagbee gbidiia? Mahiã kokoko o. Ŋutsuwo ƒe asiléle na wo nɔewo si míegblɔ va yi la megblẽ kura le Afrika-nuto ma me o. Esi dutanyanyuigblɔla la kpɔe be ŋutsu bubuwo lé asi na wo nɔewo le yiyim la, megate ɖe edzi boo o.

Esime apostolo Paulo zɔ mɔ geɖe le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la, ede hame siwo me tɔwo tso teƒe vovovo gbɔ. Ðikeke mele eme o be dekɔnuawo toa vovo enuenu. Eyata Paulo trɔna ɖe kɔnu ɖesiaɖe si wòate ŋui ŋu gake egakuna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Egblɔ be: “Amewo katã mezu nusianu na, bene maɖe wo dome ame aɖewo kokoko.”—Korintotɔwo I, 9:22, 23; Dɔwɔwɔwo 16:3.

Nya sia ŋuti biabia vevi aɖewo li siwo akpe ɖe mía ŋu be míatrɔ ɖe dekɔnu yeyewo ŋu. Ne míelɔ̃ srɔ̃ kɔnu aɖe—alo míegbe esɔsrɔ̃—la, aleke amewo akpɔ míi? Ðe wòana woado vivi ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu le esi wokpɔe be míele agbagba dzem be míasrɔ̃ yewoƒe dekɔnu ta? Evɔ ne míelɔ̃ srɔ̃ nutoa me tɔwo ƒe kɔnu la, ɖe ‘mokaka ava nɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ŋua?’—Korintotɔwo II, 6:3.

Ne míedi be ‘míazu nusianu na amewo katã’ la, ke ahiã be míatrɔ asi le nusi nyo kple esi menyo o ŋuti nukpɔsusu siwo tsi mía si la ŋu. Zi geɖe la, nuto si me míelee ana míabu alesi wowɔa nane be eƒe mɔ “nyuitɔ” kple “gbegblẽtɔ” enye esi kple kemɛ. Eyata le dukɔ aɖe me la, xɔlɔ̃wɔwɔ ɖeɖefiae wònye ne ŋutsuwo lé wo nɔewo ƒe asi, evɔ le dukɔ bubu geɖe me la, aɖe bubu le Fiaɖuƒe gbedasia ŋu godoo.

Gake dekɔnu bubu aɖewo li siwo dzi woda asi ɖo le nuto geɖe me eye ɖewohĩ wosɔ na Kristotɔ gɔ̃ hã; gake ele be míakpɔ nyuie.

Kpɔ Nyuie Nàgagbɔ Seɖoƒea Ŋu O!

Yesu Kristo gblɔ be togbɔ be womate ŋu aɖe yeƒe nusrɔ̃lawo ɖa le xexeame o hã la, ele be ‘woaganye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 17:15, 16) Gake ɣeaɖewoɣi la, esesẽna be woade vovototo nusi nye Satana ƒe xexea ƒe nuwɔna vevi kple esi nye dekɔnu dzro ko dome. Le kpɔɖeŋu me, haƒoƒo kple ɣeɖuɖu xɔ aƒe ɖe dekɔnu ɖesiaɖe kloe me, togbɔ be exɔ nɔƒe vevi le dukɔ aɖewo me wu bubuwo hã.

Ðewohĩ míate ŋu atso ko atso nya me bɔbɔe—ate ŋu anɔ te ɖe hehe si míexɔ dzi wu Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu nyuiwo dzi. Wode dɔ asi na Alex, si nye nɔviŋutsu Germanytɔ aɖe le Spain. Womedoa vivi ɖe ɣeɖuɖu ŋu tututu le afisi wònɔ tsã o, gake enye dekɔnu ƒe akpa aɖe le Spain. Zi gbãtɔ si wòkpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖe wonɔ afimatɔwo ƒe ɣe aɖe ɖum vevie la, eƒe mo wɔ yaa. Ðe ɣeɖuɖu sia gblẽa alo ɖewohĩ xexemeɣeɖuɖu wònyea? Ðe wòanye gbɔɖiɖi eƒe dzidzenuwo ne wòkplɔ dekɔnu sia ɖoa? Alex va kpɔe be togbɔ be haƒoƒoa kple ɣeɖuɖua to vovo hã la, naneke meli si ta yeasusu be ye nɔvi ŋutsu kple nyɔnu Spaintɔwo le gbɔ ɖim Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo o. Vovototo si le dekɔnuawo mee na eƒe mo wɔ yaa ɖo.

Gake Emilio, amesi nye nɔviŋutsu si doa vivi ɖe wo de Spaintɔwo ƒe ɣeɖuɖu ŋu la kpɔe be afɔku aɖe li. Egblɔ be: “Mede dzesii be ehiã le ɣeɖuɖu ƒomevi geɖe me be ŋutsu kple nyɔnu namimi ɖe wo nɔewo ŋu. Tre ye menye, eye mekpɔ be nusia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ɣeɖulaawo dometɔ ɖeka teti dzi. Ɣeaɖewoɣi àte ŋu azã ɣeɖuɖu ƒe mɔnukpɔkpɔa atsɔ aɖe lɔlɔ̃ afia amesi ƒe nu nyo ŋuwò. Anye ametakpɔkpɔ nam ne mekpɔ egbɔ be haƒoƒoa nyo eye míemimi ɖe mía nɔewo ŋu akpa o. Ke hã nyemasẽ nu o be, ne nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu trewo yi ɣeɖuƒe la, esesẽna ŋutɔ be woawɔ nu ɖe teokrasiɖoɖo nu.”

Ðikeke mele eme o be mele be míatsɔe be míaƒe dekɔnu wɔm míele ta míava nɔ xexemenuwo wɔm o. Hadzidzi kple ɣeɖuɖu nɔ Israel-viwo ƒe dekɔnu me, eye esime woɖe Israel-viwo tso Egiptetɔwo si me le Ƒudzĩa to la, wodzi ha ɖu ɣe tsɔ kpɔ dzidzɔe. (Mose II, 15:1, 20) Gake ha si tɔgbe woƒona kple ɣe si woɖuna ɖe edzi la to vovo na trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo la tɔ.

Ewɔ nublanui be esi Israel-viwo nɔ Mose lalam be wòagbɔ tso Sinai Toa dzi la, wova tsɔ dzitsitsi wɔ sikanyivi, eye esi woɖu nu heno nu vɔ la, “wotsi tre de asi fefe me.” (Mose II, 32:1-6) Esi ha si dzim wonɔ la ɖo tome na Mose kple Yosua la, eɖe fu na wo enumake. (Mose II, 32:17, 18) Israel-viawo gbɔ “seɖoƒe” la ŋu, eye trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe nuwɔna va dze le woƒe hadzidzi kple ɣeɖuɖu me azɔ.

Nenema ke ɖewohĩ ame geɖe alɔ̃ haƒoƒo kple ɣeɖuɖu le míaƒe nutoa me eye ɖewohĩ maɖe fu na ame bubuwo ƒe dzitsinya o. Gake ne wova bɔbɔ akaɖiawo ƒe keklẽ, wosi akaɖi siwo sina gatsina le wo ɖokui si kpee, alo wote ha si ƒe ɖiɖime to vovo ƒoƒo la, ɖewohĩ xexeame ƒe gbɔgbɔ ava dze le nusi wobu nu nyui tsã la me. Ðewohĩ míahe nya be, “Mía de kɔnue.” Nya ma ƒomevie Aron tsɔ ɖe eɖokui nu esime wòva de trɔ̃subɔdukɔwo ƒe modzakaɖeɖe kple tadedeagu dzi, hebui vodadatɔe be “enye ŋkekenyui na Yehowa!” Taflatsedodo gbɔlo sia mesɔ o. Wogblɔ gɔ̃ hã be woƒe nuwɔna na ‘woƒe futɔwo ɖu fewu le wo ŋu.’—Mose II, 32:5, 25.

Dekɔnu ƒe Wɔƒe Li

Ðewohĩ dekɔnu siwo míekpɔ kpɔ o awɔ mo yaa na mí gbã, gake menye wo katãe gblẽ o. Ne ‘míena hehe míaƒe sidzeŋutetewo’ la, míate ŋu anya dekɔnu siwo sɔ kple Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo kpakple esiwo mesɔ kplii o. (Hebritɔwo 5:14) Ne dzi nyodɔme si yɔ fũ kple lɔlɔ̃ na mía havi le mía si la, míawɔ nu ɖe dekɔnu siwo medze vɔ̃ o ŋu alesi dze.

Ne míele Fiaɖuƒe nyanyuia gblɔm na amewo le míaƒe nutome alo le keke duta ke eye nukpɔsusu si da sɔ le mía si ɖe dekɔnu vovovowo ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be ‘míazu nusianu na amewo katã.’ Eye ɖikeke mele eme o be míakpɔe be ne míedo vivi ɖe dekɔnu vovovoawo ŋu la, ana be gɔmesese, dzidzɔ, kple vivisese nanɔ míaƒe agbe me.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Kristotɔwo ƒe gbedonamewo ate ŋu ato mɔ geɖe siwo sɔ nu

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Gɔmesese kple dzidzɔ anɔ míaƒe agbe me ne míeda sɔ le alesi míebua dekɔnu vovovowoe me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe