Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu Na Ame—Xexeame Katã ƒe Kuxie
DƆWƆWƆ va zu ŋɔdzi na ɖetugbi agbalẽŋlɔla si ŋkɔe nye Rena Weeks. Nyateƒee, senyaheha si xɔe ɖe dɔ me la xɔ ŋkɔ ŋutɔ, eye woƒe dɔwɔƒewo le dukɔ siwo wu blaeve vɔ ene me. Gake egblɔ be ŋutsu si te yenɔ la léa ye hemiã ye ɣesiaɣi. Edoa ahiãdinya madzetowo hã ɖe egbɔ ne ele nu vloe siawo wɔm ɖe eŋu.
Ƒe aɖewo va yi la, xɔnametɔ aɖeke menɔ nyɔnu siwo nɔ nɔnɔme siawo me si o—negbe ɖewohĩ ɖeko woaɖe asi le dɔ ŋu. Dɔwɔha la maxɔ ‘nya si nyɔnu agblɔ ɖe ŋutsu ŋu’ ne ɖaseɖilawo meli o. Eye ɖewohĩ amesiwo axɔ nyɔnua dzi ase gɔ̃ hã matsɔe vevie o eye woagblɔ be, ‘Menye nya gã aɖekee nye esia o ɖe?’ Gake nuwo trɔ. Menye ɖeko Rena Weeks do dziku heɖe asi le dɔ ŋu o. Etsɔ nya ɖe eŋu.
United States ʋɔnudrɔ̃ha aɖe gblɔ be woaxe $50,000 nɛ ɖe eƒe vevesesewo ta, eye wodo fe $225,000 hã na eƒe dɔtɔ tsãtɔa. Azɔ ʋɔnudrɔ̃ha la gaɖe afɔ bubu si na asitsaha kple senyaheha siwo le xexeame katã ɖi vo, esi wodo fe gã nyadri si nye dɔlar miliɔn 6.9 na senyaheha la be woaxe le esi womekpɔ kuxia gbɔ o ta!
Menye Weeks ƒe nya la ɖeɖekoe wodrɔ̃ o. Nya bubu si wodrɔ̃ nyitsɔ laa la ku ɖe United States dukɔa ƒe adzɔnufiasewo ƒe dɔwɔƒe gã aɖe ŋu. Dɔwɔvi si ŋkɔe nye Peggy Kimzey gblɔ be yeƒe dɔdzikpɔla do gbɔdɔdɔnya madzeto geɖe ɖe ye gbɔ. Peggy Kimzey ɖe asi le dɔ ŋu le ƒe 1993 me hetsɔ nyaa yi ʋɔnui. Wona wòxe $35,000 nɛ ɖe gbɔɖiame kple taɖui si wòhe va edzi ta hekpe ɖe $1 pɛ ŋu le fetu si bu nɛ ta. Ʋɔnudrɔ̃ha la gatso nya me be eƒe dɔtɔ tsãtɔa ɖe mɔ ɖe fuɖenamea ŋu hena dɔwɔƒea zu afisi dzidzeme mele o. To kae wohe na wo? Wodo fe na wo dɔlar miliɔn blaatɔ̃!
Men’s Health magazine gblɔ be: “Gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ƒe nyawo le dzidzim ɖe edzi abe dɔvɔ̃ ene. Le ƒe 1990 me la, EEOC [Dɔwɔɖui Sɔsɔe Mɔnukpɔkpɔwo ƒe Habɔbɔ] kpɔ nya sia tɔgbe 6,127 gbɔ; kaka ƒe si va yi [1993] naɖo la, nya siwo katã gbɔ wokpɔ le ƒea me dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kloe va ɖo 11,908.”
Ŋusẽ Ŋudɔwɔwɔ Madzemadzee
Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃hawo ƒe fedoname gãwo ŋue nyadzɔdzɔgbãlewo ƒoa nu tsoe gbã hã la, nyateƒe lae nye be nudzɔdzɔ siawo dometɔ ʋee aɖewo koe wotsɔna yia ʋɔnui. Nyɔnu akpa gãtɔ miãa nu ɖe woƒe vevesesewo dzi—woblena tsia ŋusẽ kple vɔvɔ̃doname ƒe nuwɔna vloe si yia edzi le dɔwɔƒewo, ablɔwo dzi, bɔswo me, ŋdɔnuɖukplɔ̃wo ŋu, kple le adzɔnuwɔƒewo me. Ɣeaɖewoɣi la, wozia wo dzi tẽ be yewoadɔ wo gbɔ. Gake zi geɖe la, ahiãdinuwɔnaawo nyea ŋumakpemakpe ƒe ayemenuwɔna ɖiamenuwo: ameléle madzemadzee alo esi womedi o, gbegblẽnyawo, kple ahiãmoɖoɖo.
Nyateƒee, ame aɖewo gbe be nuwɔna sia menye fuɖename o, eye be aɖaŋumadzemadze ƒe nane ko wònye ŋutsu aɖewo wɔna kpɔ be nyɔnuwo ƒe susu natrɔ ɖe yewo ŋu. Gake ame geɖe, abe agbalẽŋlɔla Martha Langelan ene, gbe nuwɔna ɖiamenu sia ƒe taflatsedonya mawo. Eŋlɔe bena: “Menye aɖaŋumadzemadze ƒe ahiãdzedze, alo ŋkumaʋumaʋu ƒe ahiãdzedze, alo fefehiãdzedze, alo ahiãdzedze ‘si gɔme wose bubui’ wònye o. Menye ɖe wowɔnɛ be yewoƒe nu nalé dzi na nyɔnuwo o; susu bubu kura tae wowɔnɛ ɖo. Gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame le abe nyɔnu gbɔ dɔdɔ sesẽe ene, ɖe wowɔnɛ tsɔ zia nyɔnuwo dzii, ke menye be yewoƒe nu nalé dzi na wo o. . . . Ŋusẽ ɖeɖefiae [wònye].” Ẽ, zi geɖe la, nuvlowɔɖeameŋu sia nye mɔ vɔ̃ɖi bubu si dzi “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9; tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 4:1.
Zi geɖe la, medzɔa dzi na nyɔnuwo ne wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na wo o, ke boŋ enaa fuléle kple dzikudodo, blanuiléle kple gbɔɖiame ƒe seselelãmewo hona na wo. Nyɔnu aɖe si ŋu wowɔ nusia ɖo gblɔ be: “Nɔnɔmea gblẽ donyeme keŋkeŋ. Nye ŋuɖoɖeameŋu, nye kakaɖedzi, nye bubu, kple dɔwɔwɔ ƒe didi siwo katã le menye la bu. Nye amenyenye trɔ keŋkeŋ. Nyemegatsɔa ɖeke le naneke me o. Helehele tsi akɔta nam, meɖe aga, eye ŋukpe lém.” Eye ne dɔtɔa alo amegã bubu aɖee wɔe la, fuɖenamea zua dzigbãnya blibo.
Eyata mewɔ nuku o be ʋɔnudrɔ̃ƒewo le to hem na agɔdzelawo eye wole eteƒe ɖom na fukpelawo azɔ. Esi United States Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ɖɔ nuvlowɔɖeameŋu sia be enye dumevi ƒe gomenɔamesi dzi dada ta la, se bia tso dɔtɔwo si be woakpɔ egbɔ be dɔwɔƒea menye “dzimaɖeɖi kple amenuɖiaƒe” o.
Dɔwɔlawo ƒe dzonɔameme nu ate ŋu afa, ame geɖe wu agbe dɔmeyiyi, woƒe dɔwɔwɔ aɖiɖi, eye woanɔ dɔwɔla yeyewo xɔm edziedzi ɖe dɔwɔƒe siwo ɖe mɔ wotsɔa gbɔdɔdɔ ɖea fu na amewoe me—fe gã si woado na wo ne fukpelawo tsɔ nyaa yi ʋɔnui mele eme o.
Aleke Gbegbe Wòbɔe?
Aleke gbegbe gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame bɔe? Numekukuwo fia be wowɔe ɖe nyɔnu dɔwɔla siwo le United States ƒe afã kple vɔ ŋu kpɔ. Eyata agbalẽ aɖe gblɔ be: “Gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame nye kuxi si bɔ ɖe afisiafi. Edzɔna ɖe nyɔnuwo dzi le dɔ sia dɔ me, tso kplɔ̃subɔla dzi va ɖo dɔdzikpɔlagã dzi. Edzɔna le dɔnunɔlawo ƒe ɖoƒe ɖesiaɖe, le dɔwɔƒe kple adzɔnuwɔƒe ɖesiaɖe hã.” Gake menye United States koe kuxia le o. Agbalẽ si nye Shockwaves: The Global Impact of Sexual Harassment, si Susan L. Webb ta la na akɔntabubu siwo gbɔna:a
CANADA: “Numekuku aɖe fia be nyɔnu 4 le 10 ɖesiaɖe me gblɔ be wotsɔa gbɔdɔdɔ ɖea fu na yewo le dɔ me.”
JAPAN: “August 1991 ƒe numekuku aɖe ɖee fia be” wotsɔe ɖe fu na “nyɔnu siwo wobia gbee dometɔ 70 le alafa me” le dɔ me. “Blaasieke le alafa me gblɔ be wotsɔa gbɔdɔdɔ ɖea fu na yewo ne yewoyina dɔ me kple ne yewokpã gbɔna.”
AUSTRIA: “Ƒe 1986 numekuku aɖe fia be nyɔnu 31 le alafa me kloe gblɔ be wotsɔnɛ ɖea fu na yewo vevie.”
FRANCE: “Edze le ƒe 1991 numekuku aɖe me . . . be nyɔnu 1,300 siwo wobia gbee dometɔ 21 le alafa me gblɔ be wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na yewo kpɔ.”
NETHERLANDS: Numekuku aɖe ɖee fia be “nyɔnu siwo ŋu wole [numekukua] wɔm le dometɔ 58 le alafa me gblɔ be wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na yewo kpɔ.”
Ɣeyiɣia ƒe Dzesie
Le nyateƒe me la, ahiãdidi kple fuɖename le dɔwɔƒe menye nu yeye o. Wowɔ nu vloe sia ɖe nyɔnuwo—kple ŋutsuwo hã ɣeaɖewoɣi—ŋu le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke. (Mose I, 39:7, 8; Rut 2:8, 9, 15) Gake edze abe ɖe nuwɔna vloe sia bɔ ŋutɔ egbea ene. Nukatae?
Nusiwo tae ɖekae nye be le ƒe siawo me la, nyɔnu geɖe wu va le yevudɔ wɔm. Esia na nyɔnu geɖe va le nɔnɔme siwo me woate ŋu awɔ nu vloe sia ɖe wo ŋu le me. Gake nusi ŋu gɔmesese le wue nye nya si Biblia gblɔ ɖi gbaɖegbe ke be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi sesẽwo ava. Ameawo anye ɖokuilɔ̃lawo, ŋuklẽlawo, adegbeƒolawo, kple ɖokuidoɖedzilawo; woanye amedzulawo . . . ; woanye ame manyodɔmewo, ame makpɔnublanuiwo, ameŋuzɔlawo, nuvlowɔlawo, kple ame wɔadãwo.” (Timoteo II, 3:1-3, Today’s English Version) Alesi gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame bɔe la nye kpeɖodzi ɖedzesi ɖeka pɛ ko si fia be nya siawo le eme vam egbea. Anyo be míade dzesii be Men’s Health magazine me nyati aɖe gblɔ be “esi gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ƒe nutsotsowo le dzidzim ɖe edzi la, ame geɖe ƒe agbenɔnɔ hã le vovlom ɖe edzi nukutɔe. Nɔnɔme gbegblẽwo le afisiafi.”
Alesi gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame bɔe la ɖe “agbenɔnɔ yeye” si xɔ xexeame katã le ƒe 1960-awo me hã fia. Asiɖeɖe le agbenɔnɔdzidzenu siwo nɔ anyi tsã ŋu wɔe be womegabua ame bubuwo ƒe gomenɔamesiwo kple seselelãmewo ŋu kura o. Nuka gbɔe wòɖatso o, alesi wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖea fu na amewoe nye nu dziŋɔ si le dzɔdzɔm le dɔwɔƒe. Nukae ŋutsuwo kple nyɔnuwo ate ŋu awɔ atsɔ kpɔ wo ɖokui tae? Ðe ahiãdinuwɔnawo nu atso le dɔwɔƒewo gbaɖegbea?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Akɔntabubuawo mesɔ o elabena numekumɔnu vovovowoe numekulawo zã eye woɖea gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame gɔme vovovo.
[Aɖaka si le axa 22]
Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu na Ame—Nya Kpakpa Kple Nyateƒenya
Nya Kpakpa: Wogblɔa gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ŋu nyawo wògbɔa eme. Vividoɖenuŋu si nye nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe boblododo si gbɔ eme kple dzitsitsi akpa ko wònye.
Nyateƒenya: Le ye katã me la, ne nyɔnu va na nutsotso la, ɖewohĩ maɖe vi boo aɖeke nɛ o evɔ agblẽ nu geɖe le eŋu. Le nyateƒe me la, nyɔnu ʋee aɖewo (22 le alafa me le nusi numekuku aɖe ɖe fia nu) koe gblɔe na ame aɖe kpɔ be woɖe fu na yewo. Vɔvɔ̃, ŋukpe, fɔbuameɖokui, tɔtɔ, kple gome siwo le wo si le se nu manyamanya naa nyɔnu geɖe megblɔnɛ o. Esia na eŋutinunyala geɖe xɔe se be menye alesi kuxia le katãe wogblɔ o!
Nya Kpakpa: Evivia nyɔnu akpa gãtɔ nu. Wo dometɔ siwo gblɔna be woɖea fu na yewo lae tsɔe nya gãe.
Nyateƒenya: Numekukuwo ɖee fia enuenu be nuwɔna vloe ma kua dzi na nyɔnuwo. Le numekuku aɖe me la, “nyɔnuawo dometɔ siwo wu eve le atɔ̃ me gblɔ be ete ɖe yewo dzi eye esiwo ade ɖeka le etɔ̃ me gblɔ be eku dzi na yewo vevie.” Bubuwo gblɔ be yewotsi dzodzodzoe, yewose veve, eye yewolé blanui.
Nya Kpakpa: Wowɔnɛ ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo ŋu sɔsɔe.
Nyateƒenya: Dukɔa ƒe Nyɔnu Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ (U.S.) ƒe numekulawo ka nya ta be “wobu akɔnta be nuwɔna sia ƒe 90 le alafa me nye esi ŋutsuwo wɔ ɖe nyɔnuwo ŋu, 9 le alafa me nye ŋutsuwo ɖeɖe alo nyɔnuwo ɖeɖe . . . , eye 1 le alafa me koe nye esi nyɔnuwo ɖe fu na ŋutsuwo.”
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Menye gbɔdɔdɔ ŋu koe gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ku ɖo o