INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 6/8 axa 24-28
  • Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu na Ame—Alesi Nàkpɔ Ðokuiwò Tae

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu na Ame—Alesi Nàkpɔ Ðokuiwò Tae
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔnɔme Nyui si Wòle be Ŋutsuwo Naɖe Fia
  • Mɔxexe Ðe Fuɖenamea Nu
  • Ne Woɖe Fu na Wò
  • Fuɖenamea ƒe Nuwuwu
  • Aleke Mawɔ Anɔ Te ɖe Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu Na Ame Nu?
    Nyɔ!—2000
  • Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu Na Ame—Xexeame Katã ƒe Kuxie
    Nyɔ!—1996
  • Aleke Makpɔ Ðokuinye Ta Tso Ame Siwo Tsɔa Gbɔdɔnuwɔnawo Ðea Fu Na Ame Si Me?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu na Ame—Aleke Mawɔ Akpɔ Ðokuinye Ta?
    Nyɔ!—1995
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 6/8 axa 24-28

Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu na Ame—Alesi Nàkpɔ Ðokuiwò Tae

MAGAZINE nuŋɔŋlɔmetola Gretchen Morgenson gblɔ be: “Mele be woatsɔ gbɔdɔdɔnuwɔna ɖigbɔwo anɔ fu ɖem na nyɔnu aɖeke gbesiagbe o, gake masɔ hã be nyɔnuwo nakpɔ mɔ be dɔwɔƒe anɔ abe tsã ene eye nɔnɔme vloewo manɔ anyi o.” Edze kafukafu be agbagba siwo dzem dɔtɔwo kple ʋɔnudrɔ̃ƒewo le be dɔwɔƒe nanɔ dedie wu la tse ku nyui aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, nyaawo tsɔtsɔ yi ʋɔnui na dɔtɔwo kple dɔwɔla siwo le xexeame katã na nuwo ka ɖe eme le dɔwɔƒewo. Adzɔdoha geɖe wɔ alesi woa ŋutɔwo nakpɔ ahiãdinuwɔna vloewo gbɔe la ŋuti ɖoɖowo. Wowɔa kpekpewo kple numedzrokpekpewo be woafia nɔnɔme nyui si wòle be woaɖe fia le dɔwɔƒe la dɔwɔlawo.

Nyateƒee, nunya le eme be woanya adzɔdoha ƒe ɖoɖowo kple sewo ahawɔ wo dzi. (Romatɔwo 13:1; Tito 2:9) Kristotɔwo kpɔe hã be enyo be yewoawɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi. Wɔwɔ ɖe afɔɖoƒe siawo siwo tso gbɔgbɔ me dzi le wò nuwɔna kple wò dɔwɔhatiwo me akpe ɖe ŋuwò geɖe be womatsɔ gbɔdɔdɔ aɖe fu na wò o—alo màtsɔe aɖe fu na amewo o.

Nɔnɔme Nyui si Wòle be Ŋutsuwo Naɖe Fia

Bu alesi wòle be ŋutsuwo nawɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui ŋu kpɔ. Eŋutinunyala geɖe xlɔ̃ nu le ŋutsu kple nyɔnu ƒe asikaka wo nɔewo ŋu ŋuti. Woxlɔ̃ nu be woate ŋu ase abɔta ƒoƒo na ame xɔlɔ̃tɔe gɔme bubui bɔbɔe. Dɔwɔlawo ƒe senyala Frank Harty de dzesii be: “Ʋɔnudrɔ̃lawo bua asikaka ame ŋu nya gãe.” Aɖaŋu kae wòɖo? “Ne wòagbɔ asinana ame ŋu ko la, mègawɔe o.” Nyateƒee, Biblia ŋutɔ mede se aɖeke le nya sia ŋu tẽ o.a Gake le alesi senyawo kple nɔnɔmewo le fifia ta la, ŋuɖɔɖo hiã—vevietɔ na amesiwo kaa asi ame ŋu le manyamanya me ne wole dze ɖom.

Ẽ, aɖaŋuɖoɖo ma dzi wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, Spaniae wonyi Glen le. Egblɔ be: “Le afisi metso la, amewo lɔ̃a asikpakpla kɔ na ame wu afisia le United States. Nugbugbɔnamee míetsɔ doa wòezɔ na xɔlɔ̃woe zi geɖe le míaƒe ƒomea me, gake woxlɔ̃ nu mí le afisia be míagatso ko awɔe o.” Gake Biblia me gɔmeɖosewo ɖea vi le nya sia me. Apostolo Paulo gblɔ na ɖekakpui Timoteo be: “[Wɔ nu] ɖe ɖekakpuiwo [ŋu] abe nɔviŋutsuwo ene, nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene, ɖetugbiwo abe nɔvinyɔnuwo ene le dzadzɛnyenye katã me.” (Timoteo I, 5:1, 2) Ðe ema mete fli ɖe ameléle si anyɔ dzodzro ɖe ame me amenubletɔe, alo esi womedi o me oa?

Míate ŋu awɔ gɔmeɖose ma ke ŋudɔ le nuƒoƒo me. Eyata Biblia gblɔ wòsɔ be: “Ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la womagayɔ eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple [ŋukpenanu] kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o.” (Efesotɔwo 5:3, 4) Gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ƒe senyala Kathy Chinoy doe ɖa be hafi nàƒo nu la, nàbu biabia sia ŋu be: “Ðe nàdi be woagblɔ nya ma tɔgbe na dawò, nɔviwònyɔnu, alo viwònyɔnua?” Yakanyagbɔgblɔ kple atsaƒoƒo ɖia gbɔ egblɔla kple esela siaa.

Mɔxexe Ðe Fuɖenamea Nu

Agbagba kae ame ate ŋu adze be womaɖe fu nɛ o? Ðewohĩ míate ŋu awɔ aɖaŋu si Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo esime wòdɔ wo ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔdasi gbãtɔ gbe la ŋudɔ le nya sia me: “Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze aɖaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.” (Mateo 10:16) Gake Kristotɔ mezu wɔnamanɔsitɔ o. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Nunya age ɖe wò dzi me . . . tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.” (Lododowo 2:10, 11) Eyata na míakpɔ Biblia me gɔmeɖose aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ɖokuiwò ta ɖa.

1. Kpɔ alesi nèwɔa nu ɖe wò dɔwɔhatiwo ŋui dzi. Mefia be nàgbe mokɔkɔ na wo alo alé fu wo o, elabena Biblia xlɔ̃ nu mí be “midi ŋutifafa na amewo katã.” (Hebritɔwo 12:14; Romatɔwo 12:18) Gake esi Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “mizɔ le nunya me le amesiwo le egodo la ŋku me” ta la, susu le eme be nàna wò ŋku nabiã ɖe dɔ ŋu, vevietɔ ne ŋutsue nènye le dɔ wɔm kple nyɔnu alo nyɔnue nènye le dɔ wɔm kple ŋutsu. (Kolosetɔwo 4:5) Agbalẽ si nye Talking Back to Sexual Pressure, si Elizabeth Powell ta la xlɔ̃ nu dɔwɔlawo be “woanya vovototo si tututu le nuwɔna dodzidzɔname si sɔ ɖe woƒe dɔ ŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ si tɔgbe ate ŋu afia mɔʋuʋu le ame ɖokui ŋu na gbɔdɔdɔnuwɔnawo dzi la dome.”

2. Do awu ɖe nɔnɔme nyui me. Nusi nèdona ƒoa nu le ŋuwò na ame bubuwo. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke la, awudodo aɖewo dea dzesi ame be enye agbegbegblẽnɔla alo gbolo. (Lododowo 7:10) Nenemae wònɔna zi geɖe egbea; awu miamiã, awu tɔŋku, alo awu siwo me nàdze le dodo ate ŋu ana amewo nabu susu gbegblẽ ɖe ŋuwò. Nyateƒee, ɖewohĩ ame aɖewo atsɔe be yewokpɔ mɔ ado nusianu si dze yewo ŋu. Gake abe alesi agbalẽŋlɔla Elizabeth Powell gblɔe ene la, “ne amesiwo kpɔe be gafifi megblẽ o domee nèwɔa dɔ le la, ke see be mègasa wò gabutu ɖe ali dzi woakpɔ o. . . . Ele be nàde dzesi alesi amewo ƒe agbenɔnɔ gblẽe . . . eye nàdze agbagba akpɔ ɖokuiwò ta be woagatafa wò o.” Eyata Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sɔ egbea hã. Exlɔ̃ nu nyɔnuwo be ‘woado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.’ (Timoteo I, 2:9) Do awu ɖe nɔnɔme nyui me eye anɔ eme be womatsɔ nuƒoƒo kple nuwɔna vloewo aɖe fu na wò fũ o.

3. Lé ŋku ɖe wò hadedewo ŋu! Biblia gblɔ ɖetugbi si ŋkɔe nye Dina si gbɔ wodɔ sesẽe la ŋu nya na mí. Edze ƒã be eƒe nu lé dzi na edzidzela la le esi ‘wòdoa go ɖakpɔa Kanaan-nyɔnuviwo ɖa’—nyɔnu siwo wonya gbolowɔwɔ na—edziedzi ta! (Mose I, 34:1, 2) Nenema ke egbea ne èɖoa dze kple—alo ɖoa to—dɔwɔhati siwo wonya be nya ƒaƒãwo ko wogblɔna ɣesiaɣi la, ame aɖewo ate ŋu aƒo nya ta be ahiãdinyawo dodo ɖe gbɔwò adzɔ dzi na wò.

Esia mefia be nàlé fu wò dɔwɔhatiwo o. Gake ne nya ƒaƒãwo ge ɖe dzeɖoɖoa me la, nukata màtso adzo o? Enya se ŋutɔ be Yehowa Ðasefo geɖe kpɔe be agbenɔnɔdzidzenu kɔkɔwo ƒe ŋkɔ nyui si le yewo ŋu wɔe be womeɖea fu na yewo o.—Petro I, 2:12.

4. Tsri nɔnɔme siwo me woaɖe fu na wò le. Biblia gblɔ alesi ɖekakpui si ŋkɔe nye Amnon wɔ aye be yeaɖe vovo kple ɖetugbi si ŋkɔe nye Tamar ale be yeate ŋu adɔ egbɔ la. (Samuel II, 13:1-14) Fuɖenamelawo ate ŋu awɔ nu nenema ke egbea, ɖewohĩ woakpe wo tevi aɖe be wòava no aha kple yewo alo wòatsi dɔ me le kpakpã megbe, evɔ menye le susu gobii aɖeke ta o. Kpɔ nyuie le amekpekpe mawo ŋu! Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.”—Lododowo 22:3.

Ne Woɖe Fu na Wò

Le nyateƒe me la, ne nyɔnu léa eɖokui mokakamanɔŋui gɔ̃ hã la, ŋutsu aɖewo awɔ nu ɖe eŋu madzemadzee. Aleke wòle be nàwɔ nu ɖe nuwɔna mawo ŋu ne ège ɖe nɔnɔme ma me? Ame aɖewo kafui be woatsɔ ye katã kpoo! Nyɔnu aɖe gblɔ be: ‘Gbɔdɔdɔ le dɔwɔƒe nye nusi naa agbe ɖoa ame me!’ Gake le esi teƒe be Kristotɔ vavãwo nabu nuwɔna madzemadze ma nukonya alo fefenyae la, wonyɔa ŋui. ‘Wotsri vɔ̃’ eye wokpɔe dze sii be amenubeble de gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me ta koe wowɔa nu mawo ɖo. (Romatɔwo 12:9; tsɔe sɔ kple Timoteo II, 3:6.) Ne mede ɖeke o hã la, nuwɔna vloe sia nye gbɔɖiɖi woƒe Kristotɔ ƒe bubu. (Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo I, 4:7, 8.) Aleke nàte ŋu akpɔ nɔnɔme siawo gbɔe?

1. Gblɔ wò susu kaŋ! Biblia gblɔ alesi mawuvɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Yosef ɖe afɔe esi wodo agbegbegblẽnɔnyawo ɖe egbɔ na mí be: “Le nusiawo megbe la eƒe aƒetɔ srɔ̃ nɔa ahiãmoe ɖom ɖe Yosef ŋu, eye wògblɔ bena: Va mlɔ gbɔnye.” Ðeko Yosef ɖe kɔ ɖa le eƒe ahiãnyawo ŋu kple susu be kuxia ŋutɔ nu atsoa? Gbeɖe! Biblia gblɔ be egbe eƒe ahiãnyawo vɔvɔ̃manɔmee be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?”—Mose I, 39:7-9.

Afɔ si Yosef ɖe nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Aɖabaŋeŋe ƒu ahiãdinya alo akpasesẽnuwɔwɔ dzi—alo esi vloe wu la, vɔvɔ̃ nɛ—mete ŋu tsia enu o; ɖewohĩ ɖeko vɔvɔ̃ alo ŋukpe agblẽ nya la ɖe edzi boŋ! Amegbɔdɔdɔsesẽe nu tsitsi ŋuti aɖaŋuɖola Martha Langelan xlɔ̃ nu be amesiwo dɔa nyɔnu gbɔ sesẽe la tsɔa gbɔdɔdɔ ɖea fu na ame zi geɖe wònyea “dzidzenu si wotsɔ kpɔa alesi nyɔnu awɔ ne wodze edzii; ne meke nu o alo wòvɔ̃ ne woɖe fu nɛ la, wotsɔnɛ be ne wodze edzi hã make nu o eye dzidzi aƒoe.” Eyata ele vevie be zi gbãtɔ si woadi be woaɖe fu na wò ko la, nàna woanya wò susu. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be, “zi geɖe la, gbegbe enumake eme nakɔ ɖeɖe te ŋu naa fuɖenamela la dzudzɔa nuwɔna vloe la.”

2. Na wò o nanye o! Yesue gblɔ nya ma le eƒe Todzimawunya me. (Mateo 5:37) Eƒe nyawo sɔ na nɔnɔme siawo elabena fuɖenamelawo gbea tanana zi geɖe. Aleke gbegbee wòle be nàtɔ afɔ anyi sesĩe? Ema aku ɖe nɔnɔmeawo kple alesi fuɖenamela awɔ nui ŋu. Gblɔe kple ŋusẽ alesi dze be wòase wò tenɔnɔ gɔme. Le go aɖewo me la, nya kpui aɖe gbɔgblɔ tẽ kple gbeɖɔɖɔe ɖeɖe anyo. Nɔ eƒe mo kpɔm. Eŋutinunyalawo do susu siwo gbɔna ɖa: (a) Gblɔ alesi nèsena le ɖokuiwò me. (“Medzɔa dzi nam kura nè . . . o”) (b) Gblɔ nu vloe si wòwɔ medzɔ dzi na wò o la nɛ. (“. . . esime nègblɔ nya madzeto ɖigbɔwo . . . ”) (d) Gblɔ nusi nèdi be amea nawɔ la nɛ eme nakɔ. (“Nyemedi be nànɔ nu ƒom nam nenema o!”)

Langelan xlɔ̃ nu be: “Gake mele be nyaheɖeameŋua nava zu adãwɔwɔ gbeɖe o. Adãwɔwɔ (fuɖenamela la dzudzu, ŋɔdzidodo nɛ, nu dodo ɖe egbɔ, kɔ tutui, ta tutu ɖe eŋu) meɖea vi o. Nudoɖeamegbɔ menyo o, eye mehiã be nàxlã nu ɖee o negbe ɖe wòdze dziwò eye wòhiã be nàʋli ɖokuiwò ta hafi.” Aɖaŋuɖoɖo nyui sia sɔ kple nya si Biblia gblɔ le Romatɔwo 12:17 be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.”

Ke ne èdze agbagba ʋuu be yeatsi fuɖenamea nu do kpoe ɖe? Adzɔdoha aɖewo wɔ alesi woakpɔ gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ŋu nyawo gbɔe ŋuti ɖoɖowo. Zi geɖe la, vɔvɔ̃dodo nɛ be yeatso enu na dɔwɔƒea ɖeɖe ana amesi ɖea fu na wò la nadzudzɔ. Gake ɖewohĩ mana wòadzudzɔ o. Nublanuitɔe la, menɔa bɔbɔe na nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa be woakpɔ dɔnunɔla si ase veve ɖe wo nu o. Glen si gblɔ be nyɔnu dɔwɔla aɖe ɖea fu na ye la dze agbagba tso enu. Egblɔ be: “Esi megblɔe na amegãa la, mekpe ɖe ŋunye kura o. Le nyateƒe me la, etsɔe be fefem mele. Ðeko wòle be manɔ ŋudzɔ ahadze agbagba vevie ate ɖa le egbɔ.”

Ame aɖewo tsɔ nya la yi ʋɔnui. Gake ʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒe feblaname gã siwo ŋu nèxlẽa nu tsoe le nyadzɔdzɔgbalẽwo me la mebɔ o. Hekpe ɖe eŋu la, agbalẽ si nye Talking Back to Sexual Pressure xlɔ̃ nu be: “Fuɖenamea ŋu nya dɔdrɔ̃ le ʋɔnu biaa ŋkumesesẽ kple ɣeyiɣi geɖe; enaa ɖeɖi tea ŋutilã kple susua ŋu.” Le susu nyui aɖe ta Biblia xlɔ̃ nu be: “Megatsi klokloklo dzi ɖe senya hehe ŋu o.” (Lododowo 25:8, NW) Esi ame aɖewo bu nusi senya hehe agblẽ le wo ŋu le seselelãme kple gbɔgbɔ me ŋu vɔ la, wokpɔe be enyo wu be yewoadi dɔ le afi bubu.

Fuɖenamea ƒe Nuwuwu

Gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame menye nu yeye o. Ele xexeame ƒe akpa ɖesiaɖe abe amegbetɔ ƒe dzi madeblibo, dzeaɖaŋu, si klẽa ŋu la ene. Nyadrɔ̃hawo kple ʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒe nyadɔdrɔ̃ matsi gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame nu akpɔ o. Gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame ɖeɖeɖa bia be amewo natrɔ woƒe dzi gbã.

Egbea Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔa na amewo le tɔtrɔ sia wɔm le xexeame katã. Ðeko wòle abe ɖe amegãxiwo kple dzatawo le esrɔ̃m be yewoawɔ nu abe alẽwo kple nyiviwo ene, abe alesi nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi ene. (Yesaya 11:6-9) Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple amewo tsɔ kpena ɖe ame akpe geɖe siwo nye ‘amegãxiwo’ tsã la ŋu ƒe sia ƒe be wowɔa amenyenye ƒe tɔtrɔ gã siwo anɔ anyi ɖaa. Amesiawo wɔa Ŋɔŋlɔawo ƒe sedede dzi be ‘woaɖe amenyenye xoxo si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ nu la ɖa’ eye woado ‘amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ me.’—Efesotɔwo 4:22-24.

Gbeɖeka la, anyigba dzi ayɔ kple ŋutsu kple nyɔnu siwo léa Biblia ƒe dzidzenuwo me ɖe asi. Mawusubɔlawo le ŋkeke ma lalam vevie esime nuvlowɔɖeameŋuwo katã nu ayi. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, wonɔa te ɖe nuwɔna vloe siwo li egbea la nu alesi woate ŋui.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Edze ƒã be nuxlɔ̃ame si Paulo na le Korintotɔwo I, 7:1 be “woagaka asi nyɔnu ŋu o” fia asikaka ame ŋu le gbɔdɔdɔ gome, ke menye asikaka ame ŋu dzro ko o. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 6:29.) Trenɔnɔ ƒe dzi dem Paulo le ƒo le afima eye wòxlɔ̃ nu le gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ” le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, January 1, 1973 me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]

“Ðe nàdi be woagblɔ nya ma tɔgbe na dawò, nɔviwònyɔnu, alo viwònyɔnua?”

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ŋkubiabiã ɖe dɔ ŋu kple awudodo ɖe nɔnɔme nyui me ate ŋu akpɔ ame ta tso fuɖename me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Egbea Kristotɔ vavãwo srɔ̃a alesi woawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le bubu me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe