Yɔmekpe Gatrɔ Gbɔ!
TSO ƒe 1950-awo me la, amesiwo ŋu yɔmekpe (TB) le ƒe xexlẽme ɖiɖi le United States zi 5 le alafa me ƒe sia ƒe. Gake tso ƒe 1985 me la, amesiwo wogblɔ be TB lé la dzi ɖe edzi zi 18 le alafa me. Esi gavloe wue nye be dɔlélea ƒe yeye aɖe gado si atike medana o. Wobu akɔnta be fifia TB wua ame miliɔn etɔ̃ ƒe sia ƒe. Nukata aʋa si woho ɖe TB ŋu mele edzi dzem o?
Nusiwo tae ɖekae nye be dɔnɔ geɖe menoa woƒe atikea ɣeyiɣi didi si wobia o—si nyea ɣleti ade vaseɖe asieke zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, nyatakaka aɖe ɖee fia le New York City be dɔnɔ siwo ade 200 siwo ƒe TB sesẽ la dometɔ 89 le alafa me meno woƒe atikea wu enu o. Ðk. Lee Reichman si nye Amerika Dzitodzito Habɔbɔ ƒe zimenɔla la gblɔ be: “Edzi ŋɔ ŋutɔ elabena ame mawo (a) mahaya o eye (b) ɖewohĩ TB si atike nyanyɛ si míezãna mada o ye agaho na wo.” Gake menye dɔnɔ siawo ƒe lãmesẽ ŋu koe wòagblẽ nu le o. Ðk. Reichman gagblɔ be: “Esi womeno woƒe atikea o ta la, woate ŋu aɖe dɔ ɖe ame bubuwo hã ŋu.” Ðikeke mele eme o be nusiae na wobu akɔnta be wokpɔa dɔlélea le ame yeye miliɔn enyi ŋu le xexeame katã ƒe sia ƒe.
Biblia-nusrɔ̃viwo kpɔe dze sii be ‘dɔvɔ̃ si ava teƒeteƒewo’ nye dzesia ƒe akpa aɖe si fia be míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamleawo” me. (Luka 21:11; Timoteo II, 3:1) Nukae akplɔe ɖo? Anyigba yeye si dzi “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Ẽ, menye gbɔdzɔe kpɔkpɔ vie ƒe ŋugbee Yehowa Mawu do o, ke vovo tso dɔléle kple ku si me ɖaa tegbee ƒe ŋugbee wòdo.—Nyaɖeɖefia 21:1-4.