Ewua Amewo Dea Aʋawɔwɔ Nu
ESI Marilyn si xɔ ƒe 23 nɔ ku ɖim eye ɖeɖi tea eŋu la, esusu be esi yefɔ fu yeyee tae. Ekpea kpe atraɖii hã, eye wòva gblɔe na eƒe ɖɔkta. Ðɔktaa gblɔ nɛ be anye dɔlékui aɖee ge ɖe eƒe ŋɔti kple tago me eye wòŋlɔ dɔlékuiwutikewo nɛ. Emegbe esi fifia va nɔ Marilyn tem vlevlevle le zã me la, etsi dzi ŋutɔ. Etrɔ yi eƒe ɖɔkta la gbɔ eye wòwɔ ɖoɖo nɛ be woaɖe foto eƒe akɔta.
Nusi wokpɔ le fotoɖeɖea me fia be ele be woatso kpla ada dɔ nɛ gake womete ŋu ke ɖe Marilyn ŋu to telefon dzi o. Marilyn gblɔ be: “Ðɔktaa ke ɖe nɔnye ŋu gblɔ nɛ be medze dɔ vevie. Nɔnye va tum eye wògblɔ nam be mava kpɔ [ɖɔktaa] enumake. Ðɔktaa ɖom ɖe kɔa dzi eye wogaɖe foto bubum eye wosikam ɖi.”
Ewɔ nuku na Marilyn be wòase be yɔmekpe le ye ŋu. Esusu be yele kuku ge, gake esi wowɔ yɔmekpetike nɛ la, mexɔ ɣeyiɣi boo aɖeke hafi wòhaya o.
Nusita yɔmekpe xɔxɔ wɔ nuku na Marilyn la me kɔ. Va ɖo nyitsɔ laa sia la, ɖɔkta geɖe gɔ̃ hã susui be woɖe yɔmekpe ɖa kura le dukɔ deŋgɔwo me. Dɔwɔla aɖe si le edaƒe aɖe le London gblɔ be: “Mebu be ɖe enu yi xoxoxo. Gake esi meva le dɔ wɔm le afisia la, mekpɔ be egali kokoko eye wòle nu gblẽm kabakaba le dugã la titina.”
Afisiwo yɔmekpe bu le tsã la, egatrɔ gbɔ va afimawo; afisiwo wòganɔ la, eƒe nugbegblẽ nu gasẽ ɖe edzi. Le esi woakpe yɔmekpe dzi teƒe la, amesiwo wòwuna de amesiwo kuna le aʋawɔwɔ kple dɔwuame me nu. Kpɔe ɖa:
◼ Togbɔ be wokpɔ ŋgɔyiyi wɔnukuwo le míaƒe ɣeyiɣia me ƒe atikewɔwɔ me hã la, le ƒe alafa ɖeka si va yi me la, yɔmekpe wu amesiwo ade miliɔn 200.
◼ Ame biliɔn eve—xexeamenɔlawo ƒe akpa etɔ̃lia—sɔŋ ye xɔ yɔmekpe dɔlékuia xoxo. Hekpe ɖe eŋu la, ame yeye ɖeka gaxɔnɛ le sɛkɛnd ɖesiaɖe me!
◼ Le ƒe 1995 me la, amesiwo ŋu yɔmekpea tsi ɖo la ade miliɔn 22. Ame miliɔn etɔ̃ kloe ku, eye dukɔ madeŋgɔwo mee wo dometɔ akpa gãtɔ ku le.
Esi atike sesẽwo li woatsɔ ada yɔmekpea la, nukatae dɔ sia gale fu wɔm amegbetɔƒomea? Ðe woava kpe edzi gbaɖegbea? Ðe nane li nàwɔ atsɔ akpɔ ɖokuiwò taa? Nyati siwo gbɔna aɖo biabia siawo ŋu.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]
New Jersey Medical School—National Tuberculosis Center