Nuƒoƒo Ƒe Ablɔɖe le Aƒeme—Nusi Ava Gblẽ Nu Kpuie Wònyea?
NE AME aɖe do ɣli be “Dzo dze aƒe loo!,” wòtsɔ flu amewo le fefewɔƒe si amewo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ eye esi amewo tsɔ du be yewoado go wozɔ ame aɖewo dzi woku la, ɖe mele be woabu fɔ ɣlidola la le amesiwo ku kple afɔku siwo do tso eme la ta oa? Ne ame aɖe agblɔ be, “Nyemeda asi ɖe nya si nègblɔ dzi o, gake maʋli tawò elabena nèkpɔ mɔ agblɔe” la, ɖe wòfia be wona ŋusẽ kple ablɔɖe wò faa be nàgblɔ nya sia nya si dze ŋuwò le dutoƒo, gake nusi ado tso eme megaka wò oa? Ame aɖewo bunɛ nenema.
Le kpɔɖeŋu me, le France, esi rap-hadzilawo gblɔ be woawu kpovitɔwo eye amesiwo se ha la dometɔ aɖewo wu kpovitɔwo la, ɖe wòle be woabu fɔ rap-hadzilawo le esi wode ŋutasesẽ ƒe dzi ƒo taa? Alo ɖe wòle be ablɔɖese nakpɔ wo taa? Ne radio kple television dzi nyadzɔdzɔgblɔla kple kɔmpiuta dɔwɔƒewo ɖe ŋutasesẽ kple amamaɖeɖenuwɔnawo fia ɖeviwo eye wo dometɔ aɖewo va wɔ nusiwo wokpɔ eye wògblẽ nu le woawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu la, ɖe wòle be woabu fɔ amesiwo kaka nenem nusiawoa?
Magazine si nye U.S.News & World Report ka nya ta be Amerikatɔwo ƒe Susuŋutinunya Habɔbɔ wɔ numekuku aɖe si me “wobu akɔnta be ne ɖevi ma tɔgbe kpɔa television gaƒoƒo 27 kwasiɖa sia kwasiɖa tso ƒe 3 kaka vaseɖe ƒe 12 la, akpɔ amewuwu 8,000 kple ŋutasesẽnuwɔna 100,000 teƒe. Ðe dzilawo ate ŋu agblɔ be esia makpɔ ŋusẽ ɖe yewo viwo dzi boo oa? Alo ɖe wònye ‘nusi dze kɔte be ahe dzɔgbevɔ̃e vɛa’? Ðe wòle be woaxe mɔ ɖe enu le go sia me alo woaɖe nuƒoƒoblɔɖe dzi akpɔtɔa?
Numekuku aɖe si yunivɛsiti susuŋutinunyalawo wɔ la ɖee fia be esi woɖe “kalẽtɔ kɔdadalɔ̃lawo” ŋuti sinimawo fia ɖevi ƒe ene vi aɖewo edziedzi eye woɖe esi “le yɔɔ” fia ɖevi bubuwo la, wokpɔe be ɖevi siwo kpɔ kalẽtɔ kɔdalawo la lɔ̃a abɔ kple nuwo dada ame le nua kpɔkpɔ vɔ megbe. Ŋutasesẽnuwɔnawo kpɔkpɔ le television dzi ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi mebuna ne woto ɖevime nɔɣi me do gɔ̃ hã o. Numekuku bubu aɖe ɖee fia be esi wolé ŋku ɖe ɖevi 650 ŋu eye wokpɔ woƒe televisionkpɔkpɔ kple nuwɔna tso ƒe 1960 me va ɖo ƒe 1995 me la, wokpɔe be wo dometɔ siwo kpɔ ŋutasesẽnuwɔnawo le television dzi wu la va zu ame tsitsi siwo wɔa nu gbodogbodo wu eye woƒoa wo srɔ̃wo eye womu aha tsɔ kua ʋui.
Togbɔ be ɖevi aɖewo malɔ̃ be television kple sinima kpɔa ŋusẽ ɖe yewo dzi o hã la, bubuwo ya alɔ̃ ɖe edzi. Le ƒe 1995 me la, California ƒe ɖeviwo taʋliha aɖe si woyɔna be Egbeviwo wɔ numekuku aɖe le ɖevi 750 siwo xɔ tso ƒe 10 va ɖo 16 ŋu. Numekukua ɖee fia be, ɖeviawo dometɔ ade le ewo me gblɔ be gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ le television dzi na ɖeviwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me esi wometsi kura o.
Britania nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ be ame aɖewo agblɔ be ɖeviwo mebua ŋutasesẽnuwo ɖeɖe le television kple sinima me be wonye nu ŋutɔŋutɔ o eye be sinima doŋɔdziname mawo katã mele ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi o. “Ne nenemae la, nukata wòva hiã be suku dzi kpɔla aɖe si le Amerika ƒe titinaɣetoɖoƒe nutome nagblɔ na sukuvi akpe geɖe be Tɔmeklo Ƒewuivi Siwo Trɔ Zu Ninja mele tsigbegblẽtoƒewo me o? Ðevi sue siwo kpɔa Tɔmekloawo la yia tsigbegblẽtoƒeawo me ɖanɔa wo dim, eyatae.”
Egbea le United States ƒe akpa geɖe la, wole nya ʋlim sesĩe le nusi ame aɖewo kpɔ be eto vovo kura tso nuƒoƒo faa ƒe ablɔɖe kple ŋutasesẽnuwɔna siwo do tso nya siwo wogblɔ tsɔ tsi tre ɖe fuɖeɖe ŋu gbɔ la ŋuti. Amesiwo tsi tre ɖe fuɖeɖe ŋu hea nya le dutoƒo be ɖɔkta kple kɔdzidɔwɔla siwo ɖea fu la nye amewulawo eye woawo ŋutɔ hã medze anɔ agbe o. Zazɛ̃nyahela ʋee aɖewo le wo dome gblɔna be ele be woawu ɖɔkta siawo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo. Woɖo ŋkutsalawo ɖi be woaŋlɔ ame mawo ƒe ʋuwo ƒe xexlẽdzesiwo, eye wotsɔ woƒe ŋkɔwo kple adrɛswo na. Esia wɔe be woda tu ɖɔktawo kple kɔdzidɔwɔlawo woku.
Amerika ƒe Ðoɖowɔwɔ Ðe Vidzidzi Ŋu Habɔbɔ ƒe zimenɔla nyra be: “Menye nuƒoƒo faa ƒe nyae nye esia o. Nusia sɔ kple ɣlidodo be, ‘Dzo dze aƒe loo!’ le fefewɔƒe si amewo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ. Nɔnɔmea sɔ kple fefewɔƒe si amewo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ; kpɔ ame gbogbo siwo wowu le kɔwo dzi le ƒe ʋee siwo va yi me ɖa.” Amesiwo dea ŋutasesẽnuwɔna sia dzi gblɔna be ŋusẽ si wona yewo le Amerika ƒe Ðɔɖɔɖo Gbãtɔa me ko ŋudɔ wɔm yewo le—nuƒoƒo ƒe ablɔɖe. Nenema koe nyaʋiʋlia le edzi yime. Woayi edzi anɔ nya hem le gomekpɔkpɔ sia ŋu le duwo me nyamedzrogbalẽwo me, eye wòahiã be ʋɔnudrɔ̃ƒewo nakpɔ nya la gblɔ, nublanuitɔe la, mava dze amesiame ŋu o.
Nusi Dzilawo Ate Ŋu Awɔ
Ele be aƒeme nanye sitsoƒe na ɖeviwo, ke menye afisi amewo nanɔ wo zãm ɖe mɔ gbegblẽwo nu alo agblẽ wo le o, alo wòanye afisi woate ŋu ana ame fafawo nava nɔ aglãdzenuwo wɔm ɣeaɖewoɣi o. United States yunivɛsiti ƒe nufialagã aɖe si nɔ nu ƒom na dzilawo gblɔ be: “Ðewohĩ àka ɖe ɖokuiwò dzi be togbɔ be ye vi anɔ television dzi ŋutasesẽnuwɔnawo kpɔm edziedzi hã la, mazu aglãdzenuwɔla o. Gake màte ŋu aka ɖe edzi be ame bubu ƒe vi si kpɔa nu mawo edziedzi la mawu ye vi alo ana wòazu nuwɔametɔ o.” Eye wòde dzi ƒo be: “Ele be television dzi ŋutasesẽnuwɔna si ɖeviwo kpɔna dzi ɖeɖe kpɔtɔ nanye dumeviwo ƒe lãmesẽtakpɔɖoɖo ƒe akpa aɖe abe zikpui tɔxɛ si wowɔna ɖe ʋu me na ɖevi suewo, gasɔdokukuwo, abuidodo, kple nu nyui ɖuɖu ene.”
Ne màlɔ̃ be ame aɖeke nava ye ƒeme ava zã dzugbewo eye wòagblɔ gbɔdɔdɔ kple ŋutasesẽ ŋu nya gbegblẽwo na viwò o la, ke mègana radio alo television nanye amedzro ma o. Nya ɣeyiɣi si nàtsii alo aʋu teƒe bubu. Nya nusi kpɔm viwò le le television kple kɔmpiuta siaa dzi le eɖokui si le eƒe xɔ me gɔ̃ hã. Ne enya kɔmpiuta zazã kple alesi wòalé nyatakaka vovovowo la, nusiwo nàva nya be ekpɔna fiẽ sia fiẽ la awɔ mo yaa na wò. Ne nusiwo kpɔm viwò le medze ŋuwò o la, gbee nɛ eye nàɖe eme nɛ. Ne ègbee nɛ la, maku o.
Mlɔeba la, fia viwòwo be woanɔ agbe ɖe mawumegɔmeɖosewo nu ke menye ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwɔnawo nu o—esi gblɔa nya gbegblẽwo hewɔa ŋutasesẽnuwo. (Lododowo 22:6; Efesotɔwo 6:4) Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi na Kristotɔwo si dzi wòle be mí katã míawɔ ɖo. “Ke ahasiwɔwɔ kple makɔmakɔnyenye katã alo ŋukeklẽ la [womegayɔ] eŋkɔ gɔ̃ hã le mia dome o, abe alesi wòdze ame kɔkɔewo ene, kple [ŋukpenanu] kple yakanyagbɔgblɔwo kple atsaƒoƒo, siwo medze o, negbe akpedada boŋ.”—Efesotɔwo 5:3, 4.
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Nusiwo woɖena fiana le television dzi dometɔ aɖewo ate ŋu ahe nuvlowɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ vɛ