INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 8/8 axa 26-28
  • Nukata Sɔhɛ Bubuwo Nɔa Dzidzɔ Kpɔm Ɣesiaɣi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Sɔhɛ Bubuwo Nɔa Dzidzɔ Kpɔm Ɣesiaɣi?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Dzidzɔkpɔkpɔa Va Gbɔ Eme
  • Ne Dziwòlawo Gbe
  • ‘Nu Le Ŋunye Tom!’
  • Aleke Mawɔ Ado Dzidzɔ na Ðokuinye?
    Nyɔ!—1996
  • Na Wò Agbe Nakpɔ Dzidzedze!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Sɔhɛwo—Mitsi Tre Ðe Xexeame Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Kpɔ Wò Ƒomea Ta tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Gbegblẽwo Me
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 8/8 axa 26-28

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Sɔhɛ Bubuwo Nɔa Dzidzɔ Kpɔm Ɣesiaɣi?

Jason si xɔ ƒe 15 fa konyi be: “Ðeko míedi be míakpɔ dzidzɔ, gake esesẽna ŋutɔ.”

ESƆ le dzɔdzɔme nu be nàdi be yeafe—vevietɔ ne sɔhɛ ye nènye! Le sɔhɛ geɖe gome la, fefe le vevie abe nuɖuɖu kple alɔ̃dɔdɔ ene. Esi sɔhɛwo hatiwo kple nyakakamɔnuwo dea dzi ƒo na wo ta la, wotia modzakaɖeɖe vovovowo yome vevie. Numekuku aɖe ɖee fia be fiẽsimodzakaɖeɖe si dzɔa dzi na ƒewuiviwo ƒe gbãtɔwoe nye xɔlɔ̃wo sasrã kpɔ, televisionkpɔkpɔ, sinimawo yiyi, kplɔ̃ɖoɖo, kple ɣeɖuɖu. Nuxexlẽ, fefewo kple kamedefefewo wɔwɔ, kpakple hasese hã dzɔa dzi na ame geɖe.

Esi dzidzɔdonamenu geɖe li ta la, asesẽ na ame tsitsiwo be woase nusita sɔhɛ aɖewo, abe Jason ene, bu be yewomefena boo o la gɔme. Gake nya ma tututue Kristotɔ sɔhɛ aɖewo gblɔ! Casey si nye sɔhɛ Yehowa Ðasefo la gblɔe ale: “Àkpɔ xɔ̃wòwo katã le suku woanɔ hatsotsowo me ahanɔ nuwo wɔm, eye àse le ɖokuiwò me be nu le ye ŋu tom.” Gake ɖe nɔnɔmea gblẽ nenema gbegbea?

Ðe Biblia de se ɖe fefe nua? Menye nenema kura o. Biblia yɔ Yehowa be “Mawu dzidzɔtɔ.” (Timoteo I, 1:11, NW) Eyata mele be wòawɔ nuku na wò o be Fia Salomo gblɔ be: “Ɣeyiɣi li na nusianu, . . . avifaɣi li, eye nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li.” (Nyagblɔla 3:1, 4) Hebrigbe me nya gbãtɔ si me woɖe ‘ko nu’ tsoe le afisia kple nya bubu siwo do ƒome kplii la ate ŋu afia ‘ɖu azã,’ ‘fe,’ ‘de kame,’ ‘do nukokoe na ame,’ kple ‘kpɔ dzidzɔ.’—Samuel II, 6:21; Hiob 40:29; Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:25; Mose II, 32:6; Mose I, 26:8.

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu ƒe amewo se vivi le nuwɔna tuameɖo vovovowo me, abe haƒonuwo ƒoƒo, hadzidzi, ɣeɖuɖu, dzeɖoɖo, kple fefewo wɔwɔ ene. Azãɖuɖu kple hadede dodzidzɔname ƒe ɣeyiɣi tɔxɛwo hã nɔ wo si. (Yeremya 7:34; 16:9; 25:30; Luka 15:25) Yesu Kristo ŋutɔ hã de srɔ̃ɖeŋkekenyui aɖe ɖuƒe!—Yohanes 2:1-10.

Eyata womede se ɖe dzidzɔdonu tuameɖo nu na Kristotɔ sɔhɛwo egbea o. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Ðekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me.” Gake Salomo gblɔ nuxlɔ̃amenya siawo kplɔe ɖo be: “Ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.” (Nyagblɔla 11:9) Ẽ, àbu akɔnta na Mawu le tiatia siwo nàwɔ ŋu. Eyata ele be “[nàkpɔ] nyuie be, [nàzɔ] pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe [nunyala] ene” le modzakaɖeɖe gome. (Efesotɔwo 5:15, 16) Nukatae? Elabena sɔhɛ geɖe wɔa tiatia gbegblẽwo le esia gome.

Ne Dzidzɔkpɔkpɔa Va Gbɔ Eme

Bu nusi dzɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu kpɔ. Israel-vi aɖewo meda sɔ le modzakaɖeɖe me kura o, eye woɖoa kplɔ̃ si te woɖea mɔ ɖe nusianu ŋu le zã blibo katã! Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Baba na amesiwo fɔa fɔŋli hetia aha muame yome, eye wotsia anyi vaseɖe zãtiƒe, ne wein nade dzo lã me na wo! Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu.” Menye ɖe wògblẽ be woaƒo ƒu ɖekae aɖu nu, adzi ha, ahaɖu ɣe o. Gake Yesaya gblɔ le aglotula siawo ŋu be: “Womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o.”—Yesaya 5:11, 12.

Sɔhɛ geɖe wɔa nenema egbea—womebua Mawu ŋu ne wole modzaka ɖem o. Ame aɖewo ŋea aɖaba ƒua mawumegɔmeɖosewo dzi vlodoametɔe, eye wokpɔa gome le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe, nudomegbegblẽ, atikevɔ̃ɖizazã, kple ɖekematsɔleme ƒe nuwɔna bubuwo me ɖe “vivisese” ta. Gake le sɔhɛ bubuwo gome la, menye ɖe woɖoe be yewoanye ame vɔ̃ɖiwo o. Gake womete ŋu wɔa nu le ŋuɖɔɖo me hetsria ewɔwɔ wòagbɔ eme o. (Lododowo 23:20; Timoteo I, 3:11) Eyata ne woƒo ƒu be yewoafe la, wowɔa nu wògbɔa eme.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 10:6-8.

Nyɔ! bia sɔhɛ aɖewo nyitsɔ laa be, “Nukawoe yia edzi le xexemetɔwo ƒe kplɔ̃ɖoƒewo egbea?” Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe ɖo eŋu be: “Atikevɔ̃ɖiwo zazã, ahatsunono. Edzɔna ŋutɔŋutɔ.” Andrew si nye sɔhɛ la gblɔ le ŋutsuvi aɖewo siwo lɔ̃a kplɔ̃ɖoƒewo yiyi le eƒe suku ŋu be: “Nusi wowɔna ɣesiaɣie nye be woaƒo adegbe le aha si gbegbe wote ŋu no ŋu.” Jason gblɔ nusi yi ŋgɔ wu ema gɔ̃ hã be: “Nu gbegblẽwo yia edzi le xexemetɔwo ƒe kplɔ̃ɖoƒe ɣesiaɣi kloe.” Esi Biblia ƒo nu tsi tre ɖe “aglotutuwo,” alo “kplɔ̃ɖoɖo dzakaɖawo” ŋu ta la, sɔhɛ mawuvɔ̃lawo meyia hadomeƒuƒoƒo siwo me nusiawo yia edzi le la o.—Galatiatɔwo 5:21; Byington.

Afɔkuwo ate ŋu anɔ modzakaɖeɖe siwo dzena abe ɖe naneke megblẽ le wo ŋu o ene gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, woɖea amamaɖeɖe, gbɔdɔdɔ ŋutɔŋutɔ, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ ɖivɔvɔ̃wo fiana le egbegbe sinima siwo xɔ ŋkɔ wu la dometɔ geɖe me. Amamaɖeɖe ƒe nyawo nɔa hadzidzi xɔŋkɔwo me. Atikevɔ̃ɖizazã, tsukunuwɔwɔ, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ bɔ ɖe rock-hadziƒewo.a

Ne Dziwòlawo Gbe

Nya vevi kae le esia me? Ne Kristotɔe nènye la, màte ŋu awɔ nusiwo katã hawòtiwo wɔna o. Elabena Yesu gblɔ be ye yomedzelawo ‘menye xexeame ƒe akpa aɖeke o,’ eye ema fia be míato vovo tso ame bubuwo gbɔ. (Yohanes 15:19) Ne mawuvɔ̃lawoe dziwòlawo nye la, ke nyateƒenya sia le nyanya na wo nyuie. Eyata esi dziwòlawo di be yewoakpɔ tawò ta la, woagblɔ be mègawɔ nanewo o alo woade se kpaɖii ɖe wo nu ɣeaɖewoɣi—siwo nye nusiwo ŋu woɖe mɔ ɖo na sɔhɛ bubuwo wowɔna. Lɔlɔ̃ ɖe esia dzi menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe te tɔ ɖe edzi be: “Amewo di be yewoafe! Mía dzilawo fe le woƒe ɖevime, gake ewɔna abe ɖe wodi be yewoaxaxa mí ɖo ene.”

Dziwòlawo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ le nya siawo gome manɔ bɔbɔe o, ne èlɔ̃ ɖe woƒe nukpɔsusua dzi gɔ̃ hã. Sɔhɛ aɖe si míayɔ be Jared si ŋu lãmesẽfefewɔwɔ ƒe ŋutete le gblɔ be: “Medi be maƒo basketball le sukubɔlƒoha me hafi. Ame geɖe ƒoe ɖe nunye be maƒoe, eye eɖe fu nam vie. Gake megblɔe na dzinyelawo.” Jared dzilawo ɖe afɔku siwo le “habɔbɔ vɔ̃wo” me fiae eye woɖo ŋku alesi eƒe kamedefefe ƒe nuwɔnawo axɔ ɣeyiɣi la dzi nɛ. (Korintotɔwo I, 15:33) Jared gblɔ nublanuitɔe be: “Eyata nenemae wòva yi.” Ewɔ ɖe edzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, gake evee be yemete ŋu ƒo bɔl o.

‘Nu Le Ŋunye Tom!’

Eɖanye nɔnɔme ka ke mee nèle o, dzi aɖe le ƒowò nenema ke ɣeaɖewoɣi ne èse wò sukuhatiwo le adegbe ƒom le dzidzɔdonamenu siwo me wokpɔ gome le ŋu. Ðewohĩ àbia be ‘Nukata sɔhɛ bubuwo kpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi?’ Ẽ, aleke nàwɔ adzudzɔ ebubu be nu le ye ŋu tom?

Akpe ɖe ŋuwò ne èxlẽ Psalmo 73 hede ŋugble le Biblia-ŋlɔla si ŋkɔe nye Asaf ƒe nuteƒekpɔkpɔ la ŋu. Eʋu eɖokui me le kpukpui 2 kple 3 ale: “Nye la ekpɔtɔ ʋee nye afɔ da kloe, esusɔ vie nye afɔ ɖiɖi kloe. Elabena meʋã ŋu adegbeƒola.” Ẽ, esi Asaf nɔ agbe si ŋu sewo le la, ame bubuwo ya ƒo adegbe be yewote ŋu wɔa nusianu si yewodi—si dze abe afɔku aɖeke medona tsoa eme o ene. Edze abe nu geɖe nɔ wo si eye wokpɔa nu ɖe edzi ɣesiaɣi ene. (Kpukpui 12) Eyata dzi ɖe le Asaf ƒo ale gbegbe be wòfa konyi be: “Ekema dzodzro wònye be melé ɖokuinye dzadzɛ eye nyemewɔ nuvɔ̃ oa?”—Psalmo 73:13, Today’s English Version.

Dzɔgbenyuitɔe la, Asaf va nyɔ le eɖokui me eye metsɔ dzitsitsi wɔ naneke o. Eyi ɖe “Mawu ƒe kɔkɔeƒe la,” eye esime wòle nu tuameɖo siwo le afima dome la, ede ŋugble le nyaawo ŋu vevie. Eteƒe medidi o Asaf ƒo nya ta le viviseseyometila mavɔ̃mawuwo ŋu wòɖe dzesi be: “Nyateƒee, ètsɔ wo ɖo ɖiɖiƒe, eye nèxlã wo ɖe anyi wozu anyiglãgo.”—Psalmo 73:17, 18.

Míate ŋu agblɔ nya ma ke le hawòti agbeɖuɖuyometila geɖe ŋu. Woabu be yewole dzidzɔ kpɔm fifia. Gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe wosea vivi le nuvɔ̃ me! (Hebritɔwo 11:25) Esi womewɔna ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi o ta la, wotsi tre ɖe “ɖiɖiƒe” eye woate ŋu adze anyi vevie ɣesiaɣi—le vome nuxlɔ̃ame manɔmee. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Àse godoo be sɔhɛ siwo mia kpli wo mienye ha ku kpo, woxɔ nulɔdɔ, wofɔ gbɔmeyafu, alo wode wo gaxɔ me ɖe “vivisese” ƒe afɔkuwo ta oa? Ekema ɖe maɖe vi na wò be nate ɖokuiwò ɖa tso nusiawo gbɔ oa?—Yesaya 48:17.

Salomo ɖo aɖaŋu nyui aɖe esime wògblɔ be: “Wò dzi megaʋã ŋu nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ neʋã ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ ɣeawokatãɣi. Vavãe, ɣeyiɣi li gbɔna, eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.” (Lododowo 23:17, 18) Ẽ, ‘vivisese’ ɖesiaɖe si me woabu agbe tegbee nɔnɔ le Paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la mesɔ o.

Ke fifia la, aleke nàwɔ aɖi kɔ na dzɔdzɔmedidi be yease vivi ɣeaɖewoɣi lae? Ðe mɔ tuameɖo siwo le dedie li siwo dzi nàto awɔ esia? Ne ga kple nu bubuwo mele asiwò o ɖe? Nyɔ! bia sɔhɛ siwo le xexeame ƒe akpa vovovowo be woado woƒe susu ɖa. Míadzro nya siawo me le nyati sia ƒe akpa bubu si míagata me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Wòle Be Mayi Rock-Hadziƒewoa?” si le Eŋlisigbe me December 22, 1995 tɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðe wòle be nàse le ɖokuiwò me be wogblẽ ye ɖi esi màte ŋu akpɔ gome le nusi xexeame yɔna be vivisese la me o ta?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe