Biblia ƒe Nukpɔsusu
Ðe Wòle Be Nàvɔ̃ na Ame Kukuwoa?
NE ÈDO ame kukuwo ŋu nya ɖa la, àkpɔe be ame geɖe agbe nuƒoƒo tso eŋu. Gake menye ɖe nuƒoƒo tso nya la ŋu medoa dzidzɔ na ame aɖewo ko o; ke ena ŋɔdzi léa wo. Eyata mewɔ nuku o be kɔnu kple nuwɔna siwo do ƒome kple vɔvɔ̃ na ame kukuwo le xexeame ƒe teƒewo katã. Le kpɔɖeŋu me, mina míalé ŋku ɖe kɔnu siwo wowɔna le Afrika ƒe Sahara-nutowo me ŋu kpɔ.
Nyɔnu aɖe si le Ɣetoɖoƒe Afrika dugã aɖe me ɖo ŋku nusi dzɔ esime eƒe ƒometɔ aɖe ku dzi nyuie. Egblɔ be: “Ƒometɔ aɖe ɖaa nu ɖe agba me edziedzi na ame kukua eye etsɔa beléle danɛ ɖe eƒe xɔdɔme me. Ne meli o la, meyina va ɖua nua. Ne ƒometɔ la gbɔ la, ekpɔa dzidzɔ ŋutɔ! Exɔe se be ame kuku la xɔ nunanaawo. Esia yi edzi hena ɣeyiɣi aɖe vaseɖe esime medze dɔ. Nuɖuɖu megadzronam o eye nyemete ŋu ɖua naneke o. Esia na vɔvɔ̃ ɖom! Nye ƒometɔ geɖe gblɔ be mía ƒometɔ kuku lae na medze dɔ. Wobu be anya do dɔmedzoe ɖe ame aɖe ŋu le ƒomea me.”
Le dugã ma ke me la, ne venɔviwo le ƒome aɖe me eye ɖeka ku la, ame aɖeke megaƒoa nu tso ame kukua ŋu le aƒea me o. Ne ame aɖe bia venɔvi kukua ta se la, ƒomea ɖoa eŋu le kɔnu nu be: “Eyi dze ƒle ge.” Woxɔe se vevie be ne woto nyateƒe la, venɔvi si le agbe la aku.
Kpɔ nudzɔdzɔ sia hã ɖa: Ŋutsu aɖe si ɖe nyɔnu etɔ̃ la ku. Esi wowɔ kunua vɔ ŋu ke la, wona avɔ ɣi tɔxɛ aɖe srɔ̃nyɔnuawo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wotɔ tsilekpɔ sue tɔxɛ aɖe si wotsɔ be gba ɖe aƒea xa, afisi nyɔnu siawo alé tsi ahata avɔ ɣia le. Ame aɖeke meyina ɖe eme o negbe woawo ɖeɖe kple nyɔnu si wotia be wòakpe ɖe wo ŋu la ko. Ne nyɔnuawo do tso tsilekpɔ tɔxɛ sia me la, wotsyɔa nu woƒe mo. Nyɔnuawo dea kɔmeka si woyɔna be sebe be wòanye “takpɔkpɔ” na wo la kɔ. Wowɔa tsilékɔnu sia Fiɖa kple Dzoɖa ɖesiaɖe hena ŋkeke 100. Le ɣeyiɣi sia me la, womate ŋu axɔ naneke tso ŋutsu gbɔ tẽ o. Ne ŋutsu di be yeana nu wo la, ele be wòadae ɖe anyigba alo kplɔ̃ dzi. Emegbe nyɔnua atsɔe. Womeɖea mɔ ame aɖeke nɔa nyɔnu siawo ƒe aba dzi alo mlɔa edzi o. Ɣesiaɣi si woado le aƒeme la, ele be wo dometɔ ɖesiaɖe natsɔ ati tɔxɛ aɖe ɖe asi. Wobu be ati sia tsɔtsɔ ana wo srɔ̃ si ku la mava dze yewo dzi o. Ne wogbe mɔfiame siwo ŋu míeƒo nu tsoe la dzi wɔwɔ la, wobu be srɔ̃ŋutsu si ku la ate ŋu ado dziku ahawɔ nuvevi wo.
Nya siawo tɔgbe bɔ ɖe xexeame ƒe akpa ma ŋutɔ. Gake menye Afrika koe wowɔa kɔnu siawo tɔgbe le o.
Vɔvɔ̃ na Ame Kukuwo Le Afisiafi
Numekugbalẽ aɖe si nye Encarta gblɔ nya siwo gbɔna la le alesi ame geɖe bua tɔgbui kukuwoe ŋu be: “Woxɔe se be ƒometɔ kukuwo . . . zu gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋuwo alo, ɣeaɖewoɣi be wova zu mawuwo. Dzixɔse si nye be tɔgbui kukuwo nɔa amewo dome, eye wogatsɔ ɖe le ƒometɔ siwo le agbe ƒe nyawo me la dzie [dzixɔse sia] nɔ te ɖo. Woxɔ esia dzi se vevie le Ɣetoɖoƒe Afrika tɔwo (Bantu kple Shona tɔwo dome), le Polynesia kple Melanesia (Dobu kple Manu tɔwo dome), le Europa-Indiatɔwo (blema Scandinavia kple Germania tɔwo dome), kple vevietɔ le China kple Japan. Ame geɖe xɔe se be ŋusẽ gã aɖe le tɔgbui kukuwo si, eye ŋusẽ tɔxɛ siwo wotsɔ kpɔa ŋusẽ ɖe nusiwo dzɔna dzi alo woatsɔ akpɔ woƒe ƒometɔ siwo le agbe ƒe dedienɔnɔ ta la le wo si. Nusiwo me wotsɔa ɖe le vevie dometɔ ɖekae nye ƒomea ta kpɔkpɔ. Wobua wo domenɔlawoe le mawu gã, alo mawuwo, kple ameawo dome, eye woate ŋu ato drɔẽwo alo gbɔgbɔdzeamedzi me aƒo nu kple ame gbagbewo. Amewo vɔ̃a wo eye wosubɔa wo. Ne woŋe aɖaba ƒu tɔgbui kukuwo dzi la, woate ŋu ahe dɔléle kple dzɔgbevɔ̃e bubuwo vɛ. Avuléle, kukuɖeɖe, gbedodoɖa, kple vɔsasa nye mɔ vovovo siwo dzi ame gbagbewo ate ŋu ato aƒo nu kple wo tɔgbui kukuwo.”
Le nyateƒe me la, ƒomea ate ŋu agblẽ ga geɖe ɖe vɔvɔ̃ na ame kukuwo ta. Zi geɖe la, amesiwo xɔe se vevie be ele be woavɔ̃ na ame kukuwo la gblɔna be woawɔ kɔnu gã siwo bia nuɖuɖu kple aha, lã gbagbe siwo woatsɔ asa vɔe, kple awu xɔasiwo.
Gake ɖe ƒometɔ alo tɔgbui kukuwo le nɔnɔme si wòhiã be míavɔ̃ wo ahasubɔ wo me ŋutɔŋutɔa? Nukae Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔ?
Ðe Ame Kukuwo Ate Ŋu Awɔ Nuvevi Wòa?
Ðewohĩ àdi be yeanya ne Biblia ƒo nu tso dzixɔse siawo ŋu. Le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia me la, woyɔ nuwɔna siwo do ƒome kple vɔvɔ̃ na ame kukuwo. Egblɔ be: “Busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.”—Mose V, 18:10-12, míawoe te gbe ɖe edzi.
De dzesii be Yehowa Mawu de se ɖe kɔnu siawo nu. Nukatae? Elabena aʋatso dzie wotu wo ɖo. Aʋatso gbãtɔ si ku ɖe ame kukuwo ŋue nye be luʋɔa yia edzi nɔa agbe. Le kpɔɖeŋu me, magazine si nye The Straight Path gblɔ nya sia le nusi dzɔna ɖe ame kukuwo dzi ŋu be: “Luʋɔ ƒe dzodzo koe ku nye. . . . Ŋutilã la koe nɔa yɔdoa me, ke menye luʋɔ la o.”
Biblia meda asi ɖe esia dzi o. Wò ŋutɔ xlẽ Xezekiel 18:4: “Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.” Azɔ̃ hã Mawu ƒe Nya la gblɔ nɔnɔme si me ame kukuwo le eme kɔ nyuie le Nyagblɔla 9:5 be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” Esia na nusita ame kukuwo meɖua nusi woɖa na wo o negbe ame gbagbe aɖe koe ava ɖui la me kɔ.
Gake Biblia megblẽ mí ɖi mɔkpɔkpɔ manɔmee le amesiwo le yɔdo me ŋu o. Woagate ŋu ava nɔ agbe ake! Biblia ƒo nu tso “tsitretsitsi” ŋu. (Yohanes 5:28, 29; 11:25; Dɔwɔwɔwo 24:15) Esia ava eme le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Fifia ya la, ame kukuwo le yɔdo me nanekemanyamanyae, wole ‘alɔ̃ dɔm,’ vaseɖe esime Mawu ƒe ɣeyiɣi nade ‘woafɔ.’—Yohanes 11:11-14; Psalmo 13:4.
Amewo katã vɔ̃na na nusi womenya o. Sidzedze vavãtɔ ate ŋu ana ame navo tso aʋatsodzixɔse siwo ŋu kpeɖodzi mele o me. Biblia gblɔ nyateƒe si ku ɖe amesiwo le yɔdowo me ƒe nɔnɔme ŋu na mí. Kpuie ko la, mele be nàvɔ̃ na ame kukuwo o!—Yohanes 8:32.