INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 2/8 axa 10-11
  • Ðe Wòle Be Woade Bubu Ame Kukuwo Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòle Be Woade Bubu Ame Kukuwo Ŋua?
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kɔnu Siwo Wotu Ðe Alakpadzixɔse Dzi
  • Nukpɔsusu Si Da Sɔ
  • Ðe Ame Kukua Kafukafu Nye Nu Gbegblẽa?
  • Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Kunuwɔwɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Kristotɔwo Ƒe Kunuwɔwɔ—Bubu Nɔa Eŋu, Edana Sɔna, Eye Wòdzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Kunuwɔwɔe?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Ðɔ Ŋu Ðo le Kɔnu Siwo Medzea Mawu Ŋu O Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 2/8 axa 10-11

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wòle Be Woade Bubu Ame Kukuwo Ŋua?

“SESELELÃME SI ƑO KE ÐE TO SESĨE YE ƲÃA AME AKPA GÃTƆ BE WOADE BUBU SI WOMEDEA LÃ KUKU ŊU O LA AMEGBETƆ ƑE ŊUTILÃ KUKU ŊUTI.”​—ENCYCLOPÆDIA BRITANNICA.

AME akpa gãtɔ dea bubu woƒe lɔlɔ̃tɔ kukuwo ŋu le mɔ aɖe nu. Wodea bubu ame kukuwo ŋu to nyadzɔdzɔgbalẽwo me kugbeƒãɖeɖewo me kple wo kafukafu me. Le dukɔ aɖewo me la, ebɔ be wowɔa tsyɔ gã siwo me subɔsubɔkɔnuwo alo dekɔnuwo hã nɔna. Kunuwɔwɔwo ate ŋu axɔ ŋkeke, kwasiɖa, alo ɣleti geɖe. Wotsɔa ame xɔŋkɔ siwo ku la ƒe ŋkɔwo naa sukuwo, yameʋudzeƒewo, ablɔwo, kple duwo. Womea ŋkuɖodzikpewo na ame ŋkutawo eye woɖoa ŋkekenyuiwo be woatsɔ aɖo ŋku wo dzii.

Gake Mawu ƒe Nya la gblɔ be ame kukuwo menya naneke tso bubu si dem wole wo ŋu ŋuti kura o. (Hiob 14:​10, 21; Psalmo 49:​18) Amesiwo ɖoa ŋku wo dzi ƒe susu me koe ame kukuawo gale agbe le. Biblia gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:⁠5) Ŋɔŋlɔawo gblɔ tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ aɖe si ava eme le etsɔ si gbɔna me ŋu nya. ( Yohanes 5:​28, 29; 11:​25) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ame kukuwo megale agbe le teƒe aɖeke o. Wozu anyi ŋutɔŋutɔ.​—Mose I, 3:​19; Hiob 34:⁠15.

Le Biblia ƒe nukpɔsusu si me kɔ le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu bubu me la, ɖe viɖe aɖe le bubudede wo ŋu ŋutia? Anyo be Kristotɔwo nawɔ woƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku kple wo ɖiɖi kɔnuwoa?

Kɔnu Siwo Wotu Ðe Alakpadzixɔse Dzi

Subɔsubɔhawo ƒe nufiafia siwo menye Biblia dzi wotu wo ɖo o la mee kukɔnu geɖe, ɖewohĩ woƒe akpa gãtɔ, dzɔ tso. Encyclopædia Britannica gblɔ be kɔnu aɖewo ƒe taɖodzinue nye be “wòakpɔ ame kukua ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze me; ɣeaɖewoɣi hã kɔnuawo ƒe taɖodzinue nye be wòakpɔ agbagbeawo ta be ame bubu megaku o alo ame kukua megawɔ nuvevi wo o.” Kɔnu siawo siwo wotu ɖe alakpadzixɔse si nye be ame kukuwo yia edzi nɔa agbe le vivimenuto aɖe me dzi la tsi tre ɖe Biblia me nyateƒewo ŋu tẽ.​—Nyagblɔla 9:⁠10.

Ame geɖe subɔa woƒe ame kukuwo. Tadedeagu sia ƒomevi ƒe akpa aɖee nye vɔsasa na tɔgbui kukuwo kple gbedodoɖa na wo. Amesiwo wɔa kɔnu siawo dometɔ aɖewo mebua woƒe nuwɔnaawo tadedeagui o, ke boŋ be enye ame kukuwo sisiɖa alo bubu deto tsɔtsɔ na wo. Ke hã subɔsubɔdzixɔse la dzie wotu tadedeagu na tɔgbui kukuwo ɖo eye womewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafia o. Yesu Kristo gblɔ be: “[ Yehowa] wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.”​—Luka 4:⁠8.

Nukpɔsusu Si Da Sɔ

Menye asixɔxɔ kple bubudede ame kukuwo ŋu ɖesiaɖee tso alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafia me o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia me nuŋlɔɖi aɖe gblɔ alesi wode bubu nuteƒewɔla Fia Xizkiya ŋui le eƒe ku megbe. Mawu ƒe amewo “[ɖii] ɖe to dzi mɔ, si yi Dawid viwo ƒe yɔdowo gbɔ la to. Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo [de] bubu eŋu le eƒe ku me.” (Kronika II, 32:​33) Kpɔɖeŋu bubue nye Yesu hã tɔ. Biblia gblɔ be eƒe nusrɔ̃lawo “[tsɔ] Yesu ƒe kuku la, eye woblae ɖe aklala me kple atike ʋeʋẽe la, abe alesi Yudatɔwo wɔna ɖia amee ene.”​—Yohanes 19:⁠40.

Nuŋlɔɖi bubu geɖe le Ŋɔŋlɔawo me siwo ƒo nu tso alesi amewo wɔ nui ɖe ɖoɖo tɔxɛ aɖewo nu ɖe ame kukuwo kple wo ɖiɖi ŋu. Wɔna siawo menye tɔgbui kukuwo subɔsubɔ o, eye menye esiwo wotu ɖe aʋatsodzixɔse si nye be ame kukuwo yia edzi kpɔa ŋusẽ ɖe agbagbeawo ƒe wɔnawo dzi la dzi o. Ke boŋ bubu detoe fafanamelawo dea woƒe lɔlɔ̃tɔwo ŋu. Biblia metsi tre ɖe bubu sia ŋu o, elabena amegbetɔ ƒe seselelãme si le dzɔdzɔme nu dzie wotui ɖo, togbɔ be Biblia meda asi ɖe kunuwɔwɔ kpeɖiwo alo kuteƒe nugbenugbewɔwɔwo dzi o hã. Le go bubu me la, mede vevesese kple seselelãme maɖemaɖefia ƒe dzi ƒo na Kristotɔwo ne woƒe lɔlɔ̃tɔwo ku o.

Le esia ta Yehowa Ðasefowo dea asixɔxɔ kple bubu si sɔ ame kukuwo ŋu ne woyi woƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe kuteƒe alo wo ɖiƒe. (Nyagblɔla 7:⁠2) Le seƒoƒowo, kunua, kple dekɔnu bubuwo me la, Kristotɔwo ɖɔa ŋu ɖo le woawo ŋutɔ ƒe tiatia si sɔ wɔwɔ me be womagawɔ nusiwo mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe nufiafiawo o. Ehiã nuŋububu nyui kple dadasɔ le nya sia me. Encyclopædia of Religion and Ethics ɖe nu me be “vevienyenye kple asixɔxɔ si le kɔnu aɖe ŋu la trɔna ɣeaɖewoɣi, ale be gɔmesese si va nɔa eŋu la toa vovo kura tso esi nɔ eŋu esime wodze egɔme gbɔ, eye gɔmesese si le eŋu fifia amesiame nya nyuie la maɖe alesi wòwɔ dzɔ la me o.”a

Ðe Ame Kukua Kafukafu Nye Nu Gbegblẽa?

Dadasɔ ƒe gɔmeɖosea ku ɖe ame kukuwo kafukafu hã ŋu. Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoafa akɔ na amesiwo dzi ku dzɔ ɖo la le kua teƒe. (Korintotɔwo II, 1:​3-⁠5) Nuƒola ɖeka alo esi wu nenema te ŋu kpɔa gome le wɔnaa me. Gake masɔ be woana wɔnaa nazu ame vovovowo ƒe ame kukua kafukafu ƒe nuƒo legbewo o. Ðe eteƒe la, kua wɔwɔ ʋua mɔnukpɔkpɔ be woakafu Mawu ƒe nɔnɔme wɔnukuwo, si ƒe ɖee nye eƒe dɔmenyo le tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nana mí me.

Gake esia mefia be ŋkuɖoɖo nɔnɔme nyui siwo nɔ ame kukua si le kunuƒoa me la nye nu gbegblẽ o. (Tsɔe sɔ kple Samuel II, 1:​17-27.) Ne amesi ku la nye nuteƒewɔla na Mawu vaseɖe eƒe kuɣi la, ezua kpɔɖeŋu nyui aɖe si wòle be míasrɔ̃. (Hebritɔwo 6:​12) Enyo be míade ŋugble le Mawu subɔlawo ƒe nuteƒewɔwɔ ŋuti. Nuƒoƒo tso nu tuameɖo siawo ŋuti na kua teƒe valawo nyea akɔfafa na agbagbeawo eye wòdea bubu ame kuku si dzi wole ŋku ɖomee hã ŋuti.

Kristotɔ vavãwo mesubɔa ame kukuwo o. Womewɔa kɔnu siwo mewɔ ɖeka kple Biblia me nyateƒeawo o. Le go bubu me la, Mawu subɔlawo medaa asi ɖe nukpɔsusu si gbɔ eme be esi ame kukuwo nye anyi ko ta la, viɖe aɖeke mele kukɔnu ɖesiaɖe ŋu o eye be womehiã o la dzi o. Wofaa konyi heɖoa ŋku woƒe ame kukuwo dzi. Gake Biblia me nyateƒe si nye be ame kukuwo mekpea fu o, kple tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ si li la naa womesea veve alo xaa nu gbɔa eme o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a October 15, 1991, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 31 lia gblɔ mɔfiame si gbɔna: “Ele be Kristotɔ vavã nade ŋugble be: Ðe kɔnu aɖe si dzi mawɔ ɖo la adze na ame bubuwo be mexɔ dzixɔse alo nuwɔna siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o dzi sea? Ɣeyiɣi kple teƒe si wònye ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ŋuɖoɖoa dzi. Ðewohĩ alakpasubɔsubɔ ƒe gɔmesese anɔ ku (alo nɔnɔmewɔwɔ) aɖe ŋu ƒe akpe geɖee nye sia alo gɔmesese ma ƒomevi anɔ eŋu egbea le dukɔ didi aɖe me. Gake be nàgawɔ numekuku si axɔ ɣeyiɣi geɖe o la, bia ɖokuiwò be: ‘Nukae nye nukpɔsusu si le amewo si le nye nutoa me?’​—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 10:​25-29.”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Bubudede Sweden-fia, Gustav II, ŋu le eƒe kunuwɔɣi esime wòku le ƒe 1632 me

[ Credit Line]

From the book Bildersaal deutscher Geschichte

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe