INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 9/8 axa 17
  • Nusi Afɔku Gblẽna

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusi Afɔku Gblẽna
  • Nyɔ!—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sitsoƒedilawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi
    Nyɔ!—1996
  • Kpe Ðe “Amedzroviwo” Ŋu ‘Woasubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Xexe si me Amesiame Akpɔ Teƒe Anɔ
    Nyɔ!—2002
  • Amesiwo le Dedienɔƒe Dim
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 9/8 axa 17

Nusi Afɔku Gblẽna

ALEKE agbea nɔna na sitsoƒedila? Tsɔe be èli bɔkɔɔ le ŋutifafa me, gake kasia ko nuwo trɔ ɖewò keŋ le agbe me. Le zã ɖeka me aƒelikawo trɔ zu futɔwo. Asrafowo gbɔna wò aƒea ha ge ahatɔ dzoe. Aɖabaƒoƒo ewo koe susɔ nàbla agba asi aɖe wò agbe. Mɔzɔkplo sue ɖeka ko nàte ŋu atsɔ elabena ele be nàkɔe azɔ agbadroƒe geɖe. Nukawoe nàtsɔ ade eme?

Tudada kple bɔmb ƒe wowó le ɖiɖim ƒo xlã wò. Ège ɖe ame bubu siwo hã le sisim dome. Ŋkekewo va yi; èle tɔtɔm klinyaklinya, dɔ kple tsikɔ le wuwòm, eye ɖeɖi te ŋuwò vevie. Ðeɖi te ŋuwò, gake ele be nàsẽ ŋkume azɔ be nàtsi agbe. Anyigba ƒuƒlue nèmlɔna. Nètsana le gbe me be yeakpɔ nane aɖu.

Èɖo sitsoƒedukɔ aɖe gbɔ vɔ, gake dedzisrafowo gbe be màtso dea o. Woka wò mɔzɔkploa me xɔ nu xɔasi ɖesiaɖe. Èɖo agbamekaƒe bubu eye nètso dea. Wokplɔ wò ɖade sitsoƒesaɖa ƒoɖi si ŋu wotɔ gakpɔ ɖo me. Togbɔ be mia kple ame bubu siwo hã le nɔnɔme sesẽ ma me ye li hã la, wò mo dzaka eye nètɔtɔ.

Hadede kple wò ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo nu tso. Èkpɔe be kpekpeɖeŋununana dzi koe yenɔa agbe ɖo. Dɔ aɖeke meli o eye wɔna aɖeke hã meli o. Mɔkpɔkpɔ buna ɖewò, dzi ɖena le ƒowò, eye nèdoa dziku. Èbua wò etsɔme ŋu vevie, elabena ènyae be ɣeyiɣi kpui aɖe ko yeanɔ asaɖa la me. Asaɖa menye aƒe o ɖe—ɖeko wòle abe lalaƒe alo agbaxɔ si me wodea amesiwo dim ame aɖeke mele o ene. Èbua eŋu nenye be woava zi dziwò aɖo ɖe afisi nètso va.

Aleae wòdzɔna ɖe ame miliɔn geɖe dzi egbea. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã na Sitsoƒedilawo (UNHCR) gblɔ be aʋawɔwɔ kple yometiti nyã ame miliɔn 27 de gbe le xexeame katã. Wonyã ame miliɔn 23 bubuwo yi teƒe vovovowo le woa ŋutɔwo dedukɔwo me. Le ye katã me la, wozi ame 1 le anyigbadzitɔ 115 ɖesiaɖe me dzi wòzu sisila. Woƒe akpa gãtɔ nye nyɔnuwo kple ɖeviwo. Esi wònye aʋawɔwɔ kple dzɔgbevɔ̃e wɔ wo sitsoƒedilawoe ta la, wotsi asi le xexe si mele wo dim o, xexe si gbe wo, menye le amesiwo wonye ta o, ke le nusi wonye ta, la me.

Woƒe anyinɔnɔ nye tɔtɔ gã si le xexeame katã ƒe dzesi. UNHCR gblɔ be: “Sitsoƒedilawoe nye nu mamlɛ si ɖea mamã si le hadome fiana. Woawoe nye nudzɔdzɔwo kple wo me tsonu mamlɛtɔ si dzena gaglã wu kple esi ɖea alesi gbegbe dukɔ aɖe ƒe hadomegbenɔnɔ kple dunyahenyawo me gblẽe la fiana. Ne míetsa ŋku le xexeame katã la, woawoe míetsɔ kpɔa alesi amegbetɔ ƒe ŋkuʋuʋu le fifia.”

Eŋutinunyalawo gblɔ be kuxi aɖeke mesẽ de enu kpɔ o eye ele sesẽm ɖe edzi, evɔa mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be atɔ o. Nukae na nuwo le alea? Ðe egbɔkpɔnu aɖe lia? Nyati siwo kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 17]

Ŋutsuvi si le miame: UN PHOTO 159243/J. Isaac

U.S. Navy photo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe