INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 9/8 axa 18-22
  • Sitsoƒedilawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sitsoƒedilawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukata Kuxia Le Sesẽm Ðe Edzi?
  • Ame Miliɔn Siwo Dim Womele O
  • Nukae Gblẽa Nya la Ðe Edzi?
  • Fuléle Kple Vɔvɔ̃
  • Kpe Ðe “Amedzroviwo” Ŋu ‘Woasubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Nukae Akpɔ Egbɔ?
    Nyɔ!—1996
  • Xexe si me Amesiame Akpɔ Teƒe Anɔ
    Nyɔ!—2002
  • Amesiwo le Dedienɔƒe Dim
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 9/8 axa 18-22

Sitsoƒedilawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi

AƲAWƆWƆ, dɔwuame, kple yometiti xɔ amegbetɔ ƒe ŋutinya akpa gãtɔ me. Esia wɔe be amewo nɔa sitsoƒe dim ɣesiaɣi. Tsã la, dukɔwo kple amewo naa sitsoƒe amesiwo ɖo xaxa me.

Blema Aztektɔwo, Assiriatɔwo, Helatɔwo, Hebritɔwo, Moslemtɔwo, kple bubuwo de bubu se siwo bia be woana sitsoƒe amewo la ŋu. Helatɔ xexemenunyala, Plato, ŋlɔ ƒe alafa 23 kple edzivɔ enye sia be: “Amedzro si ɖe aga le wo detɔwo kple eƒe ƒomea gbɔe wòle be amewo kple mawuwo nalɔ̃ geɖe. Eyata ele be woawɔ afɔɖeɖe ɖesiaɖe bene womawɔ vɔ̃ aɖeke amedzrowo o.”

Sitsoƒedilawo va sɔ gbɔ ŋutɔ le ƒe alafa 20 lia me. Be woakpɔ sitsoƒedila miliɔn 1.5 siwo susɔ tso Xexemeʋa II me dzi la, woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã na Sitsoƒedilawo (UNHCR) le ƒe 1951 me. Woɖoe be wòanɔ anyi ƒe etɔ̃, kple susu be maxɔ ɣeyiɣi aɖeke o sitsoƒedila siwo li ava kpɔ nɔƒe le amesiwo dome wokpɔ sitsoƒe le la dome. Wosusui be ne edzɔ nenema la, ke woate ŋu aɖe habɔbɔa ɖa.

Gake le ƒeawo me la, sitsoƒedilawo dzi ɖe edzi ale gbegbe. Woɖo miliɔn 2.4 le ƒe 1975 me. Wozu miliɔn 10.5 le ƒe 1985 me. Kaka ƒe 1995 naɖo la, amesiwo le takpɔkpɔ kple kpekpeɖeŋu xɔm tso UNHCR gbɔ la dzi ɖe edzi va zu miliɔn 27.4!

Ame geɖe nɔ mɔ kpɔm be Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia ƒe keke awɔe be woakpɔ sitsoƒedilawo ƒe kuxia gbɔ le xexeame katã; medze edzi o. Ke boŋ dukɔwo nɔ te ɖe ŋutinya kple ameƒomevinyenye ƒe susuwo dzi mã kakɛkakɛ, eye esia de dzre wo dome. Ne aʋa dzɔ la, amewo sina elabena wonya be yewoƒe dziɖuɖuwo mate ŋu akpɔ yewo ta o alo womakpɔ yewo ta o. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1991 me la, Iraqtɔ miliɔn eve kloe lɔ hoo yi dukɔ siwo ɖe liƒo kpli wo me. Tso ɣemaɣi la, wobu akɔnta be sitsoƒedila siwo ade 735,000 si tso tsã Yugoslavia. Emegbe le ƒe 1994 me la, dukɔmeviʋa si dzɔ le Rwanda zi ame miliɔn 7.3 siwo le dukɔa me ƒe afã kple edzivɔ dzi wosi le woƒe aƒewo me. Rwandatɔ siwo ade miliɔn 2.1 yi ɖadi sitsoƒe le Afrika-dukɔ siwo ɖe liƒo kpli wo me.

Nukata Kuxia Le Sesẽm Ðe Edzi?

Nu geɖe ye na sitsoƒedilawo le agbɔ sɔm ɖe edzi. Le teƒe aɖewo abe Afghanistan kple Somalia ene la, dziɖuɖuwo gbã le dukɔa me. Esia na yeaɖi asrafowo kpɔ ŋusẽ, wodaa adzo kɔƒewo faa eye wodoa ŋɔdzi na amewo wosina.

Le teƒe bubuwo la, ameƒomevinyenye alo mawusubɔsubɔ ƒe vovototo gãwo tae wowɔa aʋa ɖo, eye asrafo siwo kpe aʋa ƒe taɖodzinu vevitɔe nye be yewoanyã dumevi dzrowo katã ɖa. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe amedɔdɔ aɖe fa konyi le ƒe 1995 titina le aʋa si dzɔ le tsã Yugoslavia ŋu be: “Ame geɖe mete ŋu sea nusi he aʋa sia vɛ gɔme o: amesiwo le aʋa la wɔm, nusita wole aʋa la wɔm ɖo. Ame gbogbo aɖewo dzona le akpa ɖeka, ke le kwasiɖa etɔ̃ megbe la, ame gbogbo aɖewo hã dzona le akpa kemɛ. Mànya nusi tututu tae o, amesiwo wòle be woanya gɔ̃ hã menya o.”

Egbegbe aʋawɔnu gã gblẽnuwo—tu si dana tri ɖe enu, aprimwo, bɔmbwo, kple tu siawo tɔgbe—na wowua ame geɖe eye wòna aʋa la sẽna ɖe edzi. Nusi dona tso eme enye: sitsoƒedilawo sɔa gbɔ ɖe edzi ɖaa. Le ŋkeke siawo me la, dukɔ madeŋgɔwo mee sitsoƒedila siwo le xexeame la dometɔ siwo ade 80 le alafa me si tso yi dukɔ siwo te ɖe wo ŋu, siwo hã mede ŋgɔ o eye womesu te akpɔ sitsoƒedila siawo dzi o la me.

Le aʋawɔwɔ geɖe me la, nuɖuɖu ƒe veve nana kuxia sẽna ɖe edzi. Ne dɔ le amewo wum, ɖewohĩ le esi womeɖe mɔ na kpekpeɖeŋunalawo be woava o ta la, ezia wo dzi wodzona. The New York Times de dzesii be: “Le teƒewo abe Afrika ƒe Ɣedzeƒe ʋĩ ene la, kuɖiɖi kple aʋawɔwɔ gblẽ anyigba ale gbegbe be magate ŋu alé agbe ɖe te o. Dɔwuame alo aʋawɔwɔ nue ame akpe alafa naneawo ɖale sisim le o, eya megahiã o.”

Ame Miliɔn Siwo Dim Womele O

Togbɔ be wogblɔa sitsoƒe nana amewo ŋu nya bobobo hã la, sitsoƒedila gbogboawo megakana ɖe dukɔwo dzi o. Nɔnɔmea sɔ kple nane si dzɔ le blema Egipte. Esi Yakob kple eƒe ƒomea yi ɖadi sitsoƒe le Egipte be yewoasi le ƒe adre ƒe dɔtoto sesẽa nu la, woxɔ wo atuu. Farao tsɔ ‘anyigba nyuitɔ’ na wo be woanɔ afima.—Mose I, 47:1-6.

Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Israel-viwo dzi ɖe edzi geɖe ŋutɔ “eye woxɔ anyigba la dzi.” Egiptetɔwo de asi wo tete ɖe anyi me, gake “esi [Egiptetɔawo le] wo tem ɖe anyi hã la, dzidzim ko [Israel-viawo le] ɖe dzi, eye wole ta kekem, ale be [wode] asi Israel-viwo vɔvɔ̃ me.”—Mose II, 1:7, 12.

Nenema ke sitsoƒedilawo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe edzi na ‘ŋɔdzi lé’ dukɔwo hã egbea. Ganyawo ta koŋue wotsia dzi ɖo. Ebia ga gbogbo aɖe hafi woana nuɖuɖu, awudodo, kple aƒe sitsoƒedila miliɔn geɖeawo ahakpɔ wo ta. Tso ƒe 1984 vaseɖe 1993 me la, ga si UNHCR zãna ƒe sia ƒe dzi ɖe edzi tso dɔlar miliɔn 444 va ɖo dɔlar biliɔn 1.3. Dukɔ kpɔhowoe dzɔa ga gbogbotɔ, evɔ ganya le sesẽm na wo dometɔ aɖewo ŋutɔ hã. Dukɔ siwo dzɔa ga la toa nyatoƒoe ɣeaɖewoɣi be: ‘Mele ɖeɖem na mí be míakpe ɖe aƒemanɔsitɔwo ŋu le mía ŋutɔwo ƒe mɔdodowo dzi o. Aleke wɔ wònye míawoe atsɔ aƒemanɔsitɔ siwo le ɣletinyigba la katã dzi ƒe agba, vevietɔ esi wòdze be kuxia mavɔ o ke boŋ ɖe wòasẽ ɖe edzi?’

Nukae Gblẽa Nya la Ðe Edzi?

Sitsoƒedila siwo te ŋu ɖo dukɔ kpɔho aɖe me kpɔnɛ enuenu be ame akpe geɖe siwo ʋu va dukɔ ma ke me le ganyawo ta na yewoƒe nɔnɔmea gblẽ kura. Menye sitsoƒedila siwo le sisim le aʋawɔwɔ alo yometiti alo dɔwuame nue ʋuʋula gadila siawo nye o. Ke ɖe wova be agbe me nanyo na yewo wu—agbenɔnɔ si me ahedada mele o. Esi wowɔa wo ɖokui zi geɖe abe sitsoƒedilawo ene eye wotsɔa numevivi ɖoa agba me na sitsoƒehabɔbɔwo ta la, wona wòsesẽna be woase sitsoƒedilawo ŋutɔŋutɔ ƒe nyawo.a

Wotsɔ sitsoƒedilawo kple ʋuʋulawo ƒe agbɔsɔsɔ sɔ kple tɔsisi eve siwo si to wo nɔewo xa ge ɖe kesinɔdukɔwo me ƒe geɖe. Gake se sesẽ siwo dem wole ɖe ʋuʋu yi dukɔ bubu me nu wɔe be woxe mɔ na ʋuʋula gadilawo ƒe tɔsisia. Ale wɔ wova ge ɖe sitsoƒedilawo ƒe tɔsisia me, eye tɔsisi sia ɖɔ kakaka gbagba.

Esi ʋuʋula gadila siawo nya be ɖewohĩ axɔ ƒe geɖe hafi woakpɔ yewoƒe sitsoƒedinyawo gbɔ ta la, wowɔ susu be aleke woɖawɔe o, ade yewo dzi godoo. Ne wolɔ̃ xɔ wo sitsoƒedilawoe la, ke wovo elabena woate ŋu atsi teƒe ma si ganyawo nyo le wu. Ne womexɔ wo o hã la, ade wo dzi elabena wowɔ dɔ kpɔ ga aɖe alo srɔ̃ asinudɔ aɖewo atsɔ ayi aƒee.

Esi sitsoƒedilawo kple ameblela geɖe wu le dukɔ bubuwo me yim ta la, dukɔ geɖe megakɔa mo na wo alo xɔa wo o. Ðewo tu woƒe dewo ɖe sisilawo nu. Dukɔ bubuwo wɔ se kple ɖoɖo siwo hã sɔ kple gbegbe be sitsoƒedila megava o. Dukɔ bubuwo hã kplɔa sitsoƒedilawo sesẽe yia wo de afisi wosi tso. UNHCR ƒe agbalẽ aɖe gblɔ be: “Sitsoƒedila vavãwo kple ʋuʋula gadilawo siaa—ƒe dzidziɖedzi atraɖii—na sitsoƒediname ƒe kɔnu si li ƒe 3,500 sɔŋ enye sia la ɖo xaxa me, eye esusɔ vie ko enu nayi kura.”

Fuléle Kple Vɔvɔ̃

Nusi gana sitsoƒedilawo ƒe kuxia gasẽ ɖe edzie nye du bubu me tɔwo tsitsri—vɔvɔ̃ na amedzrowo kple fuléle wo. Amewo bunɛ le dukɔ geɖe me be amedzrowo gblẽa nu le yewoƒe dukɔ ƒe ŋkɔ, dekɔnu, kple dɔwɔnawo ŋu. Vɔvɔ̃ mawo va zua ŋutasesẽ ɣeaɖewoɣi. Refugees magazine gblɔ be: “Wodzea ameƒomevi aɖe dzi le Europa-nyigbagã la dzi le aɖabaƒoƒo etɔ̃ ɖesiaɖe me—eye sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo mee wowɔa ŋutasẽnu siawo le zi geɖe.”

Woŋlɔ fuléamenya sesẽ aɖe klã ɖe titina Europa, si nye fuléamenya siwo gblɔm wole le anyigba dzi dukɔ geɖe me. Amedzrowo ŋue wògblɔ tagbɔsẽnya sia ɖo be: “Wonye ƒoƒoe vɔ̃ nyɔŋu si ƒo míaƒe dukɔa. Wonye ameƒomevi siwo si dekɔnu, agbenyuinɔnɔ alo mawusubɔsubɔ ƒe dzidzenu aɖeke mele o, nuvlowɔha tsatsala si tɔ koe nye adzodada kple fififi. Woƒo ɖi, wodze yɔe kpaŋkpaŋ, woxɔ mɔdodowo dzi kple ketekedzeƒewo keŋ. Mina woalɔ woƒe ɖovuwo ne woadzo tegbee!”

Le nyateƒe me la, sitsoƒedila akpa gãtɔ akpɔ dzidzɔ ŋutɔ be ‘yewoadzo tegbee.’ Wodina vevie be yewoayi aƒe. Wodina vevie be yewoanɔ anyi le ŋutifafa kple dziɖeɖi me kple ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo. Gake aƒe aɖeke mele wo si woayi o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Le ƒe 1993 me la, dziɖuɖu siwo le Ɣetoɖoƒe Europa ɖeɖe zã dɔlar biliɔn 11.6 tsɔ kpɔ sitsoƒedilawo ƒe nyawo gbɔ hexɔ wo.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]

Nɔnɔme Wɔnublanui si me Sitsoƒedilawo Nɔna

“Ènya be ɖevi sitsoƒedila akpe alafa geɖe tsia dɔ zã sia zãa? Alo be ɖevi sitsoƒedila enyi ɖesiaɖe dometɔ ɖeka pɛ koe ɖo afɔ suku kpɔa? Ðevi siawo ƒe akpa gãtɔ mede sinima, alo modzakaɖebɔ me kpɔ kaka woahayi blemanudzraɖoƒe yi ge o. Gakpɔwo alo saɖagasaɖawo mee wo dometɔ geɖe tsina le. Womekpɔ nyi alo avu kpɔ o. Ewɔ nublanui hã be ɖevi sitsoƒedila geɖe buna be nuɖuɖue sɔgbewo nye ke menye nusi dzi woaɖi adzrɔ alo aƒu du le o. Ðevi sitsoƒedilawo kpɔkpɔe nye nye dɔwɔna ƒe akpa si wɔa nublanui nam wu.”—Sadako Ogata si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔlagã na Sitsoƒedilawo.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

U.S. Navy photo

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]

Yesu Nye Sitsoƒedila Kpɔ

Yosef kple Maria nɔ Betlexem kple wo viŋutsu Yesu. Ɣletivimefakalawo tsɔ nunanawo tso Ɣedzeƒe vɛ, sika, kotoklobo, kple lifi. Le woƒe dzodzo megbe la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosef gblɔ be: “Fɔ, natsɔ ɖevi la kple dadaa, eye nasi ayi Egipte, eye nanɔ afima, vaseɖe esime magblɔe na wò; elabena Herodes le ɖevi la dim be, yeawu.”—Mat. 2:13.

Enumake wo ame etɔ̃a yi ɖadi sitsoƒe le dutadu aɖe me—wozu sitsoƒedilawo. Herodes do dɔmedzoe vevie be ɣletivimefakalaawo meva gblɔ afisi Amesi ŋu wogblɔ le be azu Yudatɔwo ƒe fia la le na ye o. Le agbagbadzedze dzodzro me be yeawu Yesu la, eɖe gbe na eƒe amewo be woawu ŋutsuvi sue siwo katã le Betlexem kple eŋu duwo me.

Yosef kple eƒe ƒomea nɔ Egipte vaseɖe esime Mawu ƒe dɔla gaɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe. Mawudɔla la gblɔ be: “Fɔ, nakplɔ ɖevi la kple dadaa ayi ɖe Israel-nyigba dzi, elabena amesiwo le ɖevi la ƒe ku dim la, woku.”—Mateo 2:20.

Edze ƒã be ɖe Yosef ɖoe be yewoatsi Yudea, afisi wonɔ hafi si yi Egipte hafi. Gake woxlɔ̃ nui le drɔ̃eƒe be afɔku anɔ eme. Ale ŋutasesẽ ƒe ŋɔdzidoname gakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzii. Yosef, Maria, kple Yesu yi Galilea ƒe dzigbe gome ɖanɔ Nazaret-du la me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Le ƒe siawo me la, sitsoƒedila miliɔn geɖe si yi dukɔ bubuwo me ɖe woƒe agbe ta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Etame le miame: Albert Facelly/Sipa Press

Etame le ɖusime: Charlie Brown/Sipa Press

Ete: Farnood/Sipa Press

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 18]

Ŋutsuvi si le miame: UN PHOTO 159243/J. Isaac

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe