Amekae Atso Nya Me le Ƒomea ƒe Lolome Ŋu?
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE BRAZIL GBƆ
WOTSƆ ŋutsuvi si xɔ ŋkeke etɔ̃ ko la de aŋekotoku me gblẽe ɖe tomemɔ ƒe ʋudzɔƒe. Gake Braziltɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe de dzesii be ƒome geɖe gblɔ be yewoaxɔ vidzĩ la anyi.
Togbɔ be nudzɔdzɔ ma tɔgbe tututu mebɔ o hã la, ɖevi siwo womedi o eye wosina le wo gbɔ le xexeame katã la le dzidzim ɖe edzi. Zi geɖe la, amewo medina be yewoaxɔ dzilanyenye ƒe agbanɔamedzi o. Fufɔfɔnutsitike ye akpɔ kuxia gbɔa? Ðe wòanye nu gbegblẽ be woawɔ ɖoɖo ɖe ƒome ƒe lolome ŋua?
Le Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe nya nu la, womewɔa ɖoɖo ɖe fu siwo wofɔna le xexeame katã la ƒe 50 le alafa me ŋu o. Zi geɖe la, menye ɖeko womewɔa ɖoɖo ɖe fufɔfɔ ŋu o, ke womedinɛ hã o.
Ame geɖe medina be yewoafɔ fu o, ɖewohĩ le lãmesẽ, aƒe si me woanɔ, alo dɔwɔɖui ƒe kuxiwo ta. Eyata mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnuwo abe atikekuiwo alo kɔndɔm siwo wozãna tsɔ léa vidzidzi nu ene bɔ. Fugege kple vitsotsoname hã nye vidzidzinuléle ƒe mɔnu bubu siwo wozãna. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo ka nya ta le fugege ŋu le Brazil be: “Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa bu akɔnta be nyɔnu miliɔn 13 siwo fɔa fu ƒe sia ƒe le Brazil la dometɔ miliɔn 5 gea fua le bebeme.” Time magazine hã ka nya ta be Brazil-nyɔnu siwo ɖo vidzidzi me hele ŋutsu gbɔ la dometɔ 71 le alafa me léa vidzidzi nu. Amesiawo dometɔ 41 le alafa me zãa atikekui eye wotso vi na wo dometɔ 44 le alafa me.
Numekuku ɖee fia be Braziltɔ 75 le alafa me bu be ehiã be woawɔ ɖoɖo ɖe vi agbɔsɔsɔ si woadzi ŋu. Ame bubuwo melɔ̃ ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe ƒome ƒe lolome ŋu dzi o le dzɔgbesedzixɔse alo ebubu be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ‘ɖevi geɖe alesinu Mawu ɖo ɖa’ la nanɔ ƒomea me. Amekae atso nya me le ƒomea ƒe lolome ŋu—atsu kple asia alo dukɔa, alo mawusubɔsubɔ dzixɔsewoa?
Vidzidzinuléle—Nukata Woʋlia Nya le Eŋu?
Togbɔ be Roma Katoliko Ha si nye sɔlemeha gãtɔ kekeake le Brazil la ɖe mɔ ɖe ŋkekexexlẽ ƒe mɔnua zazã ŋu hã la, meɖe mɔ be woazã fufɔfɔnutsitike o, ne ete ŋu ɖea fu alo mete ŋu ɖenɛ o. Papa Paul VI gblɔ be: “[Ele be] woaɖe mɔ be agbe nate ŋu ado tso gbɔdɔdɔnuwɔna ɖesiaɖe me.” Papa John Paul II gblɔ be: “Fufɔfɔnutsitsi, si ŋu míebu nyuie la, nye nu gbegblẽ ale gbegbe be womate ŋu agblɔ be enyo le mɔ aɖeke nu gbeɖe o.” Esia ta Katolikotɔ geɖe melɔ̃na wɔa ɖoɖo ɖe woƒe ƒomewo ƒe lolome ŋu o, elabena wobua fufɔfɔnutsitsi nuvɔ̃e.
Gake atikegbalẽ si nye Lancet gblɔ be: “Ame miliɔn geɖe anɔ agbe sukumademadee, womakpɔ dɔ awɔ o, aƒe nyui manɔ wo si o eye womate ŋu akpɔ woƒe lãmesẽ, dedienɔnɔ kple dzadzɛnyenye nyawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nu o, eye amewo ƒe agbɔsɔsɔ ƒe dzidziɖedzi koŋ ye hea nusiawo vɛ.” Eyata esi dziɖuɖu aɖewo le vɔvɔ̃m na amewo ƒe agbɔsɔsɔ akpa kple ahedada ta la, wodea ɖoɖowɔwɔ ɖe ƒome ŋu ƒe dzi ƒo, togbɔ be sɔlemeha la melɔ̃ ɖe edzi o hã. Le kpɔɖeŋu me nugbagbeŋutinunyala Paul Ehrlich gblɔ be: “Woɖe ɖevi siwo wodzina [le ƒome ɖesiaɖe me] le Costa Rica la dzi kpɔtɔ tso 7 va ɖo 3 le mamã dedie nu.”
Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe agbalẽ si nye Facts for Life—A Communication Challenge gblɔ be: “Ne nyɔnu dzi vi ene vɔ la, afɔku geɖe wu nɔa fu siwo woagafɔ ɖe wo yome la me na vidadaa kple ɖevia siaa ƒe agbe kple lãmesẽ. Vevietɔ ne ɣeyiɣi si wotso ɖe ɖevi siwo wodzi va yi dome medidi wu ƒe eve o la, nyɔnua ƒe ŋutilã ate ŋu agbɔdzɔ bɔbɔe to fufɔfɔ, vidzidzi, nonana, kple ɖevi suewo dzi kpɔkpɔ edziedzi me.”
Ƒome gãwo gabɔ ɖe teƒe siwo ɖeviwo kuna le fũ kokoko, vevietɔ le kɔƒenutowo me le Afrika, Asia, kple Latin Amerika. Nukatae? Ame geɖe menya nu tso fufɔfɔnutsimɔnuwo ŋu o. Nusi gbɔ wòtso le teƒe aɖewo ate ŋu anye abe alesi dziɖuɖusewɔla aɖe gblɔ ene be, “ŋutsu bua eɖokui be yele ŋutsu me ne srɔ̃a fɔa fu ƒe sia ƒe ko.” Jornal da Tarde ƒo nu tso nu bubu si hã gbɔ wòate ŋu atso ŋu, vevietɔ le nyɔnua ƒe nukpɔsusu nu be: “Ðeviawoe nye nu vevi siwo ŋu wokpɔa dzidzɔ ɖo dometɔ ɖeka eye woawoe na wosena le wo ɖokui me be yewote ŋu wɔ nane.” Paulo Nogueira Neto si nye nutomedzikpɔƒe ƒe agbalẽŋlɔla tsã le Brazil hã gblɔ be: “Ðevie nye nusi ŋu ame dahewo ɖoa ŋu ɖo hena woƒe etsɔme dedienɔnɔ.”
Nya Kae Biblia Gblɔ?
Ènya be Mawu ƒe Nya, Biblia, gblẽe ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu si me be woatso nya me le ƒomea ƒe lolome ŋua? Eɖee fia hã be srɔ̃ɖeɖe sɔ, eɖanye vidzidzi loo alo lɔlɔ̃ɖeɖefia to gbɔdɔdɔnuwɔna si ŋu bubu le me tae woɖe srɔ̃ ɖo o.—Korintotɔwo I, 7:3-5; Hebritɔwo 13:4.
Gake ɖe Mawu megblɔ na Adam kple Xawa le Paradisoa me be “midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi” oa? (Mose I, 1:28) Ẽ, egblɔe gake nya aɖeke mele Biblia me si fia be sedede ma bla mí egbea o. Nuŋlɔla Ricardo Lezcana gblɔ be: “Edze abe nya la tsi tre ɖe eɖokui ŋu le mɔ aɖe nu ene be woatsɔ nya si wogblɔ na ame eve siwo ɖeɖekoe nɔ ɣletinyigba la dzi ke akplɔ amegbetɔ [biliɔn nanewo].” Ne ame aɖe tso nya me be yemadzi vi kura o hã la, enye eya ŋutɔ ƒe nya si ŋu wòle be woade bubui.
Enya se be New Catholic Encyclopedia de dzesii be Biblia dzie Yehowa Ðasefowo ƒe nukpɔsusu nɔ te ɖo. Egblɔ be: “Woƒe agbenyuinɔnɔ le gbɔdɔdɔnuwɔna kple ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ ŋu me sẽ ŋutɔ, negbe vidzidzinuléle ŋuti nyametsotso koe wogblẽ ɖe atsu kple asia si me be woawɔ.” Egagblɔ be: “Wobua Biblia be enye yewoƒe dzixɔse kple agbenɔnɔdzidzenu tsoƒe ɖeka kolia.”
Ðe mɔnu siwo katã dzi wotona ɖea vidzidzi dzi kpɔtɔna la sɔa? Ao. Esi agbe nye nu kɔkɔe ta la, Mawu ƒe Se na Israel-viwo gblɔ be ele be woabu amesi ge fu be enye amewula. (Mose II, 20:13; 21:22, 23) Le vitsotsoname, abe nusi me tsinyenye tona me mamã alo eɖeɖeɖa keŋkeŋ ene gome la, ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòazã eƒe dzitsinya awɔ ye wònye, elabena womeƒo nu tso esia ŋu tẽ le Biblia me o. “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5)a Eye esi vidzidzinuléle ƒe mɔnu vovovowoe li ta la, atikeŋutinunyalawo ƒe mɔfiame xɔxɔ ate ŋu akpe ɖe atsu kple asi ŋu woatso nya me ne wodi be yewoazã eƒe mɔnu tɔxɛ aɖe alo yewomazãe o.
Wɔ Nyametsotso Siwo Asɔ na Wò
Menye nusianu ŋue woate ŋu awɔ ɖoɖo ɖo le agbe me o. Gake ɖe nàƒle ʋu alo aƒe esi mèbu nusiwo wòabia ŋu vevie oa? Woate ŋu agbugbɔ ʋu alo aƒe adzra, gake womate ŋu agbugbɔ ɖeviwo ayi wo tsoƒe o. Ekema ne atsu kple asi le ɖoɖo wɔm ɖe fufɔfɔ ŋu la, ɖe mele be woabu alesi woate ŋu akpɔ agbemenuhiahiãwo gbɔe ŋu oa?
Nyateƒe wònye be míadi be dɔ nawu míaƒe ƒomea o, eye míadi hã be míanye agba na ame bubuwo o. (Timoteo I, 5:8) Le ɣeyiɣi ma ke me, le nuɖuɖu kple nɔƒe megbe la, ɖeviwo hiã hehexɔxɔ, agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo, kple lɔlɔ̃ hã.
Tsɔ kpe ɖe nusiwo dɔwɔwɔ, ga, kple dzigbɔgbɔɖi abia ŋu bubu nyuie ŋuti la, ele be woalé ŋku ɖe srɔ̃nyɔnua ƒe lãmesẽ hã ŋu. Ɣeyiɣi si sɔ ɖoɖo na fufɔfɔ nunyatɔe kpɔa amewo ƒe agbe ta eye wòdea lãmesẽ dzi. Facts for Life gblɔ be: “Mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi wotona ɖea afɔku siwo le fufɔfɔ kple vidzidzi me na vidada kple ɖevia siaa dzi kpɔtɔna dometɔ ɖekae nye ɖoɖowɔwɔ ɖe vidziɣiwo ŋu. Vidzidzi me fɔkuwo doa gã ɖe edzi ne amesi ava nye vidada la mexɔ ƒe 18 haɖe o alo xɔ wu ƒe 35, alo ne efɔ fu wòde zi ene alo wòwu nenema kpɔ, alo ne edzi vi mede ƒe eve haɖe o.”
Ele be srɔ̃tɔ siwo le ŋugble dem le vidzidzi ŋu nabu eŋu, abe alesi Biblia gblɔe ɖi ene, be xexe si me nuvlowɔwɔ, dɔwuame, aʋawɔwɔ, kple ganyawo ƒe kemalimali le mee míele. (Mateo 24:3-12; Timoteo II, 3:1-5, 13; Nyaɖeɖefia 6:5, 6) Lɔlɔ̃ vavãtɔ na ɖeviwo akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be woanya xexe si me míele ƒe nɔnɔmewo nyuie, eye woakpɔ be ɖeviwo dzi kpɔkpɔ nye dɔ sesẽ le míaƒe ɣeyiɣia me. Eyata le esi teƒe be míana nuwo nadzɔ ko eye míadzi vi gbogbowo kple susu be nusianu ava nyo la, ame geɖe dina be yewoatso nya me le alesi yewoƒe ƒomea aloloe ŋu ale be yewo viwo nakpɔ dzidzɔ geɖe wu ahanɔ dedie.
Tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si Mawu ƒe Nya la naa mí be míawɔ nyametsotso siwo me nunya le le ƒomenyawo me ŋu la, egana etsɔme mɔkpɔkpɔ sẽŋu aɖe hã mí. Biblia ɖee fia be Wɔla la ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔwo nanɔ abe tegbee le ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ me le paradisonyigba dzi. Be Mawu nawɔ esia ade goe la, ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui kpuie. Emegbe le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye aɖe si me ahedada kple amewo ƒe agbɔsɔsɔ akpa manɔ o me la, magadzɔ be woatsɔ ɖeviwo aƒu gbe le esi womedi wo ta o.—Yesaya 45:18; 65:17, 20-25; Mateo 6:9, 10.
Edze ƒã be ame nɔewo kple ɖeviawo ŋu bubu, kpakple vidzidzi ŋuti nukpɔsusu si da sɔ, akpe ɖe atsu kple asi ŋu woatia woƒe ƒomea ƒe lolome. Le esi teƒe be woaɖe mɔ nusianu nadzɔ le eɖokui si ko la, ele be woado gbe ɖa abia Mawu ƒe mɔfiafia. “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.”—Lododowo 10:22.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, May 1, 1985, axa 31.
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Wogblẽa ɖevi miliɔn geɖe ɖi
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Ðeviwo hiã beléle lɔlɔ̃tɔe