Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukata Mawu Ðe Mɔ Vɔ̃wo Dzɔna?
ƑEWUIVI dzaa ko Lidija nye esime aʋa dzɔ le wo de—dukɔ si woyɔna tsã be Yugoslavia. Egblɔ be: “Menɔ teƒe doviviti aɖe ŋkeke kple zã geɖe. Edzroam zi geɖe be masi ado go nenye be woawum hã! Nusianu nɔ asiwò hafi aʋa la dzɔ, gake fifia agbe koe nèhiã.”
Eteƒe medidi o aʋawɔwɔ ƒe amemiamiã kple fuwɔame va gblẽ nu le Lidija ŋu le gbɔgbɔ me. Egblɔ be: “Míete ŋu de gbeƒãɖeƒe alo kpekpewo o kwasiɖa geɖe. Mebui ŋutɔŋutɔ be Yehowa gblẽ mí ɖi. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Nukata mele kpekpem ɖe mía ŋu fifia o?’”
Aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, ŋutasesẽ, dɔléle, dzɔgbevɔ̃e, afɔkuwo—vɔ̃ siawo tɔgbe te ŋu dzɔna ɖe ɖeviwo gɔ̃ hã dzi. Eye ne afɔku dzɔ ɖe dziwò la, àbia godoo be, ‘Nukata Mawu ɖe mɔ vɔ̃ siawo dzɔna?’
Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le blema bia nya mawo tɔgbe. Le kpɔɖeŋu me, esi nyagblɔɖila Xabakuk kpɔ ŋunyɔnu siwo nɔ Mawu ƒe amewo dome la, efa konyi be: “Yehowa, ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o? Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku?” (Xabakuk 1:2, 3) Sɔhɛ Kristotɔ aɖewo hã xaa nu nenema ke egbea.
Se alesi ɖetugbui Kristotɔ aɖe se le eɖokui me esime fofoa ku kpata ɖa. Egblɔ be: “Adã ɖo mo nam, eye medo mo ɖe fesreto nɔ ɣli dom ɖe Yehowa Mawu ta. . . . Mebu fɔe ɖe nusianu ta. Nukata nusia dzɔ? Papa nye vifofo nyui kple srɔ̃ŋutsu lɔ̃ame, ke fifia nusia dzɔ ɖe edzi—ɖe Yehowa metsɔ ɖeke le eme oa?” Le nɔnɔme sia tɔgbe me la, àtɔtɔ godoo, àse veve, alo àdo dziku gɔ̃ hã. Ðo ŋku edzi be ete ɖe nyagblɔɖila Xabakuk hã dzi be woɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li. Gake afɔku le eme be ame nalé dziku ɖe dɔme vevie. ‘Eƒe dzi ate ŋu anyrã ɖe Yehowa ŋu.’—Lododowo 19:3.
Ke aleke nàwɔ be màdo dziku ahase veve heliheli o? Gbã la, ele be nànya afisi vɔ̃wo tsona dzɔna.
Menye Mawu Gbɔe Vɔ̃wo Tsona O
Biblia na eme kɔ be Mawu meɖoe gbeɖe be míakpe fu alea o. Eda ame eve gbãtɔwo ɖe paradisoƒe aɖe me, afisi vevesese kple fukpekpe menɔ o. (Mose I, 1:28) Ðikeke mele eme o be ènya alesi nuwo wɔ gblẽ: Gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si wova yɔ be Abosam kple Satana la, ble Adam kple Xawa wogbe toɖoɖo Mawu. (Mose I, ta 3; Nyaɖeɖefia 12:9) Esi Adam wɔ nusia ta la, etsɔ eƒe dzidzimeviwo katã de nuvɔ̃ kple nusiwo wògblẽna me.—Romatɔwo 5:12.
Eme kɔ be menye Mawue he vɔ̃ va ameƒomea dzi o, amegbetɔ ŋutɔe. (Mose V, 32:5; Nyagblɔla 7:29) Le nyateƒe me la, vɔ̃ sia vɔ̃ si dzɔna ɖe amewo dzi egbea—dɔléle, ku, aʋawɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye—katã tso to si Adam ɖo koŋ gbe ɖoɖo gbɔ. Azɔ hã la, nusi Biblia yɔ be “azãgbe kple nuɖiɖeame” li na mí katã. (Nyagblɔla 9:11) Afɔku kple nublanuinya gãwo dzɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo kple ame dzɔdzɔewo siaa dzi.
Mawu ƒe Mɔɖeɖe ɖe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu
Togbɔ be nyanya be menye Mawu gbɔe vɔ̃ɖinyenye tso o faa akɔ na ame hã la, ɖewohĩ àbia be, ‘Nukatae wòɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye le edzi yim?’ Esia hã ku ɖe nya siwo fɔ ɖe te le Eden ŋu. Mawu gblɔ na Adam be ne egbe toɖoɖo la, aku. (Mose I, 2:17) Gake Abosam gblɔ na Xawa be ne eɖu ati si ŋu wode se ɖo la, maku o! (Mose I, 3:1-5) Ale wɔ Satana yɔ Mawu be enye aʋatsokala. Hekpe ɖe eŋu la, Satana ƒe nyagbɔgblɔ fia be eme anyo na amegbetɔ wu ne eya ŋutɔ wɔ eƒe nyametsotsowo eye Mawu meɖo nusi wòawɔ nɛ o!
Mawu mate ŋu aŋe aɖaba aƒu nutsotso siawo dzi o. Èkpɔ sukuvi aɖe wòtsi tre ɖe nufiala ŋu kpɔa? Ne nufiala la zi kpi kpɔe la, sukuvi bubuwo hã dzea aglã. Nenema ke ɖe Yehowa medze ŋgɔ Satana ƒe gbetɔame tẽ o la, anye ne tɔtɔ gã aɖee ava xexeame. Nu mae Yehowa wɔ esi wòɖe mɔ be amegbetɔ nakplɔ Satana ɖo le eƒe nuwɔnawo me. Ðe mawumeblɔɖe si ŋugbe Satana do la su amegbetɔ sia? Kpao. Tɔtɔ kple fukpekpee Satana ƒe dziɖuɖu he vɛ, si na wòzu alakpatɔ vɔ̃ɖi!
Ðe Mawu aɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye nayi edzi tegbeea? Ao. Be Mawu nakpɔ nya siwo Satana fɔ ɖe te gbɔ la, eteƒe madidi o aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa. (Psalmo 37:10) Gake aleke míawɔ anɔ te ɖe enu fifia?
Nya aɖe si Ka Wò Hã
Nenɔ nyanya na wò gbã be nya sia si le Mawu kple Satana dome la ka wò hã! Aleke wɔ? Bu Biblia-gbalẽ si wotsɔ ame dzɔdzɔe Hiob ƒe ŋkɔ na ŋu kpɔ. Esi Mawu yɔ Hiob be enye tadeagula wɔnuteƒe la, Satana ɖo eŋu be: “Ðe Hiob asubɔ wò ne menye viɖe aɖee le eme nɛ oa?” (Hiob 1:9, Today’s English Version) Le nyateƒe me la, Satana gblɔ be ne woaɖe mɔ yeadze amewo dzi la, yeate ŋu ana be ame aɖeke masubɔ Mawu o!—Hiob 2:4, 5.
Ale wɔ Satana tso mawuvɔ̃lawo katã nu aʋatsotɔe. Etso nuwò aʋatsotɔe. Gake Lododowo 27:11 gblɔ be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” Ẽ, ne èsubɔ Mawu togbɔ be nɔnɔme sesẽwo ava dziwò hã la, wò hã ede asi eme wodo Satana aʋatsokalae!
Míalɔ̃ ɖe edzi be ne vɔ̃ dzɔ ɖe dziwò la, nya siwo fɔ ɖe te ŋububu menɔa bɔbɔe o. Diane si xɔ ƒe ewo pɛ ko esime dadaa ku la gblɔ be: “Agbemefuwo na mevɔ̃na be mava tri to alo ado dziku.” Gake nusita Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li nyanya na nukpɔsusu nyui su esi le eƒe kuxiwo ŋu. Egblɔ azɔ be: “Togbɔ be nɔnɔme sesẽwo vaa dzinye le agbe me hã la, Yehowa nɔa anyi kplim ɣesiaɣi.”
Diane ɖo ŋku nyateƒe vevi aɖe dzi na mí: Yehowa mele mɔ kpɔm be míanɔ te ɖe kuxi siawo nu le mía ɖokui si o. Psalmo 55:23 ka ɖe edzi na mí be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; [mana] ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” Ðetugbi Kotoyo kpɔ esia be enye nyateƒe. Nya vɔ̃ dzɔ ɖe edzi esime edzilawo tsi anyigba si ʋuʋu le Kobe, Japan, le ƒe 1995 me la me. Eɖe eɖokui kple eyometɔwo nu be: “Esi danye fia mí be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ta la, míate ŋu ado dzi.”
Ke Lidija, nyɔnuvi dzaa si míeyɔ va yi, ya ɖe? Eva kpɔe emegbe be Yehowa megblẽ ye ɖi kura o. Egblɔ azɔ be: “Yehowa nɔ kpli mí ɣesiaɣi. Ekplɔ mí hefia mɔ mí”
Yehowa—Mawu Lɔlɔ̃tɔ si Tsɔa Ðe Le Eme
Mawu ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò ne nya vɔ̃ dzɔ ɖe dziwò. Nukata? Elabena Yehowa tsɔa ɖe le eme na wò! Eye togbɔ be eɖea mɔ vɔ̃ dzɔna ɖe ame nyuiwo dzi hã la, efaa akɔ hã na wo lɔlɔ̃tɔe. (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Mɔ siwo dzi wòwɔa esia tonɛ ƒe ɖekae nye Kristo-hamea. Àte ŋu adze ‘xɔlɔ̃ siwo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi’ le afima, amesiwo ate ŋu ado ŋusẽ wò le vɔ̃ me. (Lododowo 18:24) Kotoyo gblɔ be: “Ŋkeke gbãtɔ le anyigbaʋuʋua megbe la, míeyi afisi nɔviwo ƒo ƒu ɖo, eye míekpɔ dzideƒo kple nuhiahiã veviwo. Ema na mese le ɖokuinye me be mele dedie. Zi alesi Yehowa kple nɔviwo li na mí ko la, meka ɖe edzi be míate ŋu ado dzi le nusianu me.”
Esi Yehowa nya wò nyuie ta la, ate ŋu akpɔ wò nuhiahiãwo hã gbɔ na wò ne vɔ̃ dzɔ ɖe dziwò. Daniel ɖo ŋku alesi wòte ŋu nɔ te ɖe fofoa ƒe ku nui dzi be: “Yehowa ava zu fofo na wò, eye gbɔgbɔ me ŋutsu siwo ƒe nuwɔna nàte ŋu asrɔ̃ hã le eƒe habɔbɔa me. Nya siwo anye ne fofonyee mabia la, Yehowa ɖoa wo ŋu nam ɣesiaɣi.” Yehowa lé be na Diane lɔlɔ̃tɔe nenema ke tso esime dadaa ku. Egblɔ be: “Eto gbɔgbɔmemetsitsi siwo na dzideƒo, mɔfiame, kple aɖaŋuɖoɖom la dzi kplɔm hekpe ɖe ŋunye menɔ te ɖe dziɖeleameƒo ɖesiaɖe nu.”
Nyateƒee, fukpekpe mevivina o. Gake nusita Mawu ɖe mɔ nusiawo li nyanya nefa akɔ na wò. Nɔ ŋku ɖom edzi na ɖokuiwò ɣesiaɣi be Mawu akpɔ kuxia gbɔ kpuie. Ẽ, vɔ̃ siwo katã dzɔna ɖe mía dzi nu ayi mlɔeba! (Yesaya 65:17; Yohanes I, 3:8) Ne èwɔ mɔnuɖoɖo siwo katã Mawu wɔ be woakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe enu ŋudɔ la, àwɔ wò akpa dzi le Satana dodo aʋatsotɔe me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ‘Mawu atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le wò ŋkume.’—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
[[Nɔnɔmetata siwo le axa 11]
Yehowa aɖe vɔ̃ ɖesiaɖe ɖa kpuie